INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g92 12/8 axa 3-4
  • Aleke Gbegbe AIDS Le Nu Gblẽm le Afrikae?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Aleke Gbegbe AIDS Le Nu Gblẽm le Afrikae?
  • Nyɔ!—1992
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Amesiwo Wòwu Kple Amesiwo Wum Wòle
  • Enye Dɔléle si Xɔa Ɣeyiɣi Geɖe Hafi Nyrãna
  • “Migblɔ Nusi Dzɔ le Afisia la na Wo”
  • Nukatae Afrika Le Fu Kpem Alea Gbegbe Ðo?
    Nyɔ!—1992
  • AIDS Ŋuti Nyatakaka Doŋɔdziname!
    Nyɔ!—2001
  • AIDS Datike—Ehiã Kpata!
    Nyɔ!—2005
  • “Dɔvɔ̃ Si Le Nu Gblẽm Wu Ðesiaɖe le Amegbetɔ ƒe Ŋutinya Me”
    Nyɔ!—2002
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1992
g92 12/8 axa 3-4

Aleke Gbegbe AIDS Le Nu Gblẽm le Afrikae?

Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Afrika gbɔ

ÐEWOHĨ èse nya siwo wogblɔ ɖi la. Wotso dzi ka ƒo na amewo vevie ŋutɔ. Afrika-nyigbagã la dzi nɔla miliɔn geɖe axɔ AIDS. Dɔlélenutsitsi ƒe ŋutete si le amegbetɔ me agbɔdzɔ, eye dɔléle dziŋɔwo adze ŋutilã ƒe dzɔdzɔmeŋutete siwo ʋlia ame ta la dzi. Abe alesi wònɔ le alimetetedɔvɔ̃ si lé amewo le Europa le ƒe alafa 14 lia me gome ene la, ku kple tsɔtsrɔ̃ si ɖeke mesɔ kpli o ado tso eme.

Emegbe ɖoɖoe va zi le eŋu vie. Wova gblɔa eŋu nyawo le nyadzɔdzɔwo me, eye tsɔtsrɔ̃gbe ŋuti nyagbɔgblɔɖi geɖe siwo nyɔa ame ƒe susu va ti amewo. Ðe wòagblẽ nu nenema gbegbe nyateƒea? Afika koŋ ye AIDS dɔléle la keke ta ɖo le Afrika fifia?

AIDS ŋuti numekula Ðk. Andre Spier gblɔ be: “Ame aɖeke menya ame agbɔsɔsɔme si ava xɔ dɔa o.” Gake mele mɔ kpɔm be ava ka ɖe eme o. “Amesiwo axɔe la asɔ gbɔ ŋutɔ eye wòagblẽ nu le ameƒomea katã ŋu.” Nenema ke Ðk. Lars Kallings gblɔ ɖi le ƒe 1988 dukɔwo dome AIDS ŋuti takpekpe si wowɔ le Stockholm, Sweden me be “le ƒe eve ko megbe la . . . ame gbogbo siwo aku la adzi ŋɔ ŋutɔ.”

Ewu “ƒe eve” fifia tso esime wogblɔ nya ma. Fifia nya ma siwo wogblɔ ɖi la dometɔ geɖe le dzɔdzɔm afɔkutɔe. Amewo va le kukum ŋutɔŋutɔ eye meganye xexlẽme gbɔlo siwo woyɔ do ŋgɔ ko ƒe nyae o. Eye amesiwo wòawu la agasɔ gbɔ wu kura.

Amesiwo Wòwu Kple Amesiwo Wum Wòle

Ku kple tsɔtsrɔ̃ le nu gblẽm le Afrika ƒe kenyigba ƒe akpa geɖe. Nyatakaka si wota nyitsɔ laa ɖe magazine si nye Nature me la gblɔ be: “Le dugã aɖewo me Ia, AlDS ye wua ame tsitsiwo wu fifia eye wònye nusiwo koŋ wua ɖeviwo la dometɔ ɖeka.” Le Afrika ƒe dugã aɖe me la, osɔfowo tɔtɔ le nusi woawɔ le ame gbogbo siwo AIDS wuna ƒe kunuwɔwɔ siwo dzi woakpɔ la ŋu.

Le ƒe 1991 ƒe October me la, wotsɔ alesi AIDS le nu gblẽm le Afrikae ŋuti nyatakaka si woŋlɔ na Dukɔ Nɔɖokuisiwo ƒe dukplɔlawo le takpekpe aɖe si wowɔ le Harare, Zimbabwe la me. Woɖee gblɔ be fifia AIDS dɔlélawoe le Afrika dukɔ aɖewo ƒe dɔnɔkɔdziba 50 vaseɖe 80 le alafa ɖesiaɖe me la dzi. AIDS ŋuti nunyala Ðk. Stan Houston gblɔ le Uganda si dɔa xɔ aƒe ɖo vevie la ŋu be AlDS wu Ugandatɔ geɖe xoxo wu ame siwo wowu le dukɔmeviʋa siwo wowɔ le dukɔ ma me ƒe 15 sɔŋ la.

Nusiwo Abidjan, Cote d’Ivoire, ƒe ɖɔktawo kple dzɔdzɔmeŋutinunyalawo kpɔ la hã tso dzika ƒo ŋutɔ. Wozã ɣleti geɖe tsɔ do ame kuku siwo katã nɔ dua ƒe amekukudaɖoƒe gãtɔ eveawo kpɔe. Nukae wokpɔ? Science magazine si me nyatakaka la dze le la gblɔ be wokpɔ be AIDS “koŋ” ye wu ame tsitsiwo le Abidjan “wu.” Magazine la gblɔ kpee be “ɖewohĩ” xexlẽme siwo woyɔ la “mefia amesiwo ku la ƒe agbɔsɔsɔme si de pɛpɛpɛ o le dɔlélenutsitsi ƒe ŋutete si meganɔa amegbetɔ me o ƒe dɔlékui si woyɔna be HIV [Human lmmunodeficiency Virus] la ta.”

Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ gɔ̃ hã si le agbagba dzem be yeaxe mɔ ɖe dɔlélea ƒe takeke ɖe xexeame katã nu lɔ̃ ɖe edzi be esia nye alesi dɔlélea le nu gblẽmee ta kaka kpuie ko. Le megazine si nye New Scientist ƒe nya nu la, Xexeame ƒe Lãmesẽhabɔbɔ “ka ɖe edzi be amesiwo xɔ AIDS ƒe akpa abe ewolia ene ko ŋue Ɣedzeƒe kple Titina Afrika-dukɔwo ka nya ta le . . . Nyatakaka la mekpe ɖo hede pɛpɛpɛ o le esi womewɔ numekukua de goe o ta.”

Enye Dɔléle si Xɔa Ɣeyiɣi Geɖe Hafi Nyrãna

Nu dziŋɔ siwo ku ɖe AIDS ŋu dometɔ ɖekae nye ɣeyiɣi didi si woxɔna hafi AlDS dɔlékuia ƒe tsitsi ƒe dzesi ŋutɔŋutɔwo dzena. HIV dɔlékui si wua ame la ate ŋu anɔ lãme na amesi ŋu wòle la vaseɖe ƒe ewo. Adze amesi si lãmesẽ le eye wòase le eɖokui me be yeƒe lãme le sesĩe. Ne womedo amesi ŋu wòle la kpɔ be exɔ dɔa vavã o la, manya gbeɖe be yedze ŋgɔ dɔléle si awu ye o​—vaseɖe esime dzesiawo va dze gaglã hafi! Amesiwo ŋu AIDS dɔa le, siwo dzena abe lãmesẽ mee wole ene evɔ wònye dɔa le wo ŋu hafi ye le dɔa kakam le manyamanya me.

HIV dɔlékuia ƒe dodokpɔ siwo wowɔna la ɖea alesi gbegbe dɔvɔ̃ sia si wua ame la le kakam ŋusẽtɔe le Afrika fifia la fiana. Le kpɔɖeŋu me, magazine si nye African Affairs ɖee fia be woka nya ta be “nuto si le Victoria-ta ŋu si me amewo sɔ gbɔ ɖo fũ . . . nye esi me [HIV] bɔ ɖo ŋutɔ . . ., tso ame abe 10 vaseɖe 18 le alafa me ene dzi le ame tsitsi siwo wobu be woƒe dɔa xɔxɔ ƒe mɔnukpɔkpɔ mede ŋgɔ boo o dome vaseɖe ame 67 le alafa me dzi le amesiwo dɔna kple ame geɖe la dome.” Nenema ke magazine si nye Nature la bu akɔnta be “dɔlélea kaka kabakaba ɖe ame tsitsi gbogbo aɖewo dome tso ƒe 1984 me ɖo ame 20 vaseɖe 30 le alafa ɖesiaɖe me dome le dugã siwo me dɔa xɔ aƒe ɖo wu la me.” Wò ya bu ame tsitsiwo ƒe akpa etɔ̃lia si dɔa awu le ƒe ewo ko me la ŋu kpɔ!

Dziɖuɖu kple dukplɔla siwo he ɖe megbe tsã le afisi AIDS keke ta ɖo gbɔgblɔ ŋu la va le alesi dɔvɔ̃a le ŋɔ dzimee wu la kpɔm dze sii. Ame aɖe si nye Afrikatɔ dukplɔla tsã la va da asi ɖe edzi be woaho aʋa ɖe AlDS ŋu​—esi dɔa wu eya ŋutɔ viaŋutsu vɔ megbe. Nyitsɔ laa la, dziɖuɖumegã aɖe xlɔ̃ nu be yeƒe dukɔa me tɔwo dometɔ 500,000 nye amesiwo ŋu HlV dɔlékuia le. Amesiawo ƒe akpa gãtɔ menya be dɔ si wua ame lém yewole o eye woto woƒe agbegbegblẽnɔnɔ me le dɔvɔ̃a kakam.

“Migblɔ Nusi Dzɔ le Afisia la na Wo”

Esi amesiwo le HIV dɔlékuia xɔm le dzidzim ɖe edzi kabakaba ta la, amesiwo ƒe dɔa ata nyrã mlɔeba eye woaku la adzi ɖe edzi ŋutɔ. Nusi ado tso emee nye be woana ame geɖe naxa nu ahakpe fu ale gbegbe. Edzɔ ɖe Khamlua si xɔ ƒe 59 la dzi le Uganda kple Tanzania dome de si ŋu AIDS gblẽ nu le la dzi. Tso ƒe 1987 la, eɖi via kple tɔgbuiyɔvi 11​—AIDS ye wu wo katã. Afɔku si dzɔ ɖe edzi na wòtɔtɔ hefa avi gblɔ be: “Migblɔ nye nublanuinya la le xexeame katã woase. Migblɔ nusi dzɔ le afisia la na wo.”

Le mɔ ma ke siwo dzi AIDS tona kakana ta la, nusi dzɔ ɖe Khamlua dzi le Afrika ate ŋu adzɔ le xexeame ƒe akpa bubu geɖe. Àbia be: ‘Gake nukatae amegbetɔ ƒe blanuiléle kple fu gbogbowo kpekpe ƒe akpa gãtɔ le Afrika dzi vam ɖo?’

[Nya si ɖe dzesi si le axa 3]

“AIDS anye amewunu gãtɔ kekeake ɖeka hɔ̃ le ƒe 1993 me” le dukɔ siwo le ŋgɔ yim dometɔ aɖewo me.​—The World Today,England

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe