NUSƆSRƆ̃NYATI 25
HADZIDZI 96 Mawu Ŋutɔ Ƒe Agbalẽ—Kesinɔnue
Nufiame Siwo Le Yakob Ƒe Nya Mamlɛawo Me Na Mí—Akpa 2
“[Eyra] wo dometɔ ɖe sia ɖe wotɔwotɔe.”—1 MOSE 49:28.
TAÐODZINUA
Le nyati sia me la, míakpɔ nya siwo Yakob gblɔ ɖi le eƒe kuba dzi tso via enyi susɔeawo ŋu.
1. Nu ka mee míadzro le nyati sia me?
YAKOB si ku amegã la ƒe viŋutsuwo ƒo xlãe nɔ to ɖom eƒe nyawo vevie. Abe ale si míedzro eme le nyati si do ŋgɔ me ene la, nya siwo Yakob gblɔ na Ruben, Simeon, Lewi, kple Yuda anya wɔ moyaa na wo ale gbegbe. Eya ta woanya di vevie be yewoase nya si le yewo fofo si na yewo nɔvi enyi susɔeawo hã. Mina míakpɔ nu siwo míate ŋu asrɔ̃ tso nya siwo Yakob gblɔ na Zebulon, Isakar, Dan, Gad, Aser, Naftali, Yosef, kple Benyamin la me.a
ZEBULON
2. Nya kae Yakob gblɔ tso Zebulon ŋu, eye aleke wòva emee? (1 Mose 49:13) (Kpɔ aɖakaa hã.)
2 Xlẽ 1 Mose 49:13. Yakob ɖee fia be Zebulon ƒe dzidzimeviwo anɔ ƒuta le Ŋugbedodonyigbaa ƒe dziehe gome. Le ƒe 200 kple edzivɔ megbe la, Zebulon toa xɔ domenyinu. Teƒe si wotsɔ na wo la le Galilea-ƒua kple Mediteranea Ƒua alo Domeƒua dome. Mose gblɔe ɖi be: “Oo Zebulon kpɔ dzidzɔ ɖe wò dodo ŋu.” (5 Mose 33:18) Anɔ eme be esi Zebulon viwo le ƒu eve dome ta la, mɔnukpɔkpɔ su wo si be woate ŋu atsa asi kple du bubu me tɔwo bɔbɔe. Aleke kee wòɖale o, susu geɖe li siwo ta wòle be Zebulon viwo nakpɔ dzidzɔ ɖo.
3. Nu kae akpe ɖe mía ŋu míakpɔ dzidzɔ ɖe nu siwo le mía si ŋu?
3 Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Afi ka kee míeɖale alo aleke kee míaƒe nɔnɔmea ɖale o, susu geɖewo li siwo tae míate ŋu akpɔ dzidzɔ. Be míayi edzi anɔ dzidzɔ kpɔm la, ele be míana nu siwo le mía si nadze mía ŋu. (Ps. 16:6; 24:5) Ele bɔbɔe be míaƒe susu nanɔ nu siwo mele mía si o ŋu tsɔ wu be wòanɔ nu nyui siwo su mía si ŋu. Eya ta dze agbagba nàna wò susu nanɔ nu siwo su asiwò ŋu ale be nàkpɔ dzidzɔ.—Gal. 6:4.
ISAKAR
4. Nya kae Yakob gblɔ tso Isakar ŋu, eye aleke eƒe nyawo va emee? (1 Mose 49:14, 15) (Kpɔ aɖakaa hã.)
4 Xlẽ 1 Mose 49:14, 15. Yakob kafu Isakar ɖe eƒe dɔ sesẽ wɔwɔ ta. Etsɔ Isakar sɔ kple tedzi, si nye lã aɖe si ƒe ƒuwo sẽ wòtea ŋu tsɔa agba kpekpewo. Yakob gblɔe ɖi hã be Isakar ƒe anyigbaa anyo ŋutɔ. Yakob ƒe nyawo va eme; Isakar ƒe dzidzimeviwo xɔ woƒe domenyinu ɖe Yordan Tɔsisia to. Anyigba ma nyo eye wòwɔa nu ale gbegbe. (Yos. 19:22) Isakar ƒe dzidzimeviwo wɔ dɔ sesẽ hede agble ɖe anyigbaa dzi, eye wowɔ dɔ vevi geɖe siwo ɖe vi na ame bubuwo hã. (1 Fia. 4:7, 17) Le kpɔɖeŋu me, esi Ʋɔnudrɔ̃la Barak kple nyɔnunyagblɔɖila Debora bia tso Israel-viwo si be woawɔ aʋa kple Sisera la, Isakar viwo tsɔ wo ɖokui na faa kpe asi ɖe wo ŋu, eye ɣebubuɣiwo hã wolɔ̃ faa kpe asi ɖe aʋa ŋu.—Ʋɔn. 5:15.
5. Nu ka tae wòle be míado vevie dɔ?
5 Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Yehowa dea asixɔxɔ dɔ siwo míewɔna le esubɔsubɔ me ŋu, abe ale si wòde asixɔxɔ dɔ sesẽ siwo Isakar toa wɔ ŋu ene. (Nyagb. 2:24) Bu nɔvi siwo wɔa dɔ sesĩe léa be na hamea egbea ŋu kpɔ. (1 Tim. 3:1) Ele eme be egbea nɔvi siawo meyia aʋa ŋutɔŋutɔ o, gake wokua kutri wɔa dɔ sesĩe kpena ɖe nɔviwo ŋu be woa kple Yehowa dome nakpɔtɔ anɔ nyuie. (1 Kor. 5:1, 5; Yuda 17-23) Azɔ hã wodzea agbagba dzraa nuƒowo ɖo tsɔ doa ŋusẽ nɔviawo.—1 Tim. 5:17.
DAN
6. Dɔ kae wode asi na Dan toa? (1 Mose 49:17, 18) (Kpɔ aɖakaa hã.)
6 Xlẽ 1 Mose 49:17, 18. Yakob tsɔ Dan sɔ kple da si ɖua afɔkpodzi na lã siwo lolo hesesẽ wui. Da tea ŋu ɖua afɔkpodzi na sɔ si wozãna le aʋawɔwɔ me si wɔnɛ be nu gblẽna le edola hã ŋu. Dzi nɔ Dan toa ƒo eye wonɔ klalo be yewoakpe aʋa kple Israel ƒe futɔwo katã. Esi Israel dukɔa nɔ mɔ dzi yina Ŋugbedodonyigbaa dzi la, Dan toa me tɔwoe nye “megbexeawo,” eye wokpɔ dukɔa ta tso futɔwo si me. (4 Mose 10:25) Togbɔ be Israel to bubuawo mekpɔ dɔ siwo gbegbe Dan toa wɔ le wo megbe o hã la, woƒe dɔa nɔ vevie ŋutɔ.
7. Aleke wòle be míabu dɔ siwo míewɔna le Yehowa subɔsubɔ me?
7 Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Anɔ eme be èku kutri wɔ dɔ aɖewo, evɔ wòwɔ na wò be amewo mede dzesii o. Ðewohĩ èkpe asi ɖe eŋu wowɔ dɔ aɖewo tsɔ lé be na Fiaɖuƒe Akpata alo ènɔ eme wodzrae ɖo. Ðewohĩ ètsɔ ɖokuiwò na faa kpe asi ɖe dɔwo ŋu le takpekpe me. Ne nenemae la, ke èwɔe nyuie ŋutɔ! Ka ɖe edzi be Yehowa dea dzesi nu sia nu si nèwɔna nɛ eye wòdea asixɔxɔ eŋu. Ne lɔlɔ̃e ʋã wò nèdoa vevie nu le Yehowa subɔsubɔ me, ke menye kple susu be amewo nakafu ye o la, esia dzea Yehowa ŋu ŋutɔ.—Mat. 6:1-4.
GAD
8. Nu ka tae wòle bɔbɔe be futɔwo nadze Gad toa dzi? (1 Mose 49:19) (Kpɔ aɖakaa hã.)
8 Xlẽ 1 Mose 49:19. Yakob gblɔe ɖi be adzohawo adze Gad dzi. Ƒe 200 kple edzivɔ megbe la, Gad toa va nɔ anyigba si le Yordan Tɔsisia ƒe ɣedzeƒe gome dzi eye wodo liƒo kple futɔwo. Teƒe si wole la wɔe be futɔwo ate ŋu adze wo dzi bɔbɔe. Ke hã, Gad viwo di be yewoanɔ afi ma elabe teƒea nyo na lãnyinyi. (4 Mose 32:1, 5) Edze ƒãa be dzi nɔ Gad viwo ƒo ale gbegbe. Woka ɖe edzi be Yehowa akpe ɖe yewo ŋu yewoakpɔ anyigba si wòna yewo la ta tso adzohawo si me. Wodɔ woƒe aʋawɔlawo be woayi aɖakpe asi ɖe to bubuawo me tɔwo ŋu le Yordan Tɔsisia ƒe go kemɛ dzi ƒe geɖe ale be woawo hã woate ŋu axɔ woƒe anyigbawo. (4 Mose 32:16-19) Woka ɖe edzi bliboe be Yehowa akpɔ yewo srɔ̃wo kple yewo viwo ta. Yehowa yra wo ɖe woƒe dzinɔameƒo kple ɖokuitsɔtsɔsavɔ la ta.—Yos. 22:1-4.
9. Ne míeka ɖe Yehowa dzi la, nyametsotso kawoe esia aʋã mí míawɔ?
9 Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Be míayi edzi asubɔ Yehowa le nɔnɔme madeamedziwo me la, ele be míaɖo ŋu ɖe eyama ŋu ɣesiaɣi. (Ps. 37:3) Togbɔ be agbea le sesẽm hã la, nɔvi geɖe subɔna le afi si hiahiã geɖe le alo tsɔa wo ɖokuiwo nana faa wɔa dɔ sesẽ tsɔ kpea asi ɖe teokrasi xɔtudɔwo kple habɔbɔa ƒe dɔ bubuwo ŋu. Wowɔa esia elabena woka ɖe edzi bliboe be Yehowa alé be na yewo ɣesiaɣi.—Ps. 23:1.
ASER
10. Nu kae Aser toa mewɔ o? (1 Mose 49:20) (Kpɔ aɖakaa hã.)
10 Xlẽ 1 Mose 49:20. Yakob gblɔe ɖi be nu ade Aser ƒe dzidzimeviwo dzi, eye nenema tututu wòdzɔe. Anyigba si Aser toa xɔ la nyo ale gbegbe. (5 Mose 33:24) Woƒe anyigba do liƒo kple Domeƒua eye wòte ɖe Sidon tɔdziʋudzeƒe si nye Foiniketɔwo ƒe asitsaƒe gã ŋu. Gake Aser viwo menya Kanaantɔwo ɖa le anyigbaa dzi o. (Ʋɔn. 1:31, 32) Esi nu dze edzi na Aser viwo eye Kanaantɔwo kpɔ ŋusẽ gbegblẽ ɖe wo dzi ta la, womegate ŋu tsɔ dzo ɖe tadedeagu dzadzɛa ŋu o. Le kpɔɖeŋu me, esi Ʋɔnudrɔ̃la Barak bia tso Israel-viwo si be woatsɔ wo ɖokui ana awɔ aʋa kple Kanaantɔwo la, Aser toa me tɔwo mena kpekpeɖeŋu aɖeke o. Esia wɔe be womekpɔ ale si Yehowa kpe ɖe Israel-viwo ŋu woɖu aʋa dzi nukutɔe ‘le Megido-tɔa nu’ la teƒe o. (Ʋɔn. 5:19-21) Ŋu anya kpe Aser viwo ŋutɔ esi wose aʋadziɖuha si Mawu ƒe gbɔgbɔ ʋã Barak kple Debora wodzi, si ƒe akpa aɖee nye “Aser nɔ anyi ɖi ɖe ƒuta,” si fia be Aser viwo nɔ anyi naneke mawɔmawɔe.—Ʋɔn. 5:17.
11. Nu ka tae wòle be míada asɔ le ale si míebua ŋutilãmenuwoe me?
11 Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Ele be míatsɔ míaƒe nu nyuitɔwo kekeake ana Yehowa. Be míawɔ esia la, ele be míakpɔ nyuie be míagava nɔ nuwo ŋu bum abe ame siwo mesubɔa Yehowa o, siwo bua ga kple nunɔamesiwo be wonye nu vevitɔwo le agbe me, la ene o. (Lod. 18:11) Togbɔ be míehiã ga hã la, ele be míadze agbagba be susu si da sɔ nanɔ mía si ɖe ga ŋu. (Nyagb. 7:12; Heb. 13:5) Mele be míavu ɖe ŋutilãmenu siwo mehiã o didi ŋu o. Ke boŋ anyo be míazã míaƒe ŋusẽ kple ɣeyiɣi atsɔ asubɔ Yehowa fifia elabena míenyae be ne míewɔ nuteƒe la, aɖo eteƒe na mí le xexe yeyea me.—Ps. 4:8.
NAFTALI
12. Mɔ ka nue nya si Yakob gblɔ na Naftali anya va eme le? (1 Mose 49:21) (Kpɔ aɖakaa hã.)
12 Xlẽ 1 Mose 49:21. Yakob gblɔ be “nya viviwo le [Naftali si] wògblɔna.” Anɔ eme be “nya vivi” siawo ku ɖe nya siwo Yesu gblɔ le eƒe subɔsubɔdɔa me ŋu. Yesu zã ɣeyiɣi geɖe le Kapernaum, si nye Naftali toa ƒe anyigba. Esia tae ne Yesu yi Kapernaum la, wogblɔna be eyi “wo de.” (Mat. 4:13; 9:1; Yoh. 7:46) Yesaya gblɔe ɖi be Yesu anye “kekeli gã aɖe” na Zebulon kple Naftali toawo. (Yes. 9:1, 2) Nyateƒee, Yesu to eƒe nufiafia dzi nye “kekeli vavãtɔ si klẽna na ame ɖe sia ɖe ƒomevi.”—Yoh. 1:9.
13. Nu kae míawɔ be nya siwo míegblɔna nadze Yehowa ŋu?
13 Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Nya siwo míegblɔna kple ale si míegblɔa woe le vevie na Yehowa. “Nya vivi” kawoe míate ŋu agblɔ wòadze Yehowa ŋu? Gbã, ele be míato nyateƒe ɣesiaɣi. (Ps. 15:1, 2) Evelia, ele be nya siwo míegblɔna nade dzi ƒo na ame. Le kpɔɖeŋu me, ne mía nɔviwo wɔ nu nyui aɖe la, anyo be míakafu wo, eye míaganɔ nu ƒom tso woƒe vodadawo ŋu alo anɔ nyatoƒoe tom o. (Ef. 4:29) Etɔ̃lia, ele be míadze agbagba be míaƒe dzeɖoɖo kple amewo le gbeadzi naganyo wu ale be woalɔ̃ ase nya nyuia.
YOSEF
14. Aleke nya si Yakob gblɔ ɖi tso Yosef ŋu va emee? (1 Mose 49:22, 26) (Kpɔ aɖakaa hã.)
14 Xlẽ 1 Mose 49:22, 26. Ðikeke mele eme o be Yosef ƒe nu do dzidzɔ na Yakob vevie ŋutɔ. Yehowa ‘ɖee ɖe vovo tso nɔviawo dome,’ eye wòzãe le mɔ tɔxɛ nu. Yakob yɔ Yosef be “ati tseku ƒe dzeɖexɛ.” Yakob ye nye ati tsekua, eye Yosef ye nye eƒe dzeɖexɛa. Yosef nye Yakob srɔ̃ lɔlɔ̃a Rahel ƒe ŋgɔgbevi. Yakob gblɔe ɖi be Yosef ye axɔ ŋgɔgbevinyenye ƒe gomea, ke menye Ruben, si nye Lea ƒe ŋgɔgbevi la o. (1 Mose 48:5, 6; 1 Kron. 5:1, 2) Nya sia va eme esime Yosef vi eve siwo nye Efrayim kple Manase va zu to eve le Israel, eye wo dometɔ ɖe sia ɖe xɔ woƒe anyigba ɖe vovo.—1 Mose 49:25; Yos. 14:4.
15. Esi wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe Yosef ŋu la, aleke wòwɔ nui?
15 Yakob gblɔe ɖi be “aŋutrɔdalawo le fu ɖem [na Yosef] vevie, wotee kple da, eye wolé fui.” (1 Mose 49:23) Aŋutrɔdala mawoe nye Yosef ŋutɔ foawo, woʋã ŋui eye wowɔ nu madzɔmadzɔ ɖe eŋu, si na wòkpe fu ŋutɔ. Ke hã, Yosef melé fu nɔviawo o, eye mebu fɔ Yehowa ɖe nu si dzɔ ɖe edzi ta o. Yakob gblɔe wòsɔ be: “[Yosef ƒe] dati le enɔƒe, eƒe asi tsɔna eye ŋusẽ le eŋu.” (1 Mose 49:24) Ɛ̃, ŋusẽ kple ŋutetea nɔ Yosef ŋu wòazã eƒe “dati” atsɔ atu nu kpli wo hafi, gake mewɔe o. Ke boŋ etsɔ lɔlɔ̃ kple nublanuikpɔkpɔ ɖu woƒe fulélea dzi. Yosef ɖo ŋu ɖe Yehowa ŋu le eƒe xaxawo katã me, etsɔe ke foawo eye wòwɔ nu ɖe wo ŋu nyuie. (1 Mose 47:11, 12) Yosef meɖe mɔ xaxa siwo me wòto na wòlé dziku ɖe dɔme o, ke boŋ ena esia kpe ɖe eŋu wòtu nɔnɔme nyuiwo ɖo. (Ps. 105:17-19) Le esia ta la, Yehowa zãe le mɔ tɔxɛ nu.
16. Aleke míate ŋu asrɔ̃ Yosef ne míele xaxawo me tom?
16 Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Mele be míaɖe mɔ gbeɖe be xaxa siwo me tom míele nate mí ɖa tso Yehowa alo mía nɔvi Kristotɔwo gbɔ o. Ðo ŋku edzi be ne míele nɔnɔme sesẽwo me tom la, Yehowa ate ŋu ato edzi ana hehe mí. (Heb. 12:7, etenuŋɔŋlɔ) Esia ate ŋu akpe ɖe mía ŋu be míatu Kristotɔwo ƒe nɔnɔme nyuiwo, abe nublanuikpɔkpɔ kple tsɔtsɔke ene ɖo. (Heb. 12:11) Ne míeyi edzi do dzi le xaxawo me la, Yehowa aɖo eteƒe na mí abe ale si wòwɔe na Yosef ene.
BENYAMIN
17. Aleke nyagblɔɖi si ku ɖe Benyamin ŋu va emee? (1 Mose 49:27) (Kpɔ aɖakaa hã.)
17 Xlẽ 1 Mose 49:27. Yakob gblɔe ɖi be ŋusẽ anɔ Benyamin toa ŋu abe amegãxi ene eye woanye aʋawɔla sesẽwo. (Ʋɔn. 20:15, 16; 1 Kron. 12:2) Nya “ŋdi” si Yakob zã la he susu yi Israel fiaɖuƒea ƒe gɔmedzedze dzi. Benyamin toa mee Saul si nye Israel-fia gbãtɔ tso. Ewɔ kalẽ ho aʋa ɖe Filistitɔwo ŋu. (1 Sam. 9:15-17, 21) Nya “fiẽ” si Yakob zã la he susu yi Israel-fiawo ƒe dziɖuɖu ƒe nuwuɣi dzi, esime Fianyɔnu Esta kple Dudɔnunɔla Mordekai, siwo tso Benyamin toa me la, xɔ na Israel-viwo ale be futɔwo metsrɔ̃ wo le Persia Fiaɖuƒea me o.—Esta 2:5-7; 8:3; 10:3.
18. Kpɔɖeŋu nyui kae Benyamin toa ɖo, eye aleke míate ŋu asrɔ̃ woe?
18 Nu kae míesrɔ̃ tso eme? Dzi anya dzɔ Benyamin ƒe dzidzimeviwo be Saul si tso yewoƒe toa me la zu Israel-fia. Gake emegbe Yehowa va ɖo David si tso Yuda toa me fia. Togbɔ be edzɔ alea hã la, Benyamin toa va kpe asi ɖe Fia David ŋu mlɔeba. (2 Sam. 3:17-19) Ƒe geɖe megbe esi Israel to ewoawo dze aglã ɖe Yuda toa ŋu la, Benyamin toa ya ku ɖe Yuda toa ŋu eye woyi edzi wɔ nuteƒe na fia si Yehowa ɖo. (1 Fia. 11:31, 32; 12:19, 21) Neva eme be míayi edzi awɔ nuteƒe akpe asi ɖe ame siwo Yehowa tia be woaxɔ ŋgɔ le yeƒe amewo dome egbea ŋu.—1 Tes. 5:12.
19. Aleke nya siwo Yakob gblɔ ɖi le eƒe kuba dzi ate ŋu aɖe vi na mí?
19 Nya si Yakob gblɔ ɖi le eƒe kuba dzi ate ŋu aɖe vi na mí. Nu siwo míesrɔ̃ tso Yakob ƒe nyagblɔɖia me kple ale si wova emee la doa ŋusẽ míaƒe xɔse eye wònana míekana ɖe edzi be nya siwo katã Yehowa gblɔ ɖi ava eme. Míeva kpɔ ale si woyra Yakob viwoe, eye esia kpe ɖe mía ŋu míekpɔe be ne míewɔ nu si dze Yehowa ŋu la, ayra mí.
HADZIDZI 128 Do Dzi Va Se Ðe Nuwuwu
a Yakob yra viaŋutsu ene gbãtɔ siwo nye Ruben, Simeon, Lewi, kple Yuda ɖe ɖoɖo si nu wodzi woe nu tso vi gbãtɔ dzi va ɖo enelia dzi. Gake esi wòƒo nu na viaŋutsu enyi susɔeawo ya mewɔe ɖe ɖoɖo ma nu o.