INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • ijwwd nyati 31
  • Aɖitsi Ƒe Aɖe

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aɖitsi Ƒe Aɖe
  • Ðe Wowɔea?
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ðe Lɔlɔ̃ Kple Bubu Fia To Wò Aɖe Dzi Kpɔkpɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Nu Ka Tae Megblɔa Nya Siwo Mesɔ O Ɣesiaɣi?
    Sɔhɛwo Biana Be
  • Ale Si Míadze Nunya Le Nuƒoƒo Me
    Nyɔ!—2011
  • Xɔse Ʋãa Mí Míewɔa Dɔ!
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
Ðe Wowɔea?
ijwwd nyati 31
Aɖitsi aɖe le aɖe dom ɖa ale be yeano seƒoƒometsi.

Moment/Robert D. Barnes via Getty Images

ÐE WOWƆEA?

Aɖitsi Ƒe Aɖe

Tsãa, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo susu be ale si ko tsi tea ŋu yia dzi le aŋeto xaxɛ me le dzɔdzɔme nui la, nenemae aɖitsiwo hã tsɔa woƒe aɖe yɔa seƒoƒometsi ɖe nu mee. Gake numekuku siwo wogava wɔ nyitsɔ laa na wokpɔe be mɔnu bubu aɖe si nyo sãsãsã wu la ŋu dɔe wowɔna.

Bu eŋu kpɔ: Ne aɖitsi ƒo eƒe aɖe ɖe seƒoƒometsi mea, aɖea ƒe nugbɔ mana ɖe eve. Tò lɔbɔe aɖe nɔa aɖea ƒe nugbɔ fefeeawo dometɔ ɖe sia ɖe ŋu. Ne aɖitsi ƒe aɖe tɔ seƒoƒometsia mea, tò lɔbɔeawo kena, eye aɖea ƒe nugbɔ hã xana gobaa si wɔnɛ be wòte ŋu tsɔnɛ lɔa tsia, ke menye be eyɔnɛ abe ale si woyɔa tsi toa aŋeto me ene o. Ne aɖitsia gahe eƒe aɖe de nu mea, eƒe nugbɔ fefeea gatena kpena eye tò si le aɖea ƒe nugbɔ hã tuna ɖe tsia dzi ale be wòagado o.

Fotoawo: Aɖitsi aɖe le seƒoƒometsi nom. Eme fotoa: 1. Edo aɖe ɖa tsɔ ƒo ɖe seƒoƒometsi me. 2. Eƒe aɖea ƒe nugbɔ fefee la lɔ seƒoƒometsi yina nu me nɛ.

Numekula siwo ƒe ŋkɔwoe nye Alejandro Rico-Guevara, Tai-Hsi Fan, kple Margaret Rubega gblɔ be ɣeyiɣi si esia katã xɔna la “mede sekɛnd ɖeka ƒe memama ewo o.” Wogagblɔ hã be: ‘Ale si aɖea ƒe nɔnɔme trɔna kabakaba ne ege ɖe seƒoƒometsia me alo do le emea wɔ moyaa ŋutɔ.’

Tsɔ kpe ɖe eŋua, mehiã be xevi sue sia nazã eya ŋutɔ ƒe ŋusẽ atsɔ alɔ seƒoƒometsia o. Ne aɖea ƒe nugbɔ nya tɔ tsia me ko la, dzɔdzɔmeŋusẽ deŋgɔ aɖewo ƒe dɔwɔwɔ ɖe aɖea dzi nana eƒe nɔnɔme trɔna ale be wòtea ŋu lɔa tsia.

Esi wònye be aɖitsi ƒe aɖe tea ŋu lɔa tsi nyuie nenema gbegbe taa, numekulawo xɔe se be yewoate ŋu awɔ nu siwo yewosrɔ̃ tso eŋua ŋu dɔ le atikewɔnyawo, robɔt-wo wɔwɔ, kple nu bubuwo me. Ðewohĩ ate ŋu akpe ɖe wo ŋu gɔ̃ hã be woawɔ dɔwɔnu siwo woatsɔ alɔ tsi alo tomemi si ƒu gbe ɖe atsiaƒu me.

Kpɔ ale si aɖitsi aɖe le eƒe aɖe dom ɖae.

Nu kae nèsusu? Ðe aɖitsi ƒe aɖe deŋgɔ la dzɔ le eɖokui sia? Alo ɖe wowɔea?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe