Wode Wo Gaxɔ Me Le Woƒe Xɔse Ta—Russia
Egbea le Russia la, wole Yehowa Ðasefowo yome tim vevie eye wole fu wɔm wo. Tso ƒe 1900-awo me la, Russia dziɖuɖua sẽ ŋuta le Ðasefowo ŋu, togbɔ be wonya Ðasefoawo nyuie be wonye sedziwɔlawo kple ŋutifafamewo hã. Wowɔ nu ɖe wo ŋu nenema elabe wodi be yewoazi wo dzi woava nɔ Soviet Union dziɖuɖua ƒe akpa dzi. Womeɖe mɔ be Biblia alo Biblia-srɔ̃gbalẽ aɖeke nanɔ wo si o. Dziɖuɖua ƒe ŋku nɔ wo ŋu ɣesiaɣi, eya ta eva hiã be woawɔ woƒe kpekpewo le adzame. Ne wolé wo la, woƒona wo vevie eye wodea wo gaxɔ me ɣeyiɣi didi. Dziɖuɖua ɖe aboyo wo dometɔ akpe geɖe yi Siberia.
Gake nuwo va trɔ le ƒe 1991 me. Russia dziɖuɖua va ɖe mɔ na Yehowa Ðasefowo le se nu be woate ŋu asubɔ le ablɔɖe me eye dziɖuɖua magade nu woƒe subɔsubɔnyawo me azɔ o. Gake medidi o, wogava trɔ woƒe susu.
Ʋɔnudrɔ̃ƒe sue aɖe si le Russia tso nya me be Yehowa Ðasefowo ƒe hame aɖe nye “aglãdzeha.” Le ƒe 2009 me la, Russia Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ hã da asi ɖe nyametsotso ma dzi. Esia wɔe be wogadze Ðasefoawo yome titi eye woɖo asi woƒe dɔ aɖewo dzi. Woʋli nya sia le ʋɔnu ƒe geɖe, eye le April 2017 me la, Russia Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ tso nya me be woaɖo asi dɔ siwo wowɔna le Ðasefoawo ƒe dɔwɔƒegã dzi, elabe wotsɔ nya ɖe wo ŋu be wodoa aglãdzenuwɔnawo ɖe ŋgɔ le afi ma. Enumake dziɖuɖua xɔ Ðasefowo ƒe habɔbɔa ƒe nunɔamesi siwo le Russia, wotu teƒe siwo wosubɔna le eye woɖe gbeƒã be woƒe agbalẽwo “doa aglãdzenuwɔnawo ɖe ŋgɔ.”
Esia mesu eme na Russia dziɖuɖua o, fifia eva tɔ ŋku Ðasefoawo ɖekaɖeka. Wokeke se si wode be woɖo asi Ðasefoawo ƒe habɔbɔa dzi ɖe enu ale gbegbe be ne Ðasefo aɖe ŋutɔ le eƒe Mawu subɔsubɔdɔwo wɔm hã la, wobunɛ be ele se dzi dam. Eya ta poliswo yia Ðasefowo ƒe aƒe me wɔa nu ɖe wo ŋu madzemadzee eye wobiaa gbe wo akpasesẽtɔe. Woɖanye ŋutsu, nyɔnu alo ɖeviwo o, woléa wo, bua fɔ wo eye wotua wo ɖe gaxɔ me, woƒe aƒewo me alo sikaa wo ɖe teƒe aɖe hafi va drɔ̃a nya na wo.
Tso esime woɖo asi Ðasefowo ƒe dɔ dzi le April 2017 me la, wotsɔ nya ɖe wo dometɔ alafa geɖe ŋu be wonye aglãdzelawo eye wode ɖewo gaxɔ me alo lé wo tu ɖe teƒe aɖewo evɔ womedrɔ̃ nya na wo haɖe o. Va de asi na June 17, 2025 la, Ðasefo 160 ye wolé de gaxɔ me le Russia.
Amewo Bia Tso Russia Dziɖuɖua Si Be Wòadzudzɔ Tagbɔsesẽ Le Ðasefowo Ŋu
Ame geɖe le xexea me godoo le biabiam tso Russia dziɖuɖua si be wòadzudzɔ Ðasefoawo yome titi, gake dziɖuɖua yi edzi le Ðasefowo nu tsom be wonye aglãdzenuwɔlawo. Ʋɔnudrɔ̃ƒe siwo mele Russia o kple ame ɖekaɖekawo meda asi ɖe ale si Russia dziɖuɖua le Yehowa Ðasefowo yome tim vevie la dzi kura o.
Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe: Le June 7, 2022 dzi la, eɖe dzesi ŋutɔ be Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea bu fɔ Russia vevie ɖe ale si wòle Yehowa Ðasefowo yome tim ta (Taganrog LRO and Others v. Russia, nos. 32401/10 and 19 others). Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ be ale si Russia ɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwo dzi le ƒe 2017 me la mele se nu o. Ede se na Russia be “wòawɔ nu siwo katã hiã be woate fli ɖe nya siwo katã wotsɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu la me, eye wòaɖe asi le wo dometɔ siwo wolé de gaxɔ me ŋu.” Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ʋɔnudrɔ̃ƒea bia tso Russia si be wòagbugbɔ nu siwo woxɔ le Ðasefowo ƒe habɔbɔa si la na wo alo axe nugblẽfe si ƒe home wu Amerika dɔlar miliɔn 60, eye wòaxe dɔlar miliɔn 3 kple edzivɔ na Ðasefo siwo tsɔ nyaa va ʋɔnui ɖe fuɖename kple vevesese siwo wodo na wo ta.
Lɛta Si Europatɔwo Ƒe Aɖaŋuɖotakpekpea Ƒe Dɔdzikpɔlagã Ŋlɔ: Le December 9, 2022 dzi la, Dɔdzikpɔlagã, Marija Pejčinović Burić, ŋlɔ lɛta na Russiatɔwo Ƒe Dudɔnunɔla Si Kpɔa Dutanyawo Gbɔ be: “Le ʋɔnunya siwo nye Yehowa Ðasefo Siwo Le Moscow Kple Etɔwo Kpakple Krupko Kple Etɔwo me la, wodi be woagbã Yehowa Ðasefowo ƒe ha, eya ta woɖo asi woƒe dɔwo dzi, xe mɔ ɖe ale si woƒoa ƒu le ŋutifafa me subɔna nu eye woxɔ subɔsubɔblɔɖe le wo dometɔ aɖewo si. Gake Aɖaŋuɖotakpekpe Kɔmitia di vevie tso Russia dziɖuɖua si be wòaɖe mɔ na Yehowa Ðasefoawo woawɔ woƒe subɔsubɔwɔnawo katã eye wòate fli ɖe ʋɔnunya siwo katã wotsɔ ɖe wo ŋu be wonye aglãdzelawo la me.”
Nyametsotso Si Europatɔwo Ƒe Aɖaŋuɖotakpekpe Kɔmitia Wɔ: Le takpekpe aɖe si Kɔmiti sia wɔ le September 2023 me la, kɔmitia gblɔ be “míede dzesii be Russia ɖoe koŋ ŋe aɖaba ƒu [Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea] ƒe mɔfiame siwo me kɔ siwo dze le Kɔmitia ƒe Ðoɖo 46 lia me dzi. Elabe womewɔ ɖe mɔfiamea dzi le Taganrog LRO Kple Etɔwo ƒe ʋɔnunya me o; vevietɔ wu la, womeɖe asi le Yehowa Ðasefo siwo wolé de gaxɔ me la ŋu o. Esia te ɖe mía dzi ŋutɔ.” Le esia ta la, Kɔmitia gblɔ be “míetso nya me be míatsɔ ʋɔnunya siawo ayi na Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Kɔmitia, Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Dɔwɔha Si Kpɔa Ameléle De Ga Madzemadzee Nyawo Gbɔ, kple xexea me habɔbɔ bubu siwo le Yehowa Ðasefowo yome titi le Russia ƒe nyawo gbɔ kpɔm, ale be woana Russia nawɔ ɖe kɔmitia ƒe mɔfiamewo dzi le ʋɔnunya mawo me.”
Ame Siwo Wodrɔ̃ Ʋɔnu Madzemadzee Nyitsɔ Laa
Le March 27, 2025 dzi la, Konakovo Dugã Me Ʋɔnudrɔ̃ƒe si le Tver Nutoa me la tso afia be Ðasefo ŋutsu ene siwo nye Oleg Katamov, Aleksey Kuznetsov, Aleksandr Shchetinin, kple Aleksandr Starikov nayi mɔ. Agɔ kae wodze? Wozãa Biblia tsɔ ɖoa dze kple woƒe aƒelikawo eye wokpena kple Ðasefo bubuwo wɔa woƒe subɔsubɔwɔnawo le ŋutifafa me. Woka ƒe ade na Ðasefo eneawo dometɔ ɖe sia ɖe be wòatsɔ anɔ gaxɔ me, eye wokplɔ wo dzoe le ʋɔnudrɔ̃ƒea yi gaxɔ me enumake.
Le April 3, 2025 dzi la, Sovetskiy Nutoa Me Ʋɔnudrɔ̃ƒe si le Chelyabinsk Dugã Me la tso afia be Maksim Khamatshin dze agɔ eye woka ƒe ade nɛ be wòatsɔ anɔ gaxɔ me. Nya si wotsɔ ɖe Maksim ŋue nye be ekpena kple Ðasefo bubuwo wɔa woƒe subɔsubɔwɔnawo; wokplɔe dzoe le ʋɔnudrɔ̃ƒea yi gaxɔ me enumake.
Le May 30, 2025 dzi la, Leninskiy Nutoa Me Ʋɔnudrɔƒe si le Tambov ka ƒe ade na Oleg Sirotkin si xɔ ƒe 60 be wòatsɔ anɔ tohegaxɔ me. Oleg srɔ̃ ŋkɔe nye Nataliya eye vinyɔnu eve le wo si. Setɔwo va ka woƒe aƒe me le Tambov le September 2021 me. Eyome wotsɔ nya ɖe Oleg ŋu be eƒo Yehowa Ðasefowo nu be woakpe na woƒe subɔsubɔwɔnawo eye eya ŋutɔ hã le gome kpɔm le kpekpeawo me. Setɔwo bu eƒe nuwɔna sia be enye asikpekpe ɖe aglãdzehabɔbɔ ƒe dɔwo ŋu. Wokplɔe dzo le ʋɔnudrɔ̃ƒea enumake yi gaxɔ me.
Agbagba Siwo Dzem Ðasefowo Le Be Woagade Wo Nɔviwo Gaxɔ Me Madzemadzee O
Ete ɖe Yehowa Ðasefo siwo le xexea me godoo dzi vevie be Russia dziɖuɖua le ŋuta sẽm le yewo nɔviwo ŋu nenema. Ðasefo miliɔn geɖe siwo le xexea ƒe akpa vovovowo la ŋlɔ lɛtawo tsɔ ɖe kuku na Russia dziɖuɖua be wòaɖe asi le yewo nɔvi siwo wolé de gaxɔ me ŋu. Senyala siwo le Ðasefo siwo wolé de gaxɔ me ta ʋlim la ɖo agbalẽwo ɖe Russia ʋɔnudrɔ̃ƒe vovovowo be woagbugbɔ nya adrɔ̃ na yewo, eye woŋlɔ lɛtawo ɖo ɖe Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea. Yehowa Ðasefowo tsɔ woƒe nyawo yi na Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Kɔmitia kple Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Dɔwɔha Si Kpɔa Ameléle De Ga Madzemadzee Nyawo Gbɔ. Wotsɔ nyatakakawo yi na dukɔwo dome habɔbɔ siwo léa ŋku ɖe ame siwo ŋu wowɔa nu madzɔmadzɔwo ɖo ƒe nyawo ŋu hã. Yehowa Ðasefowo ayi edzi awɔ wo tɔ sinua be amewo nanya nu siwo wɔm wole ɖe wo nɔvi siwo le Russia ŋu ale be ale si wole wo yome tim vevie le woƒe subɔsubɔ ta la nu natso.
Ɣeyiɣiawo
June 17, 2025
Wode Yehowa Ðasefo 160 gaxɔ me.
March 6, 2025
Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso afia le ʋɔnunya si nye Loginov kple Etɔwo kpakple Russia ŋu. Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ be ale si Russia vae ka Ðasefo ŋutsu asiekeawo ƒe aƒe me le Surgut le February 15, 2019 dzi eye wolé wo zi wo dzi da ɖi (wowɔ fu wo dometɔ adre) la nye nu madzɔmadzɔ eye mele se nu o.
October 24, 2023
Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Amegbetɔwo Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Kɔmitia lɔ̃ ɖe nu eve dzi le ʋɔnunya si nye Elista Kple Abinsk Nutoa Me Subɔsubɔhawo ŋu. Wogblɔ be le Dukɔwo Dome Dukɔmeviwo Kple Dunyahehawo Ƒe Gomenɔamesi Ƒe Nubabla ƒe ɖoɖo 18.1 (“tamebubu, dzitsinya kple subɔsubɔ ƒe ablɔɖe”) kple ɖoɖo 22.1 (“habɔbɔ ƒe ablɔɖe”) nu la, ablɔɖe le Ðasefoawo si be woasubɔ, gake Russia mede bubu woƒe ablɔɖe ma ŋu o. Kɔmitia ƒe nyametsotsowo ɖo kpe edzi be naneke mele Ðasefoawo ƒe subɔsubɔgbalẽwo me siwo dea dzi ƒo na amewo be woalé fu ame alo awɔ nu vlo o.
June 7, 2022
Le ʋɔnunya si nye Taganrog LRO Kple Etɔwo Kpakple Russia me la, Europa Ʋɔnudrɔ̃ƒea bu fɔ Russia be mele nu wɔm ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu nyuie kura o.
January 12, 2022
Russia Dukɔa Ƒe Dudɔwɔƒe Si Kpɔa Ʋɔnudrɔ̃nyawo Gbɔ la tsɔ míaƒe JW Library dɔwɔnua kpe ɖe nu siwo dziɖuɖua buna be wodoa aglãdzenuwɔnawo ɖe ŋgɔ ŋu. JW Library la koe nye dɔwɔnu si wobu alea eye eya ko hã ŋue womeɖe mɔ ɖo be woazã le Russia o.
September 27, 2021
Saint Petersburg Dugã Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea gbe be yemagbugbɔ adrɔ̃ nya na Yehowa Ðasefowo o. Ðasefoawo bia tso ʋɔnudrɔ̃ƒea si be wòagbugbɔ alé ŋku ɖe afia si wòtso le March 31, 2021 dzi be JW Library dɔwɔnua doa aglãdzenuwɔna ɖe ŋgɔ, eya ta womagazãe le Russia kple eƒe du bubuwo me o la ŋu. Gake esi ʋɔnudrɔ̃ƒea gbe ta la, woƒe afiatsotso gbãtɔa gate dɔwɔwɔ enumake.
April 26, 2019
Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Dɔwɔha Si Kpɔa Ameléle De Ga Madzemadzee Nyawo Gbɔ la de dzesii be nu siwo wowɔ ɖe Dmitriy Mikhailov ŋu la mele se nu o. Eye wògblɔ be ale si Russia dziɖuɖua le Ðasefowo yome tim la mesɔ kura o.
April 20, 2017
Russia Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ tso nya me be woaxɔ Ðasefowo ƒe dɔwɔƒegã si le dukɔa me le wo si eye woɖo asi teƒe 395 siwo wokpena subɔna le dzi.