Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
“Tame” kae Yehowa ade dzi me na dukɔwo le etsɔme kpuie?
Nyaɖeɖefia 17:16, 17 gblɔ tso xaxa gã si ava le etsɔme kpuie la ŋu be: “Dzo ewo siwo nèkpɔ kple lã wɔadã la, woawo alé fu gbolo la, woagblẽe aɖe amae, aɖu eƒe ŋutilã, eye woatɔ dzoe wòafiã keŋkeŋ. Elabena Mawu tsɔe de woƒe dzi me be woawɔ nu si yeɖo ɖe tame la dzi, si nye be woawɔ woƒe tameɖoɖo ɖeka la dzi, be woatsɔ woƒe fiaɖuƒe ana lã wɔadã la, va se ɖe esime Mawu ƒe nyawo nava eme.” Tsãa, míegblɔe le míaƒe agbalẽwo me be “tame” si Yehowa ade dzi me na dukɔwo ye nye be woatsrɔ̃ alakpasubɔsubɔ.
Ke hã, míeva kpɔe be ehiã be míawɔ asitɔtrɔ le ale si míese nya sia gɔmee ŋu. “Tame” si Yehowa ade dzi me na dukɔwo ye be “woatsɔ woƒe fiaɖuƒe ana lã wɔadã la.” Be míase ale si nya sia ava emee gɔme la, míaɖo biabia siwo gbɔna ŋu.
Ame kawo ŋue woƒo nu tsoe le nyagblɔɖia me? “Gbolo la” ye wogayɔna be “Babilon Gã la”; ele tsitre ɖi na alakpasubɔsubɔhawo katã ƒe ƒuƒoƒo. ‘Lã wɔadã si biã helĩhelĩ’ la le tsitre ɖi na Dukɔ Ƒoƒuawo. Woɖo Dukɔ Ƒoƒuawo anyi le ƒe 1919 me be wòana ŋutifafa nanɔ xexea me eye wotsɔ ŋkɔ nɛ ɣemaɣi be Dukɔwo Ƒe Nubabla. (Nyaɖ. 17:3-5) ‘Dzo ewoawo’ le tsitre ɖi na dziɖuɖu siwo katã da megbe na lã wɔadã la.
Kadodo kae le gbolo la kple lã wɔadã si biã helĩhelĩ la dome? Gbolo la ‘bɔbɔ nɔ’ lã wɔadã si biã helĩhelĩ la dzi, si fia be ekpea asi ɖe eŋu eye wòdzea agbagba be yeakpɔ ŋusẽ ɖe edzi alo aɖo nu nɛ gɔ̃ hã.
Nu kae adzɔ ɖe gbolo la dzi? Lã wɔadãa kple dzo ewo siwo da megbe nɛ la “alé fu gbolo la.” Woalé fui ale gbegbe be woaha eƒe kesinɔnuwo eye woaklo nu le eƒe vɔ̃ɖivɔ̃ɖi dzi. Eyome woatsrɔ̃e keŋkeŋ abe ale si Yehowa gblɔe ene. (Nyaɖ. 17:1; 18:8) Emae ahe alakpasubɔsubɔhawo katã ava nuwuwui. Gake hafi ema nadzɔ la, Yehowa ana dukɔwo nawɔ nane si medzɔ kpɔ le amegbetɔwo ƒe ŋutinya me o.
Nu kae Yehowa ana dukɔwo nawɔ? Yehowa adee dzi me na dzo ewoawo be woawɔ “tame” si yeɖo la dzi, si nye be ‘woatsɔ woƒe ŋutete kple ŋusẽ ana lã wɔadã [si biã helĩhelĩ] la,’ si le tsitre ɖi na Dukɔ Ƒoƒuawo. (Nyaɖ. 17:13) Wò ya bu nya sia ŋu kpɔ. Ðe amegbetɔ ƒe dziɖuɖuwo atso nya me le wo ɖokui si be yewoatsɔ yewoƒe ŋusẽ ana lã wɔadã la? Gbeɖe! Nyagblɔɖia fia be Mawu ŋutɔe adee dzi me na wo be woawɔe nenema. (Lod. 21:1; tsɔe sɔ kple Yesaya 44:28.) Ke ɖe woawɔ esia vivivia? Ao! Edze ƒãa be enye nu si adzɔ zi ɖeka kpoyi. Ekema lã wɔadã si ŋu ŋusẽ gaɖo geɖe wu la ahe Yehowa ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ ava alakpasubɔsubɔhawo dzi ahaɖe wo ɖa keŋkeŋ.
Nu kae míele mɔ kpɔm be adzɔ le etsɔme? Mele be míakpɔ mɔ be míase le nyadzɔdzɔwo me be vivivi la dziɖuɖuwo va le asi kpem ɖe Dukɔ Ƒoƒuawo ŋu geɖe wu tsã o. Ke nu si míakpɔ mɔ nae nye esi: Gbe ɖeka kple eƒe zãdodo koa, Yehowa adee dzi me na dukɔwo be woatsɔ woƒe dziɖuŋusẽ ana lã wɔadã la. Ne edzɔ alea ko la, ke míanyae be xaxa gã la ƒe yae nye ema te ƒoƒo. Eya ta “mina míanɔ ŋudzɔ, eye míanɔ mo xexi” elabena tɔtrɔ kpatawo ava kpuie!—1 Tes. 5:6.