INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwbr20 February axa 1-2
  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo
  • Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo —2020
  • Tanya Suewo
  • FEBRUARY 3-9
  • FEBRUARY 10-16
  • Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
  • FEBRUARY 17-23
  • Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi
  • FEBRUARY 24–MARCH 1
Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo —2020
mwbr20 February axa 1-2

Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpe Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo

FEBRUARY 3-9

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 1 MOSE 12-14

Ŋugbedodo wɔnuku aɖee nye ema, eye Abraham gase ŋugbedodo ma zi eve sɔŋ ake. (1 Mose 18:18; 22:18) Be esia nava eme la, Mawu afɔ ƒome vovovowo me tɔ siwo ku la gɔ̃ hã ɖe tsitre. Agbe si ame siwo woafɔ ɖe tsitre ava nɔ la anye yayra blibo, elabe wo dometɔ akpa gãtɔ ava nɔ agbe le anyigba si ɖi Paradiso si bu le gɔmedzedzea me la dzi. Emegbe la, woafia ale si woawɔ anyi yayra si nye agbe mavɔ dome la wo.—1 Mose 2:8, 9, 15-17; 3:17-23.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi

Salem-fia Melkizedek nye nunɔla (ko·henʹ) si ɖeke mesɔ kplii o. Biblia meƒo nu tso eƒe dzidzime, eƒe dzidzi alo ku ŋuti nuŋlɔɖi aɖeke ŋu o. Menyi eƒe nunɔlanyenyea dome tso ame aɖeke gbɔ o, eye ame aɖeke hã meva xɔ ɖe eteƒe o. Melkizedek nye fia kple nunɔla siaa. Eƒe nunɔlanyenyea de ŋgɔ wu nunɔla siwo nye Lewi viwo tɔ, elabena Lewi xe nuwo ƒe ewolia na Melkizedek, elabe enɔ Abraham ƒe ali me esime Abraham tsɔ nuwo ƒe ewolia na Melkizedek, eye wòyrae. (1Mo 14:18-20; Heb 7:4-10) Le nu siawo me la, Melkizedek le tsitre ɖi na Yesu Kristo, ame si nye ‘nunɔla abe Melkizedek ene tegbee.’—Heb 7:17.

FEBRUARY 10-16

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 1 MOSE 15-17

Gake, zi geɖe la, kpɔtsɔtsɔ nɔa amegbetɔwo ƒe mɔwo kple nuwɔnawo ŋu. Elabena amegbetɔwo katã nyi nu vɔ̃ kple vodada dome tso Adam gbɔ. (Ro 5:12; Ps 51:5) Gake Yehowa, ame si ŋu kpɔtsɔtsɔ mele o la, nya “míaƒe wɔwɔme nyuie, eɖoa ŋui be kewɔe míenye,” eye wòkpɔa nublanui na mí. (Ps 103:13, 14) Ebu nuteƒewɔla kple toɖola Noa, be enye “ame maɖifɔ le eŋɔlimetɔwo dome.” (1Mo 6:9) Egblɔ na Abraham be, “Zɔ le ŋkunyeme, eye kpɔtsɔtsɔ aɖeke meganɔ ŋuwò o.” (1Mo 17:1) Togbɔ be ame eve siawo mede blibo o, eye woku hã la, Yehowa, ame si “kpɔa keke dzi me ke” la, bu wo be wonye ame siwo ŋu kpɔtsɔtsɔ mele o. (1Sa 16:7; tsɔe sɔ kple 2Fi 20:3; 2Kr 16:9.) Egblɔ na Israel-viwo be: “Mele be fɔɖiɖi aɖeke nanɔ ŋuwò le Yehowa wò Mawu ŋkume o.” (5Mo 18:13; 2Sa 22:24) Etsɔ Via maɖifɔ la na be (Heb 7:26) wòanye tafevɔsa, eye wònɔ te ɖe esia dzi bu ame siwo xɔ edzi se eye woɖoa to la be wonye ‘ame dzɔdzɔewo’ alo ame maɖifɔwo, ale be wòato esia dzi aɖe eya ŋutɔ ƒe dzɔdzɔenyenye kple Ʋɔnudrɔ̃la maɖifɔ si wònye la afia.—Ro 3:25, 26.

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi

“Ne eɖo dzidzime enelia dzi.” Ele be míaɖo ŋku edzi be Yehowa gblɔ na Abraham be ne eɖo dzidzime enelia dzi la, eƒe dzidzimeviwo atrɔ ava Kanaan. (1Mo 15:16) Le ƒe 430 la katã me, tso esime nu, si Mawu bla kple Abraham te dɔwɔwɔ va se ɖe esime woʋu le Egipte la, dzidzime siwo nɔ anyi la wu dzidzime ene. Togbɔ be ɣemaɣi la, wonɔa agbe didi abe ale si nuŋlɔɖia ɖee fia ene hã. Gake ƒe 215 koe Isreal-viwo nɔ Egipte ŋutɔŋutɔ. Míate ŋu azã Isreal ƒe to ɖeka si nye Lewi awɔ kpɔɖeŋu atsɔ abu ‘dzidzime ene’ la tso esime woyi Egipte: (1) Lewi, (2) Kohat, (3) Amram kple (4) Mose.—2Mo 6:16, 18, 20.

FEBRUARY 17-23

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 1 MOSE 18-19

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi

Fifia ele bɔbɔe be míase nu si tae Abraham ƒo nu na mawudɔla si nye Mawu ƒe nyanuɖela si va egbɔ la abe Yehowa Mawu ŋutɔe wònɔ nu ƒom na ene la gɔme. Esi mawudɔla gblɔ nya si tututu Mawu di be wòagblɔ na Abraham la nɛ, eye wònɔ Mawu teƒe va egbɔ ŋutɔŋutɔ ta la, Biblia me nuŋlɔɖia ate ŋu agblɔ be “Yehowa ɖe eɖokui fiae.”—1 Mose 18:1.

Ðo ŋku edzi be mawudɔla si nye Mawu ƒe nyanuɖela, ate ŋu ana woase Mawu ƒe gbedeasiwo, abe ale si ko telefon alo radio ate ŋu ana ame bubu nase míaƒe nyawo pɛpɛpɛ ene. Eya ta, míate ŋu ase egɔme bɔbɔe be Abraham, Mose, Manoa kple ame bubuwo te ŋu ƒo nu kple mawudɔla siwo va wo gbɔ la, abe Mawue wonɔ nu ƒom na ene. Togbɔ be ame siawo te ŋu kpɔ mawudɔlaawo kple Yehowa ƒe ŋutikɔkɔe si woɖe fia hã la, womete ŋu kpɔ Mawu o. Eya ta, esia metsi tsitre ɖe apostolo Yohanes ƒe nya si wògblɔ be: “Ame aɖeke mekpɔ Mawu ɣeaɖekeɣi kpɔ o” la ŋu kura o. (Yohanes 1:18) Menye Mawu ŋutɔe ame siawo kpɔ o, ke boŋ Mawu teƒenɔlawoe wokpɔ.

FEBRUARY 24–MARCH 1

NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYA LA ME | 1 MOSE 20-21

Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo Didi

9 Abram gaɖe xɔse fia le mɔ bubu aɖe nu. Abe ale si nuŋlɔɖia gblɔe ene la: “Eɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Yehowa.” (1 Mose 12:7) Anɔ eme be, etsɔ lãwo hã sa vɔe, elabena Hebrigbe me nya “vɔsamlekpui” gɔmee nye “vɔsaƒe.” Emegbe, Abram gaɖe xɔse sia tɔgbi fia le anyigba ƒe akpa bubuwo. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ‘eyɔ Yehowa ƒe ŋkɔ’ la. (1 Mose 12:8; 13:18; 21:33) Hebrigbe me nyagbɔgblɔ ‘yɔ ŋkɔ’ fia be “woaƒo nu (aɖe gbeƒã) tso ŋkɔa ŋu.” Abram ƒe aƒemetɔwo kple Kanaantɔwo anya see wòƒo nu tso eƒe Mawu ƒe ŋkɔ, Yehowa ŋu dzinɔameƒotɔe. (1 Mose 14:22-24) Nenema kee egbea la, ele be ame siwo katã di be yewoanye Mawu xɔlɔ̃wo la nayɔ eƒe ŋkɔ la le xɔse me. Esia fia be míaɖe gbeƒã le dutoƒo hã, eye “[míatsɔ] kafukafuvɔsa anɔ Mawu nam ɣesiaɣi, si nye míaƒe nuyi si míetsɔ ʋua eƒe ŋkɔ me le dutoƒo la ƒe kutsetse.”—Hebritɔwo 13:15 Romatɔwo 10:10.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe