NUSƆSRƆ̃NYATI 12
HADZIDZI 77 Kekeli Aɖe Klẽ Le Xexe Doblukɔ Me
Ƒo Asa Na Viviti La —Nɔ Kekeli La Me
“Tsã la, mienye viviti, ke azɔ miezu kekeli.”—EF. 5:8.
TAÐODZINUA
Míakpɔ nu si míate ŋu asrɔ̃ tso kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ siwo nye “viviti” kple “kekeli,” si dze le Efesotɔwo ta 5 lia me.
1-2. (a) Nɔnɔme ka mee Paulo nɔ hafi ŋlɔ agbalẽ na Efesotɔwo? (b) Nyabiase kawo mee míadzro?
ESIME wosika apostolo Paulo ɖe aƒe me le Roma la, edi be yeade dzi ƒo na ye nɔviwo, evɔ mate ŋu ayi avae srã wo kpɔ ŋutɔŋutɔ o. Eya ta eŋlɔ lɛtawo ɖo ɖe wo. Eŋlɔ lɛta siawo dometɔ ɖeka le ƒe 60 alo 61 K.Ŋ. lɔƒo na Efesotɔwo.—Ef. 1:1; 4:1.
2 Anɔ ƒe ewo aɖewo do ŋgɔ la, Paulo nɔ Efeso eye wònɔ gbeƒã ɖem nya nyuia nɔ nu fiam amewo. (Dɔw. 19:1, 8-10; 20:20, 21) Elɔ̃ nɔviawo vevie, eye wòdi be yeakpe ɖe wo ŋu woayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa. Gake nu ka tae wòŋlɔ agbalẽ na Kristotɔ mawo, siwo nye amesiaminawo, tso viviti kple kekeli ŋu? Eye nu kae mí Kristotɔwo katã míate ŋu asrɔ̃ tso aɖaŋu siwo wòɖo na wo me? Nyati sia adzro biabia siawo me.
TSO VIVITI ME VA KEKELI ME
3. Kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ kae Paulo zã le lɛta si wòŋlɔ na Efeso nɔviawo me?
3 Paulo gblɔ le agbalẽ si wòŋlɔ ɖo ɖe Kristotɔ siwo le Efeso me be: “Tsã la, mienye viviti, ke azɔ miezu kekeli.” (Ef. 5:8) Paulo zã kpɔɖeŋunyagbɔgblɔ siwo nye “viviti” kple “kekeli” tsɔ ɖɔ ale si gbegbe Efeso nɔviawo trɔe. Na míakpɔ nu si tae Paulo gblɔ be tsãa, Efeso nɔviwo nye “viviti” ɖa.
4. Mɔ ka nue Efesotɔwo nɔ viviti me le?
4 Wonɔ alakpasubɔsubɔ me. Hafi Efesotɔ siwo Paulo ŋlɔ eƒe agbalẽa na nava zu Kristotɔwo la, wonɔ alakpasubɔsubɔ me eye woxɔ alakpanya geɖe hã dzi se. Artemis ƒe gbedoxɔ, si wobu be enye nu wɔnuku adre siwo nɔ anyi le blema dometɔ ɖeka la, nɔ Efeso dugã ma me. Amewo yia gbedoxɔa me vae subɔa trɔ̃wo. Mawunɔ Artemis ƒe gbedoxɔ suesuesue siwo wowɔna dzrana nana wokpɔa viɖe geɖe. (Dɔw. 19:23-27) Azɔ hã, wonya dua me nɔlawo nyuie ɖe woƒe afakaka ta.—Dɔw. 19:19.
5. Mɔ ka nue Efesotɔwo nɔ viviti me le?
5 Wonɔ agbe ƒaƒã. Efesotɔwo ƒo wo ɖokuiwo ɖe agbe gbegblẽ nɔnɔ me ale gbegbe be megakpea ŋu na wo o. Wogblɔa nya ƒaƒãwo kple gbegblẽnyawo le woƒe fefewɔƒewo kple woƒe subɔsubɔwɔnawo me faa. (Ef. 5:3) “Naneke megakpea ŋu” na dua me nɔla akpa gãtɔ o, si fia be “womegasea veve ɖe naneke ŋu o.” (Ef. 4:17-19) Hafi Efesotɔ siawo nava srɔ̃ Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔewo la, woƒe dzitsinya mebua fɔ wo ne wowɔ nu si mesɔ o, eye wometsɔ ɖeke le ale si Yehowa ase le eɖokui me tso woƒe nuwɔna gbegblẽ mawo ŋu me o. Eya tae mewɔ nuku o be Paulo gblɔ be “woƒe tamesusu do viviti, eye wole adzɔge na agbe si tso Mawu gbɔ.”
6. Nu ka tae Paulo gblɔ na Efesotɔwo be: “Fifia miezu kekeli”?
6 Gake Efesotɔ aɖewo do le viviti ma me. Paulo gblɔ tso wo ŋu be: “Ke azɔ miezu kekeli le Aƒetɔ la me.” (Ef. 5:8) Fifia wova le agbe nɔm ɖe Mawu ƒe Nya, si le abe kekeli ene nu. (Ps. 119:105) Efesotɔ siawo va gbe nu le alakpasubɔsubɔ gbɔ, eye wodzudzɔ agbe ƒaƒã mawo nɔnɔ. Wova zu “Mawu srɔ̃lawo,” eye wole agbagba dzem be yewoasubɔ Yehowa be yewoƒe nu nadze eŋu.—Ef. 5:1.
7. Aleke míaƒe nɔnɔmea sɔ kple Kristotɔ siwo nɔ Efeso la tɔe?
7 Hafi míawo hã míava srɔ̃ nyateƒea, mía dometɔ geɖe nɔ alakpasubɔsubɔ me, eye míaƒe agbenɔnɔ mede ame dzi o. Mía dometɔ aɖewo ɖu alakpasubɔsubɔhawo ƒe azãwo, eye bubuwo hã nɔ agbe ƒaƒã. Gake esi míeva srɔ̃ nu tso nu siwo Yehowa lɔ̃ kple nu siwo wòlé fui ŋua, míetrɔ, eye míeva le agbe nɔm abe ale si wòdi ene. Esia ɖe vi na mí le mɔ geɖe nu. (Yes. 48:17) Togbɔ be míetrɔ alea hã, míegadoa go kuxi aɖewo. Ele be míadzudzɔ agbe ƒaƒã siwo míenɔ va yi, eye ‘míayi edzi anɔ zɔzɔm abe kekeliviwo ene.’ Aleke míate ŋu awɔ esiae?
Image digitally reproduced with the permission of the Papyrology Collection, Graduate Library, University of Michigan, P.Mich.inv. 6238. Licensed under CC by 3.0
Aɖaŋu siwo Paulo ɖo na Efeso nɔviawo ate ŋu aɖe vi na míawo hã egbea (Kpɔ memama 7)b
GBE NU LE VIVITIA GBƆ
8. Le Efesotɔwo 5:3-5 ƒe nya nu la, nu kae wòle be Efesotɔwo naƒo asa na?
8 Xlẽ Efesotɔwo 5:3-5. Be Kristotɔ siwo nɔ Efeso nate ŋu aƒo asa na vivitia, ele be woayi edzi atsri nu siwo Yehowa lé fui. Ema fia be menye gbɔdɔdɔ manɔsenu koe woatsri o, ke nya ƒaƒãwo gbɔgblɔ hã. Paulo ɖo ŋku edzi na Efesotɔwo be ele be woaƒo asa na nu mawo hafi ate ŋu ‘anyi Kristo la kple Mawu ƒe Fiaɖuƒea dome.’
9. Nu ka tae wòle be míanɔ ŋudzɔ ɖe nu sia nu si ate ŋu akplɔ mí ade gbɔdɔdɔ manɔsenu me ŋu?
9 Ele be míawo hã míaʋli vevie be “viviti me dɔ matsekuwo” ƒe mɔ̃ aɖeke nagaɖe mí o. (Ef. 5:11) Edzɔna zi geɖe be, ne ame aɖe kpɔa nu makɔmakɔ aɖe, ɖoa toe, alo ƒoa nu tso eŋu la, anɔ bɔbɔe be wòaƒo eɖokui ɖe nuwɔna ma me. (1 Mose 3:6; Yak. 1:14, 15) Le dukɔ aɖe mea, nɔvi gbogbo aɖewo va zu “xɔlɔ̃wo” le Internet dzi. Gbãa, woƒoa nu tso Yehowa kple nyateƒe siwo wova srɔ̃ ŋu. Gake vivivia, woƒe dzeɖoɖoawo va nɔ tɔtrɔm, eye wòva kuna ɖe gbɔdɔnyawo ŋu. Wo dometɔ geɖe gblɔ emegbe be dzeɖoɖo mawo wɔe be yewova ƒo yewo ɖokui ɖe gbɔdɔdɔ manɔsenu me.
10. Aleke Satana dzea agbagba be yeaflu mí? (Efesotɔwo 5:6)
10 Satana ƒe xexea dzea agbagba be yeaflu mí ale be míasusui be naneke megblẽ le nu siwo Yehowa buna be wonye nuwɔna makɔmakɔwo kple nuwɔna gbegblẽwo ŋu o. (2 Pet. 2:19) Esia mewɔa nuku na mí o! Abosam ƒe ayemɔ siwo wɔa dɔ nɛ tso blema ke dometɔ ɖekae nye be wòana amewo natɔtɔ, ale be woagade vovo nyui kple vɔ̃ dome o. (Yes. 5:20; 2 Kor. 4:4) Eya ta mewɔ nuku o be wodoa susu siwo mewɔ ɖeka kple Yehowa ƒe dzidzenu dzɔdzɔeawo o ɖe ŋgɔ le filmwo, television dzi wɔnawo kple Internet dzi. Satana di be yeaflu mí míaxɔe ase be ame akpa gãtɔ ƒo wo ɖokui ɖe nuwɔna siawo me, wole vivi sem nɛ, eye megblẽa naneke le wo ŋu o. Eya ta magblẽ nu le mía ŋu o.—Xlẽ Efesotɔwo 5:6.
11. Aleke nu si dzɔ ɖe Angela dzi na míekpɔe be ele vevie be míawɔ ɖe aɖaŋu si Efesotɔwo 5:7 ɖo dzi? (Kpɔ fotoa hã.)
11 Satana dina be míade ha kple ame siwo ana wòasesẽ na mí be míawɔ ɖe Yehowa ƒe nudidiwo dzi. Susu ma tae Paulo xlɔ̃ nu Efeso nɔviawo be “woagade ha kple” ame siwo wɔa nu siwo medzea Mawu ŋu o. (Ef. 5:7) Ele be míawo ya míaganɔ ŋudzɔ kura wu blema Efesotɔwo, elabe menye ame siwo míekpɔna ŋkume kple ŋkume koe míedea ha kplii o, ke boŋ míedea ha kple amewo le Internet dzi hã. Angela,a si le Asia, kpɔ afɔku si gbegbe le hahoo kadodo me le Internet dzi. Egblɔ be: “Mɔ̃e wònye, eye vivivia, wò susu atrɔ. Eva ɖo afi aɖea, megaɖea fu nam be madze xɔ̃ ame siwo menɔa agbe ɖe Biblia ƒe nudidiwo nu o. Mlɔeba meva nɔ esusum be magblẽ naneke ne menɔa agbe siwo medzea Yehowa ŋu o.” Akpe si míadae nye be, hamemetsitsi lɔ̃ame aɖewo kpe ɖe Angela ŋu wòwɔ tɔtrɔ si hiã. Angela gblɔ be: “Fifia, gbɔgbɔmenuwoe xɔ susu me nam, ke menye nu siwo yia edzi le hahokadoƒewo o.”
Ame siwo míedzea xɔ̃e ate ŋu ana wòanɔ bɔbɔe na mí be míawɔ ɖe Yehowa ƒe sewo dzi loo alo ana wòasesẽ na mí (Kpɔ memama 11)
12. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa?
12 Ele be míatsri xexea ƒe nuŋububu si nye be naneke megblẽ le gbɔdɔdɔ manɔsenu ŋu o. Míenya nyuie be nu mawo mesɔ o. (Ef. 4:19, 20) Anyo be nàbia ɖokuiwò be: ‘Ðe medzea agbagba ƒoa asa na hadede kplikplikpli kple dɔwɔhatiwo, sukuhatiwo kple ame bubu siwo mewɔna ɖe Yehowa ƒe nudidi dzɔdzɔewo dzi oa? Ðe dzi nɔa ƒonye mewɔna ɖe Yehowa ƒe mɔfiamewo dzi ne esia na amewo susui be nye nya me le kpaɖii akpa gɔ̃ hã?’ Abe ale si wòdze le 2 Timoteo 2:20-22 ene la, ele be míakpɔ nyuie le ame siwo míadze xɔ̃e le Kristo hamea me gɔ̃ hã ŋu. Nu si tae nye be, menye ame sia amee ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míayi edzi awɔ nuteƒe na Yehowa o.
MIYI EDZI MIANƆ ZƆZƆM “ABE KEKELIVIWO ENE”
13. Nu kae wòfia be míayi edzi anɔ “zɔzɔm abe kekeliviwo ene”? (Efesotɔwo 5:7-9)
13 Paulo de dzi ƒo na Kristotɔ siwo le Efeso be woagbe nu le vivitia gbɔ, eye woayi edzi anɔ “zɔzɔm abe kekeliviwo ene.” (Xlẽ Efesotɔwo 5:7-9.) Nu kae esia fia? Eyae nye be míawɔ nu wòafia be míenye Kristotɔ vavãwo ɣesiaɣi. Nu siwo akpe ɖe mía ŋu dometɔ aɖewoe nye be míado vevie Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo sɔsrɔ̃. Ele vevie hã be míasrɔ̃ Yesu Kristo, si nye “xexea ƒe kekeli,” ƒe kpɔɖeŋu eye míawɔ ɖe eƒe nufiafiawo dzi.—Yoh. 8:12; Lod. 6:23.
14. Aleke gbɔgbɔ kɔkɔea akpe ɖe mía ŋui?
14 Míehiã Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea be míate ŋu ayi edzi anɔ zɔzɔm “abe kekeliviwo ene.” Nu ka tae? Nu si tae nye be, mele bɔbɔe be míayi edzi anɔ agbe dzadzɛ le xexe gblẽku sia me o. (1 Tes. 4:3-5, 7, 8) Gbɔgbɔ kɔkɔea akpe ɖe mía ŋu míatsri xexea ƒe nuŋububu si mewɔ ɖeka kple Mawu tɔ o. Ate ŋu akpe ɖe mía ŋu hã be míatse “nyuiwɔwɔ kple dzɔdzɔenyenye . . . ɖe sia ɖe ƒomevi” ƒe ku.—Ef. 5:9.
15. Nu kawoe míawɔ be míaxɔ gbɔgbɔ kɔkɔea? (Efesotɔwo 5:19, 20)
15 Nu siwo míawɔ be míaxɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea dometɔ ɖekae nye be, míado gbe ɖa abiae. Yesu gblɔ be Yehowa ‘ana gbɔgbɔ kɔkɔea ame siwo bianɛ.’ (Luka 11:13) Azɔ hã, Mawu ana eƒe gbɔgbɔ kɔkɔea mí ne míewɔ ɖeka kple mía nɔviwo kafua Yehowa le Kristotɔwo ƒe kpekpewo me. (Xlẽ Efesotɔwo 5:19, 20.) Ne míeɖe mɔ Mawu ƒe gbɔgbɔ kɔkɔea kpɔ ŋusẽ ɖe mía dzia, akpe ɖe mía ŋu míanɔ agbe si dze Mawu ŋu.
16. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie? (Efesotɔwo 5:10, 17)
16 Ne ehiã be míatso nya me le nya vevi aɖewo ŋu la, ele be míakpɔ “nu si nye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu” adze sii, eye míana esia nafia mɔ mí. (Xlẽ Efesotɔwo 5:10, 17.) Ne míedze agbagba di Biblia me mɔfiame siwo ku ɖe míaƒe nɔnɔmea ŋu la, efia be míedi be Mawu nafia mɔ mí. Eye ne míewɔ ɖe mɔfiame mawo dzia, esia ana míatso nya me nyuie.
17. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míawɔ míaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu? (Efesotɔwo 5:15, 16) (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)
17 Paulo xlɔ̃ nu Efeso Kristotɔwo hã be woawɔ woƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ nyuie. (Xlẽ Efesotɔwo 5:15, 16.) Míaƒe futɔ Satana, si nye “vɔ̃ɖitɔ” la, di be míavu ɖe xexea me nuwo ŋu ale gbegbe be míagavo ɖe Mawu subɔsubɔ ŋu o. (1 Yoh. 5:19) Ele bɔbɔe be Kristotɔ natsɔ ŋutilãmenuwo, sukudede, alo dɔwɔɖui ado ŋgɔ na Yehowa subɔsubɔ. Ne edzɔ alea la, efia be eɖe mɔ xexea ƒe nuŋububu kpɔ ŋusẽ ɖe edzi. Ele eme be nu siawo megblẽ ya o, gake mele be míatsɔ wo aɖo nɔƒe gbãtɔ le míaƒe agbe me gbeɖe o. Be míazɔ “abe kekeliviwo ene” la, ehiã be ‘míawɔ míaƒe ɣeyiɣi ŋu dɔ le mɔ nyuitɔ nu,’ si fia be míaƒe susu nanɔ nu siwo le vevie wu la ŋu.
Wode dzi ƒo na Kristotɔ siwo nɔ Efeso be woawɔ woƒe ɣeyiɣia ŋu dɔ nyuie (Kpɔ memama 17)
18. Afɔ kawoe Donald ɖe si wɔe be wòte ŋu wɔ eƒe ɣeyiɣia ŋu dɔ nyuie?
18 Ele be míanɔ ŋudzɔ ɖe mɔnukpɔkpɔ siwo ʋu ɖi na mí be míawɔ geɖe na Yehowa ŋu. Ema tututue Donald, si le South Africa (Afrique du Sud) wɔ. Egblɔ be: “Melé ŋku ɖe nye nɔnɔmea ŋu, eye meƒo koko na Yehowa be wòakpe ɖe ŋunye mawɔ geɖe le subɔsubɔdɔa me. Medo gbe ɖa hã be makpɔ dɔ si ana makpɔ ɣeyiɣi geɖe ɖe gbeƒãɖeɖedɔa ŋu. Yehowa kpe ɖe ŋunye mekpɔ dɔ si sɔ hã. Esia na nye kple srɔ̃nye míedze ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa gɔme.”
19. Nu kawoe akpe ɖe mía ŋu míayi edzi azɔ “abe kekeliviwo ene”?
19 Agbalẽ si Paulo ŋlɔ na Efeso nɔviawo kpe ɖe wo ŋu wowɔ nuteƒe na Yehowa, eye nya mawo ate ŋu akpe ɖe míawo hã ŋu egbea. Abe ale si míede dzesii va yi enea, ate ŋu akpe ɖe mía ŋu míatia modzakaɖeɖe kple xɔlɔ̃wo nyuie. Aɖaŋuɖoɖo ma akpe ɖe mía ŋu míalé fɔ ɖe Biblia xexlẽ ŋu, ale be míayi edzi azɔ le nyateƒea ƒe kekelia me le nu sia nu me. Eƒe agbalẽa na míekpɔe hã be míehiã gbɔgbɔ kɔkɔea be wòakpe ɖe mía ŋu míaɖe nɔnɔme nyuiwo afia. Ne míewɔ aɖaŋu siwo Paulo ɖo na mí dzi la, akpe ɖe mía ŋu míatso nya me nyuie wòadze Yehowa ŋu. Ekema míate ŋu aƒo asa na xexe sia ƒe viviti, eye míakpɔtɔ anɔ kekelia me!
ALEKE NÀÐO WO ŊUI?
Nu kawoe “viviti” kple “kekeli” siwo woyɔ le Efesotɔwo 5:8 fia?
Aleke míaƒo asa na “viviti” la?
Nu kawoe akpe ɖe mía ŋu be ‘míayi edzi azɔ abe kekeliviwo ene’?
HADZIDZI 95 Kekeli La Le Kɔkɔm Ðe Edzi
a Míetrɔ ŋkɔ aɖewo.
b NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAA ME: Lɛta si apostolo Paulo ŋlɔ na Efesotɔwo ƒe xoxotɔwo dometɔ ɖeka.