INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g92 10/8 axa 4-9
  • Nyɔnuwo​—Wobua Wo le Aƒemea?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nyɔnuwo​—Wobua Wo le Aƒemea?
  • Nyɔ!—1992
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ne Wole Viŋutsuviwo alo vinyɔnuviwo Dim be Woadzi
  • “Nyɔnu ƒe Dɔ Mevɔna O”
  • Bubumademade Wo Ŋu​—Xexeame Katã ƒe Kuxie
  • Nyɔnuwo​—Wobua Wo Egbea?
    Nyɔ!—1992
  • Nyɔnuwo Bubu le Gbesiagbegbenɔnɔ Me
    Nyɔ!—1992
  • Ŋutasesẽ Le Nyɔnuwo Ŋu—Xexea Me Katã Ƒe Kuxie
    Nyɔ!—2008
  • Nukatae Ŋutsuwo Ƒoa Nyɔnuwo Ðo?
    Nyɔ!—2001
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1992
g92 10/8 axa 4-9

Nyɔnuwo​—Wobua Wo le Aƒemea?

“Nyɔnuwo dze ŋgɔ ku dziŋɔwo ɖe wo nɔewo yome. . . . Eye togbɔ be nɔnɔme si me woku le to vovo tso wo nɔewo gbɔ hã Ia, nusiwo ta koŋ woku ɖo ya meto vovo o: Quebec [Kanada] ƒe kpovitɔwo gblɔ be nyɔnuawo dometɔ ɖesiaɖe srɔ̃ alo ahiãvi si nɔ wo si va yi alo fifia lae wu wo. Ne woƒo wo katã nu ƒu Ia, wowu Ouebec-nyɔnu 21 le ƒe sia [1990] me, wonye amesiwo wowu le srɔ̃ɖeɖe me ŋutasesẽ si le dzidzim ɖe edzi me.”​—Maclean’s, October 22, 1990.

AƑEMENUVLOWƆWƆ si ame aɖewo yɔna be “ƒomegbenɔnɔ ƒe akpa wɔnublanui” na ƒo mewo me mã eye wòna nusi wòle be srɔ̃ɖeɖe me ƒomedodo nanye ŋuti nukpɔsusu totro su ɖeviwo si. Ðeviwo menya wo dzila kae woawɔ nuteƒe na o esime wole agbagba dzem be yewoase nusita papa le dada ƒom ɖo gɔme. (Nya si womelɔ̃a biabia o ye nye nukatae dada le adã wɔm ɖe papa ŋu alea?) Nusiwo dona tsoa aƒemenuvlowɔwɔ me zi geɖe dometɔ ɖekae nye ŋutsuvi siwo tsina va zua wo srɔ̃wo ƒolawo. Wo fofo ƒe nɔnɔmewo tsia susu me na wo ɖikaɖika eye wòna woƒe susu kple amenyenye hã medana sɔna nyuie o.

Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Habɔbɔ ƒe agbalẽ si nye The World’s Women​—1970-1990 gblɔ be: “Wosusui be ŋutsuwo ƒe nyɔnuwo dzi dzedze le aƒeme nye nuvlowɔwɔ si ta womekana o wu​—le esi wobua nuvlowɔwɔ ma le go aɖe me be enye hadomenuwɔna si hea fukpekpe vɛ, ke menye nuvlowɔwɔe o ta.”

Aleke gbegbee ŋuta sesẽ le ame srɔ̃ ŋu keke tae le United States? Sewɔtakpeha ƒe nyatakaka si míeyɔ va yi le nyati si do ŋgɔ me la gblɔ be: “Nyagbe ‘aƒemenuvlowɔwɔ’ aɖi nya tsɛ, gake agbenɔnɔ si ɖɔm wòle la menye tufafa tɔ kura o. Akɔntabubuwo ɖe alesi gbegbe ŋuta sesẽ le srɔ̃nyɔnuwo ŋu​—esi me ku kura gɔ̃ hã dona tsona​—ƒe nɔnɔmea sesẽe la fia. Wosẽa ŋuta le nyɔnu 2,000 vaseɖe 4,000 ŋu wokuna ƒe sia ƒe. . . . Le vovo na nuvlowɔwɔ bubuwo me la, ŋuta sesẽ le ame srɔ̃ ŋu nye nuvlowɔwɔ si li tso tititi. Enye vɔvɔ̃doname si nɔa anyi ɣesiaɣi kple nuvevi si wowɔa ame enuenu.”

World Health magazine gblɔ be: “Wowɔa nu vlo ɖe nyɔnuwo ŋu le dukɔ ɖesiaɖe me kple le hadome kple ganyawo ƒe hatsotso ɖesiaɖe me. Le dukɔ geɖe me la, wobua srɔ̃nyɔnu ƒoƒo be enye ŋutsu ƒe gome. Zi geɖe la, wobua nyɔnuwo kple nyɔnuviwo ƒoƒo kple wo gbɔ dɔdɔ sesẽe ɣesiaɣi be enye ‘ame ŋutɔ ƒe nya’ si meka ame bubuwo o​—eɖanye setɔwo alo atikewɔlawo o,” Aƒemenuvlowɔwɔ sia ate ŋu akeke ta aɖo suku bɔbɔe.

Esia dze le nusi dzɔ le Kenya ƒe suku aɖe si ŋutsuviwo kple nyɔnuviwo dena ƒe xɔdɔme aɖe me le ƒe 1991 ƒe July me. The New York Times ka nya ta be “ŋutsuvi sukuviwo dɔ nyɔnuvi sukuvi siwo nye ƒewuivi 71 gbɔ sesẽe eye woka nya ta be wo dometɔ 19 bubuwo ku le ʋunyaʋunyawɔwɔ si yi edzi le sukuviwo ƒe xɔdɔme me le zã me . . . wogblɔ be enu sẽ ale gbegbe be kpovitɔwo kple nufialawo mete ŋu wɔ naneke le eŋu o” Aleke woate ŋu aɖe gbɔdɔdɔ me nuvlowɔwɔ ƒe tɔtɔ sia mee? Hilary Ng’Weno, si nye The Weekly Review, si nye Kenya ƒe magazine si woxlẽna wu ƒe nuŋɔŋlɔmetolagã ŋlɔ bena: “Dzɔgbevɔ̃e sia ɖo kpe ŋutsuwo ƒe nyɔnuwo dada ɖe anyi gbegblẽ si kpɔ ŋusẽ ɖe Kenyatɔwo ƒe hadomegbenɔnɔ dzi la dzi. Nusiwo dzɔna ɖe míaƒe nyɔnuwo kple nyɔnuviwo dzi le agbe me la wɔ nublanui ŋutɔ. . . . Míekplaa mía viŋutsuviwo be woade bubu vi aɖe ko nyɔnuviwo ŋu alo womade ɖeke kura wo ŋu o.”

Esiae nye kuxia ƒe agunu le xexeame katã​—wohea ŋutsuviwo zi geɖe be woabu nyɔnuviwo kple nyɔnuwo ame tsɛwoe, kple nuwɔwɔ siwo wòdze be woatafa. Wobua nyɔnuwo be wonye amesiwo ŋu woate ŋu awɔ nusianu ɖo eye wokpɔa ŋusẽ ɖe wo dzi bɔbɔe. Etsoa esia dzi va zua bubumademade nyɔnuwo ŋu kple ŋutsuwo ƒe nyɔnuwo dada ɖe anyi tẽ ƒe nu si wowɔna ɖe eyome kpuie eye eteƒe medidina hafi wotoa esia me dɔa ame nyanyɛ alo amesi woɖo be woaɖe la gbɔ sesẽe o. Eye mele be míaŋlɔ be ku ɖe nyɔnuwo gbɔ dɔdɔ sesẽe ŋu o be “amedzidzedzea awu enu le ɣeyiɣi kpui aɖe ko me, gake agblẽ nu le ame ƒe seselelãmewo ŋu ɣeyiɣi didi.”​—Sewɔtakpeha ƒe Nyatakaka.

Togbɔ be ŋutsu geɖe mewɔa adãnu ɖe nyɔnuwo ŋu kokoko o hã la, woate ŋu aɖɔ wo be wonye amesiwo nyɔnuwo ƒe nu vea dɔme na ɖikaɖika. Le esi teƒe be woawɔ nuvevi wo la, wosẽa ŋuta le wo ŋu alo ƒoa wo le susu me. Ðk. Susan Forward gblɔ le eƒe agbalẽ si nye Men Who Hate Women & the Women Who Love Them me be: “Abe alesi wo srɔ̃wo ɖɔ woe ene la, zi geɖe la [ŋutsu siawo] doa vivi ɖe ame ŋu helɔ̃a ame gɔ̃ hã, gake wote ŋu trɔna zua ŋutasẽlawo, ɖeklemiɖelawo, kple amedzulawo enumake. Woƒe agbenɔnɔ lɔ nu geɖe ɖe eme, tso vɔvɔ̃doname kple ŋɔdzidoname siwo dzena gaglã dzi vaseɖe amedzidzedze geɖe siwo menya kpɔna dzea sii o, siwo dzi wotsyɔa nui dzi, esiwo nye amedadaɖeanyi alo ɖeklemiɖeɖe ɣesiaɣi si gblẽa nu le ame ŋu. Eɖanye amedzidzedze kae o, nu ɖeka koe dona tsoa eme. Ŋutsua toa nyɔnua tete ɖe to me kpɔa ŋusẽ. Ŋutsu siawo hã gbea lɔlɔ̃ ɖe alesi wo srɔ̃wo dzi dzedze gblẽa nu le wo srɔ̃wo ƒe seselelãme ŋui la dzi.”

Yasuko,a si nye Japantɔ ame ɖagbi aɖe si ɖe srɔ̃ ƒe 15 enye sia la gblɔ eƒe ƒomea ƒe nuteƒekpɔkpɔ na Nyɔ! be: “Fofonye ƒoa danye hewɔa ŋlɔmi le eŋu edziedzi. Edaa afɔkpoe hetua kɔe, léa eƒe taɖa hetenɛ le anyigba, hetsɔa kpe ƒunɛ gɔ̃ hã. Eye ènya nusitae? Elabena edzea agbagba be yeatɔ gbee ku ɖe eƒe ahiãwɔwɔ kple nyɔnu bubuwo ŋu. Nya la koe nye be le Japan la, wobunɛ be esɔ be ahiãvi nanɔ ŋutsu aɖewo si. Danye ƒe susu ɖa wu wo tɔ nyɔnu bubuwo tɔ eye wògbea edzixɔxɔ se. Le eƒe srɔ̃ɖeɖe ƒe ƒe 16 kple vi ene dzidzi vɔ megbe la, danye gbee. Fofonye metsɔa ga nɛ be wòatsɔ akpɔ ɖeviawo dzie o.”

Gake le afisi wogblɔ ame srɔ̃ ƒoƒo ŋu nya na setɔwo le gɔ̃ hã la, zi geɖe la mexe mɔ na srɔ̃ŋutsu adãwɔla be magawu srɔ̃a o. Zi geɖe le dukɔwo abe United States ene me la, ŋusẽ mele sea ŋu be woakpɔ srɔ̃nyɔnu si wole ŋɔdzi kple vɔvɔ̃ dom na la ta o, “Numekuku aɖe ɖee fia be le srɔ̃nyɔnu siwo katã wo srɔ̃wo wu ƒe afã kple vɔ dome la, woyɔ kpovitɔwo va woƒe aƒemee zi atɔ̃ le ƒe si do ŋgɔ nɛ me be woava ku aƒemenuvlowɔwɔ ŋuti nutsotso aɖe me.” (Sewɔtakpeha ƒe Nyatakaka) Le nudzɔdzɔ aɖewo siwo gbɔ eme me la, be nyɔnua nakpɔ eɖokui ta tso ŋuta si woagasẽ le eŋu me la, ewu srɔ̃a.

Aƒemenuvlowɔwɔ si me nyɔnu nye amesi kpea fu le zi geɖe la dzena le mɔ vovovo geɖe nu. Le lndia la, nusi woyɔna be tanuxexe ƒe kuwo (srɔ̃ŋutsuwo ƒe wo srɔ̃wo wuwu le esi tanu si nyɔnua ƒometɔwo xe medze wo ŋu o ta) ƒe agbɔsɔsɔ si ta woka dzi ɖe edzi tso 2,209 le ƒe 1988 me va ɖo 4,835 le ƒe 1990 me. Gake míate ŋu abu agbɔsɔsɔ siawo be wo katãe nye ma alo wode pɛpɛpɛ o, elabena woŋea aɖaba ƒua srɔ̃nyɔnu geɖe ƒe ku dzi be wonye aƒemefɔkuwo ko​—zi geɖe la woɖona koŋ tsɔa kerozin si wozãna ɖaa nui la tɔa dzo woe. Nyɔnu siwo wua wo ɖokui le esi womagate ŋu anɔ te ɖe aƒemeblanuilélea nu o la kpe ɖe esia ŋu.

Ne Wole Viŋutsuviwo alo vinyɔnuviwo Dim be Woadzi

Woɖea ɖeklemi nyɔnuwo tso wo dziɣi ke kple hafi woava dzi wo kura gɔ̃ hã. Nukata esia le alea? Nyɔ! bia nya Madhu si tso Bombay, lndia tsɔ nya ŋuɖoɖoawo dometɔ ɖekae: “Ne wodzi ŋutsuvi ɖe lndia-ƒome me la, enyea dzidzɔ. Dadaa ƒe kuxiwo nu yina. Azɔ viŋutsuvi sua dzilawo si be wòakpɔ wo dzi le woƒe tsitsime Kakaɖedzi nɔa eŋu be woakpɔ wo dzi godoo. Gake ne nyɔnue wòdzi la, wobunɛ be enye agba. Ðeko wole abe agba bubue wòtsɔ va xexeamee ene. Ahiã be dzilawo naxe tabianu xɔasi bene woate ŋu aɖee. Eye ne vidada aɖe yi edzi le nyɔnuwo ko dzim la, ekema nu agblẽ le eŋu kura.”b

Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Indian Express ka nya ta ku ɖe lndia-nyɔnuviwo ŋu be: “Womebua woƒe agbetsitsi be ele vevie ŋutɔ hena ƒomea ƒe agbetsitsi o.” Nyadzɔdzɔgbalẽ ma ke gblɔ numekuku aɖe si wowɔ le Bombay si “ɖee fia be le ƒu 8,000 siwo woɖe le dodokpɔ si wowɔ tsɔ nya ne ŋutsu alo nyɔnue ɖevia anye megbe dome la, wo ame 7,999 nye nyɔnuviwo.”

Elisabeth Bumiller ŋlɔe be: “Nɔnɔme si me lndia-nyɔnu aɖewo le la wɔ nublanui ale gbegbe be ne woalé ŋku ɖe woƒe nɔnɔme wɔnublanui la ŋu abe alesi woléa ŋku ɖe gbegbɔgblɔ kple ameƒomevi bubu me tɔ ʋeewo ŋu le xexeame ƒe akpa bubuwo ene la, anye ne amegbetɔ ƒe gomenɔamesi ƒe habɔbɔwo axɔ na wo.”​—May You Be the Mother of a Hundred Sons.

“Nyɔnu ƒe Dɔ Mevɔna O”

Nyagbɔgblɔ si nye “nyɔnu ƒe dɔ mevɔna o” adze abe nya si ame geɖe se wòti wo ene. Gake nyateƒenya aɖe si dzi ŋutsuwo ŋea aɖaba ƒunɛ zi geɖe la dze le eme. Dɔwɔɖoɖo si nye dɔwɔwɔ tso ŋdi ga asieke vaseɖe ɣetrɔ ga atɔ̃ ƒe mɔnukpɔkpɔ xɔasi la mesua nyɔnu si si viwo le si abe alesi wòsua ŋutsuwo sii ene o. Ne vidzĩ le avi fam le zã me la, amekae nye amesi kokoko akpɔ egbɔ? Amekae dzraa nuwo ɖo, nyãa nu heɖoa wo dzi? Amekae ɖaa nu ɖoa kplɔ̃e na srɔ̃ ne etso dɔme gbɔ? Amekae dzraa teƒea ɖo ne woɖu nua vɔ hekpɔa ɖeviwo gbɔ hena anyimɔmlɔ? Eye hekpe ɖe esiawo katã ŋu, le dukɔ geɖe me la, amekae wokpɔa mɔ be wòade tɔme eye woakpa vi ɖe me ayi agblee? Zi geɖe la vidadae. Menye gaƒoƒo 8 alo 9 koe wòzãna tsɔ wɔa dɔe gbesiagbe o; zi geɖe la enyea gaƒoƒo 12 vaseɖe 14 alo wu ema kura. Gake womexea fe nɛ ɖe ɣeyiɣi geɖe si wozãna ɖe dɔwɔwɔ ŋu ta o​—eye zi geɖe la womedaa akpe hã nɛ o!

World Health magazine gblɔ be le Ethiopia la, “Wodina tsoa nyɔnu [geɖe] si be woawɔ dɔ gaƒoƒo 16 vaseɖe 19 gbesiagbe, [eye] fetu si woɖuna la le sue ale gbegbe be womate ŋu akpɔ woa kple woƒe ƒomewo dzi o. . . . Gbesiagbee dɔ wua wo; zi geɖe la nuɖuɖu si mesu o koe sua wo [nyɔnu nakefɔlawo kple etsɔlawo] si gbesiagbe eye wodzona le woƒe aƒewo me ŋdinu maɖumaɖui.”

Siu, si nye Hong Kong vidzidzi si ɖe srɔ̃ ƒe 20 enye sia la gblɔ be: “Le China la, ŋutsuwo dina be yewoada nyɔnuwo ɖe anyi, wobua wo be kpeɖeŋutɔwo le aƒeme kple vidzilawo koe wonye, alo le go bubu me la, wobua wo abe legbawo, fefenuwo, alo amesiwo li na gbɔdɔdɔ ko ene. Gake le nyateƒe me la, nusi mí nyɔnuwo míedina lae nye be woawɔ nu ɖe mía ŋu abe nuwɔwɔ siwo si nunya le ene.Ne míele nu ƒom la, míedi be ŋutsuwo naɖo to mí eye menye be woawɔ nu abe lã maƒonuwoe míenye ene o!”

Mewɔ nuku o be agbalẽ si nye Men and Women gblɔ be: “Le afisiafi la, ne wodea asixɔxɔ nyɔnuwo ŋu gɔ̃ hã la, wobua ŋutsuwo ƒe dɔwɔnawo nu xɔasie sã wu nyɔnuwo tɔ. Metsɔ le alesi womã ɖoƒewo kple dɔwo na ŋutsuwo kple nyɔnuwoe le habɔbɔwo me la me o; godoo la nutoa me tɔwo katã bua ŋutsuwo tɔ nu vevie wu.”

Nya lae nye be wobua akpa si nyɔnu wɔna le aƒea me nu tsɛe zi geɖe. Eyata The World’s Women—1970-1990 ƒe ŋgɔdonya gblɔ be: “Nyɔnuwo ƒe agbenɔnɔ​—kple kpekpeɖeŋu si wonaa woƒe ƒomea le ga kple aƒemegbenɔnɔ gome​—medzena zi geɖe o. Wotrɔ asi le nyatakaka geɖewo ŋu le nya siwo fia ŋutsuwo ƒe nɔnɔmewo kple woƒe kpekpeɖeŋunanawo me, ke menye nyɔnuwo tɔ o, alo womegblɔnɛ ne ŋutsuwo alo nyɔnuwo tɔe o. . . . Vaseɖe fifia la, womebua dɔ akpa gãtɔ si nyɔnuwo wɔna be viɖe le wo ŋu le ga gome kura o​—eye womebunɛ ɖe nemi me gɔ̃ hã o.”

Le ƒe 1934 me la, Anyiehe Amerika-nuŋlɔla Gerlad W. Johnson ɖe eƒe susu gblɔ ku ɖe nyɔnuwo le dɔwɔƒe ŋu be: “Zi geɖe la ŋutsu ƒe dɔ sua nyɔnu si gake ƒã hafi woxea ga si woxena na ŋutsu la nɛ. Nusitae nye be dɔ aɖeke meli si ŋutsuwo mate ŋu awɔ nyuie wu nyɔnuwo o. Ŋutsuwoe nye awutɔla kple nyɔnuwo ƒe kuku tɔla gãwo . . . Ŋutsuwoe nye nuɖala bibiwo wu. . . . Enye nyateƒe le afisia fifia be dɔtɔ ɖesiaɖe lɔ̃na be yeaxe ga geɖe na ŋutsu wu esi wòaxe na nyɔnu ɖe dɔ ma ke ta elabena kakaɖedzi blibo le esi be ŋutsua awɔe nyuie wu.” Togbɔ be nyagbɔgblɔ ma aɖi nya si gbɔ eme akpa hã la, eɖe nazãbubu siwo nɔ anyi ɣemaɣi la fia, eye wogakpɔtɔ le ŋusẽ kpɔm ɖe ŋutsu geɖe ƒe susu dzi.

Bubumademade Wo Ŋu​—Xexeame Katã ƒe Kuxie

Nɔnɔmewo, nazãbubuwo, kple vovototodedeameme ƒe nuwɔnawo le dukɔ ɖesiaɖe si ɖe nyɔnuwo ƒe ɖoƒe le hadome ŋu. Gake biabia si ŋu wòle be míaɖoe nye, Ðe nɔnɔme siawo ɖea bubu si dze fiaa ɖoƒe si nyɔnuwo lea? Alo ɖe ema teƒe la, ɖe woɖea ŋutsuwo ƒe gãnyenye le ƒe alafawo me le woƒe ŋusẽ si de ŋgɔ wu zi geɖe ta la fianaa? Ne wowɔa nu ɖe nyɔnuwo ŋu abe kluviwo alo amesiwo woate ŋu atafa ene la, ekema bubu si dze be woade ɖoƒe si wole ŋu ɖe? Le go geɖe me la, dukɔ akpa gãtɔ trɔ gbo nyɔnuwo ƒe ɖoƒe hegblẽ bubu si le wo ŋu la me.

Alesi nɔnɔmeawo le le xexeame katã ƒe kpɔɖeŋu ɖeka tso Afrika: “Ele be Yoruba [Nigeria] nyɔnuwo nawɔ nu abe ɖe womenya naneke o ene eye woawɔ kpoo le wo srɔ̃wo ŋkume, eye ne wotsɔ nuɖuɖu le kplɔ̃ ɖomee la, wobiana tsoa wo si be woadze klo ɖe wo srɔ̃wo ƒe aƒɔnu.” (Men and Women) Le xexeame ƒe akpa bubuwo la, woaɖe ɖokuibɔbɔɖeanyi sia afia le mɔ vovovowo nu​—ele be didime aɖe natso ŋutsu kple srɔ̃a si le emegbe la dome ne wole yiyim, alo wòazɔ esime eya le sɔ alo tedzi dom, alo wòalé agbawo ɖe ta esime srɔ̃ŋutsua ya metso naneke o, alo wòaɖu nu vovoe, kple bubu geɖewo.

Edwin Reischauer si wodzi ɖe Japan henyii le afima ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye The Japanese me be: “Ŋutsuwo ƒe nyɔnuwo dada ɖe anyi ƒe nɔnɔmewo xɔ aƒe ɖe Japan ŋutɔ . . . Gbɔdɔdɔ ŋuti dzidzenu siwo to vovo tso wo nɔewo gbɔ si naa ablɔɖe ŋutsu hesikaa nyɔnua ya ɖi gakpɔtɔ bɔ . . . Gawu la, wodina tsoa nyɔnu srɔ̃tɔwo si be woaɖi anukware wu ŋutsuwo.”

Abe alesi wòle le dukɔ geɖe me ene la, gbɔdɔdɔ tsɔtsɔ aɖe fu na nyɔnuwoe nye kuxi le Japan hã, vevietɔ le ʋu siwo wotɔna ɖe tomemɔ dzi me le ɣeyiɣi si me ame geɖe tsia kplakplakpla dzi ɖe ʋuɖoɖo ŋu me. Yasuko, si tso Hino Dugã, si nye Tokyo ƒe nuto aɖe me gblɔ na Nyɔ! be: “Esi menye ɖetugbi la, mezɔa mɔ yia Tokyo gagbɔna. Fuɖename le eme ale gbegbe elabena ŋutsu aɖewo wɔa nɔnɔmea ŋudɔ tsɔ mimia wo ɖokui ɖe nyɔnuwo ŋu heléa afisiafi si woate ŋui. Nukae mí nyɔnuwo mía te ŋu awɔ tso eŋu? Ðeko wòle be míado dzi anɔ enu. Gake ŋukpenue wònye. Le ŋdi me si amewo sɔa gbɔ ɖe mɔa dzi fũ la, ʋu bubu li nyɔnuwo ɖona, eyata mía dometɔ aɖewo ya teti te ŋu sina le bubumadeameŋu mawo nu.”

Mɔ aɖe nɔ Sue si nɔ Japan kpɔ la si si dzi wòtona sina le nɔnɔme siawo nu. Edoa ɣli gblɔna be,“Fuzakenai de kudasai!” si gɔmee nye “Dzudzɔ lẽnu ma!” Egblɔ be: “Ema nyɔa amewo ƒe susu zi ɖeka eye wòdzudzɔna. Ame aɖeke medi be yeaɖu ŋukpe le ame bubuwo ŋkume o. Enumake ŋutsu aɖeke meganɔa aɖokui mimim ɖe ŋunye o!”

Edze ƒã be bubumademade nyɔnuwo ŋu le aƒeme nye kuxi le xexeame katã. Ke akpa si nyɔnuwo wɔna le dɔwɔƒewo ya ɖe? Ðe wobua wo wu heléa ŋku ɖe wo ŋu wua?

[Etenuŋɔŋlɔwo]

a Amesiwo wobia nyae bia be womegayɔ yewo ŋkɔ o. Ŋkɔ bubuwoe míezã na wo le nyati siawo katã me.

b Srɔ̃ŋutsuwo bunɛ zi geɖe kloe be fɔbubua le srɔ̃nyɔnua dzi le esi wòle nyɔnu ɖeɖeko dzim ta. Womebua nɔnɔme siwo woxɔna tsoa dzɔdzɔme ƒe se ŋu kura o. [Kpɔ aɖaka si le axa sia me.]

[Aɖaka si le axa 6]

Nukae Nana Wodzia Ŋutsuvi alo Nyɔnuvi?

“Nusi fiana ne ŋutsue alo nyɔnue vidzĩ nɔdɔme anye la nɔa anyi ne nyɔnua fɔ fu teti ko, eye vifofoa ƒe tsinyenyẽ me nugbagbeviwo gbɔe wotsona. Azi ɖesiaɖe si le nyɔnu me la nye nyɔnu le gɔmesesea nu be nyɔnunyenye ƒe ʋumenu siwo wotsɔa X dea dzesiie le eme. Ŋutsu ƒe tsinyenyẽ me nugbagbeviwo ƒe afã me koe X ƒe ʋumenuwo le, eye afa mamlea nye esi me Y, si nye ŋutsunyenye ƒe ʋumenuwo le.” Eyata ne X ƒe ʋumenu eve do go la, woadzi nyɔnuvi; ne ŋutsu ƒe Y ƒe ʋumenuwo do go nyɔnu ƒe X ƒe ʋumenuwo la, vidzĩa anye ŋutsuvi. Eyata ne ŋutsuvi alo nyɔnuvie nyɔnu adzi o, ŋutsu ƒe tsinyenyẽ me ʋumenuwoe afia. (ABC‘S of the Human Body, si nye Reader‘s Digest ƒe agbalẽ) Nunya mele eme be ŋutsu nabu fɔ srɔ̃a be ele nyɔnuwo ɖeɖeko dzim o. Mele be woabu fɔ ame aɖeke o. Vidzidzi ƒe nudogoɖenunu koe wònye.

[Box / Picture on page 8]

Afɔku si Keke Ta

Elizabeth Fox-Genovese ŋlɔ ɖe eƒe agbalẽ si nye Feminism Without Illusions me be: “Gɔmesese nyui li si ta míaxɔe ase be ŋutsu geɖe . . . dina be yewoazã [yewoƒe] ŋusẽ le nɔnɔme si dze be egadea wo dzi la me​—woƒe ƒomedodo kple nyɔnuwo. Ne nyateƒe tom mele la, ekema míele afɔku si keke ta la teƒe kpɔm.” Eye afɔku ma si keke ta la lɔ nyɔnu miliɔn geɖe siwo kpea ƒu gbesiagbe le wo srɔ̃, wo fofo alo ŋutsu bubu aɖe si le ŋuta sẽm le wo ŋu la si me ɖe eme​—enye ŋutsu si ‘mete ŋu wɔa nu nyui kple nu dzɔ dzɔe o.’

“Le [United States] ƒe nuto blaetɔ̃ me la, se kpɔtɔ ɖe mɔ be ŋutsuwo ate ŋu adɔ wo srɔ̃wo gbɔ sesẽe; eye nuto ewo ko sie sewo le si na ŋusẽ be woalé ame ɖe aƒemenuvlowɔwɔ ta . . . Nyɔnu siwo ŋu wɔna aɖeke mele o negbe ɖeko woasi la kpɔnɛ be viɖe aɖeke mele ema wɔwɔ hã me o. . . . Nyɔnu miliɔn 1 siwo woƒona ƒe akpa etɔ̃lia siwo hiã nɔƒe kpata ƒe sia ƒe la mekpɔa nɔƒe aɖeke o.”​—Backlash​—The Undeclared War Against American Women si Susan Faludi ŋlɔ ƒe ŋgɔdonya.

[Nɔnɔmetata]

Aƒemenuvlowɔwɔ nye ƒomegbenɔnɔ ƒe akpa wɔnublanui na ame miliɔn geɖe

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Ame miliɔn geɖe li siwo ƒe aƒeme tsi si sina toa Pɔmpi me, afisi woatsɔ nu gbegblẽwo aƒu gbe ɖo, alo elektrikŋusẽ mele o​—aƒe mele wo dometɔ aɖewo hã si o

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe