INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w24 January axa 19
  • Ènyaa?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ènyaa?
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Filipo Nyrɔ Etiopia-megã Aɖe
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
  • Gbeƒãɖeɖe “Yesu Ŋu Nya Nyui La”
    ‘Ði Ðase Tso Mawu Fiaɖuƒea Ŋu Tsitotsito’
  • Filipo—Enye Nyanyuigblɔla Veviedola
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
  • Kpekpeɖeŋu Hena Biblia Gɔmesese
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2024
w24 January axa 19
Filipo nɔ anyi ɖe Etiopiatɔa xa le tasiaɖam si ŋu afɔti ene le me eye wòle Ŋɔŋlɔawo me ɖem nɛ. Ŋutsu aɖe le wo kum.

Ènyaa?

Keke ka ƒomevi mee Etiopiatɔwo ƒe amegãa nɔ esime Filipo va do goe?

HELAGBE me nya si gɔme woɖe be “tasiaɖam” le Xexe Yeye Gɔmeɖeɖe Biblia me ate ŋu afia keke ƒomevi vovovowo. (Dɔw. 8:​28, 29, 38) Ke hã, anɔ eme be keke si me Etiopiatɔa nɔa lolo wu esiwo asrafowo kple duɖimekelawo zãna. De ŋugble le susu siwo tae míeƒo nya ta alea ƒe ɖewo ŋu kpɔ.

Amegãe Etiopiatɔa nye eye ezɔ mɔ legbee. Enye “ŋusẽtɔ le Etiopia-fianyɔnu Kandake te, eye wònye eƒe kesinɔnuwo katã dzi kpɔla.” (Dɔw. 8:27) Etiopia nye blema dukɔ si nɔ egbegbe Sudan kple Egipte ƒe anyiehe kekeake. Anɔ eme be menye keke ɖeka ma kee Etiopiatɔa ɖo le eƒe mɔzɔzɔ bliboa me o, eye eƒe agbawo anya sɔ gbɔ hã. Afɔti ene nɔ keke siwo amewo ɖona tsɔ zɔa mɔ le ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) me la dometɔ aɖewo te. Numekugbalẽ aɖe gblɔ be: “Keke mawo tɔgbi lolo eye wotea ŋu tsɔa agbawo, wo me nɔnɔ dea ame dzi wu, eye ɖewo tea ŋu zɔa mɔ legbeewo.”—Acts—An Exegetical Commentary.

Etiopiatɔa nɔ nu xlẽm esime Filipo va do goe. Biblia gblɔ be: “Filipo ƒu du yi egbɔ, eye wòsee [wònɔ] nyagblɔɖila Yesaya ƒe agbalẽa xlẽm sesĩe.” (Dɔw. 8:30) Tasiaɖam siwo wozãna ne wole mɔ zɔm meƒua du sesĩe o. Esia na wònɔ bɔbɔe na Etiopiatɔa be wòaxlẽ nu eye Filipo hã te ŋu ƒu du vae tui.

Etiopiatɔa bia “tso Filipo si be wòaɖo tasiaɖam la anɔ anyi ɖe ye gbɔ.” (Dɔw. 8:31) Zi geɖea, tasiaɖam siwo wozãna le duɖimekeke me melolona o, ta ekulawo nɔa tsitrenu. Gake mɔ le tasiaɖam siwo wotsɔna zɔa mɔ ya me be ame eve nate ŋu anɔ anyi, abe esi tɔgbi me Etiopiatɔa kple Filipo nɔ ene.

Le nya siwo dze le Dɔwɔwɔwo 8:31 kpakple ŋutinya me kpeɖodzi siwo li taa, míetaa tasiaɖam si me Etiopiatɔa nɔ la ɖe míaƒe agbalẽwo me wòlolona wu aʋatasiaɖam kple tasiaɖam siwo duɖimekelawo zã le blema.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe