INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 128
  • Ðe Nya Ŋutiklɔdzo Dze Le Biblia Mea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Nya Ŋutiklɔdzo Dze Le Biblia Mea?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Ðe Nàte Ŋu Axɔ Biblia Dzi Asea?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1998
  • Ku
    Nyɔ!—2014
  • Ðe Nàte Ŋu Akpe Ðe Ame Kukuwo Ŋua?
    Nyɔ!—2006
  • Nukae Dzɔna Ðe Luʋɔ Dzi le Ku Me?
    Nukae Dzɔna Ðe Mía Dzi ne Míeku?
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 128
Ale si nutala aɖe susu be ŋutiklɔdzo la anɔ

Ðe Nya Ŋutiklɔdzo Dze Le Biblia Mea?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Ao. Nya “ŋutiklɔdzo” medze le Biblia me o, eye Biblia mefia nu be wokɔa ame siwo ku ƒe luʋɔwo ŋu le ŋutiklɔdzo me o.a Bu nu si Biblia fia ku ɖe nu vɔ̃ kple ku ŋu, kple ale si ŋutiklɔdzo ƒe nufiafiaa tsi tsitre ɖe nufiafia mawo ŋu la ŋu kpɔ.

  • Yesu ƒe ʋu dzi xɔxɔsee klɔa nu vɔ̃ ɖa le ame ŋu, ke menye ŋutiklɔdzo me nɔnɔe o. Biblia gblɔ be, “[Mawu Vi] Yesu ƒe ʋu klɔa nu vɔ̃ ɖe sia ɖe ɖa le mía ŋu” eye be ‘Yesu Kristo na ablɔɖe mí tso míaƒe nu vɔ̃wo me to eya ŋutɔ ƒe ʋu me.’ (1 Yohanes 1:7; Nyaɖeɖefia 1:5) Yesu ‘tsɔ eƒe agbe na wònye tafe na ame geɖewo.’​—Mateo 20:28.

  • Ame siwo ku la meganya naneke o. “Agbagbeawo nyae be yewogbɔna kuku ge, ke kukuawo meganya naneke kura o.” (Nyagblɔla 9:5) Ame si ku la megasea veve aɖeke o, eya ta womate ŋu atsɔ ŋutiklɔdzo ƒe tohehe akɔ eŋu o.

  • Nu vɔ̃ ŋuti tohehe aɖeke meli na ame si ku o. Biblia gblɔ be “nu vɔ̃ ƒe fetue nye ku” eye be “ame si ku la, wotso afia nɛ ɖee tso eƒe nu vɔ̃ me.” (Romatɔwo 6:7, 23) Ku ye nye nu vɔ̃ ƒe tohehe.

Nu kae nye ŋutiklɔdzo ƒe nufiafia la?

Katolikotɔwo ƒe nufiafia ɖe ŋutiklɔdzo me be enye teƒe alo nɔnɔme si me ame si ku ƒe luʋɔ va nɔna ale be wòalé avu ɖe eƒe nu vɔ̃ siwo wometsɔ ke o ta be eŋuti nakɔ.b Le agbalẽ si nye Catechism of the Catholic Church ƒe nya nu la, “ehiã be woaklɔ amewo ŋu hafi woate ŋu age ɖe dziƒo ƒe dzidzɔkpɔkpɔ me.” Agbalẽa gblɔ kpee be “Sɔlemehaa ƒe kɔnyinyi . . . ƒo nu tso ŋutikɔklɔ ƒe dzo ŋu,” abe ale si wòdze le nyati sia ƒe nɔnɔmetata me ene. Gake nufiafia sia metso Ŋɔŋlɔawo me o.

Afi kae ŋutiklɔdzo ƒe nufiafiaa dzɔ tso?

Blema Helatɔwo xɔ Limbo kple ŋutiklɔdzo dzi se. Helatɔwo ƒe xexemenunya kpɔ ŋusẽ ɖe Clement si tso Alexandria dzi wògblɔ be, ame kukuwo ŋu ate ŋu akɔ tso nu vɔ̃ me ne nenye be woklɔ wo ŋu le ŋutiklɔdzo me. Ke hã, agbalẽ si nye The History of Christian Doctrines ɖe eme be Papa Gregory Gãtɔ ye xɔ ŋutikɔklɔ ƒe dzo ƒe dzixɔse sia de eme be nya aɖeke meku ɖe eŋu o. Agbalẽ sia gblɔ kpee be Gregory, si nye papa tso ƒe 590 va se ɖe ƒe 604 K.Ŋ. “ye woyɔna be ‘ame si to ŋutiklɔdzo ƒe nufiafia vɛ.’” Katolikohaa ɖe ŋutiklɔdzo ƒe nufiafia la fia le adaŋudetakpekpe siwo wowɔ le Lyons (ƒe 1274) kple Florence (ƒe 1439) me eye emegbe wogate gbe ɖe edzi le Trent Adaŋudetakpekpea me le ƒe 1547 me.

a Agbale si nye Orpheus: A General History of Religions gblɔ tso ŋutiklɔdzo ŋu be “nya aɖeke medze le Nyanyuigbalẽawo me ku ɖe ŋutiklɔdzo ŋu o.” Nenema kee, New Catholic Encyclopedia hã gblɔ be: “Le nyateƒe me la, amegbetɔwo ƒe kɔnyinyi dzie wotu Katolikotɔwo ƒe nufiafia si nye ŋutiklɔdzo la ɖo, ke menye ɖe Ŋɔŋlɔ Kɔkɔeawo dzi o.”​—Tata Evelia, Babla 11, axa 825.

b Kpɔ New Catholic Encyclopedia, Tata Evelia, Babla 11, axa 824.

Etso Gustav Doré ƒe agbalẽ si nye Dante’s Purgatory and Paradise, Dover Publications me.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe