Nyɔnuwo Bubu le Hamea Me
BlBLIA la ɖo teokrasi ƒe tanyenye si de nu wo nɔewo me, si me Kristo bɔbɔ ɖe Mawu te le, eye ŋutsu le Kristo ƒe tanyenye te, eye nyɔnua hã le srɔ̃a ƒe tanyenye te ƒe ɖoɖo anyi na Kristotɔwo. (Korintotɔwo l, 11:3) Gake ɖokuibɔbɔ ɖe tanyenye te sia mefia be woazi ame dzi o. Wometoa nuvlowɔwɔ, eɖanye ŋutilã me, susu, alo nuƒo me tɔ me wɔa ƒomea me tanyenye ŋudɔ o. Gawu la, Kristotɔwo ƒe tanyenyea se ɖe afi aɖe ko eye mefia be srɔ̃ŋutsu nanye ŋutasẽla si bua eɖokui vomadalae o.a Alesi kple ɣeyiɣi si woagblɔ be “Tsɔe kem, tɔwò dzɔ” ate ŋu akpe ɖe srɔ̃ɖeɖe geɖe ŋu be woana dzidzeme wo nɔewo eye woanɔ anyi adidi. Gake ɖokuibɔbɔnya mawo menya gblɔna bɔbɔe o!—Kolosetɔwo 3:12-14, 18.
Kristotɔ apostolo Paulo kple Petro hea míaƒe susu yia Kristo ƒe kpɔɖeŋu dzie enuenu le woƒe srɔ̃ɖeɖe ŋuti aɖaŋuɖoɖo me. Srɔ̃ŋutsua ƒe kpɔɖeŋu si naa dzidzeme ame si wòɖona le kpɔɖeŋu si Kristo ɖo ɖi sɔsrɔ̃ me nana wobunɛ, elabena “ŋutsue nye ta na nyɔnu, abe alesi Kristo hã nye ta na hame la ene, eye eyae nye ŋutilã la ƒe xɔla.”—Efesotɔwo 5:23.
Aɖaŋu si Petro ɖo na srɔ̃ŋutsuwo la me kɔ ƒã be: “Nenema ke, mi ŋutsuwo la, minɔ anyi kple [mia srɔ̃wo] le nunya me.” (Petro I, 3:7) Egbegbe Spaniagbe me gɔmeɖeɖe aɖe gbugbɔ nya siawo gblɔ be: “Mi srɔ̃ŋutsuwo: miɖe aɖaŋudzedze fia le miaƒe srɔ̃ɖeɖe me, eye miabu mia srɔ̃nyɔnu ŋu.” Nyagbɔgblɔ siawo lɔ nu geɖe ɖe eme; eƒe akpa aɖee nye veveseɖeame nu le srɔ̃gbenɔnɔ me. Mele be srɔ̃ŋutsu nabu srɔ̃a abe nusi wòatsɔ atsi eƒe gbɔdɔdɔ ƒe nudzodzro nu ko ene o. Srɔ̃nyɔnu aɖe si gbɔ wodɔ le eƒe ɖevime la gblɔ be: “Nye didi koe wònye be miagblɔ nya geɖe ku ɖe kpekpeɖeŋu si srɔ̃ŋutsu ate ŋu ana srɔ̃a si hã to nudzɔdzɔ sia me do la ŋu. Nusi hiã mi srɔ̃nyɔnu akpa gãtɔ be míanyae nye be wolɔ̃a mí vevie heléa be na mí, ke menye be ɖeko míeli be míatsi ŋutilãmenudzodzro aɖe nu alo abe aƒedzikpɔla si nu womesea veve ɖo o ene o.”b Mawue ɖo srɔ̃ɖeɖe anyi ale be srɔ̃ŋutsu kple srɔ̃a nate ŋu anye zɔhɛ kple kpeɖeŋutɔ na wo nɔewo. Dɔ wɔwɔ aduadu kple bubudede ame nɔewo ŋu ƒe nue wònye.—Mose I, 2:18; Lododowo 31 :28, 29.
Aleke Wònye ‘Gbɔdzɔgbɔdzɔtɔe’?
Petro gaɖo aɖaŋu na srɔ̃ŋutsuwo be woade bubu wo srɔ̃wo ŋu le “esi wonye gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwo wu la ŋuti.” (Petro I, 3:7) Nuka fiam Petro le esi wògblɔ be nyɔnu nye ‘gbɔdzɔgbɔdzɔtɔ’? Nyateƒee, nyɔnu mesesẽ de ŋutsu nu o. Vovototo si le woƒe ƒuwo kple lãmekawo ƒe wɔwɔme me wɔe be wòle nenema. Gake le nɔnɔme si le ame si ƒe tenɔnɔ ɖe nu nu ƒe ŋusẽ gome la, nyɔnu megbɔdzɔ wu ŋutsu o. Ƒe geɖee nye sia si nyɔnuwo do dzi le nɔnɔme geɖe me, esi ɖewohĩ ŋutsu akpa gãtɔ malɔ̃ aɖe mɔ ɖe wo ŋu ɣeyiɣi kpui aɖe gɔ̃ ha o—eye srɔ̃tɔ adãwɔla alo ahamula ƒe ŋutasesẽ hã le esia me.Eye bu fu si gbegbe nyɔnu kpena hafi dzia vi, si me kuléle ƒe gaƒoƒowo le vidziɣia hã le la ŋu kpɔ. Ele be srɔ̃ŋutsu veveseɖeamenula ɖesiaɖe si kpɔ vidzidzi ƒe nukunu la teƒe kpɔ nade bubu geɖe srɔ̃a kple eƒe tenɔnɔ ɖe nu nu ƒe ŋusẽ ŋu ɖe ema ta.
Hannah Levy-Haas, si nye Yudatɔ si wode Ravensbrück Nazi ƒe fuwɔamegaxɔ me ŋlɔ nu ku ɖe tenɔnɔ ɖe nu nu ƒe ŋusẽ ƒe nya sia ŋu ɖe eƒe gbesiagbenyadzɔdzɔgbalẽ me le ƒe 1944 me be: “Nane li si le fu ɖem nam vevie le afisia, eyae nye be míakpɔe be ŋutsuwo gbɔdzɔ wu eye womete ŋu nɔa te ɖe nɔnɔme sesẽwo nu dea nyɔnuwo nu kura o—le ŋutilã me kple zi geɖe le agbenɔnɔ gome hã. Ne womete ŋu le wo ɖokui dzi ɖum o la, woɖea tenɔnɔ ɖe nu nu ƒe ŋusẽ si mele wo si o fiana si nu nàxa nu ɖo.”—Mothers in the Fatherland, si Claudia Koonz ŋlɔ.
Nuteƒekpɔkpɔ sia ɖee fia be susu ɖɔʋu aɖeke meli si dzi woanɔ te ɖo ade vovo nyɔnuwo dome le esi womasesẽ o ta o. Edwin Reischauer ŋlɔe be: “Le egbeɣeyiɣiwo me la, wolɔ̃ ɖe edzi le xexeame katã be tenɔnɔ ɖe nu nu ƒe ŋusẽ kple susu me ŋusẽ geɖe le nyɔnuwo si wu ŋutsuwo.” (The Japanese) Woate ŋu awɔ ŋusẽ sia ŋudɔ le Kristo-hamea me esime nyɔnu tsitsiwo ate ŋu akpe ɖe nyɔnu bubu siwo dzi nu te ɖo vevie la ŋu. Le nyateƒe me la, ele bɔbɔe na nyɔnu si ŋu wole ŋuta sẽm le le nɔnɔme aɖewo me be wòayi nyɔnu tsitsi aɖe gbɔ hena akɔfafa kaba wu be wòayi ŋutsu gbɔ. Ne ehiã la, woate ŋu ayi hamemegã Kristotɔ gbɔ hena aɖaŋuɖoɖo bubuwo.—Timoteo I, 5:9, 10; Yakobo 5:14, 15.
Nyɔnuwo ƒe nuwɔna ɖesiaɖe ko bubu be enye woƒe seselelãmewo ɖeɖe fia, eye woabu wo be wotso woƒe dzinukpɔkpɔ gbɔ la vea nyɔnu geɖe. Betty si nye Kristotɔ veviedola aɖe gblɔ be: “Abe alesi apostolo Petro ŋlɔe ene la, mienya be ‘gbɔdzɔgbɔdzɔtɔwoe’ mienye le nanewo gome, amesiwo ƒe agbe ƒe wɔwɔme ŋu beléle geɖe hiã le. Gake ema mefia be ele be dɔmemegãwo alo dɔtɔwo nabɔbɔ wo ɖokui na ame alo awɔ vi na ame, ahabu nyɔnu ƒe nuwɔna ɖesiaɖe be etso eƒe dzinukpɔkpɔ gbɔ o. Nunyalawoe míenye eye míedi be woatsɔ bubu aɖo to mii.”
Menye nyɔnuwo katãe ɖea woƒe seselelãmewo fiana o, abe alesi menye ŋutsuwo katãe meɖea woƒe seselelãmewo fiana o ene. Ele be woabu amesiame be ele vovo. Betty si ƒe nya míeyɔ va yi la gblɔ na Nyɔ! be: “Medzɔa dzi nam ne wonɔ te ɖe nyɔnu si menye dzi bu asixɔxɔ si le ŋunye o. Mekpɔ ŋutsu geɖe wofa avi eye wolé blanui kpɔ. Eye nyɔnu aɖewo li siwo mesea veve ɖe ame nu o. Eyata mina ŋutsuwo naɖo to mí nyuie eye womagabui ɖe míaƒe nyɔnunyenye ŋu o.”
Nukae Hiã Hafi Woawɔ Tɔtrɔ?
Ame aɖewo gblɔna be ne nɔnɔmea ava trɔ nyuie la, ekema mesɔ gbɔ be nyɔnuwo naʋli woƒe gomenɔamesi kple dzɔdzɔenyenye ko ta o; eye mesɔ gbɔ hã be ŋutsuwo nawɔ bubudede nyɔnuwo ŋu ƒe nu aɖewo ko o. Le dukɔ kple nɔnɔme ɖesiaɖe me la, ele be ŋutsuwo nadzro ɖoƒe si wole le nɔnɔmea me la me eye woabia wo ɖokui be nukae yewoate ŋu awɔ be nyɔnuwo nakpɔ dzidzɔ kple dzidzeme wu le woƒe agbe me hã.—Mateo 11:28, 29.
Agbalẽŋlɔla kple hakpanyaŋlɔla Katha Pollitt ŋlɔ ɖe Time me be: “Nyateƒee, ŋutsu akpa gãtɔ medɔa nyɔnu gbɔ sesẽe alo ƒoa wo alo wua wo ya o. Gake abe alesi wo dometɔ geɖe susuna ene la, ema mefia be nu vlo wɔwɔ ɖe nyɔnuwo ŋu meka wo o. Le míaƒe gbesiagbegbenɔnɔ me la, mía dometɔ ɖesiaɖe kpea asi ɖe alesi wonɔa agbee ŋuti nukpɔsusu kple tamebubu siwo fiaa afisi woaɖe mɔ ɖe nuwo ŋu ase ɖo la tɔtrɔ ŋuti. . . . Alesi ŋutsuwo nadzro wo ɖokui me nyuie, woabia nya wo ɖokui le woƒe nazãbubuwo kple mɔnukpɔkpɔwo ŋu, eye woalɔ̃ ɖe nɔnɔme wɔnublanui si me míele ƒe akpa si tso wo gbɔ ƒe nya dzi gblɔm mele.”
Gake ne xexeame ŋutsuwo katã wɔ tɔtrɔ veviwo le nɔnɔme siwo woɖena fiaa nyɔnuwo me gɔ̃ hã la, manye nusi akpɔ nu madzɔmadzɔwɔwɔ siwo le fu ɖem na ameƒomea gbɔ keŋkeŋ o. Nukatae? Elabena menye nyɔnuwo ɖeɖeko ŋue ŋutsuwo le nu madzɔmadzɔ wɔm ɖo hele ŋuta sem le o, ke wole ewɔm ɖe wo tɔ ŋutsuwo hã ŋu. Aʋawɔwɔ, nuvlowɔwɔ, amewuwu, dunyahelawo ƒe tudada wo nɔewo, kple ŋɔdzidoname gakpɔtɔ dzɔna gbesiagbe le dukɔ geɖe me. Nusi hiãe nye dukplɔɖoɖo yeye si aɖu anyigba la katã dzi. Eye ehiã be woana hehe yeye ameƒomea katã. Eye emae Mawu do ŋugbe be yeawɔ to yeƒe Fiaɖuƒedziɖuɖu si aɖu anyigba dzi tso dziƒo la dzi. Ɣemaɣi ko hafi dzɔdzɔenyenye kple ameŋkumemakpɔmakpɔ vavãtɔ anɔ anyi na amewo katã—ŋutsuwo, nyɔnuwo, kple ɖeviwo. Biblia gblɔ alesi nɔnɔmea anɔ la ɖe Yesaya 54:13 be: “Viwòwo katãe anye Yehowa ƒe nusrɔ̃viwo, eye viwòwo ƒe ŋutifafa asɔ gbɔ.” Ẽ, Yehowa ƒe gɔmeɖose dzɔdzɔewo ŋuti hehe nyui si woana amewo ahe xexe yeye si me bubudede ame nɔewo ŋu le la vɛ.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ “Nukae Ðokuibɔbɔ le Srɔ̃ɖeɖe me Fia?” Gbetakpɔxɔ, December 15,1991, axa 19-21.
b Kpɔ Awake!, October 8, 1991, axa 3-11; April 8, 1992, axa 24-7.
[Nɔnɔmetata si le axa 16]
Zi geɖe Ia nyɔnu tsitsi ate ŋu aɖo aɖaŋu si akpe ɖe ame ŋu
[Nɔnɔmetata si le axa 17]
Aƒemedɔwo mamã nye mɔ siwo dzi srɔ̃ŋutsu ato ade bubu srɔ̃a ŋu dometɔ ɖeka