December 3 Ƒe Kwasiɖa
DECEMBER 3 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 32 Kple Gbedodoɖa
□ Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
jr ta 2 mm. 7-13, aɖaka si le axa 20 (30 min.)
□ Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: Naxum 1–Xabakuk 3 (10 min.)
No. 1: Xabakuk 2:1-14 (4 min. alo made o)
No. 2: Nu Ka Tae Wòle Be Míatsɔ Kakaɖedzi Aƒo Nu Tso Nyateƒea Ŋu?—2 Tim. 1:7, 8 (5 min.)
No. 3: Aleke Míawɔ Sidzedze Kple Nunya Vavãtɔ Nasu Mía Si?—rs-E axa 288 mm. 3–axa 289 mm. 2; +cl axa 220 mm. 4–axa 221 mm. 8 (5 min.)
□ Subɔsubɔ Kpekpe:
10 min: Ale Si Míana Magazineawo Le December Me. Numedzodzro. Zã sɛkɛnd 30 va se ɖe 60 nàtsɔ agblɔ nu si tae magazineawo ado dzidzɔ na amewo le miaƒe anyigbamama me ɖo. Ema megbe la, kpe nyaselawo ne woagblɔ nya siwo míate ŋu abia atsɔ anyɔ aƒemenɔlawo ƒe ɖetsɔleme ɖe Gbetakpɔxɔ la ƒe nyati gbãtɔ siwo ƒo nu tso tanya si le akpaa dzi ŋu la ŋu, eye eyome nàbia wo be mawunyakpukpui kae míate ŋu axlẽ hã. Wɔ nenema ke le Nyɔ! la ƒe nyati gbãtɔ siwo ƒo nu tso tanya si le akpaa dzi ŋu la gome, eye ne ɣeyiɣia ɖe mɔ la, gawɔ nenema ke le magazineawo me nyati bubu aɖe hã ŋu. Na woawɔ ale si míate ŋu ana magazineawo la ƒe wɔwɔfiawo.
20 min: Kristotɔwo Ƒe Kunuwɔwɔ—Bubu Nɔa Eŋu, Edana Sɔna, Eye Wòdzea Mawu Ŋu. Numedzodzro kple nyaselawo si wotu ɖe February 15, 2009, ƒe Gbetakpɔxɔ, axa 29-32 dzi. Hamemetsitsi ƒe dɔ. Ne nuƒolaa ƒo nuƒo si wòtu ɖe memama etɔ̃ gbãtɔ siwo wotsɔ ʋu nyatia nui dzi vɔ la, akpa susɔea nanye numedzodzro kple nyaselawo. Ele be wòabia nya siwo ana nya vevi siwo le tanya sue ɖe sia ɖe te la nadze kɔtɛ. Mixlẽ mawunyakpukpui veviawo. Te gbe ɖe nufiame siwo le nɔnɔmetata siwo le axa 30 kple 31 lia me la dzi.
Hadzidzi 6 Kple Gbedodoɖa