Sɔhɛwo Biana Be. . .
Aleke Mawɔ Asitɔtrɔ Esi Tɔgbuinye Kple Mamanye Va le Mía Gbɔ Fifia?
MIA kple tɔgbuiwò kple mamawò mieli nyuie tso ɣeaɖeɣi ke. Dzidzɔ sɔŋ koe nèkpɔna le ɣeyiɣi si me nènɔa anyi kpli wo me. Gake fifia woʋu va le miaƒe ƒomea me.
Ne ame tɔgbui kple ame mama ʋu va la, ɖewohĩ abia be amesiame si le aƒea me la nawɔ tɔtrɔ.a Ehiã be amesiame nawɔ nu wòasɔ na wo nɔewo. Gake nɔnɔmea menye esi ŋu womate ŋu awɔ naneke le o. Ne èwɔa Biblia me gɔmeɖosewo dzi la, àte ŋu akpe ɖe wò ƒomea ŋu wòawɔ nu ɖekae, ke menye be woawɔ nu vovoe o.
Lɔlɔ̃ ƒe Ŋusẽ
Mɔ siwo dzi woato aɖe ƒome ƒe xaxawo dzi akpɔtɔ dometɔ ɖekae nye be woawɔ ɖe gɔmeɖose si le Korintotɔwo l, 16:14 be: “Miwɔ nuwo katã le lɔlɔ̃ me” la dzi. Kristotɔwo ƒe lɔlɔ̃ “tsyɔa nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.” (Petro 1, 4:8) Eye abe alesi magazine si nye Family Relations me nusɔsrɔ̃ aɖe ɖee fia ene la, lɔlɔ̃ vavãtɔ na ame ƒe ƒometɔ tsitsiwo kple nu malɔ̃malɔ̃ le wo gbɔ ɖea vi ŋutɔ; eɖea nuteɖeamedzi kple xaxa siwo le be léle na wo me dzi kpɔtɔna.
Gake nublanuitɔe la, menye sɔhɛwo katã mee lɔlɔ̃ ma le na wo tɔgbuiwo kple mamawo o. Wo dometɔ aɖewo doa vlo wo be wonye tsigãdzitɔwo kple amesiwo ŋu viɖe mele o. Gake sɔhɛ Kristotɔwo mebua ame tsitsiwo nenema o. Woɖoa ŋku Lododowo 20:29 me nyawo dzi be: “Ta ɣi enye amegã ɖeɖiwo ƒe bubu.” Ẽ, tɔgbuiwò kple mamawò tsi eye wokpɔ nuteƒe. Vevietɔ ne wonye Kristotɔwo la, woanye ame- siwo gbɔ nàxɔ aɖaŋuɖoɖo kple mɔfiafia nyui le. Eye abe tɔgbui kple mama akpa gãtɔ ene la, ɖewohĩ wotsɔa ɖe le eme na wò nyuie wu alesi nèsusui.—Lododowo 17:6.
Ne mia kpli wo dome ƒomedodo mele kplikplikpli vaseɖe fifia o la, nukatae màdze agbagba atrɔ alesi nuwo le o? Nyɔnuvi ƒewuivi aɖe to esia me tso nya me be yeaɖe xɔlɔ̃wɔwɔ afia. Egblɔ be: “Meƒle afɔwui si ƒe amadede menya be adzɔ dzi na mamanye la nɛ. Etsɔa afɔwui siawo fiaa amesiame si vaa mía gbɔ!” Nenema ke wò hã ate ŋu adze agbagba atsɔ aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo aɖo dze kpli wo gbesiagbe. Alo àte ŋu ayi dɔgbe na wo. Esia wɔwɔ ana mia kpli wo dome nanɔ kplikplikpli wu.
Nyateƒee, nɔnɔmewo ado amesiame ƒe lɔlɔ̃ akpɔ. Esesẽna na ame tsitsiwo be woatrɔ ɖe nɔnɔme yeyewo nu. Ðewohĩ woƒe lãme agblẽ eye womanɔ lãmesẽ me ɣesiaɣi o. Eye togbɔ be ahiã be nàwɔ tɔtrɔ aɖewo le wò agbenɔnɔ me hã la—ɖewohĩ nàtsɔ nanewo gɔ̃ hã asa vɔe—nyae be menye nu bɔbɔe wòanye na tɔgbuiwò kple mamawò hã o. Le nyateƒe me la, esiawo ate ŋu anye “ŋkeke vɔ̃wo” na wo. (Nyagblɔla 12:1) Kpɔe dze sii be woawoe kpɔ dziwòlawo dzi le woƒe ɖevime. Mawu bua be si nàlé na tɔgbuiwò kple mamawò be enye ‘teƒeɖoɖo si dze’ eye wònye wò ɖokuitsɔtsɔ na eyama ɖeɖe fia.—Timoteo I, 5:4; Yakobo 1:27.
Asi Ðeɖe le Nanewo Ŋu ƒe Aɖaŋu La
Gake àte ŋu aƒo asa na kuxiwo zi geɖe ne èɖea ameŋububu si me ɖokuitɔdidi mele o fiaa tɔgbuiwò kple mamawò. (Filipitɔwo 2:4) Le kpɔɖeŋu me, ate ŋu anɔ susu me na wò be ɣlidodo wɔa dɔ ɖe ame tsitsiwo dzi zi geɖe ŋutɔ. Haƒoƒo sesĩe ate ŋu aɖe fu na wo. (Nyagblɔla 12:4) Aɖe fu na wo hã ne wò xɔlɔ̃wo va gbɔwò eye miele toɣli ɖem wo. Nusiawo ƒomevi ate ŋu ahe nyaʋiʋli vɛ bɔbɔe. Gake Biblia gblɔ na mí be “nunya, si tso dziƒo la . . . [ƒe] dɔme fana, efaa tu.”—Yakobo 3:17.
Ame fatu doa ŋutifafa ɖe ŋgɔ. Elɔ̃na faa dzea agbagba vevie—togbɔ be ahiã be wòatsɔ eƒe dzidzeme aɖewo asa vɔe hã—be ƒomedodo nyui nanɔ ye kple ame bubuwo dome. Nenema ke amesi dea ŋugble le nu ŋu metea tɔ ɖe edzi be ye tɔ kokokoe woawɔ ɣesiaɣi o, ke boŋ elɔ̃na faa lɔ̃na ɖe ame bubuwo ƒe nukpɔsusu dzi. Esi nya siawo le susu me na wò la, tsɔ dzigbɔɖi wɔ nu ɖe tɔgbuiwò kple mamawò ŋui. Le esi teƒe be nànɔ wò “gomewo” biam la, dze agbagba naɖe asi le nanewo ŋu.
Ðewohĩ xɔ̃wòwo ate ŋu ava srã wò kpɔ le ŋkeke siwo dzi tɔgbuiwò kple mamawò yina ɖaƒlea nu. Alo ɖewohĩ woaɖe mɔ ɖe ɣlidodoa ŋu wu ne wò xɔlɔ̃wo va gbɔwò gaƒoƒo ɖeka do ŋgɔ. Gake lɔlɔ̃ɖenudzi menɔa bɔbɔe ɣesiaɣi o, eye ɖeko wòanyo be nàlɔ̃ ɖe nusiwo nyoa wo ŋu la dzi. Ðewohĩ àte ŋu ayi aɖakpɔ xɔ̃wòwo le teƒe bubu alo aɖɔ nusemɔ̃ ne èdi be yeaƒo ha. Kplamatsedoamee wònyea? Kura o. Gake ne èwɔa nenema la, ŋutifafa anɔ mia dome.
Asiɖeɖe le nanewo ŋu ƒe ŋutete hã ɖea vi ne tɔgbuiwò kple mamawò wɔa nane siwo ɖea fu na wò. Le kpɔɖeŋu me, adze na wò abe ɖe womedea bubu alesi wò ɖeɖe naɖe vovo ɣeaɖewoɣi ŋu o ene. Ðewohĩ woadi be yewoaɖo dze kpli wò esime wò ŋku biã ɖe aƒemedɔ wɔwɔ ŋu. Le esi teƒe be wòaku dzi na wò la, se egɔme be ɖewohĩ ɖe woƒe mo dzaka eye wodi be yewoanɔ gbɔwò. Ðokuiwò ɖeɖe ɖe aga alo gbɔgblɔ na wo be woadzo le ye gbɔ ana nya la nagblẽ ɖe edzi wu eye wòanye bubumademade wo ŋu. (Lododowo 18:1) Chris si xɔ ƒe wuiasieke wɔ nusi ŋu wòaɖe asi le ƒe ɖoɖo. Egblɔ be: “Mexɔa ŋgɔ ɖoa dze kple mamanye le ɣeyiɣi si me mí ame evea míevo.”
Da Sɔ Nyuie
Ke ne tɔgbuiwò kple mamawò hiã ɖetsɔleme kple beléle geɖe ɖe? Wo lɔlɔ̃ mefia be wò ɖeɖe nàtsɔ agbanɔamedzi sia o. Le nyateƒe me la, Biblia la ɖee fia be ele be ‘wo vi kple tɔgbuiyɔvi kple mamayɔvi siwo nye Kristotɔwo’ namã dɔ mawo awɔ. (Timoteo I, 5:4) Eyata dziwòlawo dzie agba la le koŋ le esia gome eye woate ŋu atso nya me le alesi woamã dɔawo pɛpɛpɛ la ŋu. Hekpe ɖe eŋu la, Petro l, 1:l3 xlɔ̃ nu Kristotɔwo le New World Translation ƒe Reference Bible me be “woanɔ mo xexi bliboe,” alo abe alesi etenuŋɔŋlɔ ɖe kpukpui sia mee ene la, “woada asɔ nyuie.” Dɔ siwo womemã nyuie o wɔwɔ ate ŋu ate ɖeɖi ŋuwò eye wòana dɔme nave wò mlɔeba.
Kristotɔwo ƒe dadasɔ nyuie hã akpe ɖe ŋuwò nanɔ te ɖe wò ŋutɔ wò gbɔdzɔgbɔdzɔwo kple wò ƒomea me tɔwo tɔ nu. Nyateƒee, ele be amesiame nadze agbagba be wòaɖe ‘Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe kutsetse’ afia. (Galatiatɔwo 5:22, 23) Gake togbɔ be ƒomea me tɔwo aɖoe be yewoawɔ nu nyuiwo hã la, ate ŋu ava eme be woaɖe dzimagbɔɖi afia. Le esi teƒe be nado dɔmedzoe la, lɔ̃ ɖe nyateƒe si wònye be ‘mí katã míedaa vo zi geɖe. Ne ame aɖe medaa vo le nuƒoƒo me o la, enye ame deblibo si te ŋu ɖua eƒe ŋutilã bliboa katã dzi’ la dzi. (Yakobo 3:2) Masɔmasɔ si aɖo ƒomea me ɣeaɖewoɣi menye nusita woatsi dzimaɖi vevie o.
Adaŋudede
Viɖe geɖe ate ŋu ado tso eme ne èɖoa dze kple Dziwòlawo. “Afisi adaŋudede mele o la, tameɖoɖowo tsia akpo dzi.” (Lododowo 15:22) Le kpɔɖeŋu me, ɖe nu te ɖe dziwò eye nèdo dziku le esi xɔ aɖeke megali nye wò ŋutɔ tɔwò oa? Ðe nèle nu xam le esi nèsusu be yele ye tɔgbui kple ye mama dzi kpɔkpɔ ƒe agba siwo womemã nyuie o la tsɔm taa? Le esi teƒe be wòave wò nagbe nuƒoƒo alo nalé blanui la, na dziwòlawo nanya wò seselelãme.
Nyateƒee, ɖewohĩ nu ate ɖe dziwòlawo ŋutɔ wo dzi eye ŋusẽ gobii aɖeke manɔ wo ŋu be woatrɔ nuwo o. Eyata di ɣeyiɣi si sɔ nyuie naƒo nu kpli wo, eye natsɔ dzigbɔɖi kple gbe blewu aƒo nu tso kuxi siwo nèdze ŋgɔe ŋutɔŋutɔ ŋu. (Lododowo 15 :23) To nyateƒe eye nàgblɔ nusi le fu ɖem na wò la eme nakɔ. (Efesotɔwo 4:25) Esi nètsɔ nyaa ɖo dziwòlawo ŋkume ko la, woaɖo to wò kokoko le veveseɖeamenu me. Eye miate ŋu akpɔ nusiwo miawɔ atsɔ akpɔ kuxiawo gbɔe gɔ̃ hã.
Ðewohĩ àte ŋu aɖo teƒe aɖe ɖi le mia ƒeme hena zazã ne èle teƒe si ɖe vovo dim hena nuxexlẽ kple nusɔsrɔ̃. Alo miate ŋu amã aƒemedɔ geɖe siwo anɔ anyi la ne nɔviwòŋutsuwo kple nɔviwònyɔnuwo li. Le ƒome aɖe me la, wotso nya me be wo viŋutsu ƒewuivi aɖe naxlẽ nu na mamaa—esi nye nusi doa dzidzɔ na wo ame evea eye wokpɔa mɔ nɛ. Wode dɔ asi na nɔvianyɔnu eveawo be woakpe ɖe wo mama ŋu le tsilele kple awudodo me.
Nuteƒekpɔkpɔ Ðevie Wònye
Ðikeke aɖeke mele eme o be ame tɔgbui kple mama ƒe aƒeme nɔnɔ kple ame ate ŋu anye agbemenuteƒekpɔkpɔ yeye—na mia kpli wo. Gake ne amesiame ɖea dzigbɔɖi, lɔlɔ̃, kple lɔlɔ̃ faa be yeaɖe asi le nanewo ŋu fiana la, ekema ate ŋu anye nusi ado dzidzɔ geɖe na ame. Mɔnukpɔkpɔ asu asiwò be natu ƒomedodo si me vividoɖeameŋu kple lɔlɔ̃ le ɖo kple ame nyanu eve siwo kpɔ nuteƒe eye wotsɔa ɖe le eme na wò ŋutɔŋutɔ. Àkpɔ dzidzeme geɖe le xɔlɔ̃dzedze ma me sã wu hadede kple hawotiwo si nɔa anyi ɣeyiɣi kpui aɖe ko. Eye akpe ɖe ŋuwò natsi azu ame ɖota. Ðetugbi aɖe si ŋkɔe nye Beverly gblɔ be: “Mebua kpekpe ɖe mamanye ŋu be enye mɔnukpɔkpɔ si matsɔ asrɔ̃ ɖokuitsɔtsɔsavɔ ƒe nɔnɔme siwo mahiã emegbe le agbe me.”
Sɔhɛ aɖe si ŋkɔe nye Aaron hã kpɔe dze sii nenema. Egblɔ be: “Vovo kpɔkpɔ ɖe mamanye ŋu fia nuƒoƒo kple ame tsitsi siwo le míaƒe hamea me lam. Tsã la ɖeko medoa gbe na wo. Fifia metsɔa aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo ƒoa nu kpli wo. Evivia nunye ŋutɔ! Eye meva bua ame tsitsi siawo be wonye xɔ̃nyewo.”
Eyata mèganɔ te ɖe nɔnɔmea nu ɖeɖeko o; na wòaɖe vi! Le ɣeyiɣi aɖe megbe la, ava kafu gbesigbe tɔgbuiwò kple mamawò ʋu va le mia gbɔ.
[Etenuŋɔŋlɔwo]
a Kpɔ nyati si nye “Why Did Our Grandparents Move In?,” si do le July 8, 1992 ƒe Awake! me.
[Nɔnɔmetata si le axa 14]
Àkpɔ dzidzeme geɖe le mia kple tɔgbuiwò kple mamawò ƒe xɔlɔ̃wɔwɔ me