BIBLIA ME NYAGBE
Zã Wò “Gbɔgbɔmenunana” La Nyuie
Mí katã míekpɔa dzidzɔ kple ŋusẽdodo ne míede ha kple mía nɔvi Kristotɔwo. Gake ele be míawɔ nu si yi ŋgɔ wu ema be hadede kple mía nɔewo natu mí ɖo ŋutɔŋutɔ. Biblia yɔ ŋutete si le mía si be míado ŋusẽ mía nɔewo ƒe xɔse la be “gbɔgbɔmenunana.” (Rom. 1:11, 12) Aleke míawɔ nunana ma ŋu dɔ be wòaɖe vi bliboe?
Wò nyawo nede dzi ƒo na amewo. Le kpɔɖeŋu me ne èle nya ŋu ɖom le kpekpeawo la, mègaƒo nu fũu tso ɖokuiwò kple nu siwo nènya ŋu o, ke boŋ wò nyaŋuɖoɖo neku ɖe Yehowa, eƒe Nyaa, kple eƒe amewo ŋu. Eye ne èle dze ɖom kple nɔviwo la, ƒo nu tso nu siwo ado ŋusẽ woƒe xɔse la ŋu.
Wò nyametsotsowo kple nuwɔnawo nede dzi ƒo na amewo. Le kpɔɖeŋu me, ne èyi edzi le ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa wɔm togbɔ be nuwo mele bɔbɔe na wò o hã la, ade dzi ƒo na nɔviwo. Amewo ade dzesi ale si nèdoa vevie nu dea kwasiɖa domedome kpekpeawo togbɔ be lãmegbegblẽ ɖea fu na wò alo dɔ si nèwɔna wɔnɛ be vovo menɔa ŋuwò kura o gɔ̃ hã.
Ðe wò nyagbɔgblɔwo kple nuwɔnawo dea dzi ƒo na nɔviawoa? Eye ɖe nèdea dzesi nu siwo nɔviwo wɔna alo nya siwo wogblɔna tsɔ dea dzi ƒo na wòa?