INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • mwb20 April axa 7
  • ‘Miɖe Dutamawuawo Ða’

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • ‘Miɖe Dutamawuawo Ða’
  • Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Kadodo Kple Vivimeŋusẽwo Nye Dzidzɔdonamenu Dzro Koa?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Lɔ̃ Yehowa Nakpe Ðe Ŋuwò Nàtsi Tsitre Ðe Gbɔgbɔ Vɔ̃wo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
  • Nu Kae Biblia Fia Tso Gbɔgbɔyɔyɔ Ŋu?
    Nyɔ!—2017
  • Subɔ Yehowa Bliboe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2019
Kpɔ Bubuwo
Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2020
mwb20 April axa 7
Ŋutsu aɖe tsɔ dzonu aɖe si do ka kple gbɔgbɔyɔyɔ la le gbe ƒum.

KRISTOTƆWO ƑE AGBENƆNƆ

‘Miɖe Dutamawuawo Ða’

Togbɔ be Yehowa mede se ɖe trɔ̃subɔsubɔ nu ɣemaɣi o hã la, Yakob nyae be Eya ɖeka koe dze na ɖokuitsɔtsɔna blibo. (2Mo 20:3-5) Eya ta, esi Yehowa gblɔ nɛ be wòatrɔ ayi Betel megbe la, Yakob bia tso eƒemetɔwo katã si be woaɖe woƒe legbawo ɖa. Emegbe Yakob ɖe legbawo, tsɔ kpe ɖe togɛ, siwo wodona abe ametakpɔnuwo ene ŋu la katã ɖa. (1Mo 35:1-4) Ðikeke mele eme o be afɔ si Yakob ɖe la anya do dzidzɔ na Yehowa.

Egbea hã, mɔ ka nue míate ŋu atsɔ subɔsubɔ si Yehowa dze na la anɛ le? Nu vevi si wòle be míawɔe nye be míaƒo asa na nu sia nu si do ka kple trɔ̃subɔsubɔ alo gbɔgbɔyɔyɔ. Esia fia be míaɖe asi le nu sia nu si do ka kple vivimeŋusẽwo ŋu eye míalé ŋku ɖe nu siwo míetsɔ ɖea modzakae la ŋu nyuie. Le kpɔɖeŋu me, bia ɖokuiwò be: ‘Ðe agbalẽ alo film siwo me nuwo abe vampire-wo (ame kuku siwo wobe wodona le zã me va noa ʋu le lãme na ame), zombie-wo (ame kuku siwo wobe wotrɔna zua amegbetɔwo) alo vivimeŋusẽwo le la dzɔa dzi nama? Ðe nu siwo metsɔ ɖea modzaka nana madziki, gbesa alo amedzudzu dzena fefenu koa?’ Ele be míate mía ɖokuiwo ɖa kura tso nu sia nu si Yehowa lé fui gbɔ.—Ps 97:10.

MIKPƆ VIDEO SI NYE “MITSI TSITRE ÐE ABOSAM ŊU,” EYOME MIAÐO BIABIA SIAWO ŊU:

  • Vidzĩ aɖe si wosa ametakpɔnu aɖe ɖe alɔnu na la mlɔ anyi ɖe aba dzi. Vidzĩa nɔ, si nye Biblia nusrɔ̃vi la le nu ƒom kple srɔ̃tɔ siwo nye eƒe Biblia nufialawo.

    Kuxi kae va dze ŋgɔ Biblia nusrɔ̃vi si ŋkɔe nye Akɔfa?

  • Srɔ̃tɔawo kple Biblia nusrɔ̃via le kpekpeɖeŋu biam tso hamemetsitsi eve gbɔ.

    Nu ka tae wòle be míabia kpekpeɖeŋu tso hamemetsitsiwo gbɔ ne nya aɖe si lɔ gbɔgbɔ vɔ̃ nyawo ɖe eme do mo ɖa?

  • Biblia nusrɔ̃via tɔ dzo ametakpɔnu si nɔ via ƒe alɔnu.

    Tsi tsitre ɖe Abosam ŋu, eye nàte ɖe Mawu ŋu.—Yak 4:7, 8

    Nu kawoe wòle be ame siwo di be Yehowa nakpɔ yewo ta la, natsɔ aƒu gbe keŋkeŋ?

  • Nyametsotso vevi kae Akɔfa wɔ?

  • Le miaƒe nutoa me la, nu kawoe nàte ŋu awɔ be gbɔgbɔ vɔ̃wo nagakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò o?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe