Ale Si Nàwɔ Abi Ðe Ðaseɖiɖidɔa Me—Ŋgɔdonyawo Dzadzraɖo
Nu Si Ta Wòle Vevie: Ne míaƒe ŋgɔdonya menyɔ aƒemenɔlawo ƒe ɖetsɔleme o la, woate ŋu atsi nya ɖe mía nu. Eya ta gbeƒãɖela geɖe bua woƒe ŋgɔdonyaa be enye yewoƒe ɖaseɖinyawo ƒe akpa vevi aɖe. Togbɔ be wotaa kpɔɖeŋudzeɖonyawo ɖe Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ me, eye ɖewo le agbalẽvi si nye Alesi Nàdze Biblia me Dzeɖoɖowo Gɔme Ahayi Wo Dzii me hã la, zi geɖe la, menye nya siwo katã míagblɔ le míaƒe ŋgɔdonyaa mee wonyena o, kple susu be míate ŋu atrɔ asi le wo ŋu wòasɔ ɖe nɔnɔmeawo nu. Ne nya sia nya dze le kpɔɖeŋudzeɖonya aɖe me gɔ̃ hã la, gbeƒãɖelawo ate ŋu agatrɔ asi le eŋu alo adzra dzeɖonya bubu ɖo. Eya ta aɖe vi wu ne míedzraa míaƒe ŋgɔdonyawo ɖo nyuie hafi yia gbeadzi, ke menye be ne aƒemenɔlaa ʋu ʋɔa hafi míabu nya si míagblɔ ŋu o.—Lod. 15:28.
Te Esia Kpɔ Le Ɣletia Me:
Miɖo ɣeyiɣi aɖe ɖi le miaƒe ƒometadedeagu me miatsɔ adzra ŋgɔdonya siwo miazã le gbeadzi ɖo ahato wo me.
Ne miele gbeadzi la, gblɔ ŋgɔdonya siwo ŋu nèdzra ɖo ɖo la na gbeƒãɖela bubuwo. (Lod. 27:17) Trɔ wò ŋgɔdonyaa ne mele vi ɖem o.