INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w21 October axa 29-31
  • 1921—Ƒe Alafa Ðekae Nye Esia

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • 1921—Ƒe Alafa Ðekae Nye Esia
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • WOÐE GBEƑÃ DZINƆAMEƑOTƆE
  • ƑOMEWO KPLE AME ÐEKAÐEKAWO SRƆ̃E LE WO ÐOKUI SI
  • AGBALẼ YEYE AÐE!
  • DƆ SI GALE ŊGƆ
  • Yehowa Yra Mí Esi Míewɔ Nu Si Wòdi Tso Mía Si
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • 1922—Ƒe Alafa Ðekae Nye Esia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2022
  • Tiatia Siwo Nana Wokpɔa Dzidzɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
  • Domenyinu Si Li Dzidzime Adre Sɔŋ Ye Nye Esia
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2015
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2021
w21 October axa 29-31

1921—Ƒe Alafa Ðekae Nye Esia

“DƆ VEVI kae dze ŋgɔ mí le ƒe sia me?” Nya siae wobia Biblia Nusrɔ̃vi dovevienuwo le January 1, 1921 ƒe Gbetakpɔxɔ me. Wozã Yesaya 61:1, 2 tsɔ ɖo nya ma ŋu. Afi ma gblɔ be: “Yehowa si ami nam be magblɔ nya nyui na ame fafawo . . . ne maɖe gbeƒã Yehowa ƒe amenuveƒe kple mía Mawu ƒe hlɔ̃biaŋkeke la.” Eye esia gaɖo ŋku dɔ vevi si wode asi na wo la dzi na wo.

WOÐE GBEƑÃ DZINƆAMEƑOTƆE

Ele be dzi nanɔ Biblia Nusrɔ̃viawo ƒo hafi woate ŋu aɖe gbeƒã. Menye ɖeko woagblɔ “nya nyui” la na ame fafawo ko o, ke boŋ ele be woaɖe gbeƒã “Mawu ƒe hlɔ̃biaŋkeke la” hã.

Nɔviŋutsu J. H. Hoskin si le Canada ɖe gbeƒã vɔvɔ̃manɔmee togbɔ be woti eyome hã. Le ƒe 1921 ƒe gɔmedzedze la, edo go Metodisttɔwo ƒe nunɔla aɖe. Hafi nɔviŋutsu Hoskin naɖe gbeƒã nɛ la, egblɔ nɛ be: “Medi be míaɖo dze tso Biblia me, gake ne míaƒe susu mewɔ ɖeka le nanewo me o la, míate ŋu ase dzeɖoɖoa ɖe afi ma le ŋutifafa me, gake mefia be míezu futɔwo o.” Ke hã, nuwo meva yi nenema o. Nɔviŋutsu Hoskin gblɔ be: “Esi míenya dze dzeɖoɖoa gɔme sẽe koa, nunɔlaa ge ɖe xɔ me eye wotu ʋɔa gbla. Mesusu be ahuhɔ̃e siwo le ʋɔtrua me gbã vɔ.”

Edo ɣli gblɔ ɖo ɖaa be, “Nu ka tae mayi avae ɖe gbeƒã na ame siwo menye Kristotɔwo o?” Nɔviŋutsu Hoskin meɖo nya aɖeke ŋu o, esi wòtrɔ dzo yina la, ebia eɖokui be, ‘Kristotɔe ame sia nye fifia?’

Le ŋufɔke esi nunɔlaa nɔ mawunya gblɔm le sɔleme la, egayi nya mawo dzi. Nɔviŋutsu Hoskin gblɔ be, egblɔ na eƒe hameviwo be: “Nyee nye ameblela gãtɔ kekeake si le nutoa me, eya ta ne wokpɔm la, woate ŋu awum.” Gake esia mena Nɔviŋutsu Hoskin na ta o, eyi gbeƒãɖeɖedɔa dzi eye nu nyui geɖe do tso eme. Egblɔ be: “Mese vivi na gbeƒãɖeɖedɔa le afi ma ŋutɔ. Ameawo dometɔ aɖewo gɔ̃ hã gblɔ be, ‘Míenya be Mawu ƒe amee nenye, eye míele klalo akpe ɖe ŋuwò ne èhiã nane.’”

ƑOMEWO KPLE AME ÐEKAÐEKAWO SRƆ̃E LE WO ÐOKUI SI

Be woakpe ɖe Biblia Nusrɔ̃viwo ŋu ɣemaɣi woagase Biblia gɔme ɖe edzi la, wotaa nyabiasewo kple woƒe ŋuɖoɖowo ɖe magazine si míeyɔna fifia be Nyɔ! me. (The Golden Age) Biblia sɔsrɔ̃ ƒe mɔnu sia akpe ɖe dzilawo ŋu be woadzro nu me kple wo viwo. Dzilawo “biaa nya siwo le agbalẽa me la wo viwo eye wokpena ɖe wo ŋu be woadi ŋuɖoɖoawo le Biblia me.” Biabia abe, “Agbalẽ nenie le Biblia me?” ene, kpena ɖe ɖeviwo ŋu be woanya Biblia ƒe nufiafia bɔbɔe aɖewo. Biabia bubuwo abe, “Ðe woati Kristotɔ vavã ɖe sia ɖe yomea?” kpena ɖe ɖeviawo ŋu be dzi nanɔ wo ƒo woaɖe gbeƒã.

Biabiawo kple woƒe ŋuɖoɖo bubu li na ame siwo nya nu geɖe tso Biblia ŋu xoxo, eye wodze le agbalẽ bubu aɖe ƒe babla gbãtɔ me. (Studies in the Scriptures) Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɖoɖo siawo ɖe vi na ame akpe geɖe. Gake woɖe gbeƒãe le December 21, 1921 ƒe Nyɔ! (The Golden Age) me be woadzudzɔ agbalẽ eve siawo tata. Nu ka tae?

AGBALẼ YEYE AÐE!

The Harp of God gbalẽa

Agbalẽvi si dzi akpa si woaxlẽ la dze le

Agbalẽvi si dzi biabiawo le

Nɔvi siwo nɔ ŋgɔ xɔm la de dzesii be ele be Biblia nusrɔ̃vi yeyewo nasrɔ̃ Biblia le ɖoɖo aɖe koŋ nu. Eya ta le November 1921 mea, woɖe agbalẽ bubu ɖe go. (The Harp of God) Ele be ame siwo xɔ agbalẽa, nalɔ̃ asrɔ̃e le wo ɖokui si. Nusɔsrɔ̃ le ame ɖokui si alea kpena ɖe nusrɔ̃vi yeyeawo ŋu be woade dzesi “tame si Mawu ɖo be míava nɔ agbe tegbee.” Aleke nusɔsrɔ̃ sia yinae?

Ne ame aɖe lɔ̃ xɔ agbalẽa la, wotsɔa agbalẽvi aɖe si dzi woŋlɔ agbalẽa ƒe akpa siwo wòaxlẽ la kpena ɖe eŋu nɛ. Le kwasiɖa ɖeka megbea, egaxɔa agbalẽvi bubu si dzi nyabiasewo le ku ɖe nu siwo wòxlẽ le agbalẽa me la ŋu kple agbalẽa ƒe akpa siwo wòagaxlẽ le kwasiɖa si kplɔe ɖo me.

Hamea ɖoa agbalẽvia ɖe nusrɔ̃via hena kwasiɖa wuieve sɔŋ. Eye zi geɖe la, nɔvi siwo tsi le ƒe me alo tsi teƒe ɖeka siwo mate ŋu ayi tso aƒe me yi aƒe me o lae ɖoa agbalẽviawo ɖa. Le kpɔɖeŋu me, Nɔvinyɔnu Anna K. Gardner, si tso Millvale, Pennsylvania, le Amerika la gblɔ be: “Esi woɖe agbalẽ sia ɖe go la, ewɔe be nɔvinyenyɔnu Thayle, si mete ŋu zɔna o la te ŋu ɖoa agbalẽvi siwo dzi biabiawo le la ɖa kwasiɖa sia kwasiɖa. Esia na wòte ŋu wɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me.” Ne amea srɔ̃ Biblia le eɖokui si alea hena kwasiɖa wuieve vɔ la, wowɔa ɖoɖo be nɔvi aɖe nayi egbɔ ayi nusɔsrɔ̃a dzi kplii.

Thayle Gardner le bunɔkeke me

DƆ SI GALE ŊGƆ

Le ƒe 1921 ƒe nuwuwu lɔƒo la, Nɔviŋutsu J. F. Rutherford ŋlɔ lɛta aɖe na hamewo. Egblɔ le lɛtaa me be: “Míeɖe gbeƒã Fiaɖuƒea le ƒe sia me wu ƒe siwo va yi la me.” Egblɔ kpee be: “Dɔ geɖe gali wòle be woawɔ. Eya ta mide dzi ƒo na ame bubuwo be woava wɔ dɔ dodzidzɔname sia.” Eye Biblia nusrɔ̃viawo wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo ma dzi. Le ƒe si kplɔe ɖo si nye ƒe 1922 mea, woɖe gbeƒã Fiaɖuƒea vɔvɔ̃manɔmee wòde du.

Xɔlɔ̃ Si Ðe Dzinɔameƒo Fia

Biblia Nusrɔ̃viwo lɔ̃ wo nɔewo, eye wokpe ɖe wo nɔewo ŋu. Wowɔ nu dzinɔameƒotɔe tsɔ ɖee fia be yewonye ‘ame nɔvi si wodzi ɖe xaxagbe ŋu,’ abe ale si nudzɔdzɔ sia ɖee fia ene.—Lod. 17:17.

Le Braɖa, May 31, 1921 dzia, wowu ame gbogbo aɖewo le Tulsa le Oklahoma, Amerika, esi ameyibɔ aɖe si wolé de gaxɔ me wɔ nuvevi yevunyɔnu aɖe ta. Yevuŋutsu siwo wu 1,000 va kpe aʋa kple ameyibɔŋutsu aɖewo. Eteƒe medidi o, aʋaa kaka ɖe nuto si me ameyibɔwo le, si nye Greenwood la me, eye wotɔ dzo dɔwɔƒe kple aƒe siwo wu 1,400. Nyatakaka ɖee fia be ame 36 ye ku, gake ame siwo ku la awu alafawo. Wova yɔ aʋa sia emegbe be Ameyibɔwo Tsɔtsrɔ̃ Le Tulsa.

Nɔviŋutsu Richard J. Hill, Biblia Nusrɔ̃vi si nye ameyibɔ le Greenwood gblɔ nu si dzɔ la ale: “Le zã si me ʋunyaʋunyaa dzɔa, míenɔ kpekpe me. Esi míekpãa, míenɔ tu ƒe ɖiɖi sem le Tulsa nutoa me. Tua nɔ ɖiɖim va se ɖe zãtiƒe.” Le Kuɖa ŋdi, June 1 la, nɔnɔmeawo gagblẽ ɖe edzi kura. “Ame aɖewo va gblɔ na mí be ne míedi be míanɔ dedie la, ke ele be míasi ayi dua ƒe takpeƒe enumake.” Eya ta Nɔviŋutsu Hill kple srɔ̃a kpakple via atɔ̃awo si yi afi ma. Ameyibɔ siwo nye ŋutsuwo kple nyɔnu siwo ade 3,000 ye si yi takpeƒea, eye asrafo siwo dziɖuɖua dɔ ɖa be woana ʋunyaʋunyaa natɔ la, nɔ wo ŋu dzɔm.

Ɣemaɣi tututu la, Nɔviŋutsu Arthur Claus, si nye yevua, wɔ nu dzinɔameƒotɔe. Egblɔ be: “Esi mese be wonɔ amewo ƒe nuwo fim, eye wonɔ dzo tɔm aƒewo le Greenwood nutoa mea, meɖoe be mava kpɔe ɖa be xɔ̃nye Hill le dedie hã.”

Arthur Claus zã agbalẽ si nye The Harp of God, tsɔ kpe ɖe ɖevi 14 ŋu wosrɔ̃ Biblia

Esi Nɔviŋutsu Arthur va ɖo Hill ƒe aƒe mea, ekpɔ aƒelika aɖe si nye yevu lé tu ɖe asi. Aƒelikaa nye Nɔviŋutsu Hill xɔlɔ̃, eya ta esusu be Arthur hã le nu vlo wɔlawo dome. Eya ta edo ɣli biae be: “Nu ka dim nèle le afi sia?”

Arthur gblɔ be: “Ne menye ɖe meɖo nyaa ŋu nɛ nyuie oa, anye ne eda tum. Eya ta megblɔ nɛ be xɔ̃nyee Nɔviŋutsu Hill nye, eye be mevana eƒe me zi geɖe.” Arthur kple aƒelikaa wɔ wo tɔ sinua kpɔ Hill ƒe aƒea ta tso nu vlo wɔhawo si me.

Eteƒe medidi o, Arthur va nya be Nɔviŋutsu Hill kple eƒe ƒomea le dua ƒe takpeƒe. Wona Arthur nya be womate ŋu aɖe asi le ameyibɔ aɖeke ŋu ne womexɔ mɔɖeɖe tso Asrafomegã Barrett gbɔ o. Arthur gblɔ be: “Mele bɔbɔe be míake ɖe asrafomegãa ŋu aƒo nu kplii o. Esi megblɔ nɛ be medi be mava kplɔ Hill ƒe ƒomea adzoe la, ebiam be: ‘Àte ŋu alé be na ƒome sia woanɔ dediea?’ Meɖo eŋu enumake be ɛ̃.”

Esi wòɖe mɔ nɛ taa, eƒu du yi dua ƒe takpeƒea, eye wòtsɔ mɔɖegbalẽa fia asrafomegã si nɔ teƒea, eye asrafomegã do ɣli gblɔ be: “Nu ka! Amegãa ŋutɔe de asi agbalẽ sia tea? Ènya be yee nye ame gbãtɔ si akplɔ ame aɖe adzoe le afi sia?” Eteƒe medidi o, woke ɖe Nɔviŋutsu Hill kple eƒe ƒomea ŋu le teƒea. Wo katã womimi ɖe Arthur ƒe ʋua me, eye wotrɔ yi Hill ƒe me.

“Le Mawu ƒe amewo domea, ame aɖeke mebua eɖokui be yenye gã wu ye nɔvi o”

Nɔviŋutsu Claus kpɔ egbɔ be Hill ƒomea le dedie. Ale si Nɔviŋutsu Claus wɔ nu dzinɔameƒotɔe be Nɔviŋutsu Hill ƒe ƒomea nɔ dedie la wɔ dɔ ɖe amewo dzi. Arthur gblɔ be: “Aƒelika si nye kplii míekpɔ Hill ƒe aƒea ta la, va lɔ̃ nyateƒea. Eye ame geɖe hã va di be yewoasrɔ̃ nyateƒea, elabena wova de dzesii be, le Mawu ƒe amewo domea, ame aɖeke mebua eɖokui be yenye gã wu ye nɔvi o, eye mama aɖeke hã mele wo dome o, woɖanye yevu alo ameyibɔ o.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe