Nyɔnuwo—Wobua Wo Egbea?
NUKATA gɔ̃e wòle be woabia nya sia ɖo? Ŋutsu aɖewo siwo wòawɔ mo yaa na la abia nya sia. Gake ne míelé ŋku ɖe alesi wowɔ nu ɖe nyɔnuwo ŋui le ŋutinya katã me kple alesi wole nu wɔm ɖe wo ŋui egbea le xexeame katã ŋuti la, biabia bɔbɔe ʋee aɖewo ana míanya ŋuɖoɖoa.
Le amegbetɔ ƒe ƒomedodowo me la, amekawo koŋ ŋue wosẽ ŋuta le eye amekawoe nye ameteɖeanyilawo? Amekawo koŋ ye woƒo le srɔ̃ɖeɖe me? Ŋutsuwo alo nyɔnuwoe? Amekawo gbɔe wodɔ sesẽe le ŋutifafa- kple aʋawɔɣi? Amekawo koŋ gbɔe wodɔ le woƒe ɖevime wu? Ŋutsuviwo alo nyɔnuviwoe? Amekawoe amegbetɔ ƒe sededewo buna zi geɖe be wonye ame tsɛwo? Amekawoe wote akɔdada ƒe gomee? Amekawo sie sukudede ƒe mɔnukpɔkpɔ mesuna tututu o? Ŋutsuwo alo nyɔnuwoe?
Míate ŋu anɔ nya siawo ƒomevi biabia dzi, gake nusiwo míekpɔna la ɖe alesi tututu nɔnɔmea le la fia. Elisabeth Bumiller ŋlɔ nusi teƒe wòkpɔ le lndia la ɖe eƒe agbalẽ si nye May You Be the Mother of a Hundred Sons me be: “lndia-nyɔnu ‘ŋutɔŋutɔ’ si tsi tre ɖi na nyɔnu kple nyɔnuvi miliɔn alafa ene siwo le lndia dometɔ abe 75 le alafa ɖesiaɖe me ene la le kɔƒe me. . . . Mate ŋu axlẽ nu alo aŋlɔ nu o, togbɔ be adii hafi, eye ƒã hafi wòazɔ mɔ kilometa 30 kple vɔ tso afisi wodzii ɖo.” Menye lndia koe sukudede ƒe mɔnukpɔkpɔ si mesu ŋutsuwo kple nyɔnuwo si sɔsɔe o nye kuxi le o, ke boŋ le xexeame katã hã.
Le Japan, abe alesi wòle le dukɔ bubu geɖe me ene la, sukudede ƒe mɔnukpɔkpɔ mesu ŋutsuwo kple nyɔnuwo si sɔsɔe o. Le ƒe 1991 ƒe The Asahi Yearbook ƒe nya nu la, ŋutsuvi sukuvi siwo le ƒe ene nusɔsrɔ̃ ƒe yunivɛsiti dem ƒe xexlẽmee nye 1,460,000 esi nyɔnuwo ya nye ame 600,000. Ðikeke aɖeke mele eme o be nyɔnu siwo le xexeame katã ate ŋu aɖi ɖase le sukudede ƒe mɔnukpɔkpɔ madeŋgɔ siwo ko sua wo si la ŋuti. Nɔnɔme si wodzea ŋgɔe nye ‘ŋutsuviwoe dea suku.’
Susan Faludi bia nya vevi aɖewo ku ɖe United States-nyɔnuwo ƒe ɖoƒe ŋu le eƒe agbalẽ si wòta nyitsɔ laa si nye Backlash—The Undeclared War Against American Women me be: “Ne Amerika-nyɔnuwo sɔ kple ŋutsuwo pɛpɛpɛ la, ke nukatae ame tsitsi dahewo katã ƒe akpa eve ne womã wo ɖe akpa etɔ̃ me nye nyɔnuwo?. . . Nukatae wònye woawo dzie wòate ŋu adzɔ ɖo wu be woanɔ aƒe tsɛ me, eye lãmesẽmegbenɔga aɖeke manɔ wo si o, eye woawo ƒe fetu maxɔmaxɔ ne wodzudzɔ dɔ nadzi ɖe edzi zi gbɔ zi eve wu ŋutsuwo?”
Nyɔnuwoe kpe fu le nu geɖe me wu. Woawo koŋ ye ŋutsuwo do vloe, dzu, heɖe fu na kple gbɔdɔdɔ eye womebu wo o, Menye dukɔ siwo le ŋgɔ yim me koe wowɔa ŋlɔmi le nyɔnuwo ŋu le alea o. Nyitsɔ laa la, Amerika ƒe Sewɔtakpeha ƒe Ʋɔnudrɔ̃kɔmiti ƒo nyatakaka aɖewo siwo ku ɖe ŋuta sesẽ le nyɔnuwo ŋu ŋuti nu ƒu. Egblɔ dzikatsoƒoenya aɖewo “Le aɖabaƒoƒo 6 ɖesiaɖe me la, wodɔa nyɔnu aɖe gbɔ sesẽe; le sekɔnd 15 ɖesiaɖe me la, woƒoa nyɔnu aɖe. . . . Nyɔnu aɖeke medo le nu vlo siwo wowɔna le dukɔ sia me la me o. Woawɔ nu vlo ɖeka ya teti ɖe Amerika-nyɔnu siwo le agbe egbea dometɔ etɔ̃ le ene ɖesiaɖe me ŋuti.” Le ƒe ɖeka me la, nyɔnu miliɔn etɔ̃ vaseɖe miliɔn ene nye amesiwo ŋu wo srɔ̃wo sẽ ŋuta le. Nɔnɔme wɔnublanui sia tae wode Nu Vlo Wɔwɔ Ðe Nyɔnuwo Ŋu ƒe Se le ƒe 1990 me ɖo.—Sewɔtakpeha ƒe Nyatakaka, The Violence Against Women Act of 1990.
Azɔ na míalé ŋku ɖe nɔnɔme aɖewo siwo me nyɔnuwo do dzi le le ŋutsuwo ƒe bubumademade wo ŋu me le xexeame katã la ŋu kpɔ. Emegbe le nyati siawo ƒe eve susɔeawo me la, míadzro alesi ŋutsuwo kple nyɔnuwo awɔ ade bubu wo nɔewo ŋu le agbenɔnɔ ƒe akpa sia akpa la me.