Atsyɔ̃ɖonu Siwo le Tɔto
Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Spain gbɔ
ESIAƔI si maɖi tsa le tɔsisi alo ta aɖe to ko la, media atsyɔ̃ɖonu siwo doa dzidzɔ nam la—ate ŋu abiã, anye blɔtɔ, alo gbemumu ƒe amadede. Ɣeaɖewoɣi mekpɔa ɖeka wònɔa aŋgba dzi kpoo; megate ŋu kpɔa bubu wònɔa agba sam le tsia dzi alo wònɔa dzodzom le ŋgɔnye. Atsyɔ̃ɖonu si medina be makpɔ lae nye taɖu—“helikopta” dadzo si le nudzodzoewo dome.
Mekpɔ nudzodzoe dzeani siawo zi gbãtɔ ƒe geɖe enye sia esime meva do ɖe tɔ aɖe si le sisim blewu le atiwo dome la to. Mekpɔ taɖu geɖe wodzona vaa ɣea ƒe keklẽ me gabuna—amadede blɔtɔ dadzo ye le ɖewo ŋu eye bubuwo tɔ nye aŋutiɖiɖi si gbemumu tsaka si le keklẽm. Metsɔ gaƒoƒo ɖeka nɔ ŋku lém ɖe alesi woɖua ɣe le yamee ŋu, si na avea ƒe teƒe ma va zu abe ɣeɖuƒe sue aɖee mele ene. Medi vevie tso ɣemaɣi be manya nu tso wo ŋu.
Zi alesi mesrɔ̃a nu le taɖu ŋui la, zi nenemae meva kpɔa woƒe anidzedze kple woƒe asixɔxɔe. Nu gbãtɔ si mekpɔ le wo ŋue nye be vovototo le taɖuwo kple gbɔmigbɔmiwo dome. Taɖuwo dzona ŋusẽtɔe eye zi geɖe la, wololona wu, gake gbɔmigbɔmi—abe alesi woƒe ŋkɔ damselfly le Eŋlisigbe me fia ene la—nya kpɔna, eye womeɖea abla boo le dzodzo me o. Nusi koŋ dea vovototo wo domee nye alesi wowɔa woƒe aʋalawoe. Taɖu si tɔ ɖe teƒe ɖeka la kekea eƒe aʋala me, gake gbɔmigbɔmi ya kpenɛ ɖe dzi.a
Meva nɔ alesi taɖuwo wɔna léa mũwo le yame bɔbɔe la ŋu bum. Le nye ŋutɔ gonyeme la, esesẽna nam ŋutɔ be maƒo nudzodzoe gã si dze ɖe dzodoƒegli ŋu. Mebia ɖokuinye be: ‘Nukae le taɖu si si mele asinye o?’ Nu evee: eƒe bibi ɖe nuwɔwɔ le yame me kple ŋku si tɔgbe adzro dzɔla kakaka be nesu ye si.
Taɖu ƒe Dzodzo
Taɖu yɔyɔ be helikopta—ŋkɔ si wolɔ̃a yɔyɔ nɛ le Spain—nye etsɔtsɔ sɔ kple nusi megogoe kura o. Woƒe goglomiɖeɖe le yame tsɔna ale gbegbe be ɣeaɖewoɣi la, ŋkua megate ŋu kplɔnɛ ɖo o. Eƒomevi aɖewo te ŋu dana sesĩe zi ɖeka eye woƒe ablaɖeɖe dea kilometa 55 le gaƒoƒo ɖeka me. Wote ŋu tɔna ɖe yame alo dzona megbemegbee, wote ŋu yia ŋgɔ, alo dzona yia axadzi le vome. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, dzɔdzɔmeŋutinunyalawo bu akɔnta be ne taɖu trɔ zi ɖeka le yame la, ezãa ŋusẽ si dea 2.5 le graviti ƒe dzidzenu nu.
Aʋala bɔlɔbɔlɔ eve siwo le abe atsyɔ̃ɖokawo ene ye le taɖuwo si. Togbɔ be aʋala siawo dzena nu beli hã la, wote ŋu ƒonɛ zi 40 le sɛkɛnd ɖeka me eye ne nu ƒoe la, nuvevi mewɔnɛ boo o. Nugbagbeŋutinunyala Robin J. Wootton ɖɔ wo be “aɖaŋudɔ sue siwo wɔwɔ bia aɖaŋuwɔwɔ blibo ye wonye.”
Egblɔ kpee be: “Zi alesi míesea alesi nudzodzoewo ƒe aʋalawo wɔa dɔe me la, zi nenemae woƒe wɔwɔme wɔa nuku henyakpɔna na míi. . . . Ne mɔ̃ɖaŋudɔ aɖe de wo nu la, ke ʋee aɖewo koe.” Mewɔ nuku be yameʋuwɔlawo le nu srɔ̃m tso taɖu ƒe dzodzoɖaŋuwo ŋu fifia o.
Ta si Ŋu Ŋkuwo Bɔ Ðo
Ne taɖu ƒe dzodzo ɖe dzesi la, ke nenema kee nye eƒe nukpɔkpɔ hã. Ŋku gã eve siwo wɔ ɖeka la xɔ taɖu ƒe ta katã kloe. Nu suesue siwo xa ɖe dzogoe ade me siwo ade 30,000 le ŋku siawo dometɔ ɖesiaɖe dzi siwo dzena abe ŋku suesuewoe gale ŋkua dzi ene, elabena ɖesiaɖe kpɔa nu vovo heɖonɛ ɖe ahɔhɔ̃a. Gake esia mefia be taɖu kpɔa nu vovovo akpe geɖe le ɣeyiɣi ɖeka ma ke me o. Le esi teƒe be wòakpɔ nu bliboe abe alesi míekpɔnɛ ene la, esea nu ƒe ʋaʋã, enyaa woƒe nɔnɔme, vovototowo, kple woƒe dzedzeme.
Ehiã be wòadzro nukpɔkpɔ mawo katã me. Eyata dɔ si taɖu ƒe ahɔhɔ̃ ƒe akpa 80 le alafa me wɔnae nye be wòadzro nusiwo ŋkua kpɔna me. Nukpɔmɔ̃ ʋee aɖewo koe ɖa de enu—taɖu te ŋu kpɔa mũ si le adzɔge meta 20. Ne xexeame tsyɔ eye keklẽ nu mesẽ kura ne amegbetɔ nate ŋu akpɔ nudzodzoe sue o gɔ̃ hã la, taɖu siwo le afisi yame xɔa dzo wu ya te ŋu kpɔa wo bɔbɔe.
Taɖu ƒe dzodzo le tɔto gbewo me bia be wòawɔ nyametsotsowo kabakaba ale gbegbe. Ete ŋu wɔa dɔ sesẽ sia elabena ete ŋu kpɔa nu vovovo siwo ade alafa ɖeka le aɖabaƒoƒo ɖeka me, si wu míaƒe nukpɔkpɔ zi gbɔ zi atɔ̃. Eyata sinima si ɖea nɔnɔmetata 24 fiana sɛkɛnd ɖeka la anɔ na taɖu ko abe foto vovovo siwo meʋãna o ene.
Woƒe Agbenɔnɔ ƒe Tɔtrɔ
Ne taɖu dze agbenɔnɔ gɔme la, naneke menɔa eŋu si fia be ava zu nusi bi ɖe dzodzo me mlɔeba o. Ne woƒoe vɔ la, ezua tsimeŋɔvi si nɔa teƒe ɖeka le ta alo tɔsisi me, henɔa lalam be yealé nuɖuɖu ɖesiaɖe si ato ye gbɔ. Ne woɖɔli tsro zi geɖe megbe—ɣleti geɖe alo ƒewo gɔ̃ hã le eƒomevi aɖewo gome—la, ŋɔvia dona va nɔa gbe dzi. Afisiae tɔtrɔ wɔnuku aɖe yia edzi le.
Eƒe tsro fena ɖe titina wòkena, eye taɖu bliboa dona le eme ɖɔɖɔɖɔ. Abe alesi kpakpaluʋui wɔna ene la, ele be taɖu tsitsi si do tso eme la nalala gaƒoƒo ʋee aɖewo hafi eƒe aʋalawo nasẽ eye wòadze agbe yeye gɔme. Le ŋkeke aɖewo megbe la, nunya si wode eme na wòte ŋu léa nuwo nyuie eye wònyaa dzodzoɖaŋuwo.
Eteƒe medidina o taɖu fẽ la va bina ɖe nudzodzoe kple mũwo léle me le yame. Esi wòléa nudzodzoe siwo lolo abe eya ŋutɔ ene gbesiagbe ta la, dɔ gã aɖee wònye wòwɔna. Be taɖutsuwo nakpɔ egbɔ be yewokpɔa nuɖuɖu ɣesiaɣi la, wo dometɔ geɖe kpɔa ŋusẽ ɖe teƒe sue aɖewo dzi, eye wòdzɔa wo ŋu kple ŋkubiã.
Taɖu ƒomevi aɖewo daa ade nudzodzoewo alo adoŋgowo, bubuwo léa akpɔkplɔviwo, eye gbɔmigbɔmi aɖe si nɔa afisi yame xɔ dzo le wu ƒe nuɖuɖue nye yiyiwo. Enɔa xlã ƒom yiyigã goɖoewo ƒe yiyiɖɔ eye wòléa yiyivi siwo vaa yiyiɖɔa gbɔ va ɖua nuɖuɖu kakɛ siwo yiyigã la gblẽ ɖi la.
Nusi Tsi Tre ɖe Nɔnɔmetɔtrɔnufiafia Ŋu
Dzɔdzɔmeŋutinunyala siwo xɔ nɔnɔmetɔtrɔ dzi se dometɔ geɖe bua taɖuwo be woawoe nye nudzodzoe gbãtɔwo. Woke ɖe taɖu ƒe nɔnɔme si ɖe ɖe kpe aɖe dzi si ƒe aʋalawo keke sentimeta 75 la ŋu le France! Eyae nye nudzodzoe gãtɔ kekeake si wokpɔ kpɔ, si lolo wu taɖu gbagbe ɖesiaɖe zi gbɔ zi etɔ̃ kple edzivɔ.
Mebia ɖokuinye be, ‘Aleke wòanya wɔe be nusiwo ŋu dzodzoŋutete tɔxɛwo le wu siwo amegbetɔ nya la dometɔ ɖeka nado kpoyi ko nusianu nade pɛpɛpɛ le eŋu?’ Agbalẽ si nye Alien Empire—An Exploration of the Lives of Insects gblɔ be: “Womeke ɖe nudzodzoe kuku aɖeke ŋu wòle evedomesi le aʋala tom kpɔ o.” Edze ƒã be Aɖaŋuwɔla Bibi aɖe ƒe asinudɔwɔwɔe taɖuwo nye.
Taɖuwo te ŋu nɔa anyigba ƒe akpa ɖesiaɖe dzidzedzetɔe. Wonɔa ta siwo te ɖe towo ŋu, anyigbaxɔdzo dzi tsiteƒewo, alo tsiƒuƒe siwo te ɖe dugãwo ŋu gɔ̃ hã gbɔ.
Mekpɔ taɖuwo ƒe hawo le ƒuta aɖe le Afrika-nyigba xɔdzo dzi kple taɖu gã ɖekaɖeka siwo le tsatsam le Europa-ta siwo gbɔ wolɔ̃a nɔnɔ la gbɔ. Eye esi meɖo aɖeeʋu to bali gã siwo me gbewo sɔ gbɔ ɖo me le Philippines la, gbɔmigbɔmi dzeaniwo nɔ mía ŋu, eye wodze ɖe nye abɔ dzi gɔ̃ hã.
Togbɔ be taɖuwo anɔ nusiwo si dzodzoŋutete tɔxɛwo le wu le anyigba dzi dome hã la, woƒe nuwɔwɔ faa kple alesi wodze anii wɔa dɔ ɖe dzinye wu woƒe dzodzoŋutetewo. Alesi wonɔa míaƒe tawo kple tɔsisiwo toe na afimawo ganya kpɔna. Atsyɔ̃ɖonu dzeaniwoe wonye—woli míate ŋu akpɔ ɣesiaɣi.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Ɣeaɖewoɣi la, taɖuwo tsɔa woƒe aʋalawo tɔa anyi eye wodoa wo ɖokui ɖe yame ɖe ŋdɔ nu. Aleae wowɔna be lãme nafa na wo, elabena ewɔnɛ be ŋdɔ meɖua woƒe ŋutilã ƒe akpa geɖe o.
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Zi geɖe la, taɖu, siwo kea woƒe aʋalawo me la, lolona wua gbɔmigbɔmi, siwo kpea woƒe aʋalawo ɖe dzi