February 17 Ƒe Kwasiɖa
FEBRUARY 17 ƑE KWASIÐA
Hadzidzi 15 Kple Gbedodoɖa
Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃:
cl ta 3 mm. 1-10 (30 min.)
Teokrasi Subɔsubɔ Suku:
Biblia xexlẽ: 1 Mose 29-31 (10 min.)
No. 1: 1 Mose 29:21-35 (4 min. alo made o)
No. 2: Ðe Yehowa Tsɔ Ðe Le Eme Na Mía?—fg nusɔsrɔ̃ 2 nyabiase 4 (5 min.)
No. 3: Ale Si Míewɔ Nya Be Mawu Ƒe Ŋkɔe Nye Yehowa—ol nusɔsrɔ̃ 3 mm. 6-7 (5 min.)
Subɔsubɔ Kpekpe:
10 min: Do Vivi Ðe Amewo Ŋu Le Gbeadzi. Numedzodzro si wotu ɖe Subɔsubɔ Suku gbalẽa, axa 118, memama 1, va se ɖe axa 119, memama 5 dzi.
5 min: Ðe Nèle jw.org La Zãm Le Gbeadzia? Numedzodzro. Kpe nyaselawo ne woagblɔ nuteƒekpɔkpɔ nyui siwo su wo si esi wozã míaƒe Internet dzi nyatakakadzraɖoƒe si nye jw.org la le gbeadzi. De dzi ƒo na nɔviwo katã be woaƒo nu tso jw.org la ŋu na amewo ɣesiaɣi si mɔnukpɔkpɔa ʋu ɖi.
15 min: “Na Ŋkuɖodziɖuɣi Sia Nanye Dzidzɔɣi Na Wò!” Nyabiabia kple ŋuɖoɖo. Kpe ame siwo ɖoe be yewoawɔ kpekpeɖeŋu mɔɖeɖedɔa, togbɔ be lãmegbegblẽ ɖea fu na wo alo wodea dɔme gbe sia gbe hã, ne woagblɔ asitɔtrɔ siwo woawɔ be woate ŋu akeke woƒe subɔsubɔdɔa ɖe enu. Ne miele memama 3 lia me dzrom la, kpe subɔsubɔdɔdzikpɔlaa wòagblɔ ɖoɖo siwo miewɔ na hamea ɖe kpekpe hena gbeadziyiyi ŋu le March, April kple May me.
Hadzidzi 8 Kple Gbedodoɖa