INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w25 March axa 8-13
  • Srɔ̃ Ale Si Yehowa Kple Yesu Bua Nuwo Ŋui

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Srɔ̃ Ale Si Yehowa Kple Yesu Bua Nuwo Ŋui
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • SRƆ̃ ALE SI YEHOWA BUA NUWO ŊUI
  • BƆBƆ ÐOKUIWÒ
  • ‘ÐƆ ŊU ÐO’
  • Esrɔ̃ Tsɔtsɔke Tso Aƒetɔ La Gbɔ
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Wò Nyametsotsowo Neɖee Fia Be Èɖoa Ŋu Ðe Yehowa Ŋu
    Kristotɔwo Ƒe Agbenɔnɔ Kple Subɔsubɔdɔ​—Kpekpea Ƒe Nusrɔ̃gbalẽ—2023
  • Ewɔ Nuteƒe Le Dodokpɔwo Me
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Esrɔ̃ Tsɔtsɔke Tso Aƒetɔ La Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2025
w25 March axa 8-13

NUSƆSRƆ̃NYATI 10

HADZIDZI 31 Oo, Zɔ Kple Mawu!

Srɔ̃ Ale Si Yehowa Kple Yesu Bua Nuwo Ŋui

“Esi Kristo kpe fu le ŋutilã me ta la, miawo hã mitsɔ tamesusu ƒe nɔnɔme ma ke bla akpae.”—1 PET. 4:1.

TAÐODZINUA

Le nyati sia mea, míakpɔ nu vevi siwo apostolo Petro srɔ̃ ku ɖe ale si Yesu bua nuwoe ŋu kple nu si míawo hã míate ŋu asrɔ̃ tso eme.

1-2. Nu kae wòfia be ame nalɔ̃ Yehowa, eye aleke Yesu ɖee fia be yelɔ̃ Yehowa kple yeƒe tamesusu blibo?

“LƆ̃ YEHOWA wò Mawu kple wò dzi blibo, wò luʋɔ blibo, wò ŋusẽ blibo, kple wò tamesusu blibo.” (Luka 10:27) Yesu na eme kɔ ƒãa be se siae nye vevitɔ le Mose ƒe Sea me. De dzesii be dzi mee lɔlɔ̃ na Yehowa tsona, nenema kee nye míaƒe didiwo kple seselelãmewo hã. Esia bia be míasubɔe tso luʋɔ blibo me eye míazã míaƒe ŋusẽ le esia wɔwɔ me. Ele be míalɔ̃ Yehowa kple míaƒe tamesusuwo hã eye esia ku ɖe ale si míebua nuwoe ŋu. Ele eme be manya wɔ be míase Yehowa ƒe nuŋububuwo gɔme bliboe ya o. Gake míate ŋu ase Mawu ƒe susuwo gɔme nyuie wu ne “Kristo ƒe tamesusu” le mía si, elabe Kristo Yesu srɔ̃ ale si wòabu nuwo ŋu abe ale si tututu Fofoa bua nuwo ŋui ene.—1 Kor. 2:16.

2 Yesu ɖee fia be yelɔ̃ Yehowa kple yeƒe tamesusu blibo. Yesu nya nu si Mawu di tso esi eye eɖoe kplikpaa be yeawɔ eƒe lɔlɔ̃nu togbɔ be esia ana wòakpe fu le nu dzɔdzɔe wɔwɔ ta gɔ̃ hã. Esi Yesu tsɔ eƒe susu katã ɖo Mawu ƒe lɔlɔ̃nu wɔwɔ ŋu ta la, naneke meganɔ vevie nɛ le agbe me wu esia o.

3. Nu kae apostolo Petro srɔ̃ tso Yesu gbɔ, eye nu kae Petro de dzi ƒo na nɔvia Kristotɔwo be woawɔ? (1 Petro 4:1)

3 Mɔnukpɔkpɔ su Petro kple apostolo bubuawo si wonɔ Yesu ŋu eye wosrɔ̃ ale si wòbua nuwo ŋui. Le lɛta gbãtɔ si gbɔgbɔ ʋã Petro wòŋlɔ me la, ede dzi ƒo na Kristotɔwo hã be woatsɔ tamesusu ƒe nɔnɔme si nɔ Kristo si la abla akpae. (Xlẽ 1 Petro 4:1.) Nya “bla akpae” si Petro zã la nye nya si asrafowo zãna. Eya ta ne Kristotɔwo srɔ̃ ale si Yesu bua nuwo ŋui la, ke ɖeko wòle abe wotsɔ aʋawɔnu sesẽwo bla akpae ale be woate ŋu akpe akɔ kple nu vɔ̃ ƒe dzodzrowo ahaɖu Satana ƒe xexea ƒe nyaƒoɖeamenuwo dzi ene.—2 Kor. 10:​3-5; Ef. 6:12.

4. Nu kawo mee míadzro le nyati sia me?

4 Le nyati sia mea, míakpɔ ale si Yesu bua nuwo ŋu kple ale si míate ŋu asrɔ̃e. Míava kpɔ (1) ale si Yehowa bua nuwo ŋui, eye esia akpe ɖe mía ŋu be mía kple mía nɔviwo ƒe tamesusu nawɔ ɖeka, (2) ale si míabɔbɔ mía ɖokui, kple (3) ale si míanɔ ŋudzɔ eye míaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me.

SRƆ̃ ALE SI YEHOWA BUA NUWO ŊUI

5. Nu kae Petro wɔ si ɖee fia be eƒe nuŋububu mewɔ ɖeka kple Yehowa tɔ o?

5 Bu ɣeyiɣi aɖe si me Petro ƒe nuŋububu mewɔ ɖeka kple Yehowa tɔ o ŋu kpɔ. Yesu gblɔ na eƒe apostoloawo be yeayi ɖe Yerusalem, woade ye asi na subɔsubɔhakplɔlawo, woawɔ funyafunya ye eye woawu ye mlɔeba. (Mat. 16:21) Anɔ eme be esesẽ na Petro be wòase egɔme be Yehowa aɖe mɔ woawu Yesu, ame si nye Mesia si ƒe ŋugbe wòdo kple Israel ƒe mɔkpɔkpɔ la. (Mat. 16:16) Eya ta Petro ɖe kpɔ Yesu hegblɔ nɛ be: “Aƒetɔ, di nyui na ɖokuiwò; esia madzɔ ɖe dziwò gbeɖe o.” (Mat. 16:22) Esi Yehowa ƒe susu le nu ŋu menɔ Petro si o ta la, eƒe nuŋububu mewɔ ɖeka kple Yesu hã tɔ o.

6. Aleke Yesu ɖee fia be yeƒe nuŋububu wɔ ɖeka kple Yehowa tɔ?

6 Ale si Yesu bua nuwo ŋu wɔ ɖeka kple Fofoa tɔ pɛpɛpɛ. Eya ta egblɔ na Petro be: “Te yi megbenye, Satana! Mɔxenu nènye nam, elabena menye Mawu tɔ susum nèle o, ke boŋ amegbetɔwo tɔ.” (Mat. 16:23) Ðewohĩ menye susu vɔ̃e Petro tsɔ gblɔ nya sia hafi o, gake Yesu mexɔ eƒe aɖaŋuɖoɖoa o. Nufiame aɖe le eme na mí. Menye Yehowa ƒe lɔlɔ̃nu be Yesu nadi eɖokui tɔ o. Petro srɔ̃ nu vevi aɖe le nudzɔdzɔ ma me, si nye be wòana eƒe susuwo nawɔ ɖeka kple Mawu tɔ.

7. Aleke Petro va ɖee fia emegbe be yedi be yeƒe nuŋububu nawɔ ɖeka kple Yehowa tɔ? (Kpɔ nɔnɔmetata.)

7 Emegbe Petro ɖee fia be yedi be yeana yeƒe nuŋububu nawɔ ɖeka kple Yehowa tɔ. Ɣeyiɣia de be mɔnukpɔkpɔ nasu dukɔwo me tɔwo si woava zu Kristotɔwo. Mawu dɔ Petro be wòavae ɖe gbeƒã na Kornelio. Enye dukɔwo me tɔ gbãtɔ siwo ava zu Kristotɔwo la dometɔ ɖeka. Yudatɔwo kple dukɔwo me tɔwo menyina kura o, eya ta ehiã be Petro naɖɔ eƒe nuŋububu ɖo hafi ate ŋu awɔ dɔ sia. Esi Petro va nya Mawu ƒe susu le nya sia ŋu la, eɖɔ eƒe nuŋububu ɖo. Eya ta esi Kornelio dɔ ame ɖee be wòava la, ‘megbe o.’ (Dɔw. 10:​28, 29) Eɖe gbeƒã na Kornelio kple eƒe aƒemetɔwo eye woxɔ nyɔnyrɔ.—Dɔw. 10:​21-23, 34, 35, 44-48.

Kornelio kplɔ Petro kple eƒe zɔhɛwo yina ɖe eƒe xɔtaxɔ me.

Petro le gegem ɖe Kornelio ƒe aƒe me (Kpɔ memama 7)


8. Aleke míate ŋu aɖee afia be míebua nuwo ŋu abe ale si Yehowa bunɛ ene? (1 Petro 3:8)

8 Le ƒe aɖewo megbe la, Petro de dzi ƒo na nɔvia Kristotɔwo be woana ‘woƒe susu nawɔ ɖeka.’ (Xlẽ 1 Petro 3:8.) Ne míena míaƒe susu wɔ ɖeka kple Mawu ƒe nuŋububu si wòɖe fia le Biblia mea, ekema mía kple mía nɔviwo ƒe tamesusu hã awɔ ɖeka. Le kpɔɖeŋu me, Yesu de dzi ƒo na eyomedzelawo be woatsɔ Fiaɖuƒea aɖo nɔƒe gbãtɔ le woƒe agbe me. (Mat. 6:33) Nya sia ate ŋu aʋã gbeƒãɖela aɖe le miaƒe hamea me be wòaƒo eɖokui ɖe ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa me. Ne nɔvi aɖe tiae be yeawɔ esia la, mègaɖe dzi le eƒo alo agblɔ nɛ be wòawɔ nu siwo ana agbea nadze edzi nɛ o, ke boŋ gblɔ nya siwo atui ɖo eye nàkpe ɖe eŋu wòaɖo eƒe taɖodzinua gbɔ.

BƆBƆ ÐOKUIWÒ

9-10. Aleke Yesu ɖee fia be yebɔbɔ ye ɖokui?

9 Le zã mamlɛtɔ si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, efia nu vevi aɖe Petro kple apostolo bubuawo tso ɖokuibɔbɔ ŋu. Do ŋgɔ la, Yesu dɔ Petro kple Yohanes be woaɖadzra teƒe si yeaɖu nu kpli wo le zi mamlɛtɔ hafi aku la ɖo. Anɔ eme be dzadzraɖoa bia hã be woakpɔ egbɔ be papahũ kple agba gã li ale be woate ŋu aklɔ afɔ na vavalawo hafi woaɖu nu. Gake ame kae awɔ dɔ tsɛ sia aklɔ afɔ na wo?

10 Yesu mehe ɖe megbe kura le dɔ sia wɔwɔ ŋu o eye esia ɖe ale si gbegbe wòbɔbɔ eɖokuii fia. Zi geɖea, subɔviwoe wɔa dɔ sia eya ta nu si Yesu wɔ la wɔ nuku na eƒe apostoloawo ŋutɔ. Eɖe eƒe awudziwui da ɖi, etsɔ papahũ sa ɖe ali eye wòku tsi ɖe agba gãa me hetsɔe klɔ afɔ na wo. (Yoh. 13:​4, 5) Afɔkɔklɔ na apostolo 12-awo anya xɔ ɣeyiɣi vie, gake Yesu bɔbɔ eɖokui wɔe. Eklɔ afɔ na Yuda si ava dee asi la gɔ̃ hã. Eyome Yesu bia wo be: “Miese nu si mewɔ na mi la gɔmea? Mieyɔam be ‘Nufiala’ kple ‘Aƒetɔ,’ eye esɔ nenema, elabena eyae menye. Eya ta ne nye, ame si nye Aƒetɔ kple Nufiala, meklɔ afɔ na mi la, ekema ele na miawo hã be miaklɔe na mia nɔewo.”—Yoh. 13:​4, 5.

Ðokuibɔbɔ ŋutɔŋutɔ ku ɖe ale si míebua mía ɖokui kple ame bubuwoe ŋu

11. Aleke Petro ɖee fia be yesrɔ̃ ɖokuibɔbɔ? (1 Petro 5:5) (Kpɔ nɔnɔmetataa hã.)

11 Petro srɔ̃ Yesu ƒe ɖokuibɔbɔ. Esi Yesu dzo yi dziƒo megbe la, Petro da gbe le ŋutsu aɖe si nye tekunɔ tso esime wodzii la ŋu nukutɔe. (Dɔw. 1:​8, 9; 3:​2, 6-8) Nu wɔmoyaa sia wɔe be ame geɖe va nyè zi ɖe afi si nua dzɔ le. (Dɔw. 3:11) Togbɔ be amewo dia ŋkɔxɔxɔ le nuto si me Petro tsi le me hã la, mehe susu va eɖokui dzi o. Petro bɔbɔ eɖokui eye meɖe mɔ amewo kafui o; etsɔ kafukafua na ame siwo dze nɛ, siwo nye Yehowa kple Yesu esi wògblɔ be: “[Yesu ƒe] ŋkɔ, kple ŋkɔ sia si dzi míexɔ se la, mee ŋusẽ ɖo ŋutsu sia si kpɔm miele henya nyuie la ŋu le.” (Dɔw. 3:​12-16) Esi Petro ŋlɔ lɛta na nɔvia Kristotɔwo ku ɖe ale si woatu ɖokuibɔbɔ ɖo ŋu la, nya siwo wòzã ate ŋu ana míaɖo ŋku esime Yesu sa papahũ ɖe ali klɔ afɔ na eƒe apostoloawo la dzi.—Xlẽ 1 Petro 5:5.

Petro kple Yohanes le gbedoxɔa me. Petro le asi fiam dziƒo eye ŋutsu aɖe si nye tekunɔ tso esime wodzii, si ŋu woda gbe le, la le tsitre ɖe wo dome.

Esi Petro wɔ nukunu aɖe la, ebɔbɔ eɖokui hetsɔ kafukafua na Yehowa kple Yesu. Míawo hã míate ŋu aɖee afia be míebɔbɔa mía ɖokui ne míewɔa nyui na amewo, evɔ míekpɔa mɔ be woakafu mí alo aɖo eteƒe na mí o (Kpɔ memama 11-12)


12. Aleke míate ŋu atu ɖokuibɔbɔ ɖo abe ale si Petro wɔe ene?

12 Míate ŋu asrɔ̃ Petro ƒe kpɔɖeŋua atu ɖokuibɔbɔ ɖo. Ðo ŋku edzi be menye nya siwo míegblɔna koe ɖenɛ fiana be míebɔbɔa mía ɖokui ŋutɔŋutɔ o. Nya si Petro zã si gɔme woɖe be ɖokuibɔbɔ ku ɖe ale si míebua mía ɖokui kple ame bubuwoe ŋu. Míenyoa dɔme na amewo le esi míelɔ̃ Yehowa kple mía haviwo ta, ke menye esi míedi be míaƒe nu nadze amewo ŋu ta o. Ne míetsɔa dzidzɔ subɔa Yehowa kple nɔviwo togbɔ be ɖewohĩ amewo made dzesii o gɔ̃ hã la, míeɖenɛ fiana be míebɔbɔa mía ɖokui.—Mat. 6:​1-4.

‘ÐƆ ŊU ÐO’

13. Nu kae wòfia be ame ‘naɖɔ ŋu ɖo’?

13 Nu kae wòfia be ame ‘naɖɔ ŋu ɖo’? (1 Pet. 4:7) Kristotɔ si ɖɔa ŋu ɖo dzea agbagba be yeanya Mawu ƒe susu le nuwo ŋu be yeate ŋu atso nya me nyuie. Eɖoa ŋku edzi be naneke megale vevie le agbe sia me wu be ƒomedodo nyui nanɔ ye kple Yehowa dome o. Mabu eɖokui wu ale si dze o, elabe enyae be menye nu sia nue yenya o. Azɔ hã ebɔbɔa eɖokui doa gbe ɖa edziedzi tsɔ ɖenɛ fiana be yeɖoa ŋu ɖe Yehowa ŋu.a

14. Nu kae Petro wɔ si ɖee fia be meɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu o?

14 Le zã mamlɛtɔ si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, egblɔ na eƒe nusrɔ̃lawo be: “Mi katã miagblẽm ɖi le zã sia me.” Petro ka ɖe eɖokui dzi eye wògblɔ be: “Ne ame susɔeawo katã gblẽ wò ɖi hã la, nye ya nyemagblẽ wò ɖi gbeɖe o!” Le zã ma me la, Yesu xlɔ̃ nu eƒe nusrɔ̃lawo be: “Minɔ ŋudzɔ, eye minɔ gbedodoɖa dzi.” (Mat. 26:​31, 33, 41) Ne ɖe Petro wɔ ɖe aɖaŋuɖoɖo sia dzi la, anye ne dzi anɔ eƒo wòalɔ̃ ɖe edzi be Yesu ƒe nusrɔ̃lae yenye. Ðe ema teƒe la, Petro gbe nu le eƒe Aƒetɔ la gbɔ, eye esia va te ɖe edzi ŋutɔ.—Mat. 26:​69-75.

15. Le zã mamlɛtɔ si do ŋgɔ na Yesu ƒe ku me la, aleke wòɖee fia be yeɖɔ ŋu ɖo?

15 Yesu ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu bliboe. Togbɔ be Yesu de blibo hã la, edoa gbe ɖa edziedzi. Esia na dzi nɔ eƒo wòwɔ nu si Yehowa di tso esi. (Mat. 26:​39, 42, 44; Yoh. 18:​4, 5) Ðikeke mele eme o be ale si Yesu doa gbe ɖa edziedzi la tsi susu me na Petro ɖikaa.

16. Aleke Petro ɖee fia be yesrɔ̃ ale si yeaɖɔ ŋu ɖo? (1 Petro 4:7)

16 Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, Petro va srɔ̃ ale si wòaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu geɖe wu le gbedodoɖa me. Esi Mawu fɔ Yesu ɖe tsitre la, Yesu ka ɖe edzi na Petro kple apostolo bubuawo be woaxɔ gbɔgbɔ kɔkɔea ale be woate ŋu awɔ gbeƒãɖeɖedɔ si yede wo si la ade goe. Ke hã, Yesu gblɔ na wo be woalala le Yerusalem va se ɖe esime esia va eme. (Luka 24:49; Dɔw. 1:​4, 5) Nu kae Petro nɔ wɔwɔm esime wònɔ lalam? Biblia gblɔ be Petro kple ehati Kristotɔwo “nɔ gbedodoɖa dzi.” (Dɔw. 1:​13, 14) Le lɛta gbãtɔ si Petro va ŋlɔ emegbe me la, ede dzi ƒo na hati Kristotɔwo be woaɖɔ ŋu ɖo eye woaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me. (Xlẽ 1 Petro 4:7.) Petro srɔ̃ ale si wòaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu, eye wòdo ŋusẽ nɔviwo le hamea me.—Gal. 2:9.

17. Dzɔdzɔmeŋutete ka kee ɖale mía si o, nu kae wòle be míanɔ wɔwɔm? (Kpɔ fotoa hã.)

17 Be míate ŋu aɖɔ ŋu ɖo la, ele be míanɔ gbe dom ɖa na Yehowa edziedzi. Míeɖoa ŋku edzi be dzɔdzɔmeŋutete ka kee ɖale mía si o, ele be míanɔ gbe dom ɖa na Yehowa edziedzi. Esia gale vevie wu ne eva hiã be míatso nya me le nu veviwo ŋu. Le go siawo me la, míedoa gbe ɖa na Yehowa be wòafia mɔ mí elabe míeka ɖe edzi be eyae nya nu si nyo na mí.

Petro srɔ̃ ale si wòaɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le gbedodoɖa me. Míate ŋu aɖɔ ŋu ɖo ne míedoa gbe ɖa na Yehowa be wòakpe ɖe mía ŋu, vevietɔ ne eva hiã be míatso nya me le nya veviwo ŋu (Kpɔ memama 17)b


18. Aleke míate ŋu ana míaƒe nuŋububu nawɔ ɖeka kple Yehowa tɔ geɖe wu?

18 Míedaa akpe ŋutɔ be Yehowa na ŋutete mí be míaɖe yeƒe nɔnɔme nyuiwo afia. (1 Mose 1:26) Ele eme be míate ŋu aɖe Yehowa ƒe nɔnɔmewo afia le mɔ deblibo nu ya o. (Yes. 55:9) Gake abe Petro enea, míate ŋu ana míaƒe nuŋububu nawɔ ɖeka kple Yehowa tɔ geɖe wu. Neva eme be míayi edzi asrɔ̃ ale si Mawu bua nuwo ŋui, míabɔbɔ mía ɖokui eye míaɖɔ ŋu ɖo.

ALEKE NÀÐO WO ŊUI?

  • Aleke míasrɔ̃ ale si Yehowa bua nuwo ŋui?

  • Aleke míate ŋu abɔbɔ mía ɖokui?

  • Aleke míate ŋu ‘aɖɔ ŋu ɖo’?

HADZIDZI 30 Yehowae Nye Fofonye Kple Xɔ̃nye

a Ne èdi be yeanya nu geɖe tso nu si wòfia be woaɖɔ ŋu ɖo alo woanɔ ŋute le gbɔgbɔ me ŋu la, ʋu “Mawunyakpukpui Siwo Me Woɖe” le jw.org alo JW Library® dɔwɔnua me eye nàdi “2 Timoteo 1:7 Me Ðeɖe—‘Gbɔgbɔ Si Mawu Na Mí La Menana Míevɔ̃na O.’” Àkpɔ ale si woɖe nya “Ŋuɖɔɖo ƒe gbɔgbɔ” me le ete.

b NU SI LE EDZI YIM LE NƆNƆMETATAAWO ME: Nɔvinyɔnu aɖe le gbe dom ɖa le susu me esime wòyi dɔ diƒe.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe