INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • wp20 No. 3 axa 13
  • Yayra Siwo Ame Siwo Kpena Ðe Ame Siwo Le Hiã Me Ŋu La Kpɔna

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Yayra Siwo Ame Siwo Kpena Ðe Ame Siwo Le Hiã Me Ŋu La Kpɔna
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2020
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • NYA SI ŊƆŊLƆ KƆKƆEAWO GBLƆ
  • NU SI WÒFIA BE MÍAKPE ÐE AME AÐE SI LE HIÃ ME ŊU
  • Kpe Asi Ðe Kristo Nɔviwo Ŋu Nuteƒewɔwɔtɔe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Nu Kae Wòfia Be Ame Nanye Havi Nyui Abe “Samariatɔ Havilɔ̃la” Ene?
    Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Srɔ̃ Nu Tso Talentowo Ŋuti Lododoa Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
  • Ðe Nèlɔ̃na Xɔa Yehowa Ƒe Kpekpeɖeŋua?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míemana)—2020
wp20 No. 3 axa 13
Ŋutsu aɖe le anyigbatata zãm tsɔ le mɔ fiam ŋutsu bubu.

Ðe nàlɔ̃ akpe ɖe ameƒomevi ɖe sia ɖe ŋua?

Yayra Siwo Ame Siwo Kpena Ðe Ame Siwo Le Hiã Me Ŋu La Kpɔna

Nuɖuɖu kple mlɔƒe mele ame geɖe si le xexea me godoo o. Le ame aɖewo gomea, ele be míagblɔ nu nyui siwo Mawu ava wɔ le etsɔmea ŋu nya na wo. Aleke agbagba si míadze be míakpe ɖe ame siawo tɔgbi ŋu la, awɔe be Mawu nakpɔ ŋudzedze ɖe mía ŋu eye wòayra mí?

NYA SI ŊƆŊLƆ KƆKƆEAWO GBLƆ

“Ame si vea ame dahe nu la le nu dom na Yehowa, eye aɖo nu si wòwɔ la teƒe nɛ.”—LODODOWO 19:17.

NU SI WÒFIA BE MÍAKPE ÐE AME AÐE SI LE HIÃ ME ŊU

Yesu do lo tso ŋutsu aɖe si dzi adzodalawo va dze, eye woƒoe wòku afa kple afa ŋu. (Luka 10:29-37) Ame aɖe si medze si ame si ŋu wode abiae o la, ye va kpe ɖe eŋu. Ekpe ɖe eŋu evɔ menye wo de tɔe wònye o.

Menye ɖeko ŋutsu dɔmenyotɔ sia bla abiawo nɛ eye wòna ga kpekpeɖeŋui ko evɔ o, ke boŋ efa akɔ nɛ hã eye wòna eƒe dzi dze eme.

Nu kae míesrɔ̃ tso lododo sia me? Nu si fiam Yesu le míe nye be, ele be míawɔ nu si míate ŋui atsɔ akpe ɖe ame siwo le hiã me ŋu. (Lododowo 14:31) Wogblɔ le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo me be Mawu ava ɖe ahedada kple fukpekpe ɖa kpuie. Gake ɖewohĩ àbia be, aleke Mawu awɔe, eye ɣekaɣie? Nyati si kplɔe ɖo aƒo nu tso yayra siwo Wɔla lɔ̃amea dzra ɖo ɖi na wò la ŋu.

“MAWU MEGBLẼM ÐI KPƆ O”!

Ŋutsu aɖe si ʋu tso Gambia yi dukɔ aɖe me la gblɔ be:

“Esi meva ɖo Europa la, dɔ, ga kple nɔƒe menɔ asinye o, naneke kura menɔ asinye o. Nu siwo mesrɔ̃ le Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo mea kpe ɖe ŋunye be, medo vevie nu wɔ dɔ sesĩe, eye mekpe ɖe ame bubuwo ŋu tsɔ wu be manɔ kpekpeɖeŋu ko biam ɣesiaɣi. Mawu megblẽm ɖi kpɔ o, eye eyram geɖe hã!”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe