Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ Ƒe Nyatsoƒewo
© 2023 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
JANUARY 1-7
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | HIOB 32-33
Ale Si Nàfa Akɔ Na Ame Siwo Le Kuxiwo Me Tom
it-1 710
Elihu
Elihu mebe yeaɖɔ kesekuku na Hiob o, egblɔ nyaa ŋutɔŋutɔ nɛ. Ekpɔe be kewɔ koe yenye abe Hiob ene, eye Ŋusẽkatãtɔ lae wɔ ye hã. Elihu ƒo nu na Hiob abe xɔlɔ̃ vavã ene. Megblɔ nya tɔamewo nɛ o, eye eyɔ eƒe ŋkɔ hã evɔ Elifaz, Bildad, alo Zofar mete ŋu wɔ esia o.—Hio 32:21, 22; 33:1, 6.
w14 6/15 25 ¶8-10
Ðe Nèbua Amegbetɔwo Ƒe Gbɔdzɔgbɔdzɔwo Abe Ale Si Yehowa Bunɛ Enea?
8 Nu kae ana míase veve ɖe mía nɔvi siwo hiã kpekpeɖeŋu ti? Nenɔ susu me na wò be wo dometɔ geɖe le fu kpem le lãmegbegblẽ alo blanuiléle ta, alo le esi ƒomea me tɔ aɖewo mele nyateƒea me o ta. Ate ŋu adzɔ be míawo hã míava nɔ nɔnɔme ma tɔgbi me gbe ɖeka. Hafi Israel vi siwo da ahe eye wogbɔdzɔ tsã le Egipte-nyigba dzi la nage ɖe Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Yehowa ɖo ŋku edzi na wo be ‘woagasẽ dzime’ ɖe ame siwo hiã tu la o. Yehowa di be woakpe ɖe ame dahewo ŋu.—5 Mose 15:7, 11; 3 Mose 25:35-38.
9 Le esi míanɔ fɔ bum mía nɔviwo ɖe woƒe kuxiwo ta alo anɔ susu vɔ̃ bum ɖe wo ŋu teƒe la, anyo be míafa akɔ na wo boŋ. (Hiob 33:6, 7; Mat. 7:1) Le kpɔɖeŋu me: Ne dzokekedola aɖe dze afɔku eye wokɔe yi kɔdzi afi si wokpɔa hiahiã kpatawo gbɔ le la, ɖe ɖɔktawo anɔ didim be yewoanya ne eyae wɔ vodada si na afɔkua dzɔa? Kura o! Nu si ŋu woatsi dzi ɖo boŋue nye kpekpeɖeŋu si woanae. Nenema kee ne míaƒe haxɔsetɔ aɖe ƒe kuxiwo na wògbɔdzɔ la, nu si ŋu wòle be míatsi dzi ɖoe nye kpekpeɖeŋu si míanae be wòagali ke.—Mixlẽ 1 Tesalonikatɔwo 5:14.
10 Ate ŋu awɔ na mí abe ɖe mía nɔvi aɖewo gbɔdzɔ ene, gake ne míegbɔ dzi ɖi de ŋugble le woƒe nɔnɔmewo ŋu la, ɖewohĩ míakpɔe be menye ɖe wogbɔdzɔ o. De ŋugble le nɔvinyɔnu siwo le akɔ kpem kple wo srɔ̃wo ƒe tsitretsiɖeŋu ƒe geɖee nye esia ŋu kpɔ. Ðe mèkpɔe be xɔse sẽŋu aɖe le wo si oa? Ne èkpɔ vidadaɖekɛ aɖe si dzea agbagba kplɔa viawo vaa kpekpeawo ɣesiaɣi la, ɖe eƒe xɔse kple veviedodonu mewɔa dɔ ɖe dziwò oa? Ke ƒewuivi siwo lé nyateƒea me ɖe asi goŋgoŋ togbɔ be wo hatiwo ƒoa nya ɖe wo nu vevie ya ɖe? Míalɔ̃ ɖe edzi be ame siawo siwo dze abe ɖe wogbɔdzɔ ene la nye “kesinɔtɔwo le xɔse me” abe mí ame siwo mele nɔnɔme mawo me o la ke ene.—Yak. 2:5.
w20.03 23 ¶17-18
Ɣekaɣie Nye Ɣeyiɣi Nyuitɔ Si Wòle Be Míaƒo Nu?
17 Ame siwo va Hiob gbɔ la dometɔ enelia ye nye Elihu, si nye Abraham ƒe dzidzimevi aɖe. Enɔ to ɖom esime Hiob kple ŋutsu etɔ̃awo nɔ woƒe nyawo gblɔm. Edze ƒãa be esi wonɔ nu ƒom la, eɖo to se nya siwo gblɔm wonɔ la nyuie, elabe ete ŋu gblɔ nya siwo ɖe veveseɖeamenu fia eye wòɖo aɖaŋu siwo nɔ tẽe hã na Hiob, eye esiawo katã kpe ɖe Hiob ŋu wòɖɔ eƒe susu ɖo. (Hiob 33:1, 6, 17) Nu si nɔ vevie na Elihu wue nye be yeado Yehowa ɖe dzi, ke menye be yeahe susu ava ye ɖokui alo ame bubu aɖeke dzi o. (Hiob 32:21, 22; 37:23, 24) Míesrɔ̃e le Elihu ƒe kpɔɖeŋua me be, ɣeyiɣi si míazi ɖoɖoe ahaɖo to nyuie la li. (Yak. 1:19) Míesrɔ̃e hã be, ne míele aɖaŋu ɖom na ame aɖe la, nu si koŋ wòle be wòanɔ vevie na mí wue nye be míahe kafukafu avae na Yehowa, ke menye na míawo ŋutɔwo o.
18 Míate ŋu aɖee afia be míedea asixɔxɔ nuƒoƒo ƒe ŋutete si Yehowa na mí la ŋu ne míewɔna ɖe aɖaŋu si Biblia ɖo ku ɖe ɣeyiɣi si míaƒo nu kple ale si míaƒo nui ŋu la dzi. Nunyala Fia Salomo si Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã la ŋlɔ bena: “Nya si wogblɔ ɖe egblɔɣi la le abe sikatɔtɔŋuti le klosalogba me ene.” (Lod. 25:11) Ne míeɖo to se nya si gblɔm ame bubuwo le la nyuie eye míede ŋugble le eŋu hafi ƒo nu la, míaƒe nyawo ate ŋu anɔ abe sikatɔtɔŋuti mawo ene—woanye nya vavã siwo ŋu asixɔxɔ le. Ne míewɔe alea la, míeɖaƒo nu geɖe alo míeɖaƒo nu ʋɛ o, míaƒe nuƒoƒo atu ame bubuwo ɖo, eye míana Yehowa nakpɔ dzidzɔ ɖe mía ŋu. (Lod. 23:15; Ef. 4:29) Ðe míagate ŋu aɖe míaƒe ŋudzedzekpɔkpɔ afia ɖe Mawu ƒe nunana sia ŋu le mɔ bubu aɖe nu tsɔ wu esia?
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
w13 1/15 19 ¶10
Yi Edzi Nànɔ Tetem Ðe Yehowa Ŋu
10 Nenema kee esɔ be míatsɔ ɖe le míaƒe dzedzeme hã me. Gake mele be míadze agbagba vevie be míaɖe tsitsi ƒe dzesi ɖe sia ɖe ɖa le mía ɖokui ŋu o. Dzesi mawo nye nunya, bubu kple atsyɔ̃ɖoɖo ememetɔ ƒe kpeɖodziwo. Le kpɔɖeŋu me, Biblia gblɔ be: “Atsyɔ̃fiakuku enye ta ƒowɔ, dzɔdzɔenyenye ƒe mɔ dzi wokpɔnɛ lena.” (Lod. 16:31) Nenemae Yehowa bua míi, eye ele be míadze agbagba abu mía ɖokuiwo abe ale si wòbua mí ene. (Mixlẽ 1 Petro 3:3, 4.) Eya ta ɖe nunya le eme be míadi atikewɔwɔ alo amekokomɔnu siwo me afɔku le la yome mɔ be woana míaƒe dzedzeme nanyo ɖe edzi eye míatsɔ mía ɖokuiwo ade afɔku me madzemadzea? Ƒe ka kee míeɖaxɔ o, alo aleke kee míaƒe lãmesẽ ɖale o, “dzidzɔkpɔkpɔ ɖe Yehowa ŋu” ye nye nyonyo vavãtɔ, si tsoa ememe ke la, tsoƒe. (Neh. 8:10) Xexe yeyea me koe míate ŋu ava nɔ lãmesẽ deblibo me le eye míagazu ɖekakpui dzeɖekɛwo kple ɖetugbui dzetugbewo. (Hiob 33:25; Yes. 33:24) Va se ɖe esime xexe yeyea nava la, nunya vavãtɔ kple xɔse akpe ɖe mía ŋu míakpɔtɔ anɔ Yehowa ŋu kplikplikpli esime míeyi edzi le vivi sem na agbea fifia le ale si míaƒe nɔnɔmewo le nu.—1 Tim. 4:8.
JANUARY 8-14
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | HIOB 34-35
Nu Madzɔmadzɔwo Nu Ayi
wp19.1 8 ¶2
Ame Ka Tututue Mawu Nye?
Mawu wɔa nu dzɔdzɔe ɣesiaɣi. Le nyateƒe me la, “Mawu vavã la mawɔ nu vɔ̃ɖi akpɔ o, eye Ŋusẽkatãtɔ la mawɔ nu gbegblẽ gbeɖe o!” (Hiob 34:10) Yehowa ƒe afiatsotsowo le eteƒe abe ale si psalmowo ŋlɔla aɖe gblɔe ene be: “Àdrɔ̃ ʋɔnu dukɔwo ɖe eteƒe.” (Psalmo 67:4) Esi “Yehowa ya kpɔa keke dzi me ke” ta la, ame aɖeke mate ŋu aflui o elabe enyaa nu si nye nyateƒea ɣeawokatãɣi eye wòdrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe. (1 Samuel 16:7) Azɔ hã Mawu kpɔa nu madzɔmadzɔ kple nu fitifiti wɔwɔ ɖe sia ɖe le anyigba dzi eye wòdo ŋugbe be madidi o “woatsrɔ̃ ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba la dzi.”—Lododowo 2:22.
w17.04 10 ¶5
Ne Mawu Fiaɖuƒea Va La, Nu Kawo Nue Ayi?
5 Nu kae Yehowa awɔ tso eŋu? Fifia ya Yehowa le mɔnukpɔkpɔ nam ame vɔ̃ɖiwo be woatrɔ woƒe agbenɔnɔ. (Yes. 55:7) Abe ame ɖekaɖekawo ene la, Mawu medrɔ̃ ʋɔnu woamawo be wodze na tsɔtsrɔ̃ haɖe o. Nuɖoanyiae Mawu drɔ̃ ʋɔnui xoxo be enu ayi. Ke ame siwo gbe be yewomatrɔ o eye woyi edzi do alɔ nuɖoanyi sia va de asi na esime xaxa gã la va ya ɖe? Yehowa do ŋugbe be yeava ɖe ame vɔ̃ɖiwo ɖa le anyigba dzi keŋkeŋ tegbee. (Xlẽ Psalmo 37:10.) Ame vɔ̃ɖiwo asusu be yewoate ŋu asi le ʋɔnudɔdrɔ̃ ma nu. Ame geɖe nya ale si woaɣla woƒe nu gbegblẽ wɔwɔwo, eye le xexe sia me la, edze abe wotea ŋu sina le tohehe kple woƒe nuwɔnawo me tsonuwo nu zi geɖe ene. (Hiob 21:7, 9) Ke hã, Biblia ɖoa ŋku edzi na mí be: “Mawu ƒe ŋku le amegbetɔ ƒe mɔwo ŋu, eye wòkpɔa eƒe afɔɖeɖewo katã. Viviti alo blukɔ aɖeke meli, si me nu vlo wɔlawo abe ɖo o.” (Hiob 34:21, 22) Womate ŋu aɣla naneke ɖe Yehowa Mawu o. Alakpanuwɔla aɖeke mate ŋu aflui o; vivitimenuwɔna aɖeke mate ŋu anɔ ɣaɣla ale gbegbe be Mawu si tea ŋu kpɔa nu sia nu la mate ŋu akpɔ nu siwo le edzi yim la tsitotsito o. Ekema le Armagedon megbe la, ne míeɖe ŋku ɖe afi si ame vɔ̃ɖiwo nɔ tsã la, míakpɔ wo o. Wo nu ayi tegbee!—Ps. 37:12-15.
w21.05 6-7 ¶19-20
Ðe Nàtrɔ Ða Le Yesu Yomea?
19 Ðe nu ma tɔgbi le dzɔdzɔm egbea? Ɛ̃. Esi míedea nu dunyahehe me o ta la, eɖiaa ame geɖe nu. Wokpɔa mɔ be míada akɔ le akɔdaɣiwo. Ke hã, míenya be le Yehowa gbɔa, ne míetia amegbetɔ aɖe be wòanye míaƒe kplɔla alo dziɖulaa, ke míegbe Yehowa ye nye ema. (1 Sam. 8:4-7) Azɔ hã, ame aɖewo susuna be ele be míaɖo sukuwo kple kɔdziwo, eye míawɔ kpekpeɖeŋunadɔ bubuwo. Eɖiaa wo nu be Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa ŋu koe míetsia dzi ɖo, ke menye ɖe xexea ƒe kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu o.
20 Nu kae míawɔ be nu siawo nagaɖia mía nu o? (Xlẽ Mateo 7:21-23.) Míaƒe taɖodzinu vevitɔe nye be míawɔ dɔ si Yesu de asi na mí la. (Mat. 28:19, 20) Mele be míaɖe mɔ xexe sia me dunyahenyawo naɖe míaƒe susu ɖa le dɔa dzi o, eye mele be míavu ɖe xexe sia me kuxiwo gbɔ kpɔkpɔ ŋu o. Míelɔ̃ amewo eye míesea veve ɖe wo nu le kuxi siwo me tom wole la ta, gake míenyae be mɔ nyuitɔ si dzi míate ŋu ato akpe ɖe wo ŋue nye be míafia nu wo tso Mawu Fiaɖuƒea ŋu, eye míakpe ɖe wo ŋu wo kple Yehowa dome nanɔ kplikplikpli.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
w17.04 29 ¶3
Wò Ðokuitsɔtsɔna Ƒe Gbɔgbɔa Nehe Kafukafu Vɛ Na Yehowa!
3 Esi Elihu bia be, “Ne èle dzɔdzɔe la, nu ka tsɔm nèle nɛ; alo nu ka xɔm wòle le asiwò?” la, Yehowa meka mo nɛ ɖe esia ta o. (Hiob 35:7) Ðe Elihu ƒe nyaa fia be agbagba siwo míedzena le Mawu subɔsubɔ me la nye dzodzroa? Ao. Nu si wòwɔnɛ ye nye be ne mímesubɔ Yehowa o gɔ̃ hã la, esia magblẽ naneke le eŋu o. Yehowa de blibo le go sia go me. Mímate ŋu ana nu geɖe wu nasu esi alo wòakpɔ ŋusẽ wu o. Ke boŋ nyateƒeae nye be eya gbɔe nu nyui ɖe sia ɖe si le mía si, ŋutete kple ŋusẽ ɖe sia ɖe si le mía si la tso, eye eléa ŋku ɖe ale si míewɔa wo ŋu dɔe ŋu.
JANUARY 15-21
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | HIOB 36-37
Nu Si Ta Nàte Ŋu Aka Ðe Agbe Mavɔ Ŋugbe Si Mawu Doa Dzi
w15 10/1 13 ¶1-2
Ðe Nàte Ŋu Ake Ðe Mawu Ŋu Vavã?
MAWU LI TSO MAVƆ ME YI MAVƆ ME: Biblia gblɔ be Mawu li “tso mavɔ me yi mavɔ me.” (Psalmo 90:2) Ne míagblɔe bubui la, efia be gɔmedzedze meli na Mawu o, eye nuwuwu hã meli nɛ o. Le amegbetɔwo gbɔ la, ‘eƒe ƒewo ƒe agbɔsɔsɔ gbɔ gɔmesese ŋu.’—Hiob 36:26.
Ale si esia ɖea vi na wòe: Mawu do ŋugbe be yeana nànɔ agbe tegbee ne èva nya ye nyuie. (Yohanes 17:3) Azɔ ne Mawu ŋutɔ meli tegbee o ɖe, ɖe nàte ŋu aka ɖe ŋugbedodo ma dzia? “Fia mavɔmavɔtɔ” la ɖeɖe koe ate ŋu awɔ ŋugbedodo ma dzi.—1 Timoteo 1:17.
w20.05 22 ¶6
Ðe Nèkpɔa Ŋudzedze Ðe Nu Siwo Mawu Na Mí La Ŋua?
6 Tsi bɔ ɖe anyigbaa dzi fũu; nu si tae nye be anyigbaa le teƒe si sɔ nyuie tso ɣea gbɔ. Ne ɖe míaƒe anyigbaa te ɖe ɣea ŋu wu ale si wòle fifia la, edzi aƒu kplakplakpla ahaxɔ dzo gbãgbãgbã eye nu gbagbe aɖeke manɔ edzi o. Eye ne ɖe wòte ɖa le ɣea ŋu vie la, tsi siwo katã le anyigbaa dzi la awɔ kpe, eye anyigbaa azu abe tsikpe gã nogo aɖe ene. Esi wònye be Yehowa tsɔ anyigbaa ɖo teƒe sia si sɔ nyuie ta la, esia wɔe be tsi le anyigbaa dzi eye nu gbagbewo le agbe le edzi. Ɣe ƒe dzoxɔxɔ hea tsi tso atsiaƒu kple tsitawo me le anyigba dzi yia yame wova zua alilikpowo. Tsi agbɔsɔsɔme si ɣea hena tso atsiaƒu kple tawo me yia dzi ƒe sia ƒe la sɔ gbɔ wu tsi siwo le tsita siwo katã le anyigba dzi la me. Tsi siwo va zu alilikpowo le yame la nɔa yame abe ŋkeke ewo ene hafi va zua tsi alo sno dzana. Ne tsia dza la, esina yia atsiaƒu kple tsitawo me eye ɣea gahenɛ wògatrɔna dzana; aleae wòyia edzi ɖaa. Esia wɔnɛ be tsi nɔa anyigba dzi ɣesiaɣi eye wòléa agbe ɖe te. Esia ɖee fia be nunya kple ŋusẽ geɖe le Yehowa si.—Hiob 36:27, 28; Nyagb. 1:7.
w22.10 28 ¶16
Lé Wò Mɔkpɔkpɔ Me Ðe Asi Sesĩe
16 Mɔkpɔkpɔ si le mía si be míava nɔ agbe tegbee nye nunana xɔasi tso Mawu gbɔ. Míele mɔ kpɔm na etsɔme nyui si ŋu kakaɖedzi le. Abe seke enea, míaƒe mɔkpɔkpɔa léa mí ɖe te. Enana míedoa dzi le dodokpɔwo kple yometitiwo me, eye míedzea ŋgɔ ku gɔ̃ hã. Abe gakuku enea, míaƒe mɔkpɔkpɔa kpɔa míaƒe tamesusu ta, ale be míatsri vɔ̃ eye míawɔ nu dzɔdzɔe. Biblia ƒe ŋugbedodo siwo míele mɔ kpɔm na ɖee fia be Mawu lɔ̃ mí eye wokpena ɖe mía ŋu míetena ɖe eŋu. Eɖea vi na mí ŋutɔ ne míelé míaƒe mɔkpɔkpɔa me ɖe asi sesĩe.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
it-1 492
Nyatakaka Xɔxɔ Kple Eɖoɖo Ða
Le Biblia ŋlɔɣiwoa, amewo toa mɔ vovovowo dzi ɖoa nyatakaka ɖe amewo. Zi geɖea, wodea du nu na amewo be woavae gblɔ nu si le dzɔdzɔm le nuto aɖe mea na ame siwo le gbedzi. (2Sa 3:17, 19; Hio 37:20) Asitsaha siwo zɔa mɔ kple tasiaɖamwo hã tsɔa nyatakakawo yia teƒe yi teƒe. Wowɔa esia ne wotɔ ɖe du aɖe me le mɔ dzi be yewoaɖu nu, ano tsi, alo awɔ nu bubu aɖe. Mɔ si koŋ asitsaha siawo zɔna zi geɖea to Palestina, eye esi wònye be du sia le dome na Asia, Afrika kple Europa taa, nyatakakawo tea ŋu dea du siawo hã me bɔbɔe. Du siawo me nɔlawo tea ŋu sea nu tso nu siwo le dzɔdzɔm le duta ŋu. Eya ta zi geɖe ne woyi woƒe asiwo mea, woɖoa dze tso nu siawo kple nu siwo le dzɔdzɔm le woawo ŋutɔ gbɔ ŋu.
JANUARY 22-28
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | HIOB 38-39
Ðe Nèdia Ɣeyiɣi Léa Ŋku Ðe Yehowa Nuwɔwɔwo Ŋua?
w21.08 9 ¶7
Ðe Nàlɔ̃ Faa Be Yealala Akpɔ Yehowa Sinua?
7 Esi Biblia nɔ nu ƒom tso ale si Yehowa wɔ anyigbaa ŋua, egblɔ be eɖo “eƒe dzidzemewo,” eye wòɖi “eƒe anyinɔwo” kple “eƒe dzogoedzikpe.” (Hiob 38:5, 6) Esi wòwu dɔa nua, egbɔ dzi ɖi lé ŋku ɖe nu siwo wòwɔ la ŋu. (1 Mose 1:10, 12) Bu ale si gbegbe mawudɔlawo anya kpɔ dzidzɔe esi wokpɔ Yehowa wònɔ nuwo wɔm vivivi ŋu kpɔ! Biblia gblɔ tso wo ŋu be ‘wodo dzidzɔɣli.’ (Hiob 38:7) Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Exɔ ƒe akpe geɖe hafi Yehowa wu eƒe nuwɔwɔwo nu. Gake esi wòlé ŋku ɖe nu siwo wògbɔ dzi ɖi wɔ ŋua, ekpɔ be “wonyo ŋutɔ.”—1 Mose 1:31.
w20.08 14 ¶2
Ŋugbe Si Mawu Do Be Yeava Fɔ Ame Siwo Ku Ðe Tsitre La Ðea Eƒe Lɔlɔ̃, Nunya, Kple Dzigbɔɖi Fiana
2 Gbãa, Yehowa wɔ hadɔwɔla aɖe. Eyome, eya kple hadɔwɔla sia, si nye Via gbãtɔ, ‘wowɔ nu bubuawo katã,’ eye wowɔ mawudɔla miliɔn geɖewo hã. (Kol. 1:16) Yesu kpɔ dzidzɔ ŋutɔ be ye kple ye Fofo yewowɔ dɔ ɖekae. (Lod. 8:30) Eye mawudɔlawo hã kpɔ dzidzɔ. Nu si ta mawudɔlawo kpɔ dzidzɔ ɖoe nye be wokpɔ eteƒe Yehowa kple Yesu, si nye eƒe Dɔwɔla Bibi la, wowɔ dziƒo kple anyigba. Nu kae ɖee fia be mawudɔlawo kpɔ dzidzɔ? Biblia gblɔ be ‘wodo dzidzɔɣli’ esime Yehowa wɔ anyigba. Eye ɖikeke mele eme o be, woyi edzi kpɔ dzidzɔ ɖe Yehowa ƒe nuwɔwɔ ɖe sia ɖe ta. Azɔ hã, woanya kpɔ dzidzɔ ŋutɔ esime Mawu wɔ amegbetɔwo. (Hiob 38:7; Lod. 8:31, etenuŋɔŋlɔ) Yehowa ƒe nuwɔwɔ siawo dometɔ ɖe sia ɖe ɖe eƒe lɔlɔ̃ kple eƒe nunya fia.—Ps. 104:24; Rom. 1:20.
w23.03 17 ¶8
Srɔ̃ Nu Geɖe Tso Yehowa Ŋu Le Eƒe Nuwɔwɔwo Me
8 Míate ŋu aka ɖe Yehowa dzi. Yehowa kpe ɖe Hiob ŋu wògaka ɖe eyama dzi geɖe wu. (Hiob 32:2; 40:6-8) Esi wònɔ dze ɖom kple Hiob la, ehe susu yi eƒe nuwɔwɔwo abe ɣletiviwo, alilikpowo, kple dzikedzowo ene dzi. Eye eƒo nu tso gbenyi, sɔ kple lã bubuwo hã ŋu. (Hiob 38:32-35; 39:9, 19, 20) Nuwɔwɔ siawo ɖee fia be Mawu ƒe ŋusẽ tri akɔ, eƒe nunya goglo, eye wòlɔ̃ eƒe nuwɔwɔwo katã. Dzeɖoɖo ma kpe ɖe Hiob ŋu wògava ka ɖe Yehowa dzi wu tsã. (Hiob 42:1-6) Ne míawo hã míesrɔ̃ nu tso Yehowa ƒe nuwɔwɔwo ŋua, esia ɖoa ŋku edzi na mí be Yehowa ƒe nunya kple ŋusẽ ƒo mía tɔ ta sãsãsã. Ŋutete le esi be wòaɖe míaƒe kuxiwo katã ɖa, eye awɔe hã. Nyateƒenya sia nana míegakana ɖe Yehowa dzi geɖe wu.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
it-2 222
Senala
Yehowae nye Senala. Yehowa ɖeka koe ate ŋu ana se siwo dzi eƒe nuwɔwɔwo azɔ ɖo. Eyae na dzɔdzɔmese siwo dzi lãwo kple nuwɔwɔ siwo me agbe mele oa zɔna ɖo. (Hio 39:1-30; Hio 38:4-38; Ps 104:5-19) Amegbetɔwo hã nye Yehowa ƒe nuwɔwɔwo, eya ta woawo hã wozɔna ɖe eƒe dzɔdzɔmesewo dzi. Tsɔ kpe ɖe eŋua, esi wònye be amegbetɔwo ate ŋu abu tame, woate ŋu asubɔ Mawu eye wonya nyui kple vɔ̃ taa, wozɔna ɖe Mawu ƒe se siwo ku ɖe agbe nyui nɔnɔ ŋua dzi. (Ro 12:1; 1Ko 2:14-16) Mawudɔlawo, siwo hã nye Yehowa ƒe nuwɔwɔwoa, zɔna ɖe eƒe sewo dzi.—Ps 103:20; 2Pe 2:4, 11.
JANUARY 29–FEBRUARY 4
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | HIOB 40-42
Nufiame Siwo Le Hiob Ƒe Ŋutinya Me Na Mí
w10 10/15 3-4 ¶4-6
‘Ame Kae Nya Yehowa Ƒe Tamesusu?’
4 Ne míele ŋugble dem le ale si Yehowa wɔa nui ŋu la, ele be míakpɔ nyuie be míagatsɔ amegbetɔwo ƒe dzidzenuwo anɔ ʋɔnu drɔ̃m Mawu o. Nɔnɔme sia dze le Yehowa ƒe nya siwo woŋlɔ ɖe Psalmo 50:21 la me, afi si gblɔ be: “Nèle bubum be, ɖe mele abe wò ene.” Ðeko wòle abe ale si Biblia ŋuti nunyala aɖe gblɔ ƒe 175 kple edzivɔwoe nye esia ene be: “Amegbetɔwo nɔa te ɖe woawo ŋutɔwo ƒe dzidzenuwo dzi drɔ̃a ʋɔnu Mawu, eye wosusuna be ele be se siwo dzi wòle be amewo nazɔ ɖo la nabla Mawu hã.”
5 Ele be míakpɔ nyuie be míagaɖe mɔ míawo ŋutɔwo ƒe dzidzenuwo kple didiwo nakpɔ ŋusẽ ɖe ale si míebua Yehowae dzi o. Nu ka tae esia le vevie? Nya lae nye be, esi míede blibo o eye seɖoƒe li na ale si míebua nuwo ŋui ta la, ne míele Ŋɔŋlɔawo srɔ̃m la, ate ŋu awɔ na mí be Yehowa ƒe nuwɔna aɖewo mesɔ tututu o. Nukpɔsusu ma ƒomevi va nɔ blema Israel viwo si eye wowɔ nyataƒoƒo gbegblẽ le ale si Yehowa nɔ nu wɔm kpli woe la ŋu. Se nya si Yehowa gblɔ na wo ɖa: “Miele gbɔgblɔm be: ‘[Yehowa] ƒe nuwɔna mele eteƒe o.’ Israel ƒe aƒe, misee: Nye nuwɔnae mele eteƒe oa? Ðe menye miawo boŋ ƒe nuwɔnae mele eteƒe oa?”—Eze. 18:25.
6 Nu vevi aɖe si akpe ɖe mía ŋu míaƒo asa na vodada si nye be míatsɔ míawo ŋutɔwo ƒe dzidzenuwo anɔ ʋɔnu drɔ̃m Yehowae nye be míalɔ̃ ɖe edzi be seɖoƒe li na ale si míebua nuwo ŋui, eye ɣeaɖewoɣi la, míedana ƒuna kura. Eva hiã be Hiob nasrɔ̃ nu vevi sia. Esime Hiob nɔ fu kpem la, enɔ agbagba dzem be yeanɔ te ɖe dziɖeleameƒo nu eye le mɔ aɖewo nu la, eva nɔ eɖokui ŋu bum akpa. Eŋlɔ nya siwo nɔ vevie wu la be. Gake lɔlɔ̃tɔe la, Yehowa kpe ɖe eŋu nugɔmesese deto va su esi. Esi Yehowa bia nya vovovo siwo wu 70 sɔŋ Hiob, siwo dometɔ aɖeke ŋu Hiob mete ŋu ɖo o la, Yehowa to esia dzi na Hiob kpɔe dze sii kɔtɛ be seɖoƒe li na yeƒe nugɔmesese. Hiob wɔ nu ɖokuibɔbɔtɔe, eye wòɖɔ eƒe nukpɔsusu ɖo.—Mixlẽ Hiob 42:1-6.
w17.06 24 ¶12
Wò Susu Nenɔ Nya Vevi La Ŋu
12 Esi Hiob kpe fu nenema gbegbe ta la, ɖe ale si Yehowa ƒo nu nɛ kã tsɔ ɖɔe ɖo la fia be mebu eƒe nɔnɔmea ŋu oa? Ao, menye nenemae o, eye Hiob hã mebui nenema o. Togbɔ be Hiob kpe fu ŋutɔ hã la, eƒe nyawo va ɖee fia mlɔeba be ese eɖokui gɔme. Egblɔ gɔ̃ hã be: “Melɔ̃ ɖe edzi be nyemegblɔe nyuie o, eye metrɔ dzi me le ke kple afi me.” Yehowa ƒe nyawo wɔ dɔ ɖe Hiob dzi hefa akɔ nɛ vavã togbɔ be Yehowa mede ba mo na eƒe nyawo o hã. (Hiob 42:1-6) Hafi Yehowa naƒo nu na Hiob la, ɖekakpui Elihu hã gbe nya na Hiob. (Hiob 32:5-10) Esi Hiob lɔ̃ xɔ Mawu ƒe ɖɔɖɔɖoa eye wòɖɔ eƒe susu ɖo megbe la, Yehowa na ame susɔeawo nya be yekpɔ ŋudzedze ɖe ale si Hiob wɔ nuteƒe le dodokpɔwo me la ŋu.—Hiob 42:7, 8.
w22.06 25 ¶17-18
“Kpɔ Mɔ Na Yehowa”
17 Hiob nye Yehowa subɔla siwo sẽ ŋu eye wolé dzi ɖe ƒo le dodokpɔ sesẽwo me la ƒe kpɔɖeŋu ɖeka ko. Le lɛta si apostolo Paulo ŋlɔ na Hebritɔwo mea, eƒo nu tso nuteƒewɔla bubu geɖewo hã ŋu, eye wòyɔ wo be “ɖasefowo ƒe alilikpo gã.” (Heb. 12:1) Wo katã woto dodokpɔ sesẽwo me, gake wowɔ nuteƒe na Yehowa le woƒe agbe me katã. (Heb. 11:36-40) Ðe woƒe dzidodo kple kutrikukua nye dzodzroa? Gbeɖegbeɖe! Togbɔ be womekpɔ Mawu ƒe ŋugbedodowo katã me vava teƒe le woƒe agbenɔɣi o hã, woyi edzi kpɔ mɔ na Yehowa. Eye esi wonya nyuie be yewoƒe nu dze Yehowa ŋu ta, woka ɖe edzi be yewoava kpɔ ŋugbedodoawo me vava teƒe godoo. (Heb. 11:4, 5) Woƒe kpɔɖeŋua ate ŋu ado ŋusẽ mí míaɖoe kplikpaa be míayi edzi akpɔ mɔ na Yehowa.
18 Egbea, gbegblẽm koe nuwo le ɖe edzi le xexea me. (2 Tim. 3:13) Satana gakpɔtɔ le Mawu ƒe amewo tem kpɔ. Xaxa ka kee ɖava mía dzi le etsɔme o, mina míaɖoe kplikpaa be míaku kutri awɔ dɔ na Yehowa, eye míaka ɖe edzi be “Mawu gbagbe dzie míeda míaƒe mɔkpɔkpɔ ɖo.” (1 Tim. 4:10) Ðo ŋku edzi be, ale si Mawu va yra Hiob emegbea ɖo kpe edzi be “Yehowa ƒe dɔme trɔna ɖe ame ŋu geɖe, eye wòkpɔa nublanui na ame.” (Yak. 5:11) Mina míawo hã míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa, eye míaka ɖe edzi be aɖo eteƒe na “ame siwo dinɛ vevie la.”—Xlẽ Hebritɔwo 11:6.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
it-2 808
Alɔmeɖeɖe, Fewuɖuɖu
Esi Hiob ƒe yeaɖi xɔlɔ̃ etɔ̃awo nɔ alɔme ɖem le eŋu veviea, Hiob mete ŋu kpɔe dzesi be Mawu boŋ ŋue wonɔ alɔmea ɖem le, ke menye ye o. Esia na wòva ɖi ame aɖe si tsɔ eɖokui na be woaɖe alɔme alo aɖu fewu le ye ŋu, le esi wòvivia ye nu abe tsi nom yele ene ta. Mawu kpe ɖe Hiob ŋu emegbe (le nuƒo mamlɛa me) wòse egɔme be ye ŋue fewuɖula mawo nɔ alakpanyawo gblɔm ɖo. (Hio 42:7) Nenema kee esi Israel-viwo bia be woaɖo fia na yewoa, Yehowa gblɔ na nyagblɔɖila Samuel be: “Menye wòe wogbe o, ke boŋ nyee wogbe be maganye fia na yewo o.” (1Sa 8:7) Yesu hã gblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Dukɔwo katã alé fu mi [menye le miawo ŋutɔ ta o, ke boŋ] le nye ŋkɔ la ta.” (Mt 24:9) Ne nya siawo le susu me na mí la, míatsɔ susu nyui ado dzi ne wole alɔme ɖem le mía ŋu, eye míava kpɔ teƒeɖoɖo ɖe míaƒe dzidodo ta.—Lk 6:22, 23.
FEBRUARY 5-11
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | PSALMOWO 1-4
Nɔ Mawu Fiaɖuƒea Ƒe Akpa Dzi
w21.09 15 ¶8
“Maʋuʋu Dukɔwo Katã”
8 Aleke amewo wɔ nu ɖe gbedeasi sia ŋui? Medzɔ dzi na ame akpa gãtɔ o. (Xlẽ Psalmo 2:1-3.) Le nyateƒe mea, dukɔwo nyrã. Wogbe Dziɖula si Yehowa tia. Eye womekpɔnɛ be Fiaɖuƒegbedeasi si míeɖea gbeƒãe la nye “nya nyui” o. Dziɖuɖu aɖewo ɖo asi míaƒe gbeƒãɖeɖedɔa dzi gɔ̃ hã! Eye togbɔ be dziɖula mawo dometɔ geɖe gblɔna be yewosubɔa Mawu hãa, womedi be yewoabɔbɔ ɖe Mawu ƒe Fia la te o. Dziɖula siwo li egbea la tia Yesu yomedzela wɔnuteƒewo yome abe ale si wònɔ le ƒe alafa gbãtɔ me ene, eye esia ɖenɛ fiana be wotsi tsitre ɖe Yehowa ƒe Amesiamina ŋu.—Dɔw. 4:25-28.
w16.04 24 ¶11
Mègade Akpa Aɖeke Dzi Le Dunyawo Me O!
11 Ŋutilãmenudidi vivivo. Ne ga kple nunɔamesiwo va zu nu vevitɔ na mí le agbe me la, ate ŋu ana wòasesẽ na mí be míaɖe nu le dunyawo me. Le ƒe 1970 megbe la, wogblẽ Ðasefo geɖe siwo le Malawi ƒe nunɔamesiwo katã dome le esi wogbe be yewomade dunyahehawo dzi o ta. Nublanuitɔe la, esesẽ na wo dometɔ ʋɛ aɖewo be woaɖe asi le dzidzemegbe si wonɔ va yi ŋu. Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Ruth gblɔ be: “Esi míesi yi dukɔ bubuwo me la, agbea va sesẽ na mí le sitsoƒesaɖawo me, si wɔe be nɔvi aɖewo na ta eye woɖo dunyaheha me hetrɔ yi aƒe be woakpɔ gbɔdzɔe.” Gake menye aleae Mawu ƒe amewo dometɔ akpa gãtɔ le o. Ne woɖo hiã me alo amewo gblẽ woƒe nunɔamesiwo katã dome hã la, womedea akpa aɖeke dzi gbeɖe o.—Hebritɔwo 10:34.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
it-1 425
Tsro
Tsro nɔa nukuwo abe lu kple ƒo ene ŋu. Togbɔ be Biblia zãa tsro le kpɔɖeŋumɔ nu hãa, ena míekpɔ ale si woɖenɛ le nukuwo ŋu le blema. Ne woxa nukuwo vɔa, womeɖua tsroa alo tsɔnɛ wɔa naneke o. Eya ta esɔ be wozãnɛ le kpɔɖeŋumɔ nu wòfiaa nane si le wodzoe alo nu si ŋu viɖe aɖeke mele o, si wòle be woaɖe ɖe vovo tso nu si nyoa gbɔ atsɔ aƒu gbe.
Gbãa, woƒoa nukua be tsroa naɖe ɖa le eŋu. Eyome wogbɔnɛ ale be ya nakplɔ tsroa adzoe abe ale si ya kplɔa ʋuʋudedi ene. Esia ɖɔ ale si Yehowa Mawu ɖea xɔsegbelawo ɖa le eƒe amewo dome kple ale si wòtsɔa ame vɔ̃ɖiwo kple dukɔ siwo tsia tre ɖe eŋua ƒua gbe wòsɔ nyuie. (Hio 21:18; Ps 1:4; 35:5; Yes 17:13; 29:5; 41:15; Ho 13:3) Mawu Fiaɖuƒea agbã eƒe futɔwo gudugudu ale gbegbe be ya nakplɔ wo adzoe bɔbɔe abe tsro ene.—Da 2:35.
Esi wònye be viɖe aɖeke mele tsro ŋu o taa, zi geɖea, woƒoa ƒui eye wotɔa dzoe ale be ya naƒoe wòagava tsaka kple nuku nyui siwo woli kɔ ɖi o. Le mɔ ma ke nua, Yohanes Amenyrɔɖetsimela gblɔe ɖi be woava tɔ dzo alakpasubɔsubɔhawo woatsrɔ̃ keŋkeŋ. Yesu Kristo si nye Lugbɔlaa aƒo luawo nu ƒu, “ke tsroa ya la, atɔ dzoe kple dzo si womatsi o.”—Mt 3:7-12; Lk 3:17.
FEBRUARY 12-18
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | PSALMOWO 5-7
Ame Bubuwo Ƒe Nuwɔna Megana Nàdzudzɔ Nuteƒewɔwɔ O
w21.03 15 ¶7-8
Na Biblia Xexlẽ Nakpe Ðe Ŋuwò Nàdo Dzi Le Nɔnɔme Sesẽwo Me
7 Ðe xɔ̃wò alo wò ƒometɔ aɖe wɔ nu wòve wòa? Ne nenemae la, ke nu si akpe ɖe ŋuwòe nye be nàsrɔ̃ nu tso ale si Fia David wɔ nui esime via Absalom wɔ nu wòvee, eye wòdze agbagba be yeaxɔ fianyenyea le esi la ŋu.—2 Sam. 15:5-14, 31; 18:6-14.
8 (1) Do gbe ɖa. Esi David ƒe ŋutinyaa le susu me na wòa, gblɔ ale si nèle sesem le ɖokuiwò me tso nu si wowɔ ɖe ŋuwò wòve wòa na Yehowa. (Ps. 6:6-9) Gblɔ nyaa ŋutɔ nɛ. Eyome bia Yehowa be wòakpe ɖe ŋuwò nàke ɖe mɔfiame siwo akpe ɖe ŋuwò nanɔ te ɖe nɔnɔmea nu la ŋu.
w20.07 8-9 ¶3-4
Na Kakaɖedzi Nasu Asiwò Be Yele Nyateƒea Me
3 Menye lɔlɔ̃ si le Mawu ƒe amewo dome la ɖeɖe ko dzie wòle be míatu míaƒe xɔse ɖo o. Nu ka tae? Bu kpɔɖeŋu siawo ŋu kpɔ: Tsɔe be nɔvi aɖe si le hamea me, ɖewohĩ enye hamemetsitsi alo mɔɖela gɔ̃ hã, wɔ nu vɔ̃ aɖe si nye ŋkubiãnya. Alo nɔvi aɖe wɔ nane si te ɖe dziwò, alo nɔvi aɖe va gbe xɔsea, eye wòle gbɔgblɔm na amewo be menye nyateƒeae nye esia o. Ðe nu siawo dometɔ aɖe azu nuklikli na wò si awɔe be nàdzudzɔ Yehowa subɔsubɔa? Nufiame kae le kpɔɖeŋu siawo me na mí? Eyae nye be: Ne lɔlɔ̃ si le Yehowa ƒe amewo dome la ɖeɖe ko dzie míetu míaƒe xɔse ɖo, ke menye ƒomedodo si le mía kple Yehowa dome dzie o la, míaƒe xɔsea mali ke o. Togbɔ be ale si nèsena le ɖokuiwò me ku ɖe Yehowa kple eƒe amewo ŋu ate ŋu akpe ɖe ŋuwò be xɔse aɖe si nu nasu asiwò hã la, ele vevie ŋutɔ be nàsrɔ̃ Biblia kutrikukutɔe ahase egɔme, eye nàku nu me tsitotsito ale be nàte ŋu aka ɖe edzi be nyateƒeae nye esia. Ehiã be wò ŋutɔ nàkpɔ kakaɖedzi be Biblia koe ate ŋu afia nyateƒea mí tso Yehowa ŋu.—Rom. 12:2.
4 Yesu gblɔ be ame aɖewo axɔ nya nyuia “kple dzidzɔ,” gake ne xaxawo va wo dzi la, woƒe xɔse agbɔdzɔ. (Xlẽ Mateo 13:3-6, 20, 21.) Ate ŋu anye be womese egɔme be Yesu yome dzedze abia be yewoato xaxawo kple nɔnɔme sesẽwo me o. (Mat. 16:24) Alo wosusu be ne yewova zu Kristotɔwo ko la, yayra sɔŋ koe yewoakpɔ eye kuxi aɖeke magava yewo dzi o. Ke hã, le xexe sia me la, míado go kuxiwo godoo. Eye nuwo ate ŋu atrɔ le míaƒe agbe me siwo awɔe be míagava nɔ dzidzɔ kpɔm tututu o.—Ps. 6:6; Nyagb. 9:11.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
it-1 995
Yɔdo
Le Romatɔwo 3:13 la, apostolo Paulo yɔ nya tso Psalmo 5:9 esi wògblɔ be ame vɔ̃ɖiwo kple ameblelawo ƒe vehlo le abe “yɔdo si le nuvo” ene. Ale si ko nu kukuwo kple nu siwo ƒaƒã yɔa yɔdo me fũu la, nenemae ame vɔ̃ɖiwo ƒe nu me yɔ fũu kple aɖi wuame kple nya ƒaƒãwo.—Tsɔe sɔ kple Mt 15:18-20.
FEBRUARY 19-25
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | PSALMOWO 8-10
“Oo Yehowa, Makafu Wò”!
w21.08 3 ¶6
De Asixɔxɔ Akpa Si Wɔm Nèle Le Yehowa Ƒe Ƒomea Me Ŋu
6 Yehowa na aƒe nyui aɖe mí. Do ŋgɔ hafi Yehowa nawɔ ame gbãtɔa, edzra anyigba dzi ɖo na mí amegbetɔwo. (Hiob 38:4-6; Yer. 10:12) Esi Yehowa bua ame ŋu eye wònyoa dɔme ta, ena nu nyui gbogbo aɖewo mí be woado dzidzɔ na mí. (Ps. 104:14, 15, 24) Esime Yehowa nɔ nuwo wɔm la, elé ŋku ɖe wo ŋu, ‘eye wòkpɔ be wonyo.’ (1 Mose 1:10, 12, 31) Ede bubu amegbetɔ ŋu, eye ‘wòtsɔe ɖo eƒe asinudɔ wɔnuku siwo katã le anyigba dzi la nu.’ (Ps. 8:6) Mawu di be amegbetɔ deblibowo nalé be na nu siwo katã yewɔ ɖe anyigba dzi la tegbee. Ðe nèdaa akpe na Yehowa ɖe mɔnukpɔkpɔ wɔnuku sia ta?
w20.05 23 ¶10
Ðe Nèkpɔa Ŋudzedze Ðe Nu Siwo Mawu Na Mí La Ŋua?
10 Mɔ ɖeka aɖe si dzi míate ŋu ato aɖee afia be míekpɔ ŋudzedze ɖe míaƒe nuƒoƒo ƒe ŋutetea ŋu ye nye be míaɖe nu si tae míexɔ Mawu dzi se la me na ame siwo xɔ amedzɔtsolãme ƒe nufiafiaa dzi se. (Ps. 9:1; 1 Pet. 3:15) Ame siwo doa nufiafia ma ɖe ŋgɔ la gblɔna be anyigbaa kple nu gbagbe siwo katã le edzi la dzɔ le wo ɖokuisi. Míate ŋu azã Biblia kple nu siwo me míedzro le nyati sia me la dometɔ aɖewo atsɔ aʋli mía Fofo si le dziƒo la ta ahaɖe nu si tae míeka ɖe edzi be Yehowa ye nye dziƒo kple anyigba Wɔla la me na ame siwo di be yewoasee.—Ps. 102:25; Yes. 40:25, 26.
w22.04 7 ¶13
Ðe Nèɖoa ‘Kpɔɖeŋu Nyui Le Nuƒoƒo Mea’?
13 Dzi ha tso dzi me. Susu vevi si tae míedzia míaƒe Fiaɖuƒehawoe nye be míakafu Yehowa. Nɔvinyɔnu aɖe si ŋkɔe nye Sara gblɔna be yeƒe gbe mevivi o. Ke hã, edina be yeadzi ha akafu Yehowa. Le esia taa, edzrana ɖo ɖe hadzidzi ŋu abe ale si ko wòdzrana ɖo ɖe kpekpea ƒe akpa bubuawo ŋu ene. Ne ele hadzidziawo me tom la, edzea agbagba be yeakpɔ ale si wode nu kpekpea ƒe nusɔsrɔ̃awo me. Egblɔ be: “Esia wɔnɛ be nyemegatsia dzi ɖe nye gbea ŋu o. Ke boŋ nye susu nɔa hagbeawo dzi.”
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
it-1 832
Asibidɛ
Wogblɔ be Mawu tsɔ eƒe asibidɛ(wo) wɔ dɔ aɖewo le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nu. Le kpɔɖeŋu me, wogblɔ be etsɔ eƒe asibidɛ ŋlɔ Se Ewoawo ɖe kpe dzi (2Mo 31:18; 5Mo 9:10), ewɔ nukunuwo (2Mo 8:18, 19), eye wòwɔ dziƒowo (Ps 8:3). Esi wogblɔ be Mawu tsɔ eƒe asibidɛwo wɔ nuwoa, efia be eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea alo eƒe dɔwɔŋusẽ ye wòzã, abe ale si wòdze le nuwɔwɔwo ŋuti nuŋlɔɖi si le Mose ƒe Agbalẽ Gbãtɔ me ene. Wogblɔ le afi ma be Mawu ƒe “gbɔgbɔ” (dɔwɔŋusẽ) nɔ agba sam le tsia dzi. (1Mo 1:2) Gake Kristotɔwo Ƒe Hela Ŋɔŋlɔawo kpe ɖe mía ŋu míegase ale si wozãna Mawu ƒe asibidɛ le kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ nua gɔme nyuie wu. Mateo ƒe nuŋlɔɖia gblɔ be Yesu to ‘Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea’ dzi nya gbɔgbɔ vɔ̃wo do goe, eye esi Luka hã nɔ nu ŋlɔm tso nudzɔdzɔ ma ke ŋua, egblɔ be eto “Mawu ƒe asibidɛ” dzi nya gbɔgbɔ vɔ̃wo.—Mt 12:28; Lk 11:20.
FEBRUARY 26–MARCH 3
NU XƆASI SIWO LE MAWU ƑE NYAA ME | PSALMOWO 11-15
Kpɔ Ðokuiwò Le Mawu Ƒe Xexe Yeye Si Me Ŋutifafa Anɔa Me
w06 5/15 18 ¶3
Nya Vevi Siwo Tso Psalmowo ƒe Agbalẽa ƒe Akpa Gbãtɔ Me
11:3—Gɔmeɖoɖoanyi kawoe wogbã? Woawoe nye sewo, ɖoɖowo, kple ʋɔnudrɔ̃nya siwo amegbetɔwo ɖo anyi. Ne nusiawo me tɔtɔ la, ʋunyaʋunya xɔa aƒe ɖe amegbetɔwo dome eye womegadrɔ̃a ʋɔnu dzɔdzɔe o. Le nɔnɔme siawo me la, ele be “ame dzɔdzɔe” la naɖo ŋu ɖe Mawu ŋu bliboe.—Psalmo 11:4-7.
wp16.4 11
Ðe Wòanya Wɔ Be Ŋutasẽnuwɔwɔ Nu Nayia?
Biblia do ŋugbe be Mawu ava tsi ŋutasẽnuwɔwɔ nu le anyigbaa dzi kpuie. Eteƒe madidi o, Mawu ana “ame mavɔ̃mawuwo ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ kple tsɔtsrɔ̃ ŋkeke la” nava xexe sia me ŋutasẽnuwɔlawo dzi. (2 Petro 3:5-7) Ame aɖeke magakpe fu le ŋutasẽnuwɔlawo si me o. Aleke míawɔ aka ɖe edzi be Mawu di be yeade asi nyaa me atsi ŋutasẽnuwɔwɔ nu?
Biblia gblɔ be Mawu ‘léa fu ame sia ame si lɔ̃a ŋutasẽnuwɔwɔ.’ (Psalmo 11:5) Wɔla la lɔ̃ ŋutifafa kple dzɔdzɔenyenye. (Psalmo 33:5; 37:28) Esia tae maɖe mɔ ɖe ŋutasẽnuwɔlawo ƒe nuwɔnawo ŋu tegbee o.
w17.08 6 ¶15
Àlɔ̃ Faa Akpɔ Mawu Sinu Dzigbɔɖitɔea?
15 Nu ka tae David lɔ̃ faa be yealala akpɔ Mawu sinu? Eya ŋutɔ ɖo eŋu na mí le psalmo si me wòbia Mawu le zi ene sɔŋ be, “Va se ɖe ɣekaɣi?” la me. Egblɔ be: “Ke nye ya, wò lɔlɔ̃ si nu metsina o ŋue meɖoa ŋu ɖo; nye dzi atso aseye le wò xɔnamedɔwo ŋuti. Madzi ha na Yehowa, elabena ewɔ nyui geɖe nam.” (Ps. 13:5, 6) David ɖo ŋu ɖe Yehowa ƒe lɔlɔ̃ si nu metsina o la ŋu. Etsɔ dzidzɔ nɔ mɔ kpɔm na Yehowa ƒe xɔname, eye ede ŋugble le nu nyui siwo Yehowa wɔ nɛ va yi la ŋu. Ɛ̃, David kpɔe be yeƒe lalaa manye dzodzro o.
kr 236 ¶16
Fiaɖuƒea Ana Mawu Ƒe Lɔlɔ̃nu Nava Eme Le Anyigba Dzi
16 Dedienɔnɔ. Ŋugbedodo lédziname siwo le Yesaya 11:6-9 la ava eme bliboe le gɔmesese ŋutɔŋutɔ nu mlɔeba. Ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo siaa anɔ dedie ahaɖe dzi ɖi le afi sia afi si woayi le anyigba dzi. Ame aɖeke magavɔ̃ na nɔvia amegbetɔ alo lã aɖeke o. Kpɔe ɖaa le susu me be anyigba bliboa zu wò aƒe, afi si nàte ŋu aƒu tsi le tɔsisiwo, tawo, kple atsiaƒu gãwo me le; àɖi tsa le towo dzi kple gbadzaƒe siwo gbe damawo le le dziɖeɖi blibo me. Ne zã do hã la, dzika matso ƒowò o. Ezekiel 34:25 me nyawo ava eme na Mawu ƒe amewo be “woanɔ gbegbe aɖe dzi ɖi, eye woatsi avewo me adɔ” gɔ̃ hã.
Mawu Ƒe Nyaa Me Kesinɔnuwo
w13 9/15 19 ¶12
Ètrɔ Wò Nɔnɔme Ŋutɔŋutɔa?
12 Nublanuitɔe la, tamesusu ƒe nɔnɔme si ŋu Paulo ƒo nu tsoe la tututue le xexe si me míele la me tɔ geɖe si. Wosusuna be agbe nyui nɔnɔ ƒe dzidzenuwo me léle ɖe asi nye blemanya eye mele be woazi wo ɖe ame aɖeke dzi egbea o. Dzila kple nufiala geɖe ɖea asi le ɖeviwo ŋu wowɔa nu si dze wo ŋu. Wogblɔna na wo be ame sia ame kpɔ mɔ atso nya me na eɖokui le nu si sɔ kple nu si mesɔ o ŋu. Ame siwo gblɔna be yewoxɔ Mawu dzi se gɔ̃ hã gblɔna be menye dzizizi wònye na yewo be yewoaɖo to Mawu alo awɔ eƒe sewo dzi o. (Ps. 14:1) Nɔnɔme sia ate ŋu anye afɔku gã aɖe na Kristotɔ vavãwo. Ne míekpɔ nyuie o la, míava nɔ teokrasiɖoɖowo hã kpɔm le mɔ ma ke nu. Esia ate ŋu awɔe be míalɔ̃ be míawɔ ɖe hamea ƒe mɔfiamewo dzi o, alo míava nɔ nyatoƒoe tom le nu sia nu si mewɔ ɖeka kple míaƒe susu o ŋu. Ate ŋu adzɔ be mímalɔ̃ ɖe Biblia me nuxlɔ̃ame siwo wona mí ku ɖe modzakaɖeɖe, Internet zazã kple suku kɔkɔ dede ŋu la dzi bliboe o.