Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo
MARCH 11-17
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | ROMATƆWO 15-16
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
w89 12/1 24 ¶3
Nyateƒee, ɖe wòle be nɔnɔme si me wole la naʋã wo nɔvi siwo menye Yudatɔwo o la be woakpe ɖe wo ŋu. Míagblɔ be ‘wonyi fe’ le Kristotɔ siwo le Yerusalem ŋu etɔxɛe. Ðe menye Yerusalem ye nya nyuia tso kaka yi ame siwo menye Yudatɔwo o gbɔ oa? Paulo gblɔ be: “Ne Kristotɔ siwo nye Yudatɔwo ma woƒe gbɔgbɔmenuwo kple ame siwo menye Yudatɔwo o la, ekema agba le ame siwo menye Yudatɔwo o dzi be woadzɔ nu atsɔ akpɔ Yudatɔwo ƒe ŋutilãmenuhiahiãwo gbɔ.”—Romatɔwo 15:27, The New English Bible.
MARCH 25-31
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 1 KORINTOTƆWO 4-6
lvs 241, dzesidenyawo
Ameɖeɖelehame
Ne ame aɖe si wɔ nu vɔ̃ gã metrɔ dzi me o eye wògbe be yemawɔ Yehowa ƒe nudidiwo dzi o la, magate ŋu anye hamea me tɔ o. Ele be woaɖee le haa me. Ne woɖe ame aɖe le haa me la, míegadea ha kplii o, eye míedzudzɔa nuƒoƒo nɛ. (1 Korintotɔwo 5:11; 2 Yohanes 9-11) Ameɖeɖelehame ƒe ɖoɖoa kpɔa Yehowa ƒe ŋkɔ kple hamea ta. (1 Korintotɔwo 5:6) Ameɖeɖelehame ganye tohehe si ate ŋu akpe ɖe ame ŋu be wòatrɔ dzi me ale be wòagate ŋu atrɔ ava Yehowa gbɔ.—Luka 15:17.