INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w11 7/15 axa 4-9
  • Míeɖu Dzi Le Senya Aɖe Me!

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Míeɖu Dzi Le Senya Aɖe Me!
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • WOKPƆ ABLƆÐE MLƆEBA!
  • NU VLO WƆWƆ ŊUTI NUMEKUKUWO DZE EGƆME
  • BIBLIA LE ƲƆNUDRƆ̃ƑE
  • SENYALA AMENUTSOLA LA TƆTƆ
  • MÍEÐU DZI—GAKE NYAA MEWU ENU O
  • WOÐU MÍA DZI—GAKE NYAA METƆ ÐE AFI MA O
  • WOWƆ FU GEÐE WU NƆVIAWO
  • “NE WÒANYE ÐASEÐIÐI” NA WO
  • Etsɔme Kae Li Na Subɔsubɔhawo?
    Nyɔ!—2001
  • Wode Wo Gaxɔ Me Le Woƒe Xɔse Ta—Russia
    Wode Wo Ga Le Woƒe Xɔse Ta
  • Míaƒe Subɔsubɔblɔɖe Taʋiʋli
    Mawu Fiaɖuƒea Le Dzi Ðum!
  • Woɖu Dzi Le Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe La
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2007
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2011
w11 7/15 axa 4-9

Míeɖu Dzi Le Senya Aɖe Me!

SENYA sia dze egɔme le ƒe 1995 me eye wòyi edzi ƒe 15 sɔŋ. Le ɣeyiɣi mawo katã me la, ame siwo meda asi ɖe subɔsubɔblɔɖe dzi o la tsi tsitre ɖe Kristotɔ vavã siwo le Russia la ŋu vevie. Tsitretsiɖeŋula siawo ɖoe kplikpaa be yewoana dziɖuɖua naɖo asi Yehowa Ðasefo siwo le Moscow kple dukɔa ƒe nuto bubuwo me la dzi. Ke hã Yehowa ɖo mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Russiatɔ lɔlɔ̃awo ƒe nuteƒewɔwɔ teƒe na wo esi wòna woɖu dzi. Gake nu kae he senya sesẽ sia vae?

WOKPƆ ABLƆÐE MLƆEBA!

Tso ƒe 1990 va se ɖe ƒe 1995 me la, subɔsubɔblɔɖe si nɔvi siwo le Russia bu le ƒe 1917 me la gasu wo si ake. Le ƒe 1991 me la, Soviet Union dziɖuɖua de woƒe ŋkɔ agbalẽ me abe subɔsubɔha si dzi dziɖuɖua da asi ɖo ene. Le Soviet Union dziɖuŋusẽa ƒe anyidzedze megbe la, wode Yehowa Ðasefowo ƒe ŋkɔ agbalẽ me le Russia Dukɔa me. Gakpe ɖe eŋu la, dziɖuɖu yeyea lɔ̃ ɖe edzi be nu siwo me Ðasefo siwo yome woti le woƒe mawusubɔsubɔ ta to la nye dziɖuɖu xoxoa ƒe ameteteɖeanyi. Le ƒe 1993 me la, Moscow ƒe Ʋɔnudrɔ̃nyadzikpɔƒea de Ðasefowo agbalẽ me le se nu le ŋkɔ si nye Yehowa Ðasefowo Ƒe Ƒuƒoƒo Si Le Moscow te. Le ƒe ma ke me la, wodze Russia ƒe dukplɔse yeye si me wona subɔsubɔblɔɖe dukɔmeviwo le la hã ŋu dɔ wɔwɔ gɔme. Mewɔ nuku o be nɔvi aɖe gblɔ be, “Míeku drɔ̃e kpɔ be ablɔɖe sia gbegbe asu mía si o!” Egblɔ kpee be, “Míekpɔ mɔ na esia ƒe 50 sɔŋ!”

Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siwo le Russia la wɔ ‘nɔnɔme deamedzi’ mawo ŋu dɔ nyuie tsɔ dzi woƒe gbeƒãɖeɖedɔa ɖe edzi, eye ame geɖewo xɔ nyateƒea. (2 Tim. 4:2) Nyɔnu aɖe si de dzesi esia la gblɔ be: “Amewo tsɔ ɖe le mawusubɔsubɔ me vevie ŋutɔ.” Eteƒe medidi o, gbeƒãɖelawo, mɔɖelawo, kple hamewo ƒe xexlẽme dzi ɖe edzi zi gbɔ zi geɖe. Le nyateƒe me la, tso ƒe 1990 va se ɖe ƒe 1995 me la, Ðasefo siwo nɔ Moscow la dzi ɖe edzi kabakaba tso ame siwo ƒe xexlẽme anɔ abe 300 ko ene va ɖo ame 5,000 kple edzivɔ! Esi ame siwo va le Yehowa subɔlawo zum le Moscow la yi edzi nɔ dzidzim ɖe edzi la, ame siwo meda asi ɖe subɔsubɔblɔɖe dzi o la va tsi dzimaɖi vevie. Le ƒe 1995 me la, wotsi tsitre ɖe nɔviawo ŋu hetsɔ nya ɖe wo ŋu le ʋɔnu. Nyaʋiʋli sia yi edzi ƒe geɖe eye wotsɔe yi ʋɔnu zi gbɔ zi ene sɔŋ hafi va kpɔ ta nɛ mlɔeba.

NU VLO WƆWƆ ŊUTI NUMEKUKUWO DZE EGƆME

Nyaʋiʋlia ƒe akpa gbãtɔ dze egɔme le June 1995 me. Moscowtɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe si de Russia Orthodoks Sɔlemehaa dzi gaglãa la tsɔ nya ɖe mía nɔviwo ŋu le ʋɔnu hetso wo nu be wole nu vlowo wɔm. Ƒuƒoƒoa me tɔwo gblɔ be ƒometɔ siwo nɔ dziku dom le esi wo srɔ̃wo alo wo viwo zu Ðasefowo ta la teƒenɔlawoe yewonye. Le June 1996 me la, numekulawo te amenutsonya sia ŋuti kpeɖodziwo didi, gake womekpɔ ɖeke o. Ke hã ƒuƒoƒo ma ke gatsɔ nya ɖe mía nɔviawo ŋu ake—le go sia hã me la, nutsotsoa ye nye be wole nu vlowo wɔm. Numekulawo gawɔ numekuku bubu, gake wokpɔe be alakpanya sɔŋ ko nutsotsoawo nye. Togbɔ be enɔ alea hã la, tsitretsiɖeŋulawo gatsɔ nya ɖe mía nɔviwo ŋu zi etɔ̃lia kple amenutsotso ma ke. Wogawɔ numekuku tso Yehowa Ðasefo siwo le Moscow la ŋu ake, ke hã nyataƒoƒo ɖeka ma ke koe senyala amenutsola la wɔ—naneke meli si dzi woanɔ te ɖo adze nu vlo wɔwɔ ŋuti nyadɔdrɔ̃ gɔme o. Emegbe la, tsitretsiɖeŋulawo gatsɔ nya mawo ke ɖe mía nɔviawo ŋu zi enelia, eye le esia hã me la, womekpɔ kpeɖodzi aɖeke o. Nukutɔe la, tsitretsiɖeŋula mawo ke gabia be woagawɔ numekuku bubu ake. Mlɔeba la, ame si wɔ numekuku mamlɛtɔa la te fli ɖe amenutsonyaa me le April 13, 1998 dzi.

Senyala aɖe gblɔ be: “Togbɔ be nuwo yi alea hã la, nu wɔmoya aɖe dzɔ.” Togbɔ be dukɔa ƒe senyawo gbɔkpɔƒea teƒenɔla si wɔ numekuku atɔ̃lia la lɔ̃ ɖe edzi be kpeɖodzi aɖeke meli be mía nɔviawo wɔ nu vlo aɖe o hã la, egblɔ be woatsɔ nya ɖe mía nɔviawo ŋu be woda se dzi. Senyawo gbɔkpɔƒea teƒenɔlaa gblɔ be Yehowa Ðasefowo Ƒe Ƒuƒoƒo Si Le Moscow la da le dukɔa kple dukɔwo dome sewo dzi. Senyala amenutsola si tso Dziehe Moscow Dukplɔɖoɖowo Dɔwɔƒe la lɔ̃ hetsɔ nya ɖe nɔviawo ŋu le ʋɔnu be woda le dukplɔsewo dzi.a Le September 29, 1998, dzi la, wote nya la dɔdrɔ̃ le Moscow Golovinsky Nutome Gã Ʋɔnudrɔ̃ƒea. Esiae nye nyaʋiʋlia ƒe akpa evelia ƒe gɔmedzedze.

BIBLIA LE ƲƆNUDRƆ̃ƑE

Le ʋɔnudrɔ̃ƒe xaxɛ si le dziehe Moscow la, Senyala Amenutsola Tatyana Kondratyeva zã dukplɔse si te wode asii le ƒe 1997 me, si gblɔ be Orthodɔks Sɔlemehaa, Islam Subɔsubɔ, Yuda Subɔsubɔ, kple Buddha Subɔsubɔ dzie dukɔa da asi ɖo la, tsɔ tso nɔviawo nu.b Se ma ŋu dɔ wɔwɔ na wòsesẽ be woada asi ɖe subɔsubɔha bubuwo dzi le se nu. Ena ŋusẽ ʋɔnudrɔ̃ƒewo hã be woaɖo asi subɔsubɔha siwo doa fuléle ɖe ŋgɔ la dzi. Senyala amenutsolaa nɔ te ɖe se sia dzi tso Yehowa Ðasefowo nu alakpatɔe be wodoa fuléle ɖe ŋgɔ eye wonaa ƒomewo gbãna, eya ta ele be woaɖo asi woƒe subɔsubɔa dzi.

Senyala aɖe si nɔ nɔviawo ta ʋlim la bia be: “Moscow Hamea me tɔ siwo da le se sia dzi heɖi fɔ la ƒe ŋkɔwo ɖe?” Amenutsolaa mete ŋu yɔ ŋkɔ ɖeka teti o. Ke hã egblɔ be Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo doa subɔsubɔhawo dome fuléle ɖe ŋgɔ. Be wòaɖo kpe eƒe nya sia dzi la, exlẽ nya aɖewo tso Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! magazinewo kple agbalẽ bubuwo me (kpɔ foto si le etame). Esi wobiae be mɔ ka nue agbalẽ siawo hea subɔsubɔhawo dome fuléle vanɛ le mahã la, egblɔ be: “Yehowa Ðasefowo fiaa nu be yewoƒe hae nye subɔsubɔha vavãtɔ.”

Senyala aɖe, si nye mía nɔvi la, tsɔ Biblia ɖeka na ʋɔnudrɔ̃laa hetsɔ ɖeka na senyala amenutsolaa hã, eye wòxlẽ Efesotɔwo 4:5, afi si gblɔ be: “Aƒetɔ ɖeka, xɔse ɖeka, nyɔnyrɔxɔxɔ ɖeka.” Le ɣeyiɣi kpui aɖe megbe la, ʋɔnudrɔ̃laa, amenutsolaa, kple senyalaa siaa nɔ mawunyakpukpuiwo, abe Yohanes 17:18 kple Yakobo 1:27 ene, me dzrom esime Biblia le wo katã si. Ʋɔnudrɔ̃ƒea bia be: “Ðe mawunyakpukpui siawo de subɔsubɔhawo dome fuléle ƒe dzi ƒoa?” Amenutsolaa ɖo eŋu be yemesu te agblɔ yeƒe susu le Biblia me nyawo ŋu o. Senyala ametaʋlila la tsɔ Russia Orthodɔks Sɔlemeha la ƒe agbalẽ aɖewo siwo ƒo nu tsi tsitre ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu vevie la fia hebia be: “Ðe nya siawo menye sea dzi dada oa?” Amenutsolaa ɖo eŋu be: “Nyemesu te agblɔ nye susu le nya siwo hakplɔlawo gblɔ ŋu o.”

SENYALA AMENUTSOLA LA TƆTƆ

Esi amenutsolaa nɔ Ðasefoawo nu tsom be wonaa ƒomewo gbãna la, egblɔ be womeɖua ŋkekenyuiwo abe Kristmas ene o. Gake emegbe la, elɔ̃ ɖe edzi be Russiatɔwo ƒe se mebia tso dumeviwo si be woaɖu Kristmas o. Gome le Russiatɔwo, siwo dome Yehowa Ðasefo Russiatɔwo hã le la, si be woawo ŋutɔwo nawɔ tiatia. Amenutsolaa gagblɔ be míaƒe habɔbɔa ‘xea mɔ na ɖeviwo ale be wometea ŋu ɖina ɖe eme o eye womekpɔa dzidzɔ hã o.’ Ke hã esi wobia nyae ku ɖe eŋu la, elɔ̃ ɖe edzi be yemeƒo nu kple ɖevi siwo dzila Ðasefowo nyi la dometɔ aɖeke kpɔ o. Esi senyala aɖe biae be ede Yehowa Ðasefowo ƒe kpekpe aɖe kpɔ hã la, eɖo eŋu be: “Mehiã be made o.”

Senyala amenutsolaa mia asi tagbɔdɔléleŋutinunya nufialagã aɖe be wòaɖi ɖase le ʋɔnua. Nufialagã la gblɔ be míaƒe agbalẽwo xexlẽ gblẽa tagbɔ na ame. Esi senyala aɖe si le nɔviawo ta ʋlim de dzesii be agbalẽ si nufialagãa ŋlɔ na ʋɔnudrɔ̃ƒea la me nyawo de sɔsɔ ge kple esi Moscow Sɔlemehakplɔlawo ŋlɔ la, nufialagã la lɔ̃ ɖe edzi be nya siwo hakplɔla siawo ŋlɔ ƒe ɖewoe yegbugbɔ ŋlɔ pɛpɛpɛ ɖe yeƒe agbalẽa ƒe akpa aɖewo. Egblɔ be, mɔ̃ ɖeka dzie yewo katã yewoŋlɔ yewoƒe agbalẽawo le. Wobia nya bubuwo nufialagã la, eye wòva dze le eƒe nyawo me be meda dɔ na Yehowa Ðasefo aɖeke kpɔ o. Tagbɔdɔléleŋutinunya nufialagã bubu ɖi ɖase le ʋɔnua hegblɔ be yewɔ numekuku le Ðasefo siwo le Moscow la dome ame 100 kple edzivɔ ŋu. Egblɔ be yede dzesii be ƒuƒoƒoa me tɔwo katã ƒe susu le te, eye be tso esime wova zu Ðasefowo la, wodea bubu subɔsubɔha bubu me tɔwo ŋu wu tsã.

MÍEÐU DZI—GAKE NYAA MEWU ENU O

Le March 12, 1999 dzi la, ʋɔnudrɔ̃la la tia agbalẽnyalagã atɔ̃ be woasrɔ̃ Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo tsitotsito, eye wòɖo asi ʋɔnudɔdrɔ̃a dzi. Gake do ŋgɔ la, Russia dziɖuɖua ƒe Ʋɔnudrɔ̃nyawo Gbɔkpɔƒea hã bia tso agbalẽnyalagã aɖewo si be woasrɔ̃ míaƒe agbalẽwo. Ame siwo Dudɔwɔƒea de dɔ asi na la ɖo woƒe numekukua ŋuti nyatakaka ɖe dziɖuɖua le April 15, 1999, dzi, be yewomekpɔ nu gbegblẽ aɖeke le míaƒe agbalẽwo me o. Eya ta le April 29, 1999, dzi la, Ʋɔnudrɔ̃nyawo Gbɔkpɔƒea gbugbɔ de Yehowa Ðasefowo ƒe ŋkɔ agbalẽ me le se nu. Togbɔ be wona nyatakaka nyui siawo tso mía ŋu hã la, Moscow ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒea te tɔ ɖe edzi be ame bubuwo hã nagadzro míaƒe agbalẽwo me ake. Esia wɔ mo yaa ŋutɔ—Russia Ƒe Ʋɔnudrɔ̃nyawo Gbɔkpɔƒea da asi ɖe Yehowa Ðasefowo dzi le se nu be wonye subɔsubɔha si wɔna ɖe se dzi, evɔ le ɣeyiɣi ma ke me la, Moscow ƒe Ʋɔnudrɔ̃nyadzikpɔƒea nɔ numekuku wɔm le wo ŋu le esi wotsɔ nya ɖe wo ŋu be wole se dzi dam ta!

Ƒe eve kloe va yi hafi wogadze ʋɔnudɔdrɔ̃a gɔme ake, eye Ʋɔnudrɔ̃la Yelena Prokhorycheva tso afia le nyaa ŋu le February 23, 2001, dzi. Esi wòto nu siwo ŋuti numekula siwo wòtia ke ɖo me vɔ la, etso nya me be: “Kpeɖodzi aɖeke meli si tae wòle be woaxe mɔ na Yehowa Ðasefo ƒe subɔsubɔƒuƒoƒo si le Moscow la alo aɖo asi woƒe dɔ dzi o.” Mlɔeba la, woɖo kpe edzi le se nu be mía nɔviawo meɖi fɔ aɖeke le nya siwo katã wotsɔ ɖe wo ŋu la me o! Ke hã senyala amenutsolaa melɔ̃ ɖe afiatsotsoa dzi o, eye wòtsɔ nyaa yi Moscow Dugã ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea. Ɣleti etɔ̃ megbe, le May 30, 2001, dzi la, ʋɔnudrɔ̃ƒe ma te fli ɖe afia si Ʋɔnudrɔ̃la Prokhorycheva tso la me. Ʋɔnudrɔ̃ƒea de se be woagbugbɔ adrɔ̃ nyaa, senyala amenutsola ma kee akpɔ nyaa gbɔ gake ʋɔnudrɔ̃la bubue adrɔ̃ nyaa. Esia kplɔ mí va nyaʋiʋlia ƒe akpa etɔ̃lia.

WOÐU MÍA DZI—GAKE NYAA METƆ ÐE AFI MA O

Le October 30, 2001, dzi la, Ʋɔnudrɔ̃la Vera Dubinskaya dze nyaa dɔdrɔ̃ gɔme.c Senyala Amenutsola Kondratyeva gbugbɔ nya siwo wòtsɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu la gblɔ be wodoa fuléle ɖe ŋgɔ, ke hã egblɔ kpee be mɔxexe ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo si le se nu la nu nye Ðasefo siwo le Moscow la ƒe gomenɔamesiwo ta kpɔkpɔ! Esi nɔviwo se nya sia ko la, Ðasefo 10,000 siwo katã le Moscow la de asi agbalẽ tɔxɛ aɖe te enumake tsɔ nɔ biabiam tso ʋɔnudrɔ̃ƒea si be wòagbe nya si senyala amenutsolaa gblɔ be mɔxexe ɖe Ðasefowo nu nye woƒe ‘gomenɔamesiwo ta kpɔkpɔ’ la.

Senyala amenutsolaa gblɔ be mehiã be yeana kpeɖodzi aɖeke atsɔ aɖee afia be Ðasefoawo wɔ nu vlo aɖe o. Egblɔ be Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo kple woƒe dzixɔsewo ŋue nyaa ku ɖo, ke menye nu si wowɔna ŋue wòku ɖo o. Eɖe gbeƒãe be yeamia asi Russia Orthodɔks Sɔlemehaa ƒe nyanuɖela aɖe si nya nyaa me nyuie la wòaɖi ɖase le ʋɔnua. Le nyateƒe me la, nya ma ɖee fia be subɔsubɔhaŋgɔnɔlawoe le megbe na agbagba si dzem wonɔ be woaɖo asi Ðasefowo ƒe dɔa dzi. Le May 22, 2003, dzi la, ʋɔnudrɔ̃laa de se be nunyala aɖewo nagaku Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽwo me ake!

Le February 17, 2004, dzi la, wogaɖi ʋɔnu ake be woadzro nu siwo ŋu numekulawo ke ɖo la me. Numekulawo kpɔe be míaƒe agbalẽwo dea dzi ƒo na nuxlẽlawo be ‘woakpɔ woƒe ƒomewo kple woƒe srɔ̃ɖeɖe ta,’ eye wogblɔ be, “kpeɖodzi aɖeke mele” nya si wogblɔ be míaƒe agbalẽwo doa fuléle ɖe ŋgɔ la “ŋu o.” Agbalẽnyalagã bubuwo hã lɔ̃ ɖe edzi. Wobia subɔsubɔhawo ƒe ŋutinya ŋuti nunyalagã aɖe be: “Nu ka tae Yehowa Ðasefowo ɖea gbeƒã?” Eɖo eŋu na ʋɔnudrɔ̃ƒea be: “Gbeƒãɖeɖedɔa nye dɔ aɖe si wòle na Kristotɔ be wòawɔ. Nenemae Nya Nyui Gbalẽawo gblɔ, eye dɔ mae Kristo de se na eƒe nusrɔ̃lawo be woawɔ, hegblɔ be: ‘Miheyi ɖaɖe gbeƒã le dukɔwo katã me.’” Ke hã le March 26, 2004, dzi la, ʋɔnudrɔ̃la la ɖo asi Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa dzi le Moscow. Le June 16, 2004, dzi la, Moscow Dugã ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒea da asi ɖe afiatsotsoa dzi.d Ðasefo aɖe si subɔ ƒe geɖe la gblɔ tso afiatsotsoa ŋu be: “Le Soviet dziɖuɖua ƒe ɣeyiɣi me la, enɔ na Russiatɔ be wòanye mawudzimaxɔsela. Egbea la, ele be Russiatɔ nanye Orthodɔkstɔ.”

Alekee nɔviawo wɔ nui? Wowɔ nu abe Nexemiya ene. Le Nexemiya ƒe ɣeyiɣia me la, esi Mawu ƒe amewo ƒe futɔwo tsi tsitre ɖe agbagba siwo dzem wònɔ be yeagbugbɔ aɖo Yerusalem ƒe gliawo ŋu la, eya kple eƒe amewo meɖe mɔ tsitretsiɖeŋu aɖeke he woƒe susu ɖa le dɔa ŋu o. Ke boŋ ‘woɖo gli la’ eye “dzi nɔ dukɔ la ƒo ɖe dɔ la ŋu.” (Nex. 3:33-38) Nenema kee mía nɔvi siwo le Moscow la meɖe mɔ tsitretsiɖeŋulawo he woƒe susu ɖa le dɔ si wòle be míawɔ egbea, si nye gbeƒãɖeɖe nya nyuia, dzi o. (1 Pet. 4:12, 16) Kakaɖedzi nɔ wo si be Yehowa akpɔ yewo ta, eye wonɔ klalo be yewoayi nyaʋiʋli sia si xɔ ƒe geɖe la ƒe akpa enelia dzi.

WOWƆ FU GEÐE WU NƆVIAWO

Le August 25, 2004, dzi la, mía nɔviawo ɖo agbalẽ tɔxɛ aɖe ɖe Vladimir Putin, si nye Russia dukplɔla ɣemaɣi. Agbalẽa ɖe ale si wotsi dzi vevie ɖe mɔxeɖenua ŋu la gblɔ, eye enye agbalẽ si te ame 315,000 kple edzivɔ de asii, eye wònye agbalẽ babla 76. Ɣeyiɣi ma me la, Russia Orthodɔks sɔlemehaŋgɔnɔlawo ɖe ame si ƒomevi tututu wonye la fia. Moscow Sɔlemehakplɔlawo ƒe nyanuɖela gblɔ be: “Míetsi tsitre ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔa ŋu vevie ŋutɔ.” Moslemtɔwo ƒe ŋgɔnɔla aɖe gblɔ be, afia si wotso be woaɖo asi wo dzi la nye “nu ɖedzesi aɖe eye enye nu nyui aɖe.”

Mewɔ nuku o be, dzi ɖo Russiatɔ siwo xɔ alakpanya mawo dzi se la ƒo wodze Yehowa Ðasefowo dzi ŋutasesẽtɔe. Tsitretsiɖeŋulawo tu kɔ Ðasefo aɖewo siwo nɔ gbeƒã ɖem le Moscow eye wotu afɔkpo wo. Ŋutsu aɖe si do dziku vevie la nya nɔvinyɔnu aɖe ɖe nu tso aƒe gã aɖe me eye wòtu afɔkpo eƒe dzimeƒu sesĩe ale gbegbe be wòdze anyi hetsɔ ta xlã ɖe anyi. Ehiã be woakplɔe ayi kɔdzi; ke hã kpovitɔwo mewɔ naneke ame si wɔ nu vevii la o. Kpovitɔwo lé Ðasefo bubuwo yi woƒe dɔwɔƒe, wowɔ nu ɖe wo ŋu abe nu vlo wɔlawo ene, eye wode wo gaxɔ me ŋu ke. Wodo ŋɔdzi na teƒe siwo wohayana le Moscow tsɔ wɔa kpekpewo la dzikpɔlawo be, ne woyi edzi le woƒe akpatawo hayam na Ðasefowo la, woaxɔ dɔ le wo si. Eteƒe medidi o, hame gbogbo aɖewo megakpɔa teƒe aɖeke hayana hena kpekpewo wɔwɔ o. Enɔ na hame 40 be woanɔ kpekpewo wɔm le xɔ gã ɖeka aɖe si me Fiaɖuƒe Akpata vovovo ene le me. Enɔ na hame aɖe si wɔa kpekpewo le afi ma la be woadze woƒe Dutoƒokpekpea gɔme ŋdi ga adre kple afã. Dzikpɔla mɔzɔla aɖe gblɔ be: “Enɔ na gbeƒãɖelawo be woafɔ fɔŋli ga atɔ̃ hafi ate ŋu ade kpekpea, gake wolɔ̃ faa wɔ esia ƒe ɖeka kple edzivɔ.”

“NE WÒANYE ÐASEÐIÐI” NA WO

Esi míaƒe senyalawo ɖoe be yewoaɖee afia be asiɖoɖo míaƒe dɔa dzi le Moscow menɔ se nu o ta la, wotsɔ nyaa yi Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea le December 2004 me. (Kpɔ aɖaka si nye “Wogbugbɔ Lé Ŋku Ðe Afia Aɖe Si Russiatɔwo Tso La Me Le France,” si le axa 6.) Ƒe ade megbe, le June 10, 2010, dzi la, ʋɔnudrɔ̃lawo katã tsɔ nu sɔsɔe tso nya me hekɔ Yehowa Ðasefowo ŋu tso nya siwo katã wotsɔ ɖe wo ŋu la me!e Ʋɔnudrɔ̃ƒea dzro nya siwo katã wotsɔ ɖe mía ŋu la me hekpɔe be kpeɖodzi aɖeke menɔ wo ŋu o. Egblɔ hã be agba le Russia dziɖuɖua dzi le se nu be ‘woaɖe mɔxenua ɖa eye woawɔ woƒe ŋutete ɖe sia ɖe aɖɔ nu siwo wogblẽ [le Ðasefowo ŋu] la ɖo.’—Kpɔ aɖaka si nye “Afia Si Ʋɔnudrɔ̃ƒea Tso” si dze le axa 8.

Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me be Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ðoɖo la da asi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe dɔwo dzi. Menye Russia dukɔa koe wòle na be wòawɔ ɖe woƒe nyametsotsoa dzi o, ke ebla dukɔ 46 bubu siwo katã le Europa Aɖaŋudeha la me la hã. Gawu la, le ale si gbegbe nya la keke tae kple numekuku si gbegbe wowɔ ta la, ʋɔnudrɔ̃la geɖewo, sewɔlawo, kple ame siwo le xexea me godoo, siwo wɔa se ŋuti dɔ la, hã adi be yewoanya nu tso nyametsotsoa ŋu. Nu ka ta? Nu si tae nye be, hafi Ʋɔnudrɔ̃ƒea natso afia la, wohe susu yi nyametsotso enyi bubu siwo ʋɔnudrɔ̃ƒea wɔ va yi wòde Yehowa Ðasefowo dzi la dzi. Wogahe susu yi nyametsotso asieke siwo Argentina, Canada, Japan, Russia, South Africa, Spain, United Kingdom, kple United States ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe kɔkɔtɔwo wɔ wòde Yehowa Ðasefowo dzi la hã dzi. Susuhehe yi afiatsotso siawo dzi kple ale si gbegbe Ʋɔnudrɔ̃ƒea gbe amenutsonya siwo senyala amenutsola si le Moscow la tsɔ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe xexea me katã ƒe habɔbɔa ŋu la ŋkubiãtɔe la nye kpeɖodzinya vevi aɖe si woate ŋu atsɔ aʋli woƒe xɔse kple subɔsubɔ ta.

Yesu gblɔ na eyomedzelawo be: “Woakplɔ mi ayi nutomefiawo kple dufiawo ŋkume le tanye, ne wòanye ɖaseɖiɖi na woa kple dukɔwo.” (Mat. 10:18) Ʋɔnudɔdrɔ̃ me nyaʋiʋli sia si yi edzi ƒe 15 sɔŋ la na mɔnukpɔkpɔ mía nɔviwo wona amewo nya Yehowa ƒe ŋkɔ le Moscow kple dukɔ bubuwo me wu tsã. Nu sia nu si dzɔ ɖe Ðasefowo dzi le nya sia me, numekukuawo, ʋɔnudrɔ̃nyawo, kple dukɔwo dome ʋɔnudrɔ̃ƒe ƒe afiatsotsoa siaa zu “ɖaseɖiɖi” vavã eye wòwɔ akpa vevi aɖe be “nya nyui la va ɖe zɔ yi ŋgɔ.” (Flp. 1:12) Le nyateƒe me la, ne Ðasefo siwo le Moscow la le gbeƒã ɖem egbea la, aƒemenɔla geɖe biana be, “Gake womeɖo asi míaƒe dɔa dzi oa?” Zi geɖe la, biabia ma naa mɔnukpɔkpɔ mía nɔviawo wonaa numekɔkɔ geɖe aƒemenɔlaa tso míaƒe dzixɔsewo ŋu. Eme kɔ ƒãa be ŋusẽ aɖeke alo ame aɖeke mate ŋu atɔ te míaƒe Fiaɖuƒegbeƒãɖeɖedɔa o. Enye míaƒe gbedodoɖa be Yehowa nayi edzi anɔ mía nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu dzinɔameƒotɔ siwo le Russia la yram eye wòayi edzi alé wo ɖe te.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a April 20, 1998 dzie wotsɔ nya ɖe nɔviawo ŋu. Kwasiɖa eve megbe, le May 5 dzi la, Russia dziɖuɖua da asi ɖe edzi be woawɔ Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ðoɖo la ŋu dɔ le dukɔa me.

b “Russia Orthodɔks Sɔlemeha, si le ŋu ʋãm hele didim be yeakpɔ ɖoƒe si sɔlemehaa le le Russia dukɔa me ta eye wòdi vevie be woaɖo asi Yehowa Ðasefowo dzi, lae ƒoe ɖe dziɖuɖua nu vevie wòda asi ɖe se sia dzi.”—Associated Press, June 25, 1999.

c Nukutɔe la, ɣletiŋkeke ma tututu dzie Russia dziɖuɖua lɔ̃ ɖe edzi le se nu ƒe ewo enye ema va yi be Soviet dziɖuɖua ti Yehowa Ðasefowo yome le woƒe mawusubɔsubɔ ta.

d Afiatsotsoa fia be habɔbɔ si le se nu aɖeke meganɔ hame siwo le Moscow la si o. Tsitretsiɖeŋulawo kpɔe be yewoate ŋu aɖe fu na nɔviawo ahana woƒe gbeƒãɖeɖedɔa natɔ azɔ.

e Le November 22, 2010, dzi la, ʋɔnudrɔ̃la atɔ̃ siwo tso Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒea Ƒe Ʋɔnudrɔ̃la Kɔkɔtɔwo dome la te fli ɖe biabia tɔxɛ aɖe si Russia dziɖuɖua tsɔ ɖo Ʋɔnudrɔ̃ƒea Ƒe Ʋɔnudrɔ̃la Kɔkɔtɔwo ŋkume be woagbugbɔ adrɔ̃ nyaa la me. Woƒe nyametsotso alea wɔe be afia si wotso le June 10, 2010, dzi la va nye afiatsotso mamlɛtɔ eye ele be woawɔ ɖe edzi.

[Aɖaka/Nɔnɔmetata si le axa 6]

Wogbugbɔ Lé Ŋku Ðe Afia Aɖe Si Russiatɔwo Tso La Me Le France

Le February 28, 1996, dzi la, Russia de asi Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ðoɖo la te. (Le May 5, 1998, dzi la, Russia da asi ɖe edzi be woawɔ Ðoɖoa ŋu dɔ le dukɔa me.) Esi Russia dziɖuɖua de asi ɖoɖo ma te la, elɔ̃ ɖe edzi be gomenɔamesi siwo gbɔna la le dukɔa me viwo si

‘subɔsubɔblɔɖe ƒe gome le wo si eye gome le wo si be woanɔ agbe ɖe woƒe subɔsubɔdzixɔsewo nu le aƒe me kple dutoƒo siaa eye gome le wo si be woado le ha aɖe me aɖo bubu me ne wolɔ̃.’—Se 9 lia.

‘gome le wo si be woagblɔ nu si wosusu alo ata wo ama na amewo bubutɔe.’—Se 10 lia.

‘gome le wo si be woaƒo ƒu le ŋutifafa me.’—Se 11 lia.

Ame ɖekaɖekawo alo habɔbɔ siwo si woxɔ gomenɔamesi siawo le eye woto mɔ ɖe sia ɖe dzi ʋli wo ɖokuiwo ta le se nu le woƒe dukɔa me ʋuu wòglo la ate ŋu atsɔ woƒe nyaa ayi Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ʋɔnudrɔ̃ƒe si le Strasbourg, France, la (fotoa le etame). Ʋɔnudrɔ̃la 47 ye ɖia ʋɔnu—xexlẽmea sɔ ɖe dukɔ siwo de asi Europa Amegbetɔ Ƒe Gomenɔamesiwo Ŋuti Ðoɖo la te ƒe xexlẽme nu. Wobua nyametsotso siwo ʋɔnudrɔ̃ƒea wɔ be ele se nu. Ele na dukɔ siwo de asi ɖoɖoa te la be woawɔ ɖe wo dzi.

[Aɖaka si le axa 8]

Afia Si Ʋɔnudrɔ̃ƒea Tso

Esiawo nye afia siwo ʋɔnudrɔ̃ƒea tso la me nya kpui etɔ̃.

Nutsotsoawo dometɔ ɖekae nye be Yehowa Ðasefowo naa ƒomewo gbãna. Ʋɔnudrɔ̃ƒea meda asi ɖe nya sia dzi o. Egblɔ be:

“Ƒometɔ siwo menye subɔsubɔhaa me tɔwo o eye womedi be yewoalɔ̃ ɖe tiatia si woƒe ƒometɔ bubuwo wɔ dzi o kple bubumademade gome si le woƒe ƒometɔawo si be woanɔ agbe ɖe woƒe subɔsubɔdzixɔsewo nu ŋu kpakple tsitretsitsi ɖe woamawo ŋu gbɔe masɔmasɔa tso.”—Mm. 111.

Ʋɔnudrɔ̃ƒea mekpɔ kpeɖodzi aɖeke hã le nutsotso si nye be “wotrɔa dzi me na amewo sesẽe” la ŋu o, esi wòtso nya me be:

“Ʋɔnudrɔ̃ƒea kpɔe be ewɔ nuku ŋutɔ be [Russia] ʋɔnudrɔ̃ƒewo mete ŋu yɔ ame ɖeka pɛ teti si wozã aɖaŋumɔnu sia na tsɔ xe mɔ nɛ be wòagawɔ gome si le esi be wòanɔ te ɖe eƒe dzitsinya dzi awɔ tiatia o la ŋkɔ tsɔ ɖo kpe woƒe nutsotsoa dzi o.”—Mm. 129.

Nutsotso bubue nye be esi wònye be Yehowa Ðasefowo melɔ̃a ʋudodo o ta la, wodea woƒe haxɔsetɔwo ƒe lãmesẽ afɔku me. Ʋɔnudrɔ̃ƒea tso afia tsi tsitre ɖe nya sia ŋu; egblɔ be:

“Gome si le ame si be wòalɔ̃ be woazã dɔdamɔnu aɖe koŋ na ye alo wòagbe, alo atia dɔdamɔnu bubu aɖe si woazã nɛ la nye gome si le ame si be wòawɔ nyametsotso le eɖokui si la ŋuti gɔmeɖose vevi aɖe. Le kpɔɖeŋu me, gome le ame tsitsi aɖe si dze dɔ, si le nu ŋu bum nyuie, la si be wòalɔ̃ ne woawɔ dɔ nɛ loo alo womawɔ dɔ nɛ o, ne woazã dɔdamɔnu aɖe nɛ loo alo womazãe nɛ o, alo le mɔ ma ke nu la, ate ŋu alɔ̃ be woado ʋu na ye loo alo agbe be womado ʋu na ye o.”—Mm. 136.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe