INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • km 12/13 axa 7
  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto
  • Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
Míaƒe Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔ—2013
km 12/13 axa 7

Teokrasi Subɔsubɔ Suku Ƒe Numetoto

Míadzro biabia siwo gbɔna la me le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me le December 30, 2013 ƒe kwasiɖaa me. Wotsɔ ɣletiŋkeke si dzi wowɔ ɖoɖo be woadzro nyabiase ɖe sia ɖe me le sukua me la kpe ɖe eŋu ale be míate ŋu awɔ numekuku tso wo ŋu ne míele dzadzram ɖo ɖe sukua ŋu kwasiɖa sia kwasiɖa.

1. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míaɖe dɔmefafa afia ame siwo le ŋusẽnɔƒewo? (Tito 3:2) [Nov. 4, w03 4/1 axa 25 mm. 18-19]

2. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso nya si Paulo gblɔ na Filemon si dze le Filemon 4, 5 kple 7 la me? [Nov. 4, w08 10/15 axa 31 mm. 2, 3; w92 4/15 axa 25 mm. 2]

3. Aleke míate ŋu ayi ɖe Mawu ƒe dzudzɔ la mee? (Heb. 4:9-11) [Nov. 11, w11 7/15 axa 27-28 mm. 16, 17]

4. Nu kae míate ŋu asrɔ̃ tso Samuel kple ʋɔnudrɔ̃la kpakple nyagblɔɖila wɔnuteƒe siwo do “nu dzɔdzɔe wɔwɔ” ɖe ŋgɔ la gbɔ? (Heb. 11:32, 33) [Nov. 18, w11 1/1 axa 25 mm. 5, 6]

5. Nu ka tae Yakobo ŋlɔ bena “le nunya si tso dziƒo gome la, gbã la, ele dzadzɛ, azɔ hã, ewɔa ŋutifafa”? (Yak. 3:17) [Nov. 25, w11 8/15 axa 30-31 mm. 15]

6. Ame kawoe nye ‘ame kuku’ siwo “woɖe gbeƒã nya nyui la na”? (1 Pet. 4:6) [Dec. 2, w08 11/15 axa 21 mm. 7]

7. Le 1 Yohanes 2:7, 8 ƒe nya nu la, Se ka yɔmee Yohanes nɔ be se “xoxo” kple se “yeye” siaa? [Dec. 9, w08 12/15 axa 27 mm. 6]

8. Ame kawo ŋue dzesideŋkɔ siwo nye “Alfa kple Omega” kpakple “Gbãtɔ la kple Mlɔetɔ la” ku ɖo? (Nyaɖ. 1:8, 17) [Dec. 16, w09 1/15 axa 30 mm. 6]

9. Mɔ eve kawo nue ‘wotrea’ amesiaminawo nu le? (Nyaɖ. 7:3) [Dec. 23, w07 1/1 axa 31 mm. 1]

10. Nu ka tae míate ŋu aka ɖe edzi bliboe be yayra siwo ŋu nya wogblɔ ɖi be Fiaɖuƒedziɖuɖua ahe vɛ la ava eme godoo, eye ŋusẽ kae wòle be esia nyanya nakpɔ ɖe mía dzi? (Nyaɖ. 21:5, 6) [Dec. 30, re axa 303 mm. 9]

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe