INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g92 9/8 axa 14-16
  • Nudzodzoe Wɔnukuwo Do Ŋukpe Amegbetɔ ƒe Yameʋuwo

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nudzodzoe Wɔnukuwo Do Ŋukpe Amegbetɔ ƒe Yameʋuwo
  • Nyɔ!—1992
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Anyigbatala Sue Aɖe
  • Aʋala Wɔnuku Mawo
  • Nusi Nana Wòdzona​—Eyae Nye Nu Vevitɔ
  • Atsyɔ̃ɖonu Siwo le Tɔto
    Nyɔ!—1997
Nyɔ!—1992
g92 9/8 axa 14-16

Nudzodzoe Wɔnukuwo Do Ŋukpe Amegbetɔ ƒe Yameʋuwo

NE WOWƆ aʋa ke teti ko la, nyadzɔdzɔŋlɔlawo kple asrafoŋununyalawo nɔa wo ɖokui dom ɖe dzi dadatɔe le alesi gbegbe egbegbeʋawɔnuwo de ŋgɔe la ŋu. Wokafua bɔmb deŋgɔ siwo nye bɔmb siwo wofiaa mɔ wo ƒe ŋutete kpakple yameʋu siwo wotsɔna dzea amewo dzii, ƒe aʋawɔɖaŋu deŋgɔ​—si tɔgbe meli o​—eye wogblẽa nu la. Ðikeke mele eme o be aɖaŋu si wotsɔ wɔ aʋawɔnu siawoe la ɖe dzesi ŋutɔ zi geɖe. Gake kafukafunya mawɔ siwo wogblɔna tso ku ƒe mɔ̃ɖaŋu sia ŋu la ɖɔa kpe nyateƒenya bɔbɔe aɖe dzi: Eyae nye be amegbetɔ ƒe yameʋu deŋgɔtɔ kekeake siwo wɔ nuku la ƒe aɖaŋu nye tsigãtsinu ne wotsɔe sɔ kple nudzɔdzɔe sue siwo bɔ ɖe xexeame.

De ŋugble le bɔmb siwo wofiaa mɔe la ŋuti kpɔ. Le The Wall Street Journal ƒe nya nu la, “anyigbanɔnɔmetata si wowɔ de kɔmpiuta me lae taa mɔ si dzi bɔmb siwo wofiaa mɔe ato la ɖi. Ahũhɔ̃e si hea didiƒenuwo vaa kpuiƒe kple elektriknukpɔmɔ̃wo ye nana wòtoa eƒe mɔ dzi ne ele dzɔdzɔm le dusisi si anɔ abe gbeɖiɖi ƒe dusisi ene me hele anyigba zɔm.” Ðe medze nu deŋgɔ ŋutɔ aɖe oa? Gake azɔ bu eŋu kpɔ, eye nàtsɔ nudzodzoe tsɛ aɖe​—si nye lilĩ ƒomevi aɖe asɔ kplii kpɔ.

Anyigbatala Sue Aɖe

Ben Smith, amesi nye kɔmpiuta magazine si nye BYTE ƒe mɔ̃ɖaŋumetola ŋlɔe nyitsɔ laa be: “Bɔmb siwo wofiaa mɔe nye bometsinu ɖigbɔ ne wotsɔ wo sɔ kple lilĩ.” Nukata? Woate ŋu aflu bɔmb siwo wofiaa mɔe togbɔ be mɔ̃ɖaŋu ƒe kãlewɔwɔ geɖe le wo si hã gake. Smith gblɔe ale: “Wò ya ɖe nusi minyãm wòle la ɖa, eye nàgblẽ nu bubu ɖe afima. Esi wònye bɔmb siwo wofiaa mɔe tsrɔ̃a eɖokui ne eyina nusi minyãm wòle la tsrɔ̃ ge ta la, mate ŋu akpɔe ade dzesii be yewɔ vodada o.”

Lilĩ fuflu ya sesẽna wu. Nu gbagbewo ŋuti nunyala aɖe si nɔ nu srɔ̃m le nudzodzoe sia ŋu la tee kpɔ. Esi wòkpɔ be wo dometɔ alafa geɖe ƒo ƒu ɖe nuto ɖeka me afisi wole do si ɖi wo nɔewo me le anyigba sue aɖe si le ƒuta la, elala vaseɖe esime wo dometɔ ɖeka dzo dzo, emegbe wòtsɔ ke xe eƒe aƒea ƒe mɔnu enumake. Emegbe elala be yeakpɔ be nudzodzoe la ate ŋu agakpɔ doa hã. Ewɔ nuku nɛ be edze ɖe do si wòxe la nu tututu hekui! Esi wòkpɔe be lilĩ sia léa ŋku ɖe nuto si me eƒe doa le ŋu ne eyina dzodzo ge kple ne eyina dzedze ge ta la, ewɔ nuku na nu gbagbewo ŋuti nunyala la eye wòbui be anye be nudzodzoe la le nusiwo de dzesi nutoa me la lém ɖe susu me, hele anyigba tam ɖe susu me.

Be wòatsɔ ado eƒe nusɔsrɔ̃ akpɔ la, etsɔ nu tsyɔ doa nu ake eye fifia egbugbɔ ati siwo ƒo xlãe la ɖo. Esi lilĩ la gatrɔ va eƒe aƒea me la, ekpɔ nua de dzesii le yame eyata eyi ɖadze ɖe teƒe bubu! Etɔtɔ vie. Emegbe edzo eye wògasa agba le nutoa me​—gake fifia ya edzo yi yame wu tsã. Edze ƒã be esi wògayi ɖale ŋku ɖe kuxia ŋu ake la na be nudzodzoe sue la kpɔ dzesidenu ɖedzesi siwo dzi woaɖo ŋkui la, elabena ekpɔ eƒe do si le ɣaɣla enumake eye wògagbugbɔ kui.

Kɔmpiuta si wowɔ de bɔmb siwo wofiaa mɔe me la ƒe asi ade dɔlar miliɔn ɖeka kloe eye eƒe kpekpeme ade kilogram blaatɔ̃. Lilĩ zãa susu si ƒe lolome le abe abi ƒe ta ene. Ben Smith gblɔ kpe ɖe eŋu be: “Lilĩ ate ŋu azɔ azɔli, aku do, adi eƒe nuléle ahaɖu edzi, edia eƒe kpeɖeŋutɔ (nusi wɔwɔ anye afɔku na bɔmb siwo wofiaa mɔe) .” Smith ƒo nya ta be: “Nenye be ƒe sia me ƒe mɔ̃ siwo de ŋgɔ la ɖu ƒe si va yi tɔ siwo wowɔ dzi sãa gɔ̃ hã la, kokoko la edze ƒã be womegogo lilĩ sue la ƒe susu ƒe ŋutete kaka wòahayi amegbetɔ ƒe susu ƒe ŋutete nye ge o.”

Aʋala Wɔnuku Mawo

Míate ŋu agblɔ nya ma ke le yameʋu deŋgɔtɔ kekeake siwo amegbetɔ wɔ, abe yameʋu si wo tsɔ dzea nu dzii ene ŋu. Robin J. Wootton, amesi nye nudzodzoewo ŋuti nunyala le England tsɔ ƒe blaeve kple vɔ nɔ nu srɔ̃m tso alesi nudzodzoe wɔna dzonae la ŋu. Eŋlɔe ɖe Scientific American magazine me be nudzodzoe aɖewo “ɖea dzodzo le yame ƒe aɖaŋu wɔnuku fiana. Le kpɔɖeŋu me, tagbatsuwo tea ŋu ɖea woƒe dzodzo sesĩe dzi kpɔtɔna, saa agba, trɔna toa eme godoo le teƒe ɖeka, trɔa kɔ to dzona eye wodoa togodo hedzena ɖe xɔta​—ewɔa wo katã le sekɔnd ƒe memamã ko me.”

Nuka koŋ ye kpena ɖe nudzodzoe sue siawo ŋu be woƒe dɔwɔwɔ de ŋgɔ wu yameʋu siwo amegbetɔwo wɔ alea? Dzodzo ƒe mɔfianu le yameʋu geɖe ŋu be wòakpe ɖe wo ŋu woanɔ te ne wole dzodzom. Mɔfianu le nudzodzoewo hã si​—esi nye megbetawo, ŋusẽ si léa wo ɖe yame henɔa wo tutum si le afisi tututu nudzodzoe bubuwo ƒe megbeʋalawo le. Megbetawo ʋãna le sɔsɔ me kple aʋalawo. Wofiaa mɔ nudzodzoe la henana wònɔa te ne ele dzodzom.

Gake le blemalãwo ŋuti nunyala Wootton ƒe nya nu la, nusi koŋ gbɔ eƒe dzodzo tsona lae nye nudzodzoea ƒe aʋalawo. Eŋlɔe be esi yenɔ Yunivɛsiti dem le ƒe 1960 ƒe ƒeawo me la, yeva nɔ esusum be nudzodzoe ƒe aʋalawo “menye ʋukawo kple lãkusi si womekpɔna dzro ko” abe alesi wobunɛ zi geɖe ene o. Ke boŋ egblɔ be “aʋala ɖesiaɖe dze nam abe mɔ̃ɖaŋu deŋgɔ sue aɖe ene.”

Le kpɔɖeŋu me, ʋuka legbee siwo le nudzodzoe ƒe aʋalawo me la nye do ŋutɔŋutɔ siwo me wode yae si woyɔna be tracheae. Ʋuka siwo zɔ to wo nɔewo me lae tsiã aʋalati wodzoe siawo siwo sesẽ la ɖe enu. Nɔnɔme si me nusiawo le la nya kpɔna ŋutɔ; le Wootton ƒe nya nu la, ele ko abe daɖedziti kple sɔti siwo xɔtulawo zãna tsɔ léa nu ɖe te be ŋusẽ nanɔ eŋu ene.

Sɔti dzohli siawo ŋutie wofa lãkusi ɖo si gɔme dzɔdzɔmeŋutinunyalawo mese ŋutɔŋutɔ o le esi wosesẽ hele wodzoe ŋutɔ ta. Wootton de dzesii be nusia fafa ɖe aʋala la ƒe sɔtiwo ŋu la nana be aʋala la sesẽna wu eye wolia ke wu, abe alesi ko aɖaŋudɔwɔla aɖe akpɔe be kuntru keke ɖe agbadɔ si le ʋuʋum dzi la wɔnɛ be wòlia ke ene.

Gake mele be aʋalaawo nasesẽ fũ akpa o. Ele be woanɔ te ɖe alesi woanɔ ya ƒomee nu ne wole dzodzom sesĩe eye woanɔ klalo be woanɔ te ɖe nu bubuwo lɔlɔ ɖe eme nu. Le nya sia nu la, esi Wootton gagbugbɔ ŋku lé ɖe aʋalawo ŋu tsitotsito la, ekpɔe be wo dometɔ geɖe lolona le eƒe agunu eye eƒe loloa dzi ɖena kpɔtɔna le eƒe nugbɔ, esi wɔnɛ be wote ŋu trɔna ɖe nɔnɔme ɖesiaɖe me le woƒe nugbɔ. Eŋlɔe be: “Aʋalawo metsɔa tsitretsiɖeŋu wɔa nu le ŋusẽ si wodoa goe nu o, ke boŋ to alesi woɖea asi le wo ɖokui ŋu kple woƒe dzodzo sesĩe dzi abe alesi keti wɔna le ya nu ene.”

Gake esi gaɖe dzesi wue nye alesi aʋalawo teŋu trɔa nɔnɔme ne wole dzodzom. Gake xeviwo ƒe aʋalawo hã wɔa nenema ke, eye wozãa lãmeka siwo le woƒe aʋalawo me tsɔ trɔa woƒe aʋalawo ɖe nɔnɔme vovovowo me. Nudzodzoe ƒe lãmekawo se ɖe woƒe aʋalawo ƒe agunu ko. Le go sia me la, nudzodzoe ƒe aʋalawo le abe abala si wodo ɖe tɔdziʋu dzi ene. Be woatrɔ abala ƒe nɔnɔme la, ele be woanɔ ʋua gɔme atrɔe, tso ʋugɔmenɔla gbɔ, alo tso lãmeka siwo le nudzodzoea ƒe aʋala ƒe kpeƒewo me. Abe alesi Wootton gblɔe ene la, “gake wowɔ nudzodzoe ƒe aʋalawo aɖaŋutɔe wu abalawo eye wonya kpɔna hã wu . . . . Ŋutete le esi be wòte ŋu dzena eye mexɔa abi o, alesi wòte ŋu ɖea eƒe kpekpe dzi kpɔtɔna, eƒe ŋutete be wòaxe mɔ na ya siwo akpee la kpakple aɖaŋu bubu geɖe siwo mede ŋgɔ fũ o gake wohewɔa dɔ nunyatɔe la, wo katã nana aʋala la ƒe dzodzo le yame ƒe ŋutete la dzina ɖe edzi.”

Nusi Nana Wòdzona​—Eyae Nye Nu Vevitɔ

Esiawo katã kple aʋala la ƒe akpa bubu siwo wotsɔ aɖaŋu wɔe la wɔnɛ be nudzodzoe la te ŋu trɔa nu vevitɔ mamletɔ si hiã hena dzodzo ​—dzodzo ayi dzi. Le nyateƒe me la, Wootton ƒo nu tso mɔ tɔxɛ ade siwo nu nudzodzoewo trɔa woƒe aʋala ɖo bene woate ŋu adzo ayi dzi la ŋuti.

Marvin Luttges, si nye yameʋuɖaŋunyala tsɔ ƒe ewo srɔ̃ nu tso zrɔ̃tsizrɔ̃tsiwo (alo gbetaɖuwo) ƒe dzodzo ŋuti. Nudzodzoe siawo te ŋu dzona tso anyigba yia dzi ale gbegbe be Amerika ƒe magazine si woyɔna be National Wildlife ƒo nu tso alesi wodzona la ŋu nyitsɔ laa be enye “dzodzo ƒe ŋusẽ wɔnuku aɖe.” Luttges tsɔ nu kpekpe sue aɖe tsi ɖe wo dometɔ ɖeka si woyɔna be Libellula luctuosa ŋu, eye wòkpɔ be nudzodzoe sue la te ŋu tsɔ nu kpekpe sia si le kpekpem abe eya ŋutɔ ene ƒe kpekpeme la ƒe teƒe eve vaseɖe teƒe eve kple afã ɖe yame​—eye wòtsɔe bɔbɔe. Ema fia be le nu gbagbe siawo ƒe lolome ta la, woate ŋu atsɔ agba kpekpe zi gbɔ zi etɔ̃ wu yameʋu deŋgɔtɔ kekeake si amegbetɔ wɔ la!

Aleke wowɔnɛ? Luttges kple etɔwo kpɔe bene zrɔ̃tsizrɔ̃tsi le ɖiɖim va anyi la, etroa eƒe aʋala vie, eye wòƒoa lĩbla sue ɖe aʋala la dzi. Nu tɔxɛ sia si mɔ̃ɖaŋuwɔlawo yɔna be yaƒoƒo siwo trɔna, la ŋudɔ wɔwɔ to vovo sã tso alesi yameʋu si amegbetɔ wɔ la dzonae la gbɔ; wonɔa te ɖe yaƒoƒo siwo trɔna la dzi. Gake abe alesi National Wildlife gblɔe ene la, ŋutete si le zrɔ̃tsizrɔ̃tsi si be “wòazã lĩbla ƒe ŋusẽ” ye wɔnɛ be ‘wòdzona le mɔ wɔnuku nu.’ Amerika ƒe Yamesrafowo kple Amerika ƒe Ƒudzisrafowo le gakpekpeɖeŋu nam Luttges ƒe dɔa eye wole alɔ domee. Nenye be yameʋuwo ate ŋu awɔ gɔmeɖose mawo ŋudɔ la, woate ŋu adzo tso anyigba eye woate ŋu adze ɖe anyi bɔbɔe le yameʋudzeƒe siwo le sue wu.

Ne míatsɔ zrɔ̃tsizrɔ̃tsi ƒe dzodzo asɔ kple yameʋu la, aganye gbetɔame bubu kura. National Wildlife de dzesii be tso esime zrɔ̃tsizrɔ̃tsi dzo tso anyigba teti ko la, ewɔa “nukunu siwo amegbetɔ ƒe yameʋukula deŋgɔtɔ kekeake mate ŋu awɔ o negbe ɖeko wòabia ŋu na wo la enumake.”

Ekema mewɔ nuku o be blemalãwo ŋuti nunyala Wootton ƒo nya ta sia be: “Zi alesi míese nudzodzoewo ƒe dɔwɔwɔ gɔme ɖe edzi la, zi nenemae aɖaŋu kple nyonyo dzena le wo mee.” Egblɔ kpe ɖe eŋu be: “Mɔ̃ɖaŋununya ʋee aɖewo koe le wo si sɔ kple esia, alo ɖeke kura meli haɖe o.”

“Haɖe o.” Nya sia fia alesi amegbetɔ gale mɔ kpɔm​—dadatɔe​—be ne wona ɣeyiɣi sɔ gbɔ amegbetɔ la, woate ŋu awɔ nusi Wɔla la wɔ la dometɔ ɖesiaɖe kloe. Ðikeke mele eme o be amegbetɔ ayi edzi awɔ nu klitsu siwo me aɖaŋu le siwo wòkpɔ le dzɔdzɔmenuwo me la ƒomeviwo. Gake ele be nu ɖeka nanɔ susu me na mí. Nu dzi kpɔkpɔ awɔ le vovo na nu toto vɛ. Abe alesi nunyala Hiob gblɔe ƒe alafa 30 kple vɔ enye sia ene la: “Ke bia lãwo se, eye woafia nu wò, kple dziƒoxewo, eye woagblɔe na wo . . . . Amekae medze sii le nusiawo katã ŋu be, Yehowa ƒe asie wɔ nusiawo oa?”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe