INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 172
  • Ame Kae Nye Maria Magdalatɔ La?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ame Kae Nye Maria Magdalatɔ La?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Gboloe Maria Magdalatɔ la nyea?
  • Ðe Maria Magdalatɔ la nye “apostolo na apostoloawoa”?
  • Ðe Maria Magdalatɔ la nye Yesu Kristo srɔ̃a?
  • Nyabiabia Siwo Tso Exlẽlawo Gbɔ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2004
  • Nu Siwo Míate Ŋu Asrɔ̃ Tso Maria Ƒe Kpɔɖeŋu Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2009
  • ‘Kpɔ Ða! Yehowa Ƒe Dɔlanyɔnue Menye!’
    Srɔ̃ Woƒe Xɔse
  • Vevesese Ƒo Ðee Abe Yi Ene, Gake Edo Dzi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 172
Maria Magdalatɔ la do go Yesu si wofɔ ɖe tsitrea le yɔdo si tsi ƒuƒlu la gbɔ.

Ame Kae Nye Maria Magdalatɔ La?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Maria Magdalatɔ la nye Yesu Kristo yomedzela wɔnuteƒe aɖe. Anɔ eme be esi wòtso du si nye Magdala (alo Magadan) me tae woyɔnɛ be Magdalatɔ ɖo. Du sia te ɖe Galilea-ƒua ŋu. Eye ɖewohĩ Maria nɔ afi ma kpɔ.

Maria Magdalatɔ la nɔ nyɔnu siwo zɔ mɔ kple Yesu kple eƒe nusrɔ̃lawo eye wotsɔa woƒe nunɔamesiwo subɔa woa dome. (Luka 8:1-3) Maria kpɔ eteƒe esi wowu Yesu, eye esi wofɔ Yesu ɖe tsitrea, eya hã nɔ ame gbãtɔ siwo kpɔ Yesua dome.—Marko 15:40; Yohanes 20:11-18.

  • Gboloe Maria Magdalatɔ la nyea?

  • Ðe Maria Magdalatɔ la nye “apostolo na apostoloawoa”?

  • Ðe Maria Magdalatɔ la nye Yesu Kristo srɔ̃a?

  • Ame nenie woyɔ be Maria le Biblia me?

Gboloe Maria Magdalatɔ la nyea?

Biblia megblɔ be Maria Magdalatɔ la nye gbolo o. Nya si Biblia gblɔ tso eŋu koe nye be Yesu nyã gbɔgbɔ vɔ̃ adre do goe le eme.—Luka 8:2.

Ke aleke wòdzɔe be ame aɖewo gblɔna be gboloe wònye? Ƒe alafa aɖewo le Maria ƒe ku megbea, ame aɖewo va nɔ gbɔgblɔm be eyae nye nyɔnu si ŋkɔ womeyɔ o (ɖewohĩ si nye gbolo) si fa aɖatsi ɖe Yesu ƒe afɔwo dzi eye wòtsɔ eƒe taɖawo tutui. (Luka 7:36-38) Ke hã, naneke mele Biblia me si ɖo kpe edzi be eyae wɔ nu ma o.

Ðe Maria Magdalatɔ la nye “apostolo na apostoloawoa”?

Ao. Katoliko Sɔlemehaa yɔ Maria be “Maria Kɔkɔe Magdalatɔ” kple “apostolo na apostoloawo,” elabe esi wofɔ Yesu ɖe tsitrea, enɔ ame siwo vae gblɔ nyaa na apostoloawo gbãa dome. (Yohanes 20:18) Gake esia mefia be enye apostolo o. Eye womeyɔe le Biblia ƒe teƒe aɖeke be apostolo hã o.—Luka 6:12-16.

Wowu Biblia ŋɔŋlɔ nu le ƒe alafa gbãtɔ Kristotɔwo Ŋɔli (K.Ŋ.) me lɔƒo. Gake ƒe alafa adelia mee sɔlemehaa ƒe ŋgɔnɔlawo ɖoe be yewoade bubu tɔxɛ Maria Magdalatɔ la ŋu. Wogblɔ le agbalẽ aɖewo siwo woŋlɔ le ƒe alafa evelia kple ƒe alafa etɔ̃lia me be, Yesu ƒe apostolo aɖewo ʋã ŋu Maria. Agbalẽ mawo menye Biblia ƒe akpa aɖeke o. Nya mawo nye nyakpakpawo eye naneke mele Biblia me si ɖo kpe wo dzi o.

Ðe Maria Magdalatɔ la nye Yesu Kristo srɔ̃a?

Ao. Le nyateƒe mea, Biblia na eme kɔ ƒãa be Yesu meɖe srɔ̃ o.a

a Kpɔ nyati si nye “Ðe Yesu Ðe Srɔ̃ Kpɔa? Ðe Nɔviwo Nɔ Yesu Sia?”

Ame nenie woyɔ be Maria le Biblia me?

Nyɔnu adee woyɔ be Maria le Biblia me.b

  1. 1. Yesu dada.—Mateo 1:18.

  2. 2. Marta kple Lazaro nɔvinyɔnu.—Yohanes 11:1, 2.

  3. 3. Maria Magdalatɔ la.—Luka 8:2.

  4. 4. Yakobo kple Yose dada.—Mateo 27:56.

  5. 5. Yohanes si wogayɔna be Marko dada.—Dɔwɔwɔwo 12:12.

  6. 6. Nyɔnu Kristotɔ aɖe si le Roma si kua kutri geɖe ɖe hamea ta.—Romatɔwo 16:6.

b Hebrigbe me ŋkɔ Miriam ye woyɔna be Maria le Helagbe me. Le kpɔɖeŋu me, woyɔ Mose nɔvinyɔnu be Miriam.—1 Kronika 6:3.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe