Sɔhɛwo—Mitsi Tre Ðe Xexeame Ƒe Gbɔgbɔ Ŋu
‘Ke míawo la míexɔ xexeame ƒe gbɔgbɔ la o, hafi gbɔgbɔ si tso Mawu gbɔ la boŋ míexɔ.’—KORINTOTƆWO I, 2:12.
1, 2. (a) Vovototo kae woate ŋu akpɔ le sɔhɛ siwo le xexeame kple sɔhɛ siwo le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me la dome? (b) Kafukafu si tso dzime kae woate ŋu atsɔ na Ðasefo sɔhɛ akpa gãtɔ?
“DZI ɖe le míaƒe sɔhɛwo ƒe dzidzime sia ƒo, wogbe wo, eye wodze aglã.” Nya siae Australiatɔwo ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ si nye The Sun-Herald gblɔ. Egblɔ kpee be: “Ʋɔnudrɔ̃ƒe nuŋlɔɖiwo ɖee fia be amedzidzenya vɔ̃ɖi siwo wotsɔ ɖe ɖeviwo ŋu dzi ɖe edzi alafa memama 22 [ɖe ƒe si va yi me tɔ] dzi . . . Ðevi agbɔsɔsɔme siwo le wo ɖokui wum la dzi ɖe edzi zi gbɔ zi etɔ̃ tso ƒe 1960-awo ƒe domedome ke. . . . Eye vovototo gã si le dzidzimewo ƒe agbenɔnɔ dome la va zu ʋe globo si me sɔhɛ geɖe wu le gegem ɖo, wole gegem ɖe atikevɔ̃ɖizazã, ahanono kple ameɖokuiwuwu me vĩ.” Gake menye dukɔ ɖeka ko mee nɔnɔme sia le o. Le xexeame godoo la, dzilawo, nufialawo, kple tagbɔdɔdalawo le konyi fam le sɔhɛwo ƒe nɔnɔmea ŋu.
2 Vovototo gã ka gbegbe nye si le egbe sɔhɛ akpa gãtɔ kple sɔhɛ ɖɔʋu siwo le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me la dome! Menye ɖe woawo ya wode blibo o. Woawo hã le avu wɔm kple woƒe “ɖekakpuinyenye ƒe nudzodzrowo.” (Timoteo II, 2:22) Gake abe ƒuƒoƒo ene la, sɔhɛ siawo tso nya me dzideƒotɔe be yewoawɔ nu dzɔdzɔe eye wogbe be yewomaɖe mɔ xexeame ƒe nyaƒoɖeamenuwo naɖu yewo dzi o. Míetso dzi blibo me le mi sɔhɛ siwo katã le Satana ƒe “aɖaŋu vɔ̃wo” ƒe aʋa si wòho ɖe mia ŋu dzi ɖum la kafum! (Efesotɔwo 6:11) Abe apostolo Yohanes ene la, míese le mía ɖokui me be míagblɔ be: “Ðekakpuiwo [kple ɖetugbiwo], meŋlɔ ɖo ɖe mi; elabena miesesẽ, eye Mawu ƒe nya la nɔa mia me, eye mieɖu vɔ̃ɖitɔ la dzi.”—Yohanes I, 2:14.
3. Nukae nya “gbɔgbɔ” ate ŋu afia?
3 Ke hã be miate ŋu ayi edzi aɖu aʋa si vɔ̃ɖitɔ la ho ɖe mia ŋu dzi la, ele be miatsi tre ɖe nusi Biblia yɔ be “xexeme ƒe gbɔgbɔ” la ŋu sesĩe. (Korintotɔwo I, 2:12) Helagbe me gbalẽ aɖe gblɔ be “gbɔgbɔ” ate ŋu afia “nɔnɔme alo ŋusẽkpɔɖeamedzi si xɔa luʋɔ ɖesiaɖe me eye wòɖua edzi.” Le kpɔɖeŋu me, ne ède dzesii le ame aɖe ŋu be elɔ̃a dzibibi kabakaba la, àte ŋu agblɔ be “gbɔgbɔ” manyomanyo le eme. Wò “gbɔgbɔ,” nɔnɔme, alo tamesusu kpɔa ŋusẽ ɖe tiatia siwo nèwɔna dzi; ekpɔa ŋusẽ ɖe wò nuwɔnawo kple nuƒoƒo dzi. Enyo be míade dzesii be, ame ɖekaɖekawo kple ƒuƒoƒowo siaa ate ŋu aɖe “gbɔgbɔ” aɖe afia. Apostolo Paulo ŋlɔ agbalẽ na Kristotɔwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe be: “Mía Aƒetɔ Yesu Kristo ƒe amenuveve nanɔ anyi kple [gbɔgbɔ si mieɖena fiana] la!” (Filemon 25) Ke gbɔgbɔ ka tututue xexe sia ɖena fiana? Esi wònye “xexeme blibo la katã le vɔ̃ɖitɔ,” Satana Abosam, ƒe ŋusẽ te ta la, ɖe wòanya wɔ be xexeame naɖe gbɔgbɔ ɖɔʋu afia?—Yohanes I, 5:19.
Sidzedze Xexeame ƒe Gbɔgbɔ
4, 5. (a) Gbɔgbɔ kae kpɔ ŋusẽ ɖe amesiwo nɔ Efeso-hamea me dzi hafi wova zu Kristotɔwo? (b) Amekae nye “yameŋusẽ ƒe fia” la, eye nukae nye ‘ya’ la?
4 Paulo ŋlɔ bena: “Eye wògbɔ agbe miawo hã, amesiwo nye ame kukuwo le dzidadawo kple nuvɔ̃wo me, esiwo me miezɔna le tsã le xexe sia [ƒe mɔwo nu], le yameŋusẽ ƒe fia, si nye gbɔgbɔ, si le ŋu sẽm azɔ le vi sẽtowo me la nu—amesiwo dome mí katã hã míezɔna le tsã le míaƒe ŋutilã ƒe nudzodzrowo me, esime míewɔ ŋutilã kple tame ƒe lɔlɔ̃nuwo la, eye míenye dziku ƒe viwo tso dzɔdzɔ me abe ame mlɔeawo hã ene.”—Efesotɔwo 2:1-3.
5 Hafi Kristotɔ siwo nɔ Efeso nava srɔ̃ alesi Kristotɔwo nɔa agbee la, wonye “yameŋusẽ ƒe fia,” Satana Abosam, yomedzelawo le manyamanya me. Menye teƒe ŋutɔŋutɔ aɖe si nye Satana kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo nɔƒee “ya” ma nye o. Le ɣeyiɣi si me Paulo ŋlɔ nya mawo la, Satana Abosam kple eƒe gbɔgbɔ vɔ̃wo gate ŋu yia dziƒo. (Tsɔe sɔ kple Hiob 1:6; Nyaɖeɖefia 12:7-12.) Nya “ya” la fia gbɔgbɔ, alo tamesusu ƒe nɔnɔme, si kpɔa ŋusẽ ɖe Satana ƒe xexeame dzi. (Tsɔe sɔ kple Nyaɖeɖefia 16:17-21.) Abe ya si ƒo xlã mí ene la, gbɔgbɔ sia le afisiafi.
6. Nukae nye “yameŋusẽ” la, eye aleke wòle ŋusẽ kpɔm ɖe sɔhɛ geɖe dzii?
6 Gake nukae nye “yameŋusẽ” la? Anye be eyae nye ŋusẽkpɔɖeamedzi gã si ‘ya’ sia kpɔna ɖe amewo dzi. Paulo gblɔ be gbɔgbɔ sia le ‘ŋu sẽm le vi sẽtowo me.’ Eyata xexeame ƒe gbɔgbɔ dzia tomaɖomaɖo kple aglãdzedze ƒe gbɔgbɔ, eye mɔ siwo nu ŋusẽ sia wɔa dɔ le dometɔ ɖekae nye hatiwo ƒe nyaƒoɖeamenu. Ðasefo nyɔnuvi aɖe gblɔ be: “Ne èle suku la, amesiame anɔ dzi dem ƒo na wò ɣesiaɣi be nàdze aglã vie. Ðeviwo dea bubu ŋuwò wu ne èwɔ aglãdzenu aɖe.”
Mɔ Siwo dzi Xexeame ƒe Gbɔgbɔ Dzena Le
7-9. (a) Gblɔ mɔ aɖewo siwo dzi xexeame ƒe gbɔgbɔ dzena le le sɔhɛwo dome egbea. (b) Ède dzesi nusiawo dometɔ aɖe le mia gbɔa?
7 Mɔ siwo dzi xexeame ƒe gbɔgbɔ dzena le le sɔhɛwo me egbea dometɔ aɖewoe nye kawo? Ðewoe nye anukwaremaɖimaɖi kple aglãdzedze. Magazine aɖe ƒe nyatakaka gblɔ be kɔledzivi tsitsiwo kple ɖeviwo siaa gblɔ be esi yewole kɔledzi la, yewofia dɔ kpɔna le dodokpɔ me. Amemabumabunyawo, alɔmeɖenyawo, kple nya madzetowo gbɔgblɔ hã bɔ. Enye nyateƒe be ɣeaɖeɣi la, Hiob kple apostolo Paulo gblɔ nya aɖewo tsɔ ɖe woƒe dziku si sɔ fia si ame aɖewo abu be enye fewuɖunya. (Hiob 12:2; Korintotɔwo II, 12:13) Gake gbɔɖiamenya vɔ̃ɖi si dona tsoa sɔhɛwo nu nyea dzudzu zi geɖe.
8 Modzakaɖeɖe si gbɔ eme hã nye xexeame ƒe gbɔgbɔ ɖeɖefia. Sɔhɛwo ƒe zãmodzakaɖeƒewo, kplɔ̃ɖoƒe siwo woɖua ɣe ŋu kena,a kple aglotutu blibaa ƒomevi bubuwo bɔ ɖe sɔhɛwo dome. Nenema ke awudodo kple dzadzraɖo si gbɔ eme hã bɔ. Egbe sɔhɛwo dometɔ geɖe ɖenɛ fiana be xexeame ƒe aglãdzegbɔgbɔ le ŋusẽ kpɔm ɖe yewo dzi, tso woƒe awu gã gblotowo dzi vaseɖe nuwɔna dziŋɔwo abe nutata ɖe woƒe ŋutilãwo ŋu ene dzi. (Tsɔe sɔ kple Romatɔwo 6:16.) Mɔ bubu si nu wògadzena le enye ŋutilãmenunɔamesiwo ƒe susu me xɔxɔ na ame. Abe alesi magazine aɖe gblɔe ene la, “adzɔhawo tsɔ boblodomɔnu vovovowo kple adzɔnu geɖe le fu ɖem na ɖeviwoe ɣeawokatãɣi.” Kaka sɔhɛ siwo le United States nawu suku kɔkɔ nu la, woakpɔ boblododo 360,000 le television dzi. Hatiwòwo hã ate ŋu aƒo nuƒeƒle ɖe nuwò. Nyɔnuvi ƒe 14 vi aɖe gblɔ be: “Amesiame anɔ biawòm be, ‘Vuvɔmewu, dziwui, alo atalegbe ka ƒomevie nèdona?’ ”
9 Le Biblia ƒe ɣeyiɣiwo me ke la, hadzidzi maɖɔʋuwo nye dɔwɔnu si Satana zãna tsɔ nyɔa nuwɔna makɔmakɔwo ɖe amewo me. (Tsɔe sɔ kple Mose II, 32:17-19; Psalmo 69:13; Yesaya 23:16.) Eyata mewɔ nuku o be hadzidzi siwo blea ame dea gbɔdɔdɔ nuwɔnawo me—ne womedze gaglã o hã—haa me nyawo, gbegblẽnyawo, kple alesi woƒoa wo sesĩe eye wonyɔa dzodzro ɖe ame me bɔ. Mɔ bubu si hã dzi xexe sia ƒe gbɔgbɔ makɔmakɔ gadzena lee nye gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ. (Korintotɔwo I, 6:9-11) The New York Times ka nya ta be: “Esusɔ vie ko gbɔdɔdɔ nazu abe kɔnu si wowɔna na ƒewuivi geɖe hafi wo hatiwo naxɔ wo ene . . . Suku kɔkɔ delawo dometɔ siwo wu ame eve le etɔ̃ ɖesiaɖe me kpɔ gome le gbɔdɔdɔ me kpɔ.” Nyati aɖe si dze le The Wall Street Journal me gblɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖe be ɖevi siwo xɔ ƒe 8 vaseɖe 12 “va le agbe gbegblẽ nɔm ɖe edzi wu.” Sukuɖaŋuɖola aɖe si xɔ dzudzɔ nyitsɔ laa gblɔ be: “Míele sukuxɔ adelia me vi siwo dometɔ ʋɛ aɖewo le fu fɔm la teƒe kpɔm xoxo.”b
Xexeame ƒe Gbɔgbɔ Tsitsri
10. Aleke sɔhɛ aɖewo siwo tso Kristotɔwo ƒe ƒomewo me ɖe mɔ xexeame ƒe gbɔgbɔ ɖu wo dzii?
10 Nublanuitɔe la, Kristotɔ sɔhɛ aɖewo ɖe mɔ xexeame ƒe gbɔgbɔ ɖu wo dzi. Japan nyɔnuvi aɖe lɔ̃ ɖe edzi be: “Meɖea nɔnɔme nyui fiana le dzinyelawo kple hati Kristotɔwo ŋkume. Gake meganɔ agbe bubu hã nɔm.” Sɔhɛ aɖe si tso Kenya gblɔ be: “Ɣeaɖeɣi la, menɔ agbe eve, nusiwo mewɔna dometɔ aɖewoe nye kplɔ̃ɖoƒewo yiyi, rock-hawo ƒoƒo, kple xɔlɔ̃ gbegblẽwo dzedze. Menyae be nusiawo menyo o, gake medzea agbagba ŋea aɖaba ƒua edzi kple susu be enu ava yi le eɖokui si. Gake enu metso o. Gbegblẽm ɖe edzi ko nuwo nɔ.” Sɔhɛ bubu si tso Germany gblɔ be: “Eƒe gɔmedzedze katãe nye xɔlɔ̃ gbegblẽwo dzedze. Emegbe mete atamanono. Medi be magblẽ nu le dzinyelawo ŋu, gake ɖokuinye ŋu boŋue megblẽ nu le.”
11. Esi ŋkutsala ewoawo gbɔ kple nyatakaka manyomanyo la, nukae kpe ɖe Kaleb ŋu wògbe ameha la yomedzedze?
11 Gake anya wɔ be nàtsi tre ɖe xexeame ƒe gbɔgbɔ ŋu, ẽ, be nàtsrii kura. De ŋugble le kpɔɖeŋu si Kaleb ɖo ɖi le blema la ŋu kpɔ. Esi ŋkutsala ewo siwo nye vɔvɔ̃nɔtɔwo tsɔ nyatakaka manyomanyo tso Ŋugbedodonyigba ŋu vɛ la, vɔvɔ̃ meɖo eya kple Yosua woayi amehaawo yome dze ge o. Wogblɔ dzideƒotɔe be: “Anyigba, si dzi míede ɖatsa ŋku le la, nyo ʋuu keke tso eme. Ne míaƒe nu dze Yehowa ŋu ko la, ekema akplɔ mí ayi anyigba sia dzii, eye wòatsɔ anyigba, si dzi notsi kple anyitsi bɔ ɖo la, na mí.” (Mose IV, 14:7, 8) Nukae kpe ɖe Kaleb ŋu wòte ŋu tsi tre ɖe nyaƒoɖeamenu ma gbegbe ŋu? Yehowa gblɔ le Kaleb ŋu be: “Gbɔgbɔ bubu le eme.”—Mose IV, 14:24.
“Gbɔgbɔ Bubu” Ðeɖefia
12. Nukatae wòle vevie be woaɖe “gbɔgbɔ bubu” afia le nuƒoƒo me?
12 Egbea ebia dzideƒo kple ŋusẽ be nàɖe “gbɔgbɔ bubu” alo tamesusu—esi to vovo na xexeame tɔ—afia. Mɔ siwo dzi nàte ŋu ato awɔ esiae nye be nàtsri fewuɖunyawo gbɔgblɔ le ame ŋu kple bubumadeameŋunyawo gbɔgblɔ. Enyo be míade dzesii be woɖe Eŋlisigbe me nya si wozã fewuɖunyagbɔgblɔ na tso Helagbe me dɔwɔnya si ƒe gɔmesese le nyaa nu tẽ fia be “woavuvu nane ƒe lã abe alesi avu avuvui ene me.” (Tsɔe sɔ kple Galatiatɔwo 5:15.) Abe alesi avu ƒe aɖu te ŋu vuvua lã le ƒu ŋui ene la, fewuɖunyawo gbɔgblɔ ƒe “fefe” ate ŋu aklo bubu ɖa le amewo ŋu. Gake Kolosetɔwo 3:8 xlɔ̃ nu wò be “[nàɖe] nusiawo katã, siwo nye: Dziku, dɔmedzoe, nu tovo wɔwɔ, busunyagbɔgblɔ, ŋukpenanyawo la ɖa tso [wò] nu me.” Eye Lododowo 10:19 gblɔ be: “Dadaƒu megbea nuƒoƒo vivivo me o; ke amesi kpɔa eƒe nuyiwo dzi la, nunyalae.” Ne ame aɖe dzu wò la, dze agbagba nàɖu ɖokuiwò dzi ‘nànyè to kemɛ nɛ,’ ɖewohĩ nàƒo nu na dzuwòla la ɖeɖe le tufafa kple ŋutifafa me.—Mateo 5:39; Lododowo 15:1.
13. Aleke sɔhɛwo ate ŋu aɖe nukpɔsusu si da sɔ afia le ŋutilãmenuwo ŋu?
13 Mɔ bubu si nu nàɖe “gbɔgbɔ bubu” afia le enye be nukpɔsusu si da sɔ ku ɖe ŋutilãmenuwo ŋu nanɔ asiwò. Nyateƒee, ele dzɔdzɔme nu be nàdi be nu nyuiwo nasu ye si. Edze ƒã be Yesu Kristo ŋutɔ hã awu nyui ɖeka ya teti nɔ esi. (Yohanes 19:23, 24) Gake ne nuwo ƒe asiwò nɔnɔ va zu dzodzro sẽŋu le mewò eye nèɖea kuku na dziwòlawo ɣesiaɣi be woaƒle nusiwo le nyateƒe me womate ŋu aƒle o na ye, alo ne ɖeko nèdi be yeawɔ nu abe sɔhɛ bubuwo ene la, ke xexeame ƒe gbɔgbɔ anɔ ŋusẽ kpɔm ɖe dziwò wu alesi nàde dzesii. Biblia gblɔ be: “Nusianu, si le xexeame: ŋutilã ƒe nudzodzro kple ŋkuwo ƒe ŋubiabiã kple agbe ƒe adegbe ƒuƒlu ƒoƒo la, metso Fofo la gbɔ o, ke boŋ xexeame wotso.” Ẽ, mègana xexeame ƒe ŋutilãmenudidigbɔgbɔ nakpɔ ŋusẽ ɖe dziwò o! Srɔ̃ alesi nusi le asiwò nadze ŋuwòe.—Yohanes I, 2:16; Timoteo I, 6:8-10.
14. (a) Aleke Mawu ƒe amewo ɖe nukpɔsusu si meda sɔ le modzakaɖeɖe ŋu o fia le Yesaya ƒe ŋkekeawo mee? (b) Afɔku kawoe Kristotɔ sɔhɛ aɖewo do goe le zãmodzakaɖeƒe kple aglotuƒewo?
14 Modzakaɖeɖe ɖoɖo nɔƒe nyuitɔ hã le vevie. Nyagblɔɖila Yesaya gblɔ be: “Baba na amesiwo fɔa fɔŋli hetia aha muame yome, eye wotsia anyi vaseɖe zãtiƒe, ne wein nade dzo lã me na wo! Kasaŋkuwo, saŋkuwo, asiʋuiwo kple dzewo kpakple wein kpena ɖe woƒe aglotutu la ŋu; ke womeɖea ŋku ɖe Yehowa ƒe dɔwɔwɔ o, eye womekpɔa eƒe asinudɔwɔwɔ o.” (Yesaya 5:11, 12) Nublanuitɔe la, Kristotɔ sɔhɛ aɖewo ƒo wo ɖokui ɖe aglotutu blibaa ma tɔgbe me. Esi wobia gbe Kristotɔ sɔhɛwo ƒe ƒuƒoƒo aɖe be woaƒo nu tso nusiwo yia edzi le sɔhɛwo ƒe zãmodzakaɖeƒewo ŋu la, nɔvinyɔnu ɖetugbi aɖe gblɔ be: “Dzre dzɔna ɣesiaɣi. Mekpɔ ɖokuinye le wo dome.” Nɔviŋutsu ɖekakpui bubu gblɔ kpee be: “Ahanono, atamanono, nu mawo tɔgbee yia edzi.” Nɔviŋutsu ɖekakpui aɖe lɔ̃ ɖe edzi be: “Amewo mua aha. Wowɔa movinuwo! Atikevɔ̃ɖiwo hã nɔa anyi. Nu gbegblẽ geɖe yia edzi. Ne èyi afima eye nèsusu be magblẽ nu le ye ŋu o la, èble ɖokuiwò.” Eyata susu nyui aɖe tae Biblia yɔ aglotutuwo alo ‘kplɔ̃ɖoɖo siwo gbɔ eme’ kpe ɖe “ŋutilã ƒe dɔwɔwɔwo” ŋu ɖo.—Galatiatɔwo 5:19-21; Romatɔwo 13:13.
15. Modzakaɖeɖe ŋuti nukpɔsusu si da sɔ kae Biblia gblɔ?
15 Modzaka gblẽkuwo maɖemaɖe mana nàzu amesi mekpɔa dzidzɔ o. ‘Dzidzɔ Mawu,’ si di be dzi nàdzɔ wò le wò ɖekakpui alo ɖetugbi me subɔmee míele! (Timoteo I, 1:11; Nyagblɔla 11:9) Gake Biblia xlɔ̃ nu be: “Amesi lɔ̃a dzidzɔkpɔkpɔ [“modzakaɖeɖe,” Lamsa] la, azu hiãtɔ; eye amesi lɔ̃a wein kple ami ʋeʋẽe la, makpɔ ho o.” (Lododowo 21:17) Ẽ, ne èna modzakaɖeɖe va zu nu vevitɔ kekeake na wò le agbe me la, àzu hiãtɔ le gbɔgbɔ me. Eyata wɔ ɖe Biblia ƒe gɔmeɖosewo dzi ne èle modzakaɖeɖe ƒe tiatia wɔm. Mɔ geɖe li si dzi nàto akpɔ dzidzɔ si atu wò ɖo ke menye esi agblẽ nu le ŋuwò o.c—Nyagblɔla 11:10.
16. Aleke Kristotɔ sɔhɛwo aɖee afiae be yewoto vovo?
16 Ŋuɖɔɖɔɖo le awudodo kple dzadzraɖo me, ahagbe xexeame ƒe nu siwo le tsia dzi hã ana be nàto vovo. (Romatɔwo 12:2; Timoteo I, 2:9) Nenema ke nye ha siwo nèƒona hã. (Filipitɔwo 4:8, 9) Kristotɔ ɖetugbi aɖe ʋu nya me be: “Ha aɖe le asinye si menya be ele be matsɔe aƒu gbe, gake evivia nunye ale gbegbe!” Ðekakpui bubu hã lɔ̃ ɖe edzi nenema ke be: “Nye ya la, mɔ̃e hadzidzi nye nam, elabena evivia nunye ale gbegbe. Ne meva de dzesii be nane gblẽ le hadzidzi aɖe ŋu, alo dzinyelawo he nye susu yi edzi la, ɖe mezia nye susu dzi be wòakpɔ ŋusẽ ɖe nye dzi dzi, elabena le nye dzi me la, melɔ̃e.” Sɔhɛwo, ‘Satana ƒe tameɖoɖowo meganɔ ɣaɣla’ ɖe mi o! (Korintotɔwo II, 2:11) Ele agbagba dzem be yeazã hadzidzi atsɔ ahe Kristotɔ sɔhɛwo ɖa tso Yehowa gbɔe! Nyati vovovo siwo ƒo nu tso rap, heavy metal, kple rock hadzidziwo ŋu dze le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo me.d Gake manya wɔ be Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽwo naƒo nu tso hadzidzi yeye ƒomevi ɖesiaɖe kple eƒe atsyã si ato la ŋu o. Eyata ele be nàwɔ wò ‘tamebubu ŋutete’ ŋudɔ, eye nàzã ‘nugɔmesese’ ne èle hawo me tiam.—Lododowo 2:11.
17. (a) Nukae nye por·neiʹa, eye nuwɔna kawo hãe le eme? (b) Nukae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu le agbenyuinɔnɔ ŋuti nyawo gome?
17 Mlɔeba la, ele be nànɔ dzadzɛ le agbenɔnɔ gome. Biblia xlɔ̃ nu be: “Misi le ahasiwɔwɔ nu!” (Korintotɔwo I, 6:18) Helagbe me nya si wozãna na ahasiwɔwɔ, si nye por·neiʹa, la fia amesiwo menye srɔ̃tɔwo o ƒe gbɔdɔdɔ manɔsenu ƒe nuwɔna ɖesiaɖe si me wozãa vidzinuwo le. Gbɔdɔdɔ nuwɔna siwo me woƒoa vidzinuwo ɖe nume kple eɖoɖo koŋ anɔ fefem kple ame nɔewo ƒe vidzinuwo hã le eme. Kristotɔ sɔhɛ geɖe ƒo wo ɖokui ɖe nuwɔna sia me hesusuna be menye matre wɔm yewole o. Gake Mawu ƒe Nya la gblɔe kɔte be: “Esiae nye Mawu ƒe lɔlɔ̃nu, be miawɔ mia ɖokui kɔkɔe, eye miaɖe mia ɖokui ɖa atso ahasiwɔwɔ me, eye mia dome amesiame nanya, alesi wòaɖe ye ŋutɔ srɔ̃a le kɔkɔenyenye kple bubu me.”—Tesalonikatɔwo I, 4:3, 4.
18. (a) Aleke sɔhɛ awɔ xexeame ƒe gbɔgbɔ maƒo ɖii o? (b) Nya ka mee míadzro le nyati si kplɔe ɖo me?
18 Ẽ, to Yehowa ƒe kpekpeɖeŋu me la, àte ŋu aƒo asa na xexeame ƒe gbɔgbɔ be maƒo ɖi wò o! (Petro I, 5:10) Ke hã zi geɖe la, Satana tsyɔa nu eƒe mɔ̃ vɔ̃ɖiawo dzi, eye ɣeaɖewoɣi la, ahiã gɔmesese blibo be nàte ŋu akpɔ afɔku adze sii. Míetrɔ asi le míaƒe nyati si kplɔe ɖo ŋu be wòakpe ɖe sɔhɛwo ŋu woatu woƒe sidzedze ŋutetewo ɖo.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Wonye ɣe siwo woɖuna zi geɖe ŋu kena. Kpɔ nyati si nye “Sɔhɛwo Biana Be . . . Ðe Ɣe Siwo Woɖuna Ŋu Kena Nye Fefe Siwo Ŋu Naneke Megblẽ le Oa?” si dze le December 22, 1997, ƒe Eŋlisigbe me Nyɔ! me hena nyatakaka bubuwo.
b Wonye ɖevi siwo axɔ ƒe 11.
c Àte ŋu akpɔ aɖaŋuɖoɖowo le agbalẽ si nye Questions Young People Ask—Answers That Work ƒe axa 296-303.
d Kpɔ April 15, 1993, ƒe Gbetakpɔxɔ.
Numetotobiabiawo
◻ Nukae nye “xexeame ƒe gbɔgbɔ,” eye aleke wòkpɔa “ŋusẽ” ɖe amewo dzii?
◻ Nusiwo me xexeame ƒe gbɔgbɔ dzena le le sɔhɛwo dome egbea dometɔ aɖewo ɖe?
◻ Aleke Kristotɔ sɔhɛwo ate ŋu aɖe “gbɔgbɔ bubu” afia le nuƒoƒo kple modzakaɖeɖe gomee?
◻ Aleke Kristotɔ sɔhɛwo ate ŋu aɖe “gbɔgbɔ bubu” afia le agbenɔnɔ kple hadzidzi gomee?
[Nɔnɔmetata si le axa 9]
Sɔhɛ geɖe to woƒe agbenɔnɔ me ɖee fia be xexeame ƒe gbɔgbɔ kpɔ “ŋusẽ” ɖe yewo dzi
[Nɔnɔmetata si le axa 10]
Tia wò hadzidziwo nyuie
[Nɔnɔmetata si le axa 11]
Ebia dzideƒo be nàtsi tre ɖe xexeame ƒe gbɔgbɔ ŋu