INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwbr17 November axa 1
  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo
  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo (2017)
  • Tanya Suewo
  • November 6-12
  • November 13-19
Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo (2017)
mwbr17 November axa 1

Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo

November 6-12

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | AMOS 1-9

Subɔ Yehowa Wòawɔ Ðeka Kple Eƒe Nudidi Deŋgɔwo

jd 90-91 mm. 16-17

16 Ame gbãtɔ, Adam, mewɔ tiatia nyuitɔ le ame si ƒe mɔfiamewo ku ɖe nyui kple vɔ̃ ŋu ƒe nya la me o. Ðe míawo ya míawɔ tiatia nyuitɔa? Amos xlɔ̃ nu mí ŋkubiãtɔe, esi wògblɔ be: “Milé fu vɔ̃, milɔ̃ nyui.” (Amos 5:15) Aƒetɔ William Rainey Harper, si nye blemagbewo kple nuŋɔŋlɔwo ƒe nufialagã tsã le Chicago Yunivɛsiti gblɔ tso kpukpui sia ŋu be: “Nyui kple vɔ̃ ƒe mɔfiame siwo nɔ susu me na [Amos] la wɔ ɖeka kple Yahweh ƒe didiwo.” Esia nye nu vevi aɖe si míate ŋu asrɔ̃ tso nyagblɔɖila 12-awo gbɔ. Ðe míele klalo be míawɔ ɖe Yehowa ƒe nudidi siwo ku ɖe nyui kple vɔ̃ ŋu la dzia? Woƒo nu tso nudidi deŋgɔ mawo ŋu le Biblia me, eye Kristotɔ kpɔnuteƒe siwo tsi le gbɔgbɔ me, siwo nye “kluvi nuteƒewɔla kple aɖaŋudzela” la, ɖea nudidi siawo me na mí.—Mateo 24:45-47.

17 Ne míelé fu vɔ̃ la, ekpena ɖe mía ŋu be míagawɔ nu siwo madze Mawu ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, ame aɖe ate ŋu anya be afɔku le amamaɖeɖe ƒe nu siwo le Internet dzi la me, eye wòadze agbagba be yemakpɔ nu mawo o. Ke hã, aleke ‘ame si wònye le ememe’ la wɔa nu ɖe amamaɖenu siwo le Internet dzi la ŋu? (Efesotɔwo 3:16) Ne ewɔ ɖe Mawu ƒe aɖaŋuɖoɖo si dze le Amos 5:15 dzi la, anɔ bɔbɔe nɛ be wòalé fu vɔ̃. Ekema ate ŋu aɖu dzi le avu si wɔm wòle be yeadze Mawu ŋu la me.

November 13-19

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | OBADIYA 1–YONA 4

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi

jd 112 mm. 4-5

Wɔ Nu Ðe Amewo Ŋu Abe Ale Si Mawu Dii Ene

4 Míate ŋu asrɔ̃ nu tso ale si Mawu bu fɔ Edom, si nye du aɖe si te ɖe Israel ŋu la me. Egblɔ be: “Mele be nàkpɔ nu si dzɔ ɖe nɔviwò dzi le ŋkeke si vɔ̃ dzɔ ɖe edzi la kple dzidzɔ o, mele be nàkpɔ dzidzɔ le gbe si gbe Yuda viwo nɔ tsɔtsrɔ̃m o.” (Obadiya 12) Anɔ eme be Tirotɔwo kple Israel-viwo nye ‘nɔviwo’ le asitsanyawo me, gake le nyateƒe me la, Edomtɔwo nye Israel ‘nɔviwo,’ elabena wodzɔ tso Esau, si nye Yakob ƒe vedzɔ la me. Yehowa gɔ̃ hã yɔ Edomtɔwo be Israel ‘nɔviwo.’ (5 Mose 2:1-4) Eya ta fuléle ye wɔe be dzi dzɔ Edomtɔwo esime Babilontɔwo nɔ fu fiam Yudatɔwo.—Ezekiel 25:12-14.

5 Edze ƒãa be, Mawu mekpɔ dzidzɔ ɖe ale si Edomtɔwo wɔ nu ɖe wo nɔvi Yudatɔwo ŋu la ŋu o. Gake biabiae nye be, ‘Aleke Mawu bua ale si mewɔa nu ɖe nɔviwo ŋui?’ Esiawo dometɔ ɖekae nye ale si míebua nɔvi aɖe alo wɔa nu ɖe eŋu ne nuwo meyi nyuie o. Le kpɔɖeŋu me, tsɔe be nɔvi Kristotɔ aɖe dze agɔ le dziwò alo wɔ nane ɖe wò ƒometɔ aɖe ŋu. Ne ‘nya aɖe le asiwò ɖe nɔvia ŋu’ la, ɖe nàlé dziku ɖe dɔme, agbe asiɖeɖe le nyaa ŋu, alo agbe be yemakpɔ nyaa gbɔ oa? (Kolosetɔwo 3:13; Yosua 22:9-30; Mateo 5:23, 24) Esia awɔe be mànɔ nu wɔm ɖe nɔvia ŋu nyuie o; màkɔ mo ɖee o, ànɔ asa ƒom nɛ alo ànɔ nya vɔ̃wo gblɔm tso eŋu. Gakpɔ kpɔɖeŋua le go bubu me ɖa, tsɔe be nɔvia va da vo aɖe, eye ɖewohĩ wòva hiã be hamemetsitsiwo naɖɔe ɖo. (Galatiatɔwo 6:1) Ðe nàɖe Edomtɔwo ƒe nɔnɔmea afia, akpɔ dzidzɔ le nu si dzɔ ɖe edzi taa? Aleke Mawu adi be nàwɔ nui?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe