INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g92 12/8 axa 5-7
  • Nukatae Afrika Le Fu Kpem Alea Gbegbe Ðo?

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Nukatae Afrika Le Fu Kpem Alea Gbegbe Ðo?
  • Nyɔ!—1992
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Dɔvɔ̃ si Tsoa Agbegbegblẽnɔnɔ mee Wònye
  • Ƒome Siwo Kaka
  • Atikewɔwɔmefɔku
  • Fɔmaɖila Siwo Le Fu Kpem
  • Aleke Gbegbe AIDS Le Nu Gblẽm le Afrikae?
    Nyɔ!—1992
  • AIDS Ŋuti Nyatakaka Doŋɔdziname!
    Nyɔ!—2001
  • AIDS le Afrika​—Nuxlɔ̃mee Wònye na Xexeame Katã!
    Nyɔ!—1992
  • AIDS Aleke Enu Awɔ Atsi?
    Nyɔ!—1992
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1992
g92 12/8 axa 5-7

Nukatae Afrika Le Fu Kpem Alea Gbegbe Ðo?

JACOB si xɔ ƒe 42 la le dɔ lém. Exɔ AIDS. Srɔ̃a hã xɔ AIDS tso egbɔ. Jacob lɔ̃ ɖe edzi be: “Srɔ̃nye nya be gbɔnyee yexɔe le.”

Gake aleke Jacob wɔ xɔ dɔ sia si wua ame la? Eɖe eme be: “Nye ɖeɖee nɔ anyi le Harare, eye mekua ʋu tso Zambia yia Zimbabwe, eye megakunɛ yia keke Botswana kple Swaziland. Srɔ̃nye nɔ mía viwo gbɔ le Manicaland [le Zimbabwe]. Eye mí ʋukulawo la, míewɔ nane siwo ŋu wòle be míaɖɔ ŋu ɖo le nyuie hafi.”

Dɔvɔ̃ si Tsoa Agbegbegblẽnɔnɔ mee Wònye

Egbea la, gbɔdɔdɔ ƒe agbegbegblẽnɔnɔ vivivo koŋ ye le AlDS kakam le Afrika. Ne woagblɔe kpuie la, “gbɔdɔdɔ ŋu sewo me gbɔdzɔ le afisiafi.” Aleae AlDS ŋuti numekula Dawn Mokhobo gblɔ. Magazine si nye African Affairs gblɔ be “Afrika-dukɔ siwo le kenyigba dzi dea asixɔxɔ geɖe vidzidzi ŋu gake bua srɔ̃ɖeɖe ya nu tsɛe. Womeƒoa nu tsia tre ɖe gbɔdɔdɔ le srɔ̃ɖeɖe godo . . . ne ana amea nafɔ fu gɔ̃ hã ŋu kple ŋusẽ o.” Nature gblɔ be mɔ ɖeka aɖe koŋ si dzi dɔlélea tona la dzea egɔme tso gbolowo dzi. Nyatakaka la gblɔ be: “Nyɔnu gbolowo dea dɔa lãme na nyɔnu siwo si srɔ̃ ɖeka ko le to wo srɔ̃ agbegbegblẽnɔlawo dzi.”

Menye ame geɖee lɔ̃na be yewoatrɔ yewoƒe agbenɔnɔ o. AIDS le Afrika ŋuti agbalẽ si nye Panos Document gblɔ atikewɔwɔ ŋuti numekula aɖe si le Zaire ƒe nuteƒekpɔkpɔ si gbɔna la be: “Gbeɖeka ƒe zã esime mía kple nye Zairetɔ atikewɔhati aɖewo míedo amewo ƒe ʋu kpɔ le kɔƒenuto aɖe me vɔ megbe Ia, wokplɔ nutoa me nyɔnuvi aɖewo dzoe. Wodɔ kpli wo eye wo dometɔ ɖeka koe zã kɔndɔm.” Esi wòbia afɔku si ate ŋu ado tso eme la wo la, “Woko nu hegblɔ be màte nu adzudzɔ agbeɖuɖu le esi nàte ŋu axɔ dɔléle ta ko o.” Ẽ, ame geɖe bua dɔdɔ kple ame yakayaka be enye “agbeɖuɖu”​—dzidzɔdonu kple modzakaɖeɖe.

Abe alesi wòle le xexeame ƒe akpa bubuwo ene la, sɔhɛwo koŋ ye ƒoa wo ɖokui ɖe agbegbegblẽnɔnɔ kple amesiame ko me. Numekuku si wowɔ nyitsɔ laa le sɔhɛ 377 dome le Dziehe Afrika la ɖee fia be wo dometɔ siwo wu 75 le alafa me dɔ ame aɖe gbɔ kpɔ. Nenema ke mawunyadɔgbedela aɖe si le dziehe Afrika titina de dzesii be “nyɔnuvi siwo xɔ ƒe 15 siwo mefɔ fu haɖe o ʋee” aɖewo koe li. Egblɔ kpee be: “Àkpɔ nyɔnuvi dzaa aɖe si nye tre eye nàgblɔ na ɖokuiwò be, ‘Le ƒe si gbɔna ƒe woalewoɣi la, afɔ fu.’”

Gake le Afrika la, nu bubuwo hã li siwo na AIDS la kaka kabakaba.

Ƒome Siwo Kaka

Magazine si nye Africa South gblɔ be: “Zi alesi wòhiãna be ŋutsu siwo xɔ ƒe blaeve kple blaetɔ̃ kple vɔ gbogbo aɖewo nagblẽ wo srɔ̃wo kple woƒe ƒomewo ɖi ayi aɖawɔ dɔ​—eɖanye le dugã me dɔwɔƒewo, tomenukuƒewo, agblewo dzi loo alo aku ʋu ayi didiƒewoe o la ​—Aids ayi edzi akaka ŋusẽtɔe. Ʋuʋula Afrikatɔwo toa agbenɔnɔ sesẽ me. Esi woɖe ɖa tso wo srɔ̃wo kple woƒe ƒomewo gbɔ ta la, wo dometɔ geɖe dagbana le xɔ kple dɔwɔɖui didi me le dugãwo me. Le African Affairs ƒe magazine ƒe nya nu la, nuteɖeamedzi si le agbagba dzedze be yeakpɔ ye ɖokui kple yeƒe ƒome si le aƒe dzi la ƒonɛ ɖe ʋuʋula nu be “dzi ɖena le eƒo eye wòsena le eɖokui me be yemele dedie o.” Magazine la gblɔ kpee be esia dea dzi ƒo na ʋuʋula la zi geɖe be “wòaɖe asi le eƒe agbanɔamedzi ŋu keŋkeŋ.”

Wotɔ asi ʋukuku ayi didiƒewo dzi koŋ be enye nu wuame si dzi AIDS tona kakana. Abe alesi ʋukula aɖe gblɔ ene la,“Ele be makpɔ egbɔ be afisiafi si meyi la, meɖo ahiãvi si akpɔ dzinye.” Teƒe aɖe si AIDS kakana le kabakaba enye amenɔƒe aɖe si le Ɣedzeƒe Afrika-du aɖe si me amewo sɔ gbɔ ɖo fũ me afisi gbolo 600 tsɔ gbolowɔwɔ wɔ woƒe dɔe. Amesiwo dɔna kpli wo dometɔ geɖe nye ʋukula siwo ɖia tsa vaa wo gbɔ va dɔna kpli wo. Wobu akɔnta be gbolo siawo dometɔ 80 kple vɔ le alafa me nye amesiwo ŋu HlV dɔlékui le. Le ɣeyiɣi ma ke me la, ʋukula siwo xɔ dɔa gayina ɖadɔna kple ame bubuwo eye mlɔeba wotrɔna yia wo de​—Ie ɣeyiɣi mawo katã me la, woyia edzi nɔa dɔ si wua ame si le wo ŋu la kaka dzi.

Azɔ dukɔmeviʋawɔwɔ kple dunyahehe me avuwɔwɔ​—esi na ame miliɔn geɖe sina yia dukɔ bubuwo me​—hã li. AlDS ŋuti nunyala Alan Whiteside gblɔ be: “ Afisi dunyahehe- kple dukɔmeviʋawɔwɔ dzɔ le la, amewo ƒe hadomegbenɔnɔ si sɔ la gblẽna . . . . Amesiwo le sisim le dukɔ bubuwo me yim nye amesiwo ate ŋu akaka dɔa eye anɔ eme godoo be woawo hã woadɔ kple ame geɖewo.”

Atikewɔwɔmefɔku

Afrika si ganyawo le fu ɖem na mate ŋu akpɔ eƒe atikewɔwɔmekuxiwo gbɔ o. Agbalẽ gbadza si nye Understanding & Preventing AIDS la ɖe nu me be: “Le Afrika-dukɔ geɖe me la, gaŋutiɖoɖo si wowɔ be woazã ɖe ame ɖeka ŋu hena ƒe ɖeka le atikewɔwɔ me mede AlDS dɔlékui dodo kpɔ le ame ƒe ʋu me zi ɖeka ƒe fe nu o.” Nenema ke Keith Edelston, si ŋlɔ agbalẽ si nye AIDS—Countdown to Doomsday ɖe eme be “zi geɖe la adzalẽ si woatsɔ awu aɖi le ŋudɔwɔnuwo ŋui, alo nuklɔtike si anɔ ame si le aƒeme woazã atsɔ atutu nusiwo kɔ ɖe anyigba gɔ̃ hã menɔa anyi o.”

Nusi wowɔna le Afrika-dukɔ aɖewo me be wogazãa abi ma ke na dɔnɔ geɖe la ʋã Edelston wòxlɔ̃ nu be: “Kpɔ nyuie ne ehiã be woado abi na wò. . . le Afrika . . . Bia be woado abi yeye si woɖe tso abigowo me le wò ŋutɔ wo ŋkume.”

Dɔa xɔxɔ afɔkutɔe le dɔ dada na amesiwo ŋu wòle me na atikewɔla geɖe ƒe xexlẽme dzi le ɖeɖem kpɔtɔ. Abi tɔ ɖɔkta eve siwo nɔ dɔ wɔm le Dziehe Afrika ƒe kɔdzi aɖe esime wonɔ dɔ dam na AlDS lélawo. Woxɔ dɔa eye woto eme ku. Le ema ta la, ɖɔkta ade siwo nye dukɔ bubu me tɔwo dzudzɔ dɔ le kɔ ma dzi.

Le nɔnɔme siawo ta la, mewɔ nuku o be ame geɖe gbugbɔ ŋku le lélem ɖe ʋudodo si me AlDS tona kakana afɔtsɔtsɔe wu ɖesiaɖe la ŋu! South Africa Medical Journal gblɔ be: “Ʋu si me dɔlékuia le kpɔtɔ nye mɔ vevitɔ si dzi dɔa tona kakana.” Egblɔ kpee be: “Womebɔna doa ʋu kpɔna le Afrika titina o, eye ʋu si amewo ɖe na la dometɔ 60 le alafa me nye esime dɔlélekutsetsewo le.”

Eyata Afrika si kuxi geɖe ɖe to ɖo xoxo la gaɖo fukpekpe me ake. Eye AIDS dɔvɔ̃ le Afrika me tsonu wɔnublanui kekeakewo dometɔ aɖee nye nusi dzɔ ɖe nyɔnuwo kple ɖeviwo dzi.

Fɔmaɖila Siwo Le Fu Kpem

Lucy ƒe AlDS xɔxɔ metso eya ŋutɔ gbɔ o. Srɔ̃a agbegbegblẽnɔla gbɔe wòxɔe le. Lucy si zu ahosi si xɔ ƒe 23 fifia le akɔ kpem kple eƒe seselelãmewo. Egblɔ be: “Mekpɔtɔ le eŋu bum nenye be malɔ̃ eƒe nuwɔna si vaa susu me nam loo alo malé fui le esi wòtsɔ dɔa nam ta.” Ame geɖe siwo toa vevesese kple fukpekpe vevie si AIDS hena vaa wo dzi me siwo menye wo gbɔe wòtso o la sena le wo ɖokui me abe Lucy ene.

Magazine si nye The World Today gblɔ be: “Togbɔ be HIV alé nyɔnuwo kple ŋutsuwo le dukɔ siwo le ŋgɔ yim me le agbɔsɔsɔ ɖeka me kloe hã la, alesi wòagblẽ nu le nyɔnuwo ŋui la nu ate ŋu . . . asẽ wu ale gbegbe.” Esia nye nyateƒe vevietɔ le Afrika gome, afisi nyɔnuwo​—siwo ŋu agbalẽmanyamanya, ahedada, kple wo srɔ̃ siwo ʋu dzo le wo gbɔ gblẽ nu le vevie la​—doa lãgbelãgbe le.

Gake nusiwo AlDS gblẽ le ame ŋu vevie enye esi lɔ ɖeviwo ɖe eme. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Dɔwɔha si Kpɔa Ðeviwo ƒe Nuhiahiãwo Gbɔ bu akɔnta be esi wònye AlDS awu nyɔnu miliɔn 2.9 le Afrika le ƒe siawo me ta la, ɖevi siwo ade miliɔn 5.5 azu tsyɔ̃eviwo. Dziɖuɖudɔwɔla aɖe si tso dukɔ aɖe si me ɖevi 40,000 ya teti dzilawo nye amesiwo AIDS wu me la ka nya ta be fifia gɔ̃ hã la “kɔƒe aɖewo li . . . siwo me ɖeviwo ɖeɖekoe susɔ ɖo.”

Vidada kple wo vi siwo xɔ dɔa hã le kuxi la me. South African Medical Journal ɖe nu me be “nya si vidada si ƒe vi ƒe ʋu me wokpɔ HIV dɔlékuia le biana zi geɖe enye be ‘mía dometɔ kae atre kuku?’”

Mewɔ nuku o be nyɔnu geɖe sena le wo ɖokui be yewoate ŋu axɔ AIDS bɔbɔe. Zambiaɖɔkta aɖe gblɔ be: “Nyɔnuwo vaa mía gbɔ va biana be atike aɖe Ii yewoate ŋu ano atsɔ axe mɔe na dɔa xɔxɔ hã . . . Wovɔ̃na be togbɔ be yewo ya yewoakpɔ yewo ɖokui ta nyuie hã la, ɖewohĩ yewo srɔ̃wo maɖi anukware o. Esia ɖea fu na wo.”

Eyata nukae srɔ̃tɔ ate ŋu awɔ ne ekpɔe dze sii be ye srɔ̃ nɔ agbe gbegblẽ? Ne etsɔ nuvɔ̃a kee eye woɖɔ srɔ̃ɖeɖea ɖo la, ele be srɔ̃tɔ si ɖi fɔ la nalɔ̃ woado eƒe ʋu kpɔ le kɔdzi be ɖe HIV dɔlékuia ge ɖe lãme nɛ hã. (Tsɔe sɔ kple Mateo 19:9; Korintotɔwo l, 7:1-5.) Vaseɖe esime woanya dodokpɔa me tsonuwo la, srɔ̃tɔ siwo dze ŋgɔ nɔnɔme ma la ate ŋu atso nya me be yewɔmadɔ o alo yewoaɖe afɔ siwo me takpɔkpɔ le ya teti ɖe dɔlélea ŋu.

Esi wònye ɖe AIDS dɔlékuia xɔa ɣeyiɣi geɖe hafi tsina ta la, ele be ɖekakpui kple ɖetugbi siwo le srɔ̃ɖeɖe ŋu bum la hã naɖɔ ŋu ɖo nyuie hafi awɔ ɖoɖo be yewoaɖe ame aɖe si ɖewohĩ enɔa agbe gbegblẽ tsã, nenye be ele agbe nɔm ɖe Kristotɔwo ƒe dzidzenuwo nu fifia kura gɔ̃ hã. Tanzaniatɔ AIDS ŋuti nunyala Ðk. S. M. Timbangayuka ɖo aɖaŋu ku ɖe amesiawo siwo ate ŋu axɔ dɔa ŋu be sɔhɛwo naɖɔ ŋu ɖo nyuie be “woado woƒe ʋu kpɔ be HIV dɔlékui le eme hã hafi woaɖe wo nɔewo.”

Nyateƒee, zi alesi AIDS kpɔtɔ le Afrika, kple le nyateƒe me la, le xexeame ƒe akpa mamleawo katã la, amesiwo menɔa agbe si ana woaxɔ dɔa o siwo dome srɔ̃tɔwo kple ɖeviwo le la akpe fu.

[Nɔnɔmetata si le axa 7]

Nu geɖewo tae AIDS le amewo wum ŋɔdzitɔe alea le Afrika ɖo

[Afi Si Míexɔ Mɔɖeɖe Tso]

WHO/E.Hooper

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe