Wode Wo Gaxɔ Me Le Woƒe Xɔse Ta—South Korea
Le October 26, 2020 dzi la, South Korea dziɖuɖua da asi ɖe edzi be ame siwo gbe be yewomawɔ asrafodɔ o le yewoƒe dzitsinya ta la ate ŋu awɔ dukɔmevidɔ bubu ɖe eteƒe; esiae nye zi gbãtɔ si woɖe mɔ ɖe nu sia ŋu. Gake amegbetɔ ƒe gomenɔamesi dɔwɔlawo gblɔ tso dukɔmevidɔ bubu siwo ŋu South Korea wɔ ɖoɖo la ŋu be ɖe dziɖuɖua tsɔ dɔ mawo le to hem na amewo, elabe dɔawo sesẽ ŋutɔ eye ƒe si ame atsɔ awɔ wo hã didi akpa. Ɣeyiɣi didime si ame atsɔ awɔ dukɔmevidɔ siawoe nye ɣleti 36 eye esia nye ɣeyiɣi si ame atsɔ awɔ asrafodɔ ƒe teƒe eve; esia tsi tre ɖe ɖoɖo siwo dzi dukɔwo da asi ɖo le xexea me godoo ŋu. Le ɖoɖo siwo dzi dukɔwo da asi ɖo le xexea me godoo nu la, mele be ame nawɔ dukɔmevidɔ bubu wòawu ɣeyiɣi si ame tsɔ wɔa asrafodɔ la ƒe teƒe ɖeka kple afã o, negbe ɖe susu vevi aɖewo ta ko. Ðasefo ŋutsu aɖewo siwo le South Korea la gbe be yewomawɔ dukɔmevidɔ siawo o. Wo dometɔ aɖewo tsɔ nyaa yi ʋɔnudrɔ̃ƒewo be woagbugbɔ alé ŋku ɖe eŋu na yewo. Le May 30, 2024 dzi la, South Korea ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe si kpɔa dukɔa ƒe sewo ta la te fli ɖe Ðasefoawo ƒe nyawo me, elabe ʋɔnudrɔ̃la akpa gatɔ̃ (5-4) da asi ɖe edzi nenema. Togbɔ be nyametsotsoa yi alea hã la, ʋɔnudrɔ̃la siwo melɔ̃ ɖe nyametsotsoa dzi o la gblɔ tso dukɔmevidɔ bubu siwo ame awɔ ɖe asrafodɔ teƒe ŋu be: “Ðeko dɔ siawo le abe tohehe bubu si tsɔm wole na ame siwo gbe be yewomawɔ asrafodɔ o le yewoƒe dzitsinya ta ene, eye esia tsi tre ɖe woƒe dzitsinya ƒe ablɔɖe ŋu.”
Woo-jin Byeon, si xɔ ƒe 29 eye wònye srɔ̃tɔ lae nye ame gbãtɔ si wode gaxɔ me le South Korea le esi melɔ̃ be yeawɔ dukɔmevidɔ bubu ɖe asrafodɔ teƒe o ta. Eya ŋutɔ tso nya me be yeagbe bubutɔe be yemawɔ dukɔmevidɔa o. Togbɔ be enɔ klalo be yeawɔ dukɔmevidɔ bubu si manye tohehe o, nenye be wova wɔ ɖe ƒe ɖoɖo hã la, ʋunudrɔ̃ƒea tso afia le July 24, 2024 dzi be ayi mɔ ƒe ɖeka kple afã.
Va se ɖe fifia la, Ðasefo ŋutsu 14 ye melɔ̃ be yewoawɔ dukɔmevidɔ bubuawo o; Aƒetɔ Byeon hã le wo me. Wole wo dometɔ 11 ƒe nya drɔ̃m le ʋɔnu fifia. Afia ka kee woatso na wo o, woahe to na woawo hã alo ade wo gaxɔ me. Gake Ðasefo geɖe siwo gbe be yewomawɔ asrafodɔ o le yewoƒe dzitsinya ta la lɔ̃ be yewoawɔ dukɔmevidɔ bubu siawo togbɔ be dɔawo nye tohehe hã.
Ɣeyiɣiawo
July 24, 2024
Wode Woo-jin Byeon gaxɔ me ɣleti 18 le esi wògbe be yemawɔ dukɔmevidɔ bubu o ta.
November 10, 2022
Esi wona lɛta Woo-jin Byeon be wòava xɔ hehe awɔ asrafodɔ la, eɖo lɛtaa ŋu na Asrafodɔwɔƒea eye wòna wonya be yemawɔ asrafodɔa kple dukɔmevidɔa hã o le yeƒe dzitsinya ta.
October 26, 2020
South Korea dziɖuɖua wɔ ɖoɖo ɖe dukɔmevidɔ bubuwo ŋu na ame siwo gbe be yewomawɔ asrafodɔ o le woƒe dzitsinya ta.
November 1, 2018
South Korea Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ ƒe ʋɔnudrɔ̃la akpa gatɔ̃ (9-4) da asi ɖe edzi be ne ame aɖe tiae be yemawɔ asrafodɔ o le yeƒe dzitsinya ta la, amea medze agɔ o.
June 28, 2018
South Korea ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒe si kpɔa dukɔa ƒe sewo ta la gblɔ be Asrafoha Ƒe Ðoɖoa ƒe akpa aɖe mele se nu o, elabe meɖe mɔ be ame siwo gbe be yewomawɔ asrafodɔ o le yewoƒe dzitsinya ta la nawɔ dukɔmevidɔ bubu ɖe teƒe o.
October 18, 2016
Gwangju Nyagbugbɔdrɔ̃ƒe tso afia na Ðasefo etɔ̃ aɖewo siwo bia be woagbugbɔ adrɔ̃ nya na yewo. Wogbe be yewomawɔ asrafodɔ o le yewoƒe dzitsinya ta eye ʋɔnudrɔ̃ƒea tso afia be womeɖi fɔ o; esiae nye zi gbãtɔ si wotso nya me alea.
August 30, 2011
Ʋɔnudrɔ̃ƒe si kpɔa dukɔa ƒe sewo ta la gada asi ɖe edzi kokoko be ele se nu be woahe to na ame siwo gbe be yewomawɔ asrafodɔ o le yewoƒe dzitsinya ta.
August 26, 2004
Ʋɔnudrɔ̃ƒe si kpɔa dukɔa ƒe sewo ta la da asi ɖe edzi be ele se nu be woahe to na ame siwo gbe be yewomawɔ asrafodɔ o le yewoƒe dzitsinya ta.
1975
Dziɖuɖua ɖoe be ele be ɖekakpui ɖe sia ɖe naxɔ asrafowo ƒe hehe.
1973
Dziɖuɖua te fu wɔwɔ Ðasefowo vevie le gaxɔ me; woyi esia dzi va se ɖe ƒe 1990-awo ƒe domedome.
1953
Dziɖuɖua de Ðasefo siwo gbe be yewomawɔ asrafodɔ o la gaxɔ me zi gbãtɔ.