Wode Wo Gaxɔ Me Le Woƒe Xɔse Ta—Ukraine
Ƒe blaetɔ̃ kloe nye esia la, se ɖe mɔ na Yehowa Ðasefo siwo le Ukraine be woate ŋu awɔ dukɔmevidɔ bubu ne wogbe be yewomawɔ asrafodɔ o le yewoƒe dzitsinya ta. Dukɔmevidɔ siawo na mɔnukpɔkpɔ Ðasefoawo be woawɔ dɔ vovovowo na dziɖuɖua eye woayi edzi alé woƒe dzixɔsewo me ɖe asi.
Gake esi aʋaa dze egɔme le Ukraine le February 24, 2022 dzi la, sea megava nɔ dɔ wɔm o, si wɔe be wotsɔ nya ɖe ame alafa geɖe siwo gbe be yewomawɔ asrafodɔ o le yewoƒe dzitsinya ta ŋu le ʋɔnu. Nɔnɔmea wɔe be dziɖuɖua ŋe aɖaba ƒu amewo ƒe dzixɔse vevi siwo dzi wonɔ te ɖo gbe be yewomawɔ aʋa o la dzi eye womegadea bubu ablɔɖe si le wo si be woawɔ woƒe dzitsinya ŋu dɔ la ŋu o. Nuwɔna sia mewɔ ɖeka kple ɖoɖo siwo kpɔa amegbetɔwo ƒe ablɔɖe ta kple Ukraine Dukɔa Ƒe Sewo o, elabe sea gblɔ be: “Ne edzɔ be dukɔmevi aɖe ƒe subɔsubɔdzixɔsewo meɖe nɔ nɛ be wòawɔ asrafodɔ o la, ate ŋu awɔ dukɔmevidɔ bubu (si manye asrafodɔ o) ɖe eteƒe.”
Kaka June 17, 2025 naɖo la, wode Ðasefo ŋutsu atɔ̃ gaxɔ me, elabe wogbe be yewomawɔ asrafodɔ o le yewoƒe dzitsinya ta eye woanɔ afi ma ɣleti 36. Wolé Ðasefo ŋutsu etɔ̃ bubu hã tu gbɔ be woava ka ƒe si woatsɔ anɔ gaxɔ me la na wo emegbe.
Nu Siwo Ŋu Dukɔwo Dome Habɔbɔwo Tsi Dzi Ðo
Esi wolé ŋku ɖe nudzɔdzɔ siawo ŋu la, Dukɔ Ƒoƒuawo Ƒe Nyatakaka Tɔxɛ Nala etɔ̃ gblɔ nu siwo ɖe fu le ale si womegale mɔ ɖem na amewo le Ukraine be woawɔ dukɔmevidɔ bubuwo ɖe asrafodɔ teƒe o la ŋu. Wogblɔ le lɛta aɖe si woŋlɔ na Ukraine dziɖuɖua le November 8, 2023 dzi me be: “Míetsi dzi hã ɖe ale si wole ame siwo gbe be yewomawɔ asrafodɔ o le woƒe dzitsinya ta kple ame siwo le ame siawo ƒe ablɔɖe ta ʋlim la tsɔm yi ʋɔnu ŋu vevie.”
Ɣeyiɣiawo
June 17, 2025
Ðasefo enyie le gaxɔ me.
February 24, 2022
Sodzawo de se be amewo nawɔ asrafodɔ eye wodze amewo nu ƒoƒo ƒu kple hehe nana wo enumake.
June 23, 2015
Ukraine Ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ tso afia le ʋɔnunya si wotsɔ ɖe Vitaliy Shalaiko ŋu me be se ɖe mɔ be ame nagbe asrafodɔ wɔwɔ le eƒe dzitsinya ta, le ɣeyiɣi si me sodzawo le amewo nu ƒom ƒu na aʋawɔwɔ gɔ̃ hã me.
December 1991
Wowɔ se be ame ate ŋu awɔ dukɔmevidɔ bubu (si manye asrafodɔ o.)
February 28, 1991
Wode Yehowa Ðasefowo ƒe subɔsubɔ agbalẽ me le se nu le Ukraine.