October 14-20
1 PETRO 1-2
Hadzidzi 29 Kple Gbedodoɖa
Ŋgɔdonyawo (3 min. alo made o)
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME
“Minɔ Kɔkɔe”: (10 min.)
[Na woaɖe video si nye Petro Ƒe Agbalẽ Gbãtɔ Ƒe Ŋgɔdonya.]
1Pe 1:14, 15—Ele be míaƒe nudzodzrowo kple míaƒe agbenɔnɔ siaa nanɔ kɔkɔe (w17.02 9 ¶5)
1Pe 1:16—Ele be míaku kutri asrɔ̃ mía Mawu si le kɔkɔe la (lvs 77 ¶6)
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi: (8 min.)
1Pe 1:10-12—Aleke míate ŋu aku kutri abe nyagblɔɖilawo kple mawudɔlawo ene? (w08 11/15 21 ¶9)
1Pe 2:25—Ame kae nye Kplɔla Gãtɔ Kekeake? (it-2-E 565 ¶3 [it-2-F 1021 ¶4])
Nu kae kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ fia wò tso Yehowa ŋu?
Mawu ƒe nyaa me kesinɔnu bubu kawo ŋue nèke ɖo le kwasiɖa sia ƒe Biblia xexlẽ me?
Biblia Xexlẽ: (4 min. alo made o) 1Pe 1:1-16 (th nusɔsrɔ̃ 10)
NA WÒ SUBƆSUBƆDƆA NANYO ÐE EDZI
Yiyi Zi Gbãtɔ Ƒe Video: (4 min.) Na woaɖe videoa, eye miadzro eme.
Yiyi Zi Gbãtɔ: (2 min. alo made o) Zã kpɔɖeŋudzeɖonyaa. (th nusɔsrɔ̃ 1)
Yiyi Zi Gbãtɔ: (3 min. alo made o) Zã kpɔɖeŋudzeɖonyaa nàtsɔ adze wò dɔa gɔme. Ðo nya aɖe si amewo lɔ̃a gbɔgblɔ be yewoatsɔ atsi nya ɖe mía nu si amea hã gblɔ la ŋu. (th nusɔsrɔ̃ 3)
Yiyi Zi Gbãtɔ: (3 min. alo made o) Zã kpɔɖeŋudzeɖonyaa nàtsɔ adze wò dɔa gɔme. Tsɔ agbalẽ siwo le Dɔwɔnu Siwo Míetsɔ Fiaa Nui me la ƒe ɖeka na amea. (th nusɔsrɔ̃ 9)
KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ
Nye Yehowa Xɔlɔ̃—Nɔ Dzadzɛe: (6 min.) Na woaɖe videoa. Emegbe kpe ɖevi aɖewo siwo nèwɔ ɖoɖo kplii do ŋgɔ woava kplɔ̃a ta eye nàbia wo be: Aleke Yehowa da nu sia nu ɖe ɖoɖo nu? Aleke tɔmenyiwo wɔna nɔa dzadzɛ? Nu ka tae wòle be nàkpe asi ɖe xɔmedzadzraɖo ŋu?
“Yehowa Lɔ̃a Ame Siwo Le Dzadzɛ”: (9 min.) Numedzodzro. Na woaɖe video si nye Mawu Lɔ̃a Ame Siwo Le Dzadzɛ.
Hame Ƒe Biblia Nusɔsrɔ̃: (30 min.) jy ta 87
Numetoto; Eyome He Susu Yi Nu Siwo Míasrɔ̃ Kwasiɖa Si Gbɔna Dzi (3 min.)
Hadzidzi 39 Kple Gbedodoɖa