INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • lvs ta 6 axa 75-88
  • Ale Si Míatia Nu Siwo Míatsɔ Aɖe Modzakae

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ale Si Míatia Nu Siwo Míatsɔ Aɖe Modzakae
  • Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
  • Xlẽe le “Mawu Ƒe Lɔlɔ̃” me
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • “MIWƆ NUWO KATÃ HENA MAWU ƑE KAFUKAFU”
  • MITSRI VƆ̃
  • ZÃ BIBLIA ƑE GƆMEÐOSEWO NÀTSƆ AWƆ TIATIA NYUIWO
  • YEHOWA ƑE SUSU LE NUWO ŊU NENƆ ASIWÒ
  • MÍAƑE TIATIAWO KPƆA ŊUSẼ ÐE AME BUBUWO DZI
  • Tia Modzakaɖeɖe Siwo Dzea Yehowa Ŋu
    Kpɔ Dzidzɔ Le Agbe Me Tegbee!—Biblia Me Dzodzro Si Aɖe Vi Na Wò
  • Tia Nu Si Nètsɔ Ðea Modzakae La Nyuie
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2019
  • Modzakaɖeɖe Tuameɖo Li Nàkpɔ
    Nyɔ!—1997
  • Subɔ Yehowa Bliboe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
Kpɔ Bubuwo
Ale Si Nàwɔ Anɔ Mawu Ƒe Lɔlɔ̃ La Me Ðaa
lvs ta 6 axa 75-88
Atikutsetse aɖe si ƒe akpa aɖe gblẽ

TA 6

Ale Si Míatia Nu Siwo Míatsɔ Aɖe Modzakae

“Miwɔ nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu.”—1 KORINTOTƆWO 10:31.

1, 2. Nu ka tae wòle be míaɖɔ ŋu ɖo ne míele modzakaɖeɖewo tiam?

TSƆE be èdi be yeaɖu atikutsetse aɖe gake kaka nàkpɔ la, eƒe akpa aɖe gblẽ. Nu kae nàwɔ? Ðe nàɖui nenema? Ðe nàtsɔe aƒu gbea? Alo ɖe nàkpa eƒe akpa si gblẽ la ɖa ahaɖu eƒe akpa si nyo la?

2 Le mɔ aɖewo nu la, modzakaɖenuwo le abe atikutsetse ma ene. Ðewo doa dzidzɔ na mí, gake wo dometɔ akpa gãtɔ gblẽ, elabe wonye esiwo me agbe ƒaƒã nɔnɔ, ŋutasesẽ alo gbɔgbɔyɔyɔ le. Eya ta ne èle nu si nàtsɔ aɖe modzakae tiam la, ɖe nègblɔna be: “Nye ŋutɔ nye nyae. Mate ŋu atia modzakaɖeɖe ɖe sia ɖe si media”? Alo ɖe nègblɔna be: “Modzakaɖeɖewo katã gblẽa”? Alo ɖe nètiaa wò modzakaɖeɖewo le ŋuɖɔɖo me ale be nàƒo asa na gbegblẽawo ahase vivi na nyuiawoa?

3. Nu ka ŋue wòle be míabu ne míele modzakaɖeɖewo tiam?

3 Mí katã míehiã na modzakaɖeɖe kple dzidzɔdonamenuwo, eye míedi be míatia wo nyuie. Eya ta ele be míabu ale si míaƒe modzakaɖeɖewo ate ŋu akpɔ ŋusẽ ɖe míaƒe Yehowa subɔsubɔ dzii la ŋu.

“MIWƆ NUWO KATÃ HENA MAWU ƑE KAFUKAFU”

4. Biblia me gɔmeɖose kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatia míaƒe modzakaɖeɖewo?

4 Esime míetsɔ mía ɖokuiwo ɖe adzɔgbe na Yehowa la, míedo ŋugbe nɛ be míasubɔe kple míaƒe agbe blibo. (Xlẽ Nyagblɔla 5:4.) Míedo ŋugbe be ‘míawɔ nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu.’ (1 Korintotɔwo 10:31) Esia fia be míeɖe adzɔgbe na Mawu nenye be míele ɖiɖim ɖe eme alo le modzaka ɖem gɔ̃ hã, ke menye ne míele kpekpewo me alo le gbeadzi ɖeɖe ko o.

5. Subɔsubɔ ka ƒomevie wòle be míatsɔ ana Yehowa?

5 Nu sia nu si míewɔna le agbe me la do ƒome kple míaƒe Yehowa subɔsubɔ. Paulo ɖe esia me esi wògblɔ be: ‘Mitsɔ miaƒe ŋutilãwo na wòanye vɔsa gbagbe, si le kɔkɔe, si dzea Mawu ŋu.’ (Romatɔwo 12:1) Yesu gblɔ be: ‘Lɔ̃ Yehowa wò Mawu kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo, wò tamesusu blibo kple wò ŋusẽ blibo.’ (Marko 12:30) Míedina ɣesiaɣi be míatsɔ míaƒe nu nyuitɔ kekeake ana Yehowa. Le blema Israel la, wodi tso ame siwo atsɔ lã asa vɔe na Yehowa si be woƒe lãa nanye esi nu mewɔ afi aɖeke na o. Ne lãa nye lã nuwɔe la, medzea Mawu ŋu o. (3 Mose 22:18-20) Nenema kee, ate ŋu adzɔ be míaƒe subɔsubɔ madze Yehowa ŋu o. Le mɔ ka nu?

6, 7. Ŋusẽ kae míaƒe modzakaɖeɖewo ate ŋu akpɔ ɖe míaƒe Yehowa subɔsubɔ dzi?

6 Yehowa gblɔ na mí be: “Minɔ kɔkɔe, elabena nye la, mele kɔkɔe.” (1 Petro 1:14-16; 2 Petro 3:11) Ne míaƒe subɔsubɔ le dzadzɛ alo le kɔkɔe ko hafi wòadze Yehowa ŋu. (5 Mose 15:21) Míaƒe subɔsubɔ mate ŋu adza le Yehowa ŋkume nenye be míewɔa nu siwo wòlé fui, abe agbe gbegblẽ nɔnɔ, ŋutasesẽ alo gbɔgbɔyɔyɔ ene o. (Romatɔwo 6:12-14; 8:13) Nenema kee, ne míetsɔa nu siawo ɖea modzakae la, mado dzidzɔ na Yehowa o. Esia awɔe be míaƒe subɔsubɔ madza le Yehowa ŋkume o, eye madze eŋu hã o, eye esia ate ŋu agblẽ nu le mía kplii dome ƒomedodoa ŋu vevie.

7 Eya ta aleke míawɔ atia míaƒe modzakaɖeɖewo le nunya me? Gɔmeɖose kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míanya modzakaɖeɖe siwo sɔ kple esiwo mesɔ o?

MITSRI VƆ̃

8, 9. Modzakaɖeɖe ka ƒomevie míeƒoa asa na? Nu ka tae?

8 Modzakaɖeɖe vovovowo li egbea. Ðewo sɔ na Kristotɔwo, gake akpa gãtɔ mesɔ kura o. Gbãa, na míakpɔ modzakaɖeɖe siwo wòle be míaƒo asa na ɖa.

9 Agbe gbegblẽ nɔnɔ, ŋutasesẽ, alo gbɔgbɔyɔyɔ bɔ ɖe filmwo, Internet dzi nyatakakadzraɖoƒewo, television dzi wɔnawo, videofefewo kple hadzidzi geɖewo me egbea. Woɖea nu gbegblẽwo fiana le wɔna mawo me wòɖia kokoe eye wodzena abe ɖe naneke megblẽ le wo ŋu o ene. Gake Kristotɔwo dzea agbagba ƒoa asa na modzakaɖeɖe siwo mewɔ ɖeka kple Yehowa ƒe nudidi dzadzɛwo o. (Dɔwɔwɔwo 15:28, 29; 1 Korintotɔwo 6:9, 10) Ne míeƒo asa na modzakaɖeɖe mawo la, míeɖenɛ fiana Yehowa be míetsri vɔ̃.—Psalmo 34:14; Romatɔwo 12:9.

10. Ne míetia modzakaɖeɖe siwo mesɔ o la, nu kae ate ŋu ado tso eme?

10 Gake ame aɖewo susuna be naneke megblẽ le modzakaɖeɖe siwo me ŋutasẽnuwɔwɔ, agbe gbegblẽ nɔnɔ, kple gbɔgbɔyɔyɔ le ŋu o. Wosusuna be: ‘Nu kae wòagblẽ le ŋunye? Nye ŋutɔ nyemawɔ nu mawo gbeɖe o.’ Ne míebua nuwo ŋu alea la, ke míele mía ɖokuiwo flum. Biblia gblɔ be: “Ame ƒe dzi la, alakpatɔ wònye wu nuwo katã, eye enu menya léna o.” (Yeremiya 17:9) Ne míetsɔa nu siwo medzea Yehowa ŋu o ɖea modzakae la, aleke míate ŋu agblɔ be míetsri wo? Ne míeyia edzi tsɔa nu mawo ɖea modzakae la, ɖeko míava nɔ wo kpɔm abe ɖe naneke megblẽ le wo ŋu o ene. Vivivi la, míaƒe dzitsinya ava gbɔdzɔ eye magaxlɔ̃ nu mí ne míeyina tiatia gbegblẽ aɖe wɔ ge o.—Psalmo 119:70; 1 Timoteo 4:1, 2.

11. Aleke Galatiatɔwo 6:7 ate ŋu akpe ɖe mía ŋu le míaƒe modzakaɖeɖewo tiatia me?

11 Mawu ƒe Nya la gblɔ na mí be: “Nu si ame ƒãna la, esia kee wòaŋe.” (Galatiatɔwo 6:7) Enye nyateƒe matrɔmatrɔ be ne míetsɔa nu siwo menyo o ɖea modzakae la, madidi o míawo ŋutɔwo míava nɔ wo wɔm. Le kpɔɖeŋu me, agbe gbegblẽ nuwɔna siwo ame aɖewo tsɔ ɖe modzakae la va kpɔ ŋusẽ ɖe wo dzi ale gbegbe be woawo ŋutɔwo hã va nɔ agbe gbegblẽ. Gake Yehowa kpena ɖe mía ŋu be míatia míaƒe modzakaɖeɖewo le nunya me.

ZÃ BIBLIA ƑE GƆMEÐOSEWO NÀTSƆ AWƆ TIATIA NYUIWO

12. Nu kae ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ tiatia nyuiwo ku ɖe modzakaɖeɖe ŋu?

12 Edzena gaglã be modzakaɖeɖe aɖewo medze Yehowa ŋu o, eya ta míenya be ele be míaƒo asa na wo. Ke ne medze gaglã o ya ɖe? Yehowa mena se gbogbo aɖewo mí ku ɖe nu siwo míakpɔ, ase, alo axlẽ ŋu o. Ke boŋ, edi be míazã míaƒe dzitsinya si míetsɔ Biblia na hehee. (Xlẽ Galatiatɔwo 6:5.) Yehowa na gɔmeɖosewo, siwo nye nyateƒenya vevi siwo nana míekpɔa ale si wòbua nuwo ŋui la mí. Gɔmeɖose siawo kpena ɖe mía ŋu míenaa hehe míaƒe dzitsinya. Wokpena ɖe mía ŋu míekpɔa “nu si nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu” dzea sii, ale be míate ŋu awɔ tiatia siwo dzea eŋu.—Efesotɔwo 5:17.

Hafi Kristotɔwo natia modzakaɖeɖe aɖe la, wobiaa wo ɖokuiwo be:

Biblia me gɔmeɖosewo kpena ɖe mía ŋu míetiaa modzakaɖeɖe nyuiwo

13. Nu ka tae tiatia siwo Kristotɔwo wɔna ku ɖe modzakaɖeɖe ŋu la toa vovo tso wo nɔewo tɔ gbɔ? Gake nu kae le vevie na Kristotɔwo katã?

13 Zi geɖe la, modzakaɖeɖe si Kristotɔ aɖe atia la ato vovo na Kristotɔ bubu tɔ. Nu ka tae? Ame sia ame kple nu si wòdi. Eye ate ŋu adzɔ be nu si adzɔ dzi na ame aɖe la madzɔ dzi na ame bubu ya o. Ke hã, be Kristotɔwo katã nate ŋu awɔ tiatia nyuiwo la, ele be woana Biblia ƒe gɔmeɖosewo nafia mɔ wo. (Filipitɔwo 1:9) Gɔmeɖose siawo akpe ɖe mía ŋu míatia modzakaɖeɖe siwo dzea Mawu ŋu.—Psalmo 119:11, 129; 1 Petro 2:16.

14. (a) Nu vevi ka ŋue wòle be míabu tso ale si míezãa míaƒe ɣeyiɣi ŋu? (b) Nuxlɔ̃ame kae Paulo na Kristotɔwo?

14 Nu bubu si ŋu wòle be míabu ye nye ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si míezãna ɖe modzakaɖeɖe ŋu. Esia ate ŋu aɖe ale si gbegbe modzakaɖeɖe le vevie na mí la afia. Yehowa subɔsubɔe nye nu vevitɔ na mí Kristotɔwo le agbe me. (Xlẽ Mateo 6:33.) Gake míate ŋu ana modzakaɖeɖe nava nɔ ɣeyiɣi geɖe xɔm le mía si evɔ míade dzesii gɔ̃ hã o. Paulo xlɔ̃ nu Kristotɔwo be: “Mikpɔ nyuie be ale si miezɔna la naganye abe numanyalawo ene o, ke boŋ abe nunyalawo ene, eye miwɔ miaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu.” (Efesotɔwo 5:15, 16) Eya ta ehiã be míaɖo seɖoƒe na ɣeyiɣi agbɔsɔsɔme si míezãna ɖe modzakaɖeɖe ŋu, eye míakpɔ egbɔ ɣesiaɣi be míaƒe Mawu subɔsubɔ xɔ nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me.—Filipitɔwo 1:10.

15. Aleke míawɔ akpɔ mía ɖokuiwo ta tso modzakaɖeɖe siwo ate ŋu agblẽ mí kple Yehowa dome ƒomedodoa me la me?

15 Edze ƒãa be ele be míatsri modzakaɖeɖe siwo míenya be womedzea Yehowa ŋu o. Ke ne mímeka ɖe edzi tututu be modzakaɖeɖe aɖe sɔ o ya ɖe? Ðe wòhiã kokoko be míakpɔ nyuiea? Bu eŋu kpɔ. Tsɔe be èle mɔ aɖe si le to kɔkɔ aɖe ŋu dzi zɔm, ɖe nànɔ mɔa ƒe kɔtoe zɔma? Kura o. Ne wò agbe le vevie na wò la, àte ɖokuiwò ɖa kura tso afɔku gbɔ. Nenema kee wòle le modzakaɖeɖe siwo míetiana la gome. Mawu ƒe Nya la gblɔ na mí be: “Te wò afɔ ɖe aga tso vɔ̃ gbɔ.” (Lododowo 4:25-27) Eya ta, menye ɖeko míeƒoa asa na modzakaɖeɖe siwo míenya be womenyo o ko evɔ o, ke boŋ míetea mía ɖokuiwo ɖa tso modzakaɖeɖe ɖe sia ɖe si míesusu be manyo na mí o eye wòate ŋu agblẽ nu le mía kple Yehowa dome ƒomedodoa ŋu la ŋu.

YEHOWA ƑE SUSU LE NUWO ŊU NENƆ ASIWÒ

16. (a) Nu siwo Yehowa lé fui la dometɔ aɖewo ɖe? (b) Aleke míeɖenɛ fiana be míelé fu nu siwo Yehowa lé fui?

16 Hakpalaa ŋlɔ bena: “Oo mi ame siwo lɔ̃a Yehowa, mitsri vɔ̃.” (Psalmo 97:10) Biblia fia mí ale si Yehowa sena le eɖokui me kple ale si wòbua nuwo ŋui. De ŋugble le ale si nu siwo nèsrɔ̃ ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàbu nuwo ŋu abe ale si Yehowa bua woe ene la ŋu. Le kpɔɖeŋu me, míesrɔ̃e be Yehowa lé fu “aʋatsoɖe, asi siwo kɔa ʋu maɖifɔ ɖi, dzi si ɖoa tame vɔ̃, [kple] afɔ siwo tsɔna ɖe vɔ̃wɔwɔ ŋu.” (Lododowo 6:16-19) Míesrɔ̃e hã be ele be míaƒo asa na “gbɔdɔdɔ manɔsenu, . . . trɔ̃subɔsubɔ, gbɔgbɔyɔyɔ, . . . ŋuʋaʋã, dɔmedzoedodowo, . . . ŋubiabiã, ahamumu, aglotutu siwo gbɔ eme kple nu siawo tɔgbi.” (Galatiatɔwo 5:19-21) Ède dzesi ale si Biblia ƒe gɔmeɖose siawo ate ŋu akpe ɖe ŋuwò nàtia wò modzakaɖeɖewoea? Míedi be míawɔ ɖe Yehowa ƒe nudidiwo dzi le míaƒe agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa, ne míawo ŋutɔwo ɖeɖee li loo alo míele ame dome o. (2 Korintotɔwo 3:18) Le nyateƒe me la, tiatia siwo míewɔna ne míawo ɖeɖe míeli lae ɖea ame si koŋ míenye la fiana zi geɖe.—Psalmo 11:4; 16:8.

17. Hafi míatia modzakaɖeɖe aɖe la, nya kawoe wòle be míabia mía ɖokuiwo?

17 Eya ta, ne èle nu siwo nàtsɔ aɖe modzakae tiam la, bia ɖokuiwò be: ‘Ŋusẽ kae nye tiatiaa akpɔ ɖe nye kple Yehowa dome ƒomedodoa dzi? Ŋusẽ kae wòakpɔ ɖe nye dzitsinya dzi?’ Na míadzro gɔmeɖose bubu siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu ne míele modzakaɖeɖewo tiam la me.

18, 19. (a) Aɖaŋu kae Paulo ɖo na Kristotɔwo? (b) Gɔmeɖose kawoe akpe ɖe mía ŋu le míaƒe modzakaɖeɖewo tiatia me?

18 Ne míele míaƒe modzakaɖeɖewo tiam la, ke míele nu siwo míade míaƒe susu me la tiam. Paulo ŋlɔ bena: “Nu siwo katã nye nyateƒe, nu siwo katã dze na bubu, nu siwo katã le dzɔdzɔe, nu siwo katã le dzadzɛ, nu siwo katã dze na lɔlɔ̃, nu siwo katã ŋu woƒoa nu nyui le, nu siwo katã nye nuwɔna nyui, kple nu siwo katã dze na kafukafu la, minɔ nu siawo ŋu bum.” (Filipitɔwo 4:8) Ne míena nu nyui siawo xɔ míaƒe susu me la, míate ŋu agblɔ nya sia be: “Na nye numenyawo kple nye dzimesusuwo nadze ŋuwò, Oo Yehowa.”—Psalmo 19:14.

19 Bia ɖokuiwò be: ‘Nu kawo dem mele nye susu me? Ne mekpɔ film alo wɔna aɖe vɔ la, ɖe nu nyuiwo xɔa susu me nam eye nye dzi dzea emea? Ðe nye susu me dzea akɔ anyi eye dzitsinya nyui nɔa asinyea? (Efesotɔwo 5:5; 1 Timoteo 1:5, 19) Ðe wònɔa bɔbɔe nam be mado gbe ɖa na Yehowa? Alo ɖe nye dzi bua fɔma? Ðe modzakaɖeɖea na meva le ŋutasẽnuwɔwɔ alo agbe gbegblẽ nɔnɔ ŋu buma? (Mateo 12:33; Marko 7:20-23) Ðe nu siwo metsɔna ɖea modzakae la wɔe be meva le agbe nɔm ɖe “nuɖoanyi sia ƒe nɔnɔme” nua?’ (Romatɔwo 12:2) Ale si míato nyateƒe na mía ɖokuiwo le ale si míaɖo nya siawo ŋui me akpe ɖe mía ŋu míakpɔ nu siwo wòle be míawɔ be ƒomedodo sẽŋu nayi edzi anɔ mía kple Yehowa dome. Míedi be míado gbe ɖa abe hakpalaa ene be: “Ðe nye ŋku ɖa le nu dzodzrowo kpɔkpɔ ŋu.”a—Psalmo 119:37.

MÍAƑE TIATIAWO KPƆA ŊUSẼ ÐE AME BUBUWO DZI

20, 21. Nu ka tae wòle be míabu ame bubuwo ƒe seselelãmewo ŋu ne míele modzakaɖeɖewo tiam?

20 Gɔmeɖose vevi bubu si wòle be wòanɔ susu me na mí ye nye esi: “Woɖe nuwo katã ƒe mɔ na ame, ke menye nuwo katãe tua ame ɖo o. Ame aɖeke meganɔ eya ŋutɔ ƒe nyonyo ko dim o, ke nedi ame bubu tɔ hã.” (1 Korintotɔwo 10:23, 24) Ne ablɔɖe le mía si be míawɔ nane hã la, mefia be ele be míawɔe kokoko o. Ele be míabu ŋusẽ si míaƒe tiatiawo akpɔ ɖe mía nɔviwo dzi la ŋu nyuie.

21 Ame sia ame kple eƒe dzitsinyae. Le kpɔɖeŋu me, wò dzitsinya ate ŋu aɖe mɔ na wò be nàkpɔ television dzi wɔna aɖe. Gake èva de dzesii be wɔna ma ɖea fu na nɔvi aɖe ƒe dzitsinya. Nu kae nàwɔ? Togbɔ be ablɔɖe le asiwò be nàkpɔe hã la, àte ŋu atiae be yemakpɔe o. Nu ka tae? Elabe mèdi be ‘yeawɔ nu vɔ̃ ɖe nɔviwòwo ŋu’ o, alo kura gɔ̃ hã, ‘awɔ nu vɔ̃ ɖe Kristo ŋu’ o. (1 Korintotɔwo 8:12) Mímedi be míawɔ naneke si azu nukikli na mía nɔvi Kristotɔwo o.—Romatɔwo 14:1; 15:1; 1 Korintotɔwo 10:32.

22. Aleke míaɖee afia be míenye nugɔmeselawo ne Kristotɔ bubuwo wɔ tiatia siwo to vovo na mía tɔ?

22 Ke ne modzakaɖeɖe aɖe sɔ na nɔvi aɖe, evɔ wò ya wò dzitsinya meɖe mɔ na wò be nàtia modzakaɖeɖe ma o ɖe? Esi nèlɔ̃ nɔvia hedea bubu eŋu ta la, màzi edzi be wòawɔ tiatia ma ke si nèwɔ la o. Ame aɖe si le ʋu kum la nyae be ame bubuwo ate ŋu aku ʋua sesĩe alo blewu wu ye, gake woawo hã nye ʋukula nyuiwo. Le mɔ ma ke nu la, wò kple nɔvi bubu aɖe miate ŋu anɔ Biblia me gɔmeɖosewo dzi wɔm gake miaƒe susu ate ŋu ato vovo vie le modzakaɖeɖe si sɔ gome.—Nyagblɔla 7:16; Filipitɔwo 4:5.

23. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míatia míaƒe modzakaɖeɖewo nyuie?

23 Eya ta, nu kae akpe ɖe mía ŋu míatia míaƒe modzakaɖeɖewo nyuie? Ne míezã míaƒe dzitsinya si míetsɔ Biblia ƒe gɔmeɖosewo na hehee, eye míetsɔ ɖe le eme na mía nɔviwo la, míawɔ tiatia nyuiwo. Eye míakpɔ dzidzɔ le esi ‘míewɔa nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu’ ta.

a Míate ŋu akpɔ gɔmeɖose bubu siwo ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ tiatia nyuiwo le modzakaɖeɖe ŋu le Lododowo 3:31; 13:20; Efesotɔwo 5:3, 4; kple Kolosetɔwo 3:5, 8, 20.

Ƒome aɖe le television kpɔm ɖekae

Hafi Kristotɔwo natia modzakaɖeɖe aɖe la, wobiaa wo ɖokuiwo be:

  • Ŋusẽ kae wòakpɔ ɖe nye kple Mawu dome ƒomedodoa dzi?

  • Ŋusẽ kae wòakpɔ ɖe nye ŋutɔ dzinye?

  • Ŋusẽ kae wòakpɔ ɖe ame bubuwo dzi?

BIBLIA ƑE GƆMEÐOSEWO

1 MÍETOA MODZAKAÐEÐE SIWO MÍETIANA DZI ÐEA ALE SI GBEGBE MÍELƆ̃ YEHOWAE LA FIANƐ

“Miwɔ nuwo katã hena Mawu ƒe kafukafu.”—1 Korintotɔwo 10:31

Nu ka tae wòle be míaɖɔ ŋu ɖo ne míele nu siwo míatsɔ aɖe modzakae tiam?

  • Psalmo 11:5, 7; 34:14; Romatɔwo 12:9; 1 Korintotɔwo 6:9, 10

    Agbe gbegblẽ nɔnɔ, ŋutasesẽ kple gbɔgbɔyɔyɔ bɔ ɖe modzakaɖeɖe geɖewo me egbea—woɖanye filmwo, Internet dzi nyatakakadzraɖoƒewo, television dzi wɔnawo, videofefewo, hadzidziwo alo bubu aɖe o.

  • Marko 12:30; Romatɔwo 12:1, 2

    Míaƒe modzakaɖeɖewo ate ŋu ana míaƒe dzi nadze eme loo alo ana wòasesẽ na mí be míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa.

  • Yeremiya 17:9; Galatiatɔwo 6:7

    Nu siwo míetsɔna ɖea modzakae la kpɔa ŋusẽ ɖe mía dzi.

2 BIBLIA ME GƆMEÐOSEWO ATE ŊU AKPE ÐE MÍA ŊU MÍATIA MÍAƑE MODZAKAÐEÐEWO

“Miyi edzi miakpɔ nu si nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu adze sii.”—Efesotɔwo 5:17

Biblia me gɔmeɖose kawoe ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míawɔ tiatia nyuiwo le míaƒe modzakaɖeɖewo ŋu?

  • Psalmo 16:8; Lododowo 6:16-19; Galatiatɔwo 5:19-21

    Ele be míalé fu nu siwo Yehowa lé fui, abe ŋutasẽnuwɔwɔ, gbɔgbɔyɔyɔ kple agbe gbegblẽ nɔnɔ ene.

  • Psalmo 19:14; Filipitɔwo 4:8

    Ne míenana nu nyuiwo xɔa susu me na mí eye míedea ŋugble le wo ŋu la, míaƒe nu adze Yehowa ŋu.

  • Mateo 6:33; Efesotɔwo 5:15, 16

    Ele be míakpɔ nyuie le ɣeyiɣi agbɔsɔsɔ si míezãna ɖe modzakaɖeɖe ŋu la ŋuti. Ele be Yehowa subɔsubɔ nanye nu vevitɔ na mí le míaƒe agbe me.

3 MÍAƑE TIATIAWO KPƆA ŊUSẼ ÐE AME BUBUWO DZI

“Ame aɖeke meganɔ eya ŋutɔ ƒe nyonyo ko dim o, ke nedi ame bubu tɔ hã.”—1 Korintotɔwo 10:24

Nu ka tae wòle be míabu ale si amewo sena le wo ɖokuiwo me tso modzakaɖeɖe siwo míetiana ŋu la ŋu?

  • Nyagblɔla 7:16; Romatɔwo 2:21

    Modzakaɖeɖe si Kristotɔ aɖe atia la ate ŋu ato vovo tso ame bubu tɔ gbɔ. Le esi míanɔ ʋɔnu drɔ̃m amewo le woƒe tiatiawo ŋu teƒe la, míedzea agbagba be míawo ŋutɔwo míawɔ tiatia nyuiwo boŋ.

  • Galatiatɔwo 6:5; Filipitɔwo 4:5

    Míaƒe dzitsinya kpɔa ŋusẽ ɖe tiatia siwo míewɔna la dzi, eye menye ame sia ame ƒe dzitsinyae sɔ kple mía tɔ o.

  • 1 Korintotɔwo 10:32; Filipitɔwo 1:10

    Mímedi be míazu nukikli na mía nɔviwo o, eya ta míeɖɔa ŋu ɖo le modzakaɖeɖe siwo míetiana la ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe