INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwbq nyati 143
  • Ðe Atamanono Nye Nu Vɔ̃a?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðe Atamanono Nye Nu Vɔ̃a?
  • Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ale si Biblia ɖo eŋui
  • Ðe Biblia ƒo nu tso gbekui alo atike vɔ̃ɖi bubuwo zazã le dzidzɔkpɔkpɔ ta ŋua?
  • Ðe Wònye Nu Gbegblẽ Le Mawu Gbɔ Be Mazã Atama?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2012
  • Aleke Mawu Bua Atamanonoe?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2014
  • Atamataʋlilawo Tso Kple Woƒe Yakanyawo
    Nyɔ!—1995
  • Nukatae Wòle Be Nàdzudzɔ Atamanono?
    Nyɔ!—2000
Kpɔ Bubuwo
Biblia Me Biabiawo Ƒe Ŋuɖoɖowo
ijwbq nyati 143
Ame aɖe le atama nom

Ðe Atamanono Nye Nu Vɔ̃a?

Ale si Biblia ɖo eŋui

Biblia meƒo nu tso atamanonoa alo mɔ bubu siwo nu wozãna atama le ŋu tẽe o. Ke hã Biblia gblɔ nya vevi aɖewo siwo ɖee fia be Mawu meda asi ɖe nuwɔna makɔmakɔwo kple nuwɔna siwo gblẽa nu le ame ƒe ŋutilã ŋu la dzi o. Eya ta ebua atamanono be enye nu vɔ̃.

  • Bubudede agbe ŋu. ‘Mawu naa agbe kple agbegbɔgbɔ ame sia ame.’ (Dɔwɔwɔwo 17:24, 25) Esi agbe nye nunana tso Mawu gbɔ ta la, mele be míano atama alo awɔ nu bubu aɖeke si atso míaƒe agbe dzi o. Nu siwo wua ame wu le xexea me godoo siwo woate ŋu axe mɔ na hafi la dometɔ ɖekae nye atamanono.

  • Ame havi lɔlɔ̃. “Lɔ̃ hawòvi abe wò ŋutɔ ɖokuiwò ene.” (Mateo 22:39) Atamanono le amewo dome menye lɔlɔ̃ɖeɖefia o. Ame siwo menoa sigaret o gake wogbɔa eƒe dzudzɔ edziedzi la léa dɔ siwo atamanolawo léna alo be wo tɔ nyrãna ɖe edzi gɔ̃ hã.

  • Ehiã be míanɔ kɔkɔe. ‘Mitsɔ miaƒe ŋutilãwo na wòanye vɔsa gbagbe, si le kɔkɔe, si dzea Mawu ŋu.’ (Romatɔwo 12:1) “Mina míakɔ mía ɖokui ŋu tso ŋutilã kple gbɔgbɔ ƒe ɖiƒoƒo sia ɖiƒoƒo me, eye míanɔ kɔkɔe geɖe wu le mawuvɔvɔ̃ me.” (2 Korintotɔwo 7:1) Atamanono mesɔ le dzɔdzɔme nu o, eye mate ŋu ana ame nanɔ kɔkɔe alo dzadzɛ o, elabe atamanolawo ɖonɛ koŋ noa aɖinu si gblẽa nu le woƒe ŋutilã ŋu vevie.

Ðe Biblia ƒo nu tso gbekui alo atike vɔ̃ɖi bubuwo zazã le dzidzɔkpɔkpɔ ta ŋua?

Biblia meyɔ atike vɔ̃ɖiwo, abe gbekui, marijuana kple cocaine ene ŋkɔ tẽe o. Ke hã Biblia gblɔ nya vevi aɖewo siwo ɖee fia be mesɔ kura be ame nazã atike muame mawo tɔgbi o. Tsɔ kpe ɖe nya vevi siwo me míedzro va yi ŋu la, esiwo gbɔna hã le vevie.

  • Ehiã be míanɔ ŋute le susu me. “Lɔ̃ Yehowa wò Mawu kple . . . wò tamesusu blibo.” (Mateo 22:37, 38) “Minɔ mo xexi bliboe.” (1 Petro 1:13) Ne ame aɖe noa atike muame la, mate ŋu anɔ ŋute le susu me bliboe o. Azɔ hã, atike muame nono va zua numame na ame geɖe, woƒe susu va nɔa afi si woakpɔ atike vɔ̃ɖiawo le ahazã wo ŋu, tsɔ wu be woƒe susu nanɔ nu nyuiwo ŋu.—Filipitɔwo 4:8.

  • Ele be míawɔ dukɔa ƒe sewo dzi. ‘Miɖo to dziɖuɖuwo kple ŋusẽtɔwo.’ (Tito 3:1) Wode se ɖe atike vɔ̃ɖiwo zazã ŋu le dukɔ geɖewo me. Ne míedi be míaƒe nu nadze Mawu ŋu la, ke ele be míawɔ ɖe dziɖuɖuwo ƒe sewo dzi.—Romatɔwo 13:1.

Nu Si Atamanono Ate Ŋu Agblẽ Le Wò Lãmesẽ Ŋu

Xexea Me Lãmesẽ Habɔbɔa ka nya ta be ƒe sia ƒe la, ame siwo ade miliɔn ade kuna le dɔléle siwo atamanono hena vɛ ta. Ame siawo dometɔ 600,000 menye atamanolawo o, gake wogbɔa eƒe dzudzɔ ko. Kpɔ nu siwo atamanono gblẽna le enolawo kple ame siwo dome wole la ŋu ɖa.

Kansa. Aɖi vovovo 50 kple edzivɔ siwo ate ŋu ana kansa lae le atamadzudzɔ me. Numekugbalẽ si nye Encyclopædia Britannica gblɔ be: “Atamanono koŋ gbɔe wòtsona be amewo léa dzitodzito me kansa.” Atamadzudzɔ hã tea ŋu nana ŋutilã ƒe akpa bubuwo abe, nu me, vehlo, vetome, aklã, ƒomeɖe kple aɖuɖɔtoe ene xɔa kansa.

Dzitodzito me dɔlélewo. Atamadzudzɔ hã tea ŋu nana ame xɔa dzitodzito me dɔwo abe axamedɔ kple dɔ bubu siwo nana ame kpea kpe vevie ene. Gbɔxi tea ŋu ɖea fu na ɖevi siwo gbɔa atamadzudzɔ edziedzi la bɔbɔe, azɔ hã wokpea kpe vevie, eye woƒe dzitodzitowo mewɔa dɔ nyuie o.

Dzidɔ. Atamanolawo tea ŋu léa dzidɔ kple gbagbadɔ bɔbɔe. Ne ame aɖe gbɔ atamadzudzɔ la, aɖiya aɖe si le atamadzudzɔa me gena ɖe eƒe dzitodzitowo me eye esia kakana ɖe eƒe ʋukawo me, si wɔnɛ be ɔksidzin si le lãme nɛ la ɖiɖina. Ne ɔksidzin mesɔ gbɔ ɖe ʋua me o la, ehiãna be dzia nawɔ dɔ sesĩe wu, ale be wòana ɔksidzin nakaka ɖe ameti bliboa me.

Egblẽa nu le vinɔdɔmewo ŋu. Ne funɔwo noa atama la, zi geɖea, wodzia viwo evɔ woƒe ɣeyiɣi medena o, ɖeviawo nɔa sue, eye wodzia wo kple dɔléle aɖewo, le kpɔɖeŋu me, kaka woadzi wo la, woƒe nugbɔ fe. Eye dzitodzito me dɔlélewo tea ŋu ɖea fu na ɖevi mawo, alo wokuna kpata.

a Nu si atamanono fia le afi sia koŋ ye nye eɖoɖo koŋ agbɔ atamadzudzɔ si dona tso siga, sigaret, zi kple numawo tɔgbi me. Ke hã nya vevi siwo me wodzro le nyati sia me la ku ɖe atamaɖuɖu, asrãdodo, elektrɔnik sigaret siwo me nicotine le kple nu mawo tɔgbi hã zazã ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe