Àte Ŋu Atia Ale Si Wò Etsɔme Anɔ
Ƒe 3,500 aɖewoe nye esia, Yehowa Mawu gblɔ nu si wòle be esubɔla siwo nɔ anyi le blema nawɔ be woƒe etsɔme nanyoa na wo. Egblɔ na wo be: “Metsɔ agbe kple ku, yayra kple fiƒode ɖo mia ŋkume; mitia agbe, ne mia kple miaƒe dzidzimeviwo mianɔ agbe.”—5 Mose 30:19.
Ele be woawɔ tiatia nyuitɔ hafi ko woƒe etsɔme nanyo. Tiatia ma kee dze ŋgɔ míawo hã egbea. Biblia gblɔ nu siwo míawɔ be míaƒe etsɔme nanyoa na mí. Egblɔ be: “Nàlɔ̃ Yehowa wò Mawu la, nàɖo to eƒe gbe.”—5 Mose 30:20.
ALEKE MÍALƆ̃ YEHOWA, AÐO TO EƑE GBE?
SRƆ̃ NU TSO BIBLIA ME: Hafi míate ŋu alɔ̃ Yehowa, ele be míasrɔ̃ nu tso eŋu le Biblia me. Ne èsrɔ̃ nu tso eŋua, àva kpɔe be Mawu lɔ̃amee wònye eye èdi be eme nanyo na wò. Edi be nàdo gbe ɖa na ye ‘elabena eléa be na wò.’ (1 Petro 5:7) Biblia ka ɖe edzi na mí be ne èdze agbagba te ɖe eŋua, ‘eya hã ate ɖe ŋuwò.’—Yakobo 4:8.
WƆ NU SIWO NÈSRƆ̃A DZI: Toɖoɖo Mawu fia be míawɔ ɖe aɖaŋu nyui siwo wòɖo na mí le Biblia mea dzi. Ne èwɔe alea, “wò mɔwo adze edzi na wò, eye àwɔ nu le nunya me.”—Yosua 1:8.
Tso nya me fifia be nàna Biblia nàkpe ɖe ŋuwò wò etsɔme nanyo!