INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g92 10/8 axa 25-27
  • Aleke Mawɔ Akpɔ Dzideƒo Awɔ Nusi To Vovoe?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Mawɔ Akpɔ Dzideƒo Awɔ Nusi To Vovoe?
  • Nyɔ!—1992
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dzideƒo Vavãtɔ Tsoƒe
  • Sɔhɛ Siwo Ƒo Dzi Nɔ le Blema
  • “Miwɔ Kalẽ”
  • Sɔhɛwo, Mizɔ Alesi Dze Yehowa
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2003
  • “Lé Dzi Ðe Ƒo, . . . Eye Nàwɔ Dɔ La”
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe (Tata Si Míesrɔ̃na)—2017
  • Sɔhɛwo—Mitsi Tsitre Ðe Hatiwo Ƒe Nyaƒoɖeamenuwo Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2010
  • Sɔhɛwo—Mitsi Tre Ðe Xexeame Ƒe Gbɔgbɔ Ŋu
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1999
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1992
g92 10/8 axa 25-27

Sɔhɛwo Biana Be. . .

Aleke Mawɔ Akpɔ Dzideƒo Awɔ Nusi To Vovoe?

“Ɣeaɖewoɣi hanyetiwo ƒe nyaƒoɖeamenu nana mewɔa nusi mebu be menyo o, gake esi wònye emawɔmawɔ medoa dzidzɔ na xɔ̃nyewo kura o ta la, ɖeko melɔ̃na ɖe edzi na wo be mawɔe.”​—John.

“MÍA hatiwo ƒoa nya ɖe mía nu le míaƒe agbe ƒe akpa sia akpa.” Aleae agbalẽŋlɔla Lesley Jane Nonkin gblɔ. Hawòtiwo dina be yewoafia alesi nàdo awui la wò. Wofiaa mɔ siwo nu nàzɔ ɖo, aƒo nu ɖo, ahavu ɖa ɖo la wò. Womeɖea mɔ be amesiame nawɔ nusi dze eŋu o. Ele be nawɔ nusi amesiame le wɔwɔm​—alo woaɖe wò le wo dome ne egbe!

Gake sɔhɛ Kristotɔwo menye kluviwo na nusi amesiame le wɔwɔm la wɔwɔ o. Le wɔwɔ ɖe se si Yesu de le Yohanes 15:19 me la, womenye ame mavɔ̃mawuwo ƒe ‘xexea ƒe akpa aɖeke o.’a Gake gbetɔamee wònye be woanɔ xexeame evɔ womanye eƒe akpa aɖeke o. Ele abe tɔdziʋu kuku le ƒu dzeagbo dzi ene. Èle tsi me eye tsi ƒo xlã wo godoo va kpe, gake be nàtsi agbe la, àdze agbagba alesi nàte ŋui be tsi gbogbo aɖeke nagakɔ ɖe ʋua me o! Nenema ke sɔhɛ siwo le Yehowa Ðasefowo dome la dzea agbagba be xexeame ƒe mawumavɔ̃mavɔ̃ nagage ɖe yewoƒe agbenɔnɔ me o.

Gake esia mele bɔbɔe ɣesiaɣi o. Bu sɔhɛ Ðasefo si le Japan si ŋkɔe nye Eiichiro la ŋu kpɔ. Nyaƒoɖeamenu be woawɔ nusi amesiame le wɔwɔm la nu sẽ ŋutɔ le dukɔ ma me le sɔhɛwo kple ame tsitsiwo dome. Eiichiro gblɔ be: “Nye dzitsinya meɖea mɔ nam mekpɔa gome le azãɖuɖu siwo lɔ dukɔa ƒe dzesiwo kple hadzidziwo ɖe eme la me le suku o. Gawu la, nyemesrɔ̃a avuwɔɖaŋuwo o, elabena wotsi tre ɖe Biblia me gɔmeɖosewo ŋu.” (Kpɔ Mose II, 20:​4, 5 kple Luka 4:8; Yesaya 2:4 kple Luka 10:​27.) Esia na Eiichiro to vovo​—ɖewohĩ le mɔ si ado ŋukpee nu​—le ehatiwo dome.

Sɔhɛ Ðasefo siwo le xexeame godoo dzea ŋgɔ nɔnɔme mawo tɔgbe. Sɔhɛ Kristotɔ aɖe gblɔ be: “Ŋkekenyuiwo dzie wòsesẽna le wu. Mía tɔwo katã biana be, ‘Nukatae wò ya mele azã la ɖum o?.’” Nya sesẽ si dzea ŋgɔ nyɔnuvi ƒewui aɖee nye “ne alɔ̃ aɖo gbe ɖi ado go kple ŋutsuviwo.” Gake ƒewuivi Kristotɔ aɖe fa konyi le alesi woƒoa nya ɖe enui be wòade ha kple amewo la ŋu. Egblɔ be: “Amewo anɔ biawòm ɣesiaɣi be, ‘Màyi kplɔ̃ɖoƒe la oa?’” Woɖu fewu le sɔhɛ Ðasefo aɖewo ŋu le esi womedoa kpo sukuyiyi alo fia ame bubuwo ƒe dɔwo wɔna le dodokpɔ me o ta. Eyata míate ŋu akpɔe bɔbɔe be ebiaa dzideƒo geɖe be woawɔ nu wòato vovo, eye menye sɔhɛwo katãe sena le wo ɖokui me be dzi le yewo ƒo nenema o.

Sɔhɛ aɖe ŋlɔe be: “Mele agbe eve nɔm​—suku tɔ ɖeka kple aƒeme tɔ hã ɖeka. Le suku la mía kple xexeameviwoe zɔna. Gake ɖevi siawo gblɔa nya vlo ɣesiaɣi kloe si wole nya gblɔm, eye meva le wo srɔ̃m. Nukae mawɔ?” Ŋuɖoɖoa dze kɔte: “Di dzideƒo si ana nàto vovo! Gake aleke nàwɔ wòasu asiwò?

Dzideƒo Vavãtɔ Tsoƒe

Dzideƒoe nye susu alo agbenɔnɔ ƒe ŋusẽ si woatsɔ anɔ te ɖe afɔku, vɔvɔ̃, alo nɔnɔme sesẽ aɖe nui. Menye amesiame sie wòle ya o, gake woate ŋu akpɔe. Apostolo Paulo ɖe nu me be: “Mawu mena vɔvɔ̃gbɔgbɔ mí o, ke boŋ ŋusẽ kple lɔlɔ̃ kpakple ɖokuidziɖuɖugbɔgbɔe wòna mí.” (Timoteo II, 1:⁠7) Ẽ, Mawu ate ŋu ana ŋusẽ si hiã be nàtsɔ anɔ te ɖe hawòtiwo ƒe nyaƒoɖeamenuwo nui la wò.​—Filipitɔwo 4:⁠13.

Gake aleke nàwɔ akpɔ ŋusẽ sia? Mɔ siwo dzi nàto wòasu asiwò dometɔ ɖekae nye be nàbia. Yesu do ŋugbe le Yohanes 16:24 be: “Miɖe kuku, eye miaxɔ nu.” Vevietɔ ne tanana ƒe tetekpɔ dze ŋgɔwòe wòle be gbedodoɖa nanɔ nu na wò. Sɔhɛ Kristotɔ aɖe gblɔ be: “Medoa gbe ɖa na Yehowa be wòana maɖu nye susu kple dzi dzi.”

Sɔhɛ Siwo Ƒo Dzi Nɔ le Blema

Biblia me nuŋlɔɖi siwo ƒo nu tso Mawu ƒe subɔla siwo ɖe dzideƒo fia ŋu la xexlẽ kple ŋugble dede le wo ŋu nye nu bubu si akpe ɖe ŋuwò natu dzideƒo ɖo. Le kpɔɖeŋu me, ɖe wòkpea ŋu na wò be nàna ame bubuwo nanya be Yehowa Ðasefoe nènyea? Ne ekpea ŋu na wò la, ekema xlẽ nuŋlɔɖi si le Fiawo II, 5:​1-5. Eƒo nu tso lsrael-nyɔnuvi aɖe si woɖe aboyoe, amesi tsɔ dzideƒo ɖe eƒe xɔse fia le amewo ŋkume la ŋu. Woŋlɔ nuŋlɔɖi ʋãme bubu ɖe Dɔwɔwɔwo 4:​20. Afimae apostoloawo tsɔ kalẽwɔwɔ gblɔ na woƒe tsitretsiɖeŋulawo le be: “Míate ŋu agbe nuƒoƒo le nusi míekpɔ kple nusi míese la ŋuti o.” Nuŋlɔɖi siawo sɔsrɔ̃ ade dzo mewò be wò hã nàɖe dzideƒo afia le nuƒoƒo me.

Ŋutinya dodzidzɔname bubue nye esi ku ɖe Daniel kple eƒe zɔhɛ etɔ̃ siwo nye ƒewuiviwo la ŋu. Woawoe nye Sadrax, Mesax, kple Abed-Nego. Sɔhɛ siawo nɔ sɔhɛ Yudatɔ sesẽ geɖe siwo wolé kplɔ yi Babilon la dome. Babilon-fia ɖoe be yeana hehe sɔhɛ siawo be yeada wo ɖe dziɖuɖunɔƒe gãwo. Be wòana Babilontɔwo ƒe agbenɔnɔ naxɔ aƒe ɖe sɔhɛawo me la, wotrɔ Yudatɔwo ƒe ŋkɔ siwo wotsɔ la na wo, eye wofia Babilontɔwo ƒe gbegbɔgblɔ kple nuwɔna wo. Wo lélawo gadze agbagba be yewoaɖe wo ɖa le Yudatɔwo ƒe nuwɔnawo gbɔ esi wona “fia ƒe nuɖuɖu kple wein” wo.​—Daniel 1:​7, 8

Le Babilontɔwo gome la, nuɖuɖu mawo nye nunyuiɖulawo ƒe nuɖuɖu. Le Yudatɔ Mawu-vɔ̃lawo gome ya la, Babilontɔwo ƒe nuɖuɖu nye mawusubɔsubɔ me ŋunyɔnu. Gake edze abe ɖe dodokpɔa ɖu sɔhɛ aboyome akpa gãtɔa dzi ene​—wo katã negbe Daniel kple eƒe zɔhɛwo ko. Wò ya bu alesi gbegbe wo hati Yudatɔwo anya ƒo nya ɖe wo nui la ŋu kpɔ le susu me! Aleke sɔhɛ siawo wɔ nu ɖe nyaƒoɖeamenu siawo nui? Wò ŋutɔ xlẽ Daniel ta 1 ƒe nuŋlɔɖi si tua xɔse ɖo la. Ðewohĩ akpe ɖe ŋuwò be dzi nanɔ ƒowò be nagbe ne ame aɖe tsɔ atike siwo ŋu se meɖe mɔ ɖo o alo aha sesẽ na wò!

“Miwɔ Kalẽ”

Nuxexlẽ tso dzideƒo ŋu ɖeɖe mesɔ gbɔ o. Be nàtu dzideƒo si akpe ɖe ŋuwò nanɔ te ɖe hawòtiwo ƒe nyaƒoɖeamenu nu ɖo la, ele be nàwɔ ɖe aɖaŋu si Paulo ɖo na ŋutsuwo kple nyɔnuwo le Korinto-hamea me la dzi gbesiagbe: “Minɔ tsitre sesĩe le xɔse me; miwɔ kalẽ eye miase ŋu.”​—Korintotɔwo l, 16:​13, The Jerusalem Bible.

Le kpɔɖeŋu me, ne mègale dziwòlawo kple Kristo-hamea me tɔwo ƒe ŋkuta o la, ɖe nètrɔa wò awudodo alo ɖakpakpa bene wòasɔ kple xexemesɔhɛwo tɔa? Alo ɖe nèkuna ɖe Kristotɔwo ƒe gɔmeɖosewo ŋu goŋgoŋ tamanamanaea? Nyɔnuvi Kristotɔ si si dzideƒo le la gblɔ be: “Megbea atsyiã ɖesiaɖe si to la sɔsrɔ̃.”

Biabia bubue nye: Ðe dzi le ƒowò nyuie be nàna wò sukuhatiwo nanya be Yehowa Ðasefoe nènyea? Ne miaƒe sukua ɖea mɔ ɖe ema wɔwɔ ŋu la, ɖe nètsɔa wò Biblia kple Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe asi yinae? Ne nya siwo lɔ nɔnɔmetɔtrɔ ƒe nufiafia, dulɔlɔ̃kɔnuwo, alo ʋudodo ɖe eme do mo ɖa le miaƒe sukuxɔ me la, ‘èɖoa nya ŋu na amesiame si bia nya wò le mɔkpɔkpɔ si le mewò la ŋua’? (Petro l, 3:15) Alo ɖe nènɔa anyi ɖe wò kplɔ̃ ŋu kpoo numaƒomaƒoea? Yesu Kristo gblɔ be: ‘Amesi ke akpe ŋu nye kple nye nyawo la, nye hã makpe ŋui.’​—Marko 8:⁠38.

Le esi teƒe be Kristotɔ si ƒo dzi le nakpe ŋu la,eƒoa adegbe le eƒe Biblia me mɔkpɔkpɔ ŋu! (Tsɔe sɔ kple Hebritɔwo 3:⁠6.) Eiichiro, si nye sɔhɛ Japantɔ si ƒe nya míeyɔ do ŋgɔ la srɔ̃ esia wɔwɔ. Wobia nyae zi geɖe le nusitae meƒo eɖokui ɖe dulɔlɔ̃kɔnuwo alo avuwɔɖaŋuwo me o la ŋu. Ðe alesi eƒe nuwɔna to vovo gblẽ nu le eŋua? Egblɔ be: “Ao. Meva bua esiawo katã be gbetɔame koe wonye. Ehiãna be madzra ŋuɖoɖo siwo matsɔ aʋli nye nuwɔnawo tae la ɖo eye maɖo ŋu ɖe Yehowaƒe kpekpeɖeŋu ŋuti. Eyata mlɔeba la nusiwo nye kplamatsedonuwo va zu yayrawo.”

Srɔ̃ alesi nàtsɔ dzideƒo aƒo nui ne èdze ŋgɔ dodokpɔ. Lododowo 1:​10-15 gblɔ be: “Vinye, ne nuvɔ̃wɔlawo le nuwò blem la, megalɔ̃ edzi o! Ne wogblɔ be: Yi kpli mí. . . la, ekema vinye, megazɔ mɔ ɖeka dzi kpli wo o, eye nahe wò afɔ ɖe megbe tso wo toƒewo.” Gake esia mefia kokoko be nàɖe gbeƒã na wo o. Aɖaŋuɖola Sharon Scott de dzesii ɖe eƒe agbalẽ si nye How to Say No and Keep Your Friends me be ɣeaɖewoɣi la ɖeko nàdi be yeadzo le wo gbɔ, agbe woƒe amekpekpea​—alo aŋe aɖaba aƒu edzi ko. Gake ɣeaɖewoɣi la, naneke meli nàwɔ tsɔ wu be nàƒo nu ahana ame bubuwo nanya nusitae màte ŋu akpe ɖe wo ŋu o. Aɖaŋuɖola Scott kafui be nàli ke sesĩe: “Mègawɔ abe ɖe metsɔ ɖeke le eme ene o . . . Kpɔ wo ŋkume tututu . . . Ƒo nu dzideƒotɔe kple kakaɖedzi.”

Ðewohĩ woako wò alo aɖu fewu le ŋuwò kokoko le wò tenɔnɔa ta. Gake wò nu anyo ame geɖe ŋu togbɔ be womadi be yewoagblɔe o hã. Mike, si nye ƒewuivi bubu aɖe hã gblɔ be: “Mía tɔwo dometɔ geɖe nya be Ðasefoe menye, eye wodea bubu ŋunye. Ne woyina nu gbegblẽ aɖe dzaka ge la, wogblɔna be ‘Mike, míedi be mialé nya aɖe akpɔ, eyata ne èdi be yeadzo la, àte ŋu adzo.’” Menye sɔhɛwo katãe ade bubu ŋuwò nenema ya o. Gake wò nuwɔna la adzɔ dzi na Mawu godoo. (Petro I, 4:​3-6) Eyata sɔhɛ Kristotɔ aɖe gblɔ be: “Nusi mia tɔwo gblɔna le ŋuwò la megave wò o!” Alesi Mawu bua mii lae le vevie wu. Eye ayra wò le esi nètsɔ dzideƒo wɔ nu wòto vovoe ta.

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Kpɔ nyati si nye “Why Do I Have to Be Different?” si do le Awake! June 8, 1992 ƒe tata me.

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

Ne wò xɔse me ʋuʋu ƒe mɔkpɔkpɔwo ʋu ɖi la,èƒoa nu kple dzideƒoa?

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe