“Nu Si Tae Meva Gbɔwò Ye Nye Be . . . ”
Ne aƒemenɔlawo ʋu woƒe ʋɔwo hekpɔ mí le ʋɔtrua nu la, woatsi dzi ɖe ame siwo míenye kple nu si tae míeva wo gbɔ ɖo la ŋu. Nya kae míate ŋu agblɔ atsɔ ana woaɖe dzi ɖi? Nu si gbeƒãɖela aɖewo wɔnae nye be, ne wodo gbe na aƒemenɔlaa vɔ la, wogblɔa “nu si tae” wova ɖo na wo gbã. Le kpɔɖeŋu me, woate ŋu agblɔ be: “Nu si tae míeva mia gbɔe nye be míaƒe aƒelika geɖewo tsi dzimaɖi le ale si nu vlo wɔwɔ va bɔ la ta. Èsusu be . . .” alo “Nu si tae meva gbɔwò ye nye be míedzroa Biblia me kple amewo femaxee.” Ne míegblɔ susu si tae míeva na aƒemenɔlaa la, alɔ̃ ase nya si míelé ɖe asi.