Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo
August 6-12
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | LUKA 17-18
nwtsty ƒe numeɖeɖe siwo le Lk 17:12, 14
anyidɔléla ewo: Le Biblia ŋlɔɣiwo la, anyidɔlélawo nɔa ƒuƒoƒowo me ale be wòanɔ bɔbɔe be woate ŋu akpe ɖe wo nɔewo ŋu. (2Fi 7:3-5) Mawu ƒe Sea gblɔ be woaɖe anyidɔlélawo ɖe aga. Ele be anyidɔléla nanɔ ɣli dom be: “Ŋunye mekɔ o hee, ŋunye mekɔ o hee!” ale be amewo nagate ɖe eŋu o. (3Mo 13:45, 46) Abe ale si Sea gblɔe ene la, anyidɔlélaawo tsitre ɖe adzɔge ɖaa, womete ɖe Yesu ŋu o.—Kpɔ Nya Tɔxɛwo Gɔmeɖeƒe, “Anyidɔ; Kpodɔ.”
mia ɖokuiwo fia nunɔlawo: Esi Yesu Kristo nɔ anyigba dzi la, eya hã nɔ Sea te eye wòkpɔe be Aron-ƒomea ƒe nunɔlanyenye kpɔtɔ nɔ dɔ wɔm, eya ta egblɔ na anyidɔléla siwo ŋu wòda dɔ le la be woayi nunɔlaa gbɔ. (Mt 8:4; Mr 1:44) Le Mose ƒe Sea nu la, ele be nunɔla nalé ŋku ɖe anyidɔléla ŋu akpɔe ɖa be dɔa vɔ nɛ hã. Eyome anyidɔléla si haya la tsɔa nunana siwo nye xevi gbagbe eve siwo ŋu kɔ, sederti, ka dzĩ kple isop gbe yia gbedoxɔa me.—3Mo 14:2-32.
MAWU ƑE NYAA ME KESINƆNUWO DIDI
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Lk 17:10
gbɔlowo: Egɔmeɖeɖe tẽe, “viɖe mele eŋu o; mele ɖeke me o.” Menye ɖe Yesu nɔ gbɔgblɔm le eƒe lododoa me be kluviawo, si fia eƒe nusrɔ̃lawo, nabu be viɖe mele yewo ŋu alo yewomele ɖeke me o. Nya siwo wògblɔ do ŋgɔ na esia ɖee fia be nya “gbɔlowo” fia ale si kluviwo bɔbɔa wo ɖokuiwo ɖe anyi, ke menye be woade bubu tɔxɛ yewo ŋu alo akafu yewo o. Agbalẽnyala aɖewo tsɔa ale si Yesu zã nyaa le afi sia be enye amiɖeɖe ɖe nya si fia be “kluviwo koe míenye eye míedze be woawɔ nu ɖe mía ŋu etɔxɛe o.”
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Lk 18:8
xɔse sia tɔgbi: Egɔmeɖeɖe tẽe, “xɔse la.” Ale si wozã Helagbe me asitɔnudzinyakui ɖe “xɔse” yome la, ɖee fia be menye xɔse gbadzaa ŋue Yesu nɔ nu ƒom tsoe o, ke boŋ xɔse aɖe koŋ, si sɔ kple ahosi si ŋu Yesu ƒo nu tsoe le lododoa me la tɔ. (Lk 18:1-8) Xɔse sia dzena le ale si míexɔa edzi sena hã be gbedodoɖa wɔa dɔ, eye be Mawu ana woadrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe na eƒe amewo. Edze ƒãa be, ɖe Yesu gblẽ nyabiase si ku ɖe xɔse ŋu la ɖi eŋumaɖomaɖoe nenema, ale be eƒe nusrɔ̃lawo nade ŋugble le xɔse si ƒomevi le woawo ŋutɔwo si la ŋu. Esɔ nyuie ŋutɔ be Yesu do lo tso xɔse kple gbedodoɖa ŋu, elabena ɖeko wònɔ dodokpɔ siwo ava eƒe nusrɔ̃lawo dzi emegbe la ŋu nya gblɔm na wo sẽe koe ma.—Lk 17:22-37.
August 13-19
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | LUKA 19-20
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Lk 19:43
ati biɖoebiɖoewo: Alo “kpɔtɔtɔ.” Afi sia koe Helagbe me nya khaʹrax dze le le Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo me. Wogblɔ be enye “ati siwo ƒe nugbɔ le biɖoe si wotsɔ tɔa kpɔ ƒoa xlã nane; ati” eye wogagblɔna be enye “ati siwo asrafowo tu ɖe teƒe aɖe; kpɔtɔtɔ.” Yesu ƒe nyawo va eme le ƒe 70 K.Ŋ. esime Titus ɖe gbe eye Romatɔwo tɔ kpɔ tsɔ ɖe to ɖe Yerusalem. Taɖodzinu etɔ̃e nɔ Titus si; woawoe nye be, wòaxe mɔ na Yudatɔwo be woagasi o, wòaƒoe ɖe wo nu be woana ta, eye wòana dɔ nawu wo woabɔbɔ ɖe ye te. Roma-ʋakɔa yi ɖatso atiwo le Yerusalem nutoa me keŋ, eye woawoe wotsɔ tɔ kpɔ ɖe dua ŋu kpe ɖo.
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Lk 20:38
elabena wo katã wole agbe nɛ: Alo “le eƒe nukpɔkpɔ nu la, wo katã wole agbe.” Biblia ɖee fia be ame siwo le agbe eye wole adzɔge tso Mawu gbɔ la, ku le eƒe nukpɔkpɔ nu. (Ef 2:1; 1Ti 5:6) Nenema kee Yehowa subɔla wɔnuteƒe siwo ku la gakpɔtɔ le agbe le eƒe nukpɔkpɔ nu, le esi tame si wòɖo be yeava fɔ wo ɖe tsitre la ava eme godoo ta.—Ro 4:16, 17.
August 20-26
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | LUKA 21-22
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
nwtsty ƒe numeɖeɖe siwo le Lk 21:33
Dziƒo kple anyigba nu ava yi: Mawunyakpukpui bubuwo gblɔ be dziƒo kple anyigba anɔ anyi tegbee. (1Mo 9:16; Ps 104:5; Nyg 1:4) Eya ta woate ŋu ase Yesu ƒe nyawo gɔme be enye amiɖeɖe ɖe nya si fia be ne nu madzɔkpɔ aɖe dzɔ si wɔe be dziƒo kple anyigba nu yi hãa, Yesu ƒe nyawo ya ava eme godoo. (Tsɔe sɔ kple Mt 5:18.) Ke hã, dziƒo kple anyigba si wozã le afi sia ate ŋu afia kpɔɖeŋu dziƒo kple anyigba siwo woyɔ be “dziƒo tsãtɔ kple anyigba tsãtɔ” le Nyɖ 21:1.
nye nyawo ya nu mava yi akpɔ o: Alo “nye nyawo nu mayi akpɔ gbeɖe o.” Ale si wozã Helagbe me nya aɖe si ɖe ale si nane mate ŋu adzɔ o fia zi eve le afi sia tsɔ kpe ɖe dɔwɔnyaa ŋu la, te gbe ɖe edzi be enye nu si mate ŋu adzɔ gbeɖe o, Yesu ƒe nyawo ava eme godoo.
August 27–September 2
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | LUKA 23-24
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
nwtsty ƒe numeɖeɖe si le Lk 23:31
esime atia le mumu . . . ne eƒu: Anɔ eme be Yuda dukɔa ŋue Yesu nɔ nu ƒom tsoe. Ele abe ati si le kukum gake tsi vi aɖe kpɔtɔ nɔ eme ene, elabe Yesu kple Yudatɔ aɖewo siwo xɔ edzi se la kpɔtɔ nɔ anyi ɣemaɣi. Gake eteƒe madidi o woawu Yesu, eye woatsɔ gbɔgbɔ asi ami na Yudatɔ wɔnuteƒewo eye woava zu gbɔgbɔ me Israel la me tɔwo. (Ro 2:28, 29; Ga 6:16) Ɣemaɣi la, Israel dukɔa ŋutɔŋutɔ aku le gbɔgbɔ me eye woanɔ abe ati si ƒu ene.—Mt 21:43.
nwtsty ƒe media
Gatagbadzɛ Aɖe Le Afɔkɔeƒu Aɖe Me
Esia nye amegbetɔ ƒe afɔkɔeƒu si me woƒo gatagbadzɛ si didi sentimeta 11.5 ɖo ƒe foto. (Kpɔ mwb17.12 5.) Woke ɖe afɔkɔeƒu ŋutɔŋutɔ si me woƒo gatagbadzɛa ɖo la ŋu le ƒe 1968 me, esime tomenukulawo nɔ Yerusalem ƒe dziehe gome kum. Ƒu sia nɔ anyi tso keke Romatɔwo ŋɔli ke. Tomenukuku sia gaɖo kpe edzi be wozãa gatagbadzɛwo tsɔ hea amewo ɖe ati ŋu. Anye gatagbadzɛ sia tɔgbie Roma-srafowo zã esime wonɔ Yesu Kristo hem ɖe ati ŋu. Woke ɖe ƒu sia ŋu le aɖaka aɖe si wotsɔ kpe wɔ la me, si woyɔna be ossuary, si me wotsɔa amekukuƒuwo dena, ne ŋutilãa nyunyɔ vɔ megbe. Esia fia be woate ŋu aɖi ame aɖe si wohe ɖe ati ŋu.