Míaƒe Asi Lédzinamewo
ÐEKAKPUI la tsɔ vevesese ƒe ɣlidodo ɖe asi le eƒe zu la ŋu helé eƒe degblefetsu sesĩe abe ɖe wòbe yeayɔ̀ vevesesea le eme ene. Le esi teƒe be wòatsɔ zu la aƒo gatagbadzɛa la, egatsɔe ƒo eƒe degblefetsu boŋ ake.
Ðewohĩ le ɣeyiɣi ma me la, atikpakpasrɔ̃la Ia se le eɖokui me be ne degblefetsu meli na ye o la anyo wu. Gake degblefetsu si nɔa “klanya” zi geɖe la nye dɔwɔnu xɔasitɔ kekeake si le mía dometɔ ɖesiaɖe si—esi nye amegbetɔ ƒe asi—ƒe akpa aɖe.
Esi wònye míenya míaƒe asiwo nyuie—asibide siwo ʋãna kabakaba, kpeƒe siwo te ŋu trɔna, lãmeka siwo dzi nu wɔa dɔ ɖo, kple bubuawo ta la—ele bɔbɔe be míaŋe aɖaba aƒu woƒe asixɔxɔ dzi. Gake dɔ aɖeke meli si míate ŋu awɔ esi míazã míaƒe asiwo o. Nunyala Fia Salomo xlɔ̃ nu be: “Nusianu, si wò asi ate ŋu awɔ la, wɔe kple wò ŋusẽ.” (Nyagblɔla 9: 10) Esɔ nyuie be wòtɔ asi asi dzi be enye amegbetɔ ƒe dɔwɔwɔwo ƒe dzesi, elabena le nyateƒe me enye dɔwɔnu si wɔa dɔ pɛpɛpɛ si ɖeke mesɔ kpli o.
Wowɔe le Mɔ si Léa Dzi na Ame Nu
Míaƒe asiwo ate ŋu aƒo nyawo le nuŋlɔmɔ̃ dzi kabakaba ɖewohĩ nya alafa ɖeka kple vɔ le aɖabaƒoƒo ɖeka me. Woate ŋu aʋã kabakaba le saŋku ƒe haƒonu 88 dzi eye woaƒo hadzesi siwo woŋlɔ ɖi la wòazu ha vivi aɖe. Ke degblefetsu ya ɖe? Enyo, wɔ esia kpɔ: Keke wò asiƒome, eye nàna wò asibidewo nadzɔ kã. Ŋlɔ asibide ɖesiaɖe, dze egɔme tso asi kɔtoe tɔ dzi. Kpɔ alesi wòsesẽ na wò be nana wò asibide bubuawo nagaŋlɔe o ɖa? Azɔ ŋlɔ degblefetsua, fɔe dzi eye nàbɔe ɖe anyi, trɔe godoo va kpe. Àte ŋu awɔe kloe asibide bubuawo maʋãmaʋãe. Degblefetsua ƒe nuwɔwɔ le eɖokui si nukutɔe alea—si eƒe kpeƒe si te ŋu trɔna ƒe agunu na wòwɔa nu le eɖokui si, si me eya ŋutɔ ƒe lãmekawo le la—na wòte ŋu wɔa nu tɔxɛ geɖe.
Esiawo dometɔ ɖekae nye alesi míaƒe degblefetsu te ŋu ɖoa asibide bubuawo gbɔe, alo alé nu kpe ɖe wo dometɔ ɖesiaɖe ŋu. Nu tsɛe wònyea? Dze agbagba be yeakɔ gaku wò degblefetsu mazãmazãe, alo nàʋu zɔ, alo atro safui le ʋɔ me. Mía xɔlɔ̃ atikpala la gɔ̃ hã hiã degblefetsu “klanya” mawo ale be wòate ŋu alé gatagbadzɛ alo ada eƒe zua. Le nyateƒe me la, be woaxɔ ŋusẽ le futɔ siwo nye asrafo siwo wolé si la, blemadukɔ aɖewo wɔa ŋutasẽnu si nye be woalã woƒe degblefetsuwo ɖa.—Ʋɔnudrɔ̃lawo 1:6, 7.
Le dɔ siwo katã asibidewo te ŋu wɔna me la, lãmeka wɔnuku ʋee aɖewo koe wozãna ɖe wo ŋu. Esia adze le gota abe ɖe tsɔɖu aɖeke mele eŋu o ene, elabena lãmeka geɖe siwo anɔ wo me la fia be ŋusẽ geɖe hã anɔ wo ŋu. Gake lãmekawo sesẽna ne wole wo zãm ɣesiaɣi. Nukae adzɔ ne wowɔ lãmeka sesẽwo ɖe míaƒe asibidewo me? Le dɔ gbogbo siwo míaƒe asibidewo te ŋu wɔna ta la, eteƒe madidi hafi míaƒe asiwo naɖi akɔfa titriwo o, eye wòana dɔ si hiã be woatsɔ ŋuɖɔɖo awɔe la nasesẽ alo manya wɔ o. Aleke gbegbe míate ŋu ada akpee nye si be mía Wɔla la tsɔ nunya wɔ lãmeka akpa gãtɔ ɖe míaƒe alɔnu, eye wòtsɔ ka sesẽwo tsiã wo ɖe asibidɛawo nu!
Asiwui si Sɔ Pɛpɛpɛ
Menye asiwui koe ayi si le wò asi ŋu nye o. Miã ayi si le wo asi megbe nakpɔ. Àkpɔe be ebɔbɔ eye wòle ʋaʋãm. Ewɔnɛ be nète ŋu mlia kɔ. Azɔ wò asiƒome ya ɖe? Ayi si le afima la tri eye meʋãna bɔbɔe o. Wò ya bu alesi gbegbe wòasesẽ be nàlé nu sesĩe ne ɖe ayi si le afima bɔbɔ hele ʋaʋãm la ŋu kpɔ. Be asiƒome nate ŋu alé nu sesĩe la, wowɔ ayi titri ɖe eme. Ayi si le asibideawo te kple le asiƒome ƒe kpo dzi nye esi me ami geɖe le eye wòtri ŋutɔ—esiwo nye afisiwo koŋ míeléa nu ɖo alo tsɔna ziɔna ɖe nu ŋu.
Ne èlé ŋku ɖe wò asiƒome ŋu nyuie la, àkpɔ be ayia ŋu mezrɔ̃ tututu o. Hekpe ɖe asiƒomefli gãwo ŋu la, fli suesue siwo le wo nɔewo ŋu kple esiwo xatsa nogo le míaƒe asiƒome. Abe fli siwo le wo afɔkpa gɔme ene la, fli siawo hena nyuie eye wòna woléa nu nyuie.
Do siwo me fifia tona siwo nana asiƒome dzea fifia la le fliawo nu. Ðikeke mele eme o be èkpɔ aɖaŋudɔwɔla aɖe wòtsɔ eƒe asi lili wo nɔewo ŋu sesĩe hafi dze dɔ sesẽ aɖe gɔme. Menye nu mãme wɔwɔ dzro koe wònye o. Asi lili ɖe nɔvia ŋu nana dzo ɖoa eme, eye wònana asiƒome te ŋu dzea fifia. Fifia la wɔnɛ be nàte ŋu alé nu nyuie wu. Nukae nèwɔna ne agbalẽ si ƒe axawo le belibeli ʋuʋu le sesẽm na wò? Ðewohĩ èwɔa nu ma ke—èlilia wò asibideawo ɖe degblefetsua nu be axa siwo le belibeli la nanya ʋu na wò bɔbɔe.
Fli siwo xatsa eye woto wo nɔewo me le wò asibidewo nu la te ŋu wɔa dɔ bubu hã—wonyea wò asibidenudzesi si mesɔ kple ame bubu aɖeke tɔ o. Togbɔ be adze abe ɖe womate ŋu axɔ edzi ase o ene hã la, fli siwo asibide kple degblefetsu bubu biliɔn 50 kple vɔ siwo li ƒe fliwo mesɔ kpli o ye le asibidea ƒe nu sue ma. Togbɔ be venɔviwo aɖi wo nɔewo hã la, woƒe asibidenufliwo ya toa vovo. Enya se ŋutɔ be megbemegbe ʋĩ le ƒe alafa etɔ̃lia D.M.Ŋ. me la, Chinatɔ asitsalawo te ŋu toa asibidenufliwo dzi dea dzesi woƒe asisiwo, esiwo dzi woka ɖo abe asi dede agbalẽ te ene. Le nyateƒe me la, wò asibide ƒe abixɔxɔ kura gɔ̃ hã matrɔ wò asibidenudzesiwo o. Agato ɖe eteƒe pɛpɛpɛ nenye be abia melolo fũ o.
Lãmeka Akpe Geɖewo
Togbɔ be míaƒe asiwo mate ŋu akpɔ nu, ase nu, alo aʋẽ nu ase o hã la, wonye nu vevi siwo dzi míetona nyaa nusiwo ƒo xlã mí la dometɔ ɖeka. Le kpɔɖeŋu me, nukae nèwɔna ne èle xɔ si me do viviti tsiɖitsiɖi la me? Èdoa wò asiwo ɖe ŋgɔ, kekea wò asibideawo me, hetsaa asi le xɔa me. Ẽ, menye dɔwɔnu siwo wɔa dɔ pɛpɛpɛ koe míaƒe asiwo nye o, ke wonye nusi míetsɔna dzea sii nui hã nyuie. Wonaa nyatakaka geɖe mí—esiwo nye gamlea xɔdzo, tsiletsea ƒo tsi, awua nye sedavɔ, dadia ƒe fu le belibeli, kple bubu geɖe. Míaƒe sidzenu atɔ̃lia si nye asikaka nu ŋu ƒe sidzenu la dze egɔme tso asiwo dzi.
Míaƒe asibideawo nu te ŋu sea nu le lãme ŋutɔ elabena nusese le lãme ƒe ŋutete deŋgɔwo le wo me—wo ame 9,000 le afisi eƒe didime kple kekeme nye sentimeta 1,400 le. Ne èlé abi eve siwo didi tso wo nɔewo gbɔ milimeta 6 eye nètsɔ wo ka wò mo la, ɖeko wòadze abe abi ɖekae wotsɔ le tɔwòm ene. Gake tsɔ abi mawo ke tɔ wò asibidenu, eye lãmeka gbogbo siwo ƒo ƒu ɖe afima ana nànya be abi evee wotsɔ le tɔwòmee. Nusiae te ŋu wɔnɛ be ŋkuagbãtɔ te ŋu xlẽa ŋkunɔwo ƒe nuŋɔŋlɔwo. Amekae gblɔ be asi mate ŋu akpɔ nu o?
Míaƒe asi ƒe akpa si me lãmekawo mele o koe nye fetsuwo. Gake ema mefia be viɖe aɖeke mele wo ŋu o. Ke boŋ fetsuawo naa kpekpeɖeŋu kple takpɔkpɔ asibide nu siwo sea nu le lãme siwo ŋu ŋusẽ boo aɖeke mele o la. Woganɔa dodonu hã ne èdi be yeaklẽ aŋuti, akuko ɖi sue aɖe ɖa, alo akɔ abolo sue aɖe le anyigba.Èbia alesi gbegbe fetsuawo tona kabae la ɖokuiwò kpɔa? Ema nɔ te ɖe nu geɖe dzi. Míaƒe fetsuwo tona kabakaba le dzomeŋɔli me wu vuvɔŋɔli. Míaƒe degblefetsufewo tona kabakaba eye miaƒe asi kɔtoe tɔ ƒe fetsu ya metona kaba o. Asi si wɔa dɔ geɖe la ƒe fetsu tona kabakaba. Eye wobu fetsua ƒe totome ƒe akɔnta be edea milimeta abe 0.1 ene gbesiagbe.
Woƒoa Nu Tsoa Mía Ŋu
Míaƒe asiwo ate ŋu aƒo nu geɖe tso mía ŋu. Vividoɖeameŋu ƒe asinana ame, asilili ame ŋu lɔlɔ̃tɔe, kɔŋɔŋlɔ, nyagblɔsi tsɔtsɔ agbe nyae na ame—wo katã woƒoa nu tsoa mía ŋu. Le nyateƒe me la, asesẽ na mía dometɔ geɖe be woaƒo nu ne míetsɔ gbeteteɖenyadzi alo asiwɔwɔ ɖe nya dzi si míetsɔ ɖɔa nui ƒomevi aɖeke ɖo kpe míaƒe nyawo dzii o. Le tokunɔwo gome la, esia koe woate ŋu azã atsɔ aɖe woƒe seselelãmewo afiae. Afisi womate ŋu aƒo nu le o la, asia ate ŋu awɔ dzesi si gɔme woase. Asi tsɔtsɔ agblɔ nyae ƒomevi siwo nya kpɔna la le Amerika Indiatɔwo, Hawaiitɔwo,kple Afrikatɔ siwo nɔa Ave me la si.
Hekpe ɖe míaƒe asiwo ƒe nuƒoƒo tso mía ŋu ŋuti la, wogagblɔa nya bubu aɖe hã na mí. John Napier ŋlɔe ɖe eƒe agbalẽ si nye Hands me be: “Alesi gbegbe amegbetɔ zãa eƒe asiwo tsɔa ƒoa nui, menye be wòatsɔ agblɔ nyawo ɖeɖeko o, ke boŋ wòatsɔ aɖe seselelãmewo kple susuwo agblɔ ta la, wonye nu tɔxɛ ŋutɔ.” Togbɔ be lã geɖewo ƒe “asiwo” ɖi mi amegbetɔwo tɔ hã la, womate ŋu abu amegbetɔ ƒe asi ƒe wɔwɔme tɔxɛa kple eƒe ŋutete nu tsɛ aɖe be ɖe wodzɔ le eɖokui si kpoyi o. Ke boŋ aɖaŋu si wotsɔ wɔe la ɖe Ewɔla, amesi nye nuwo katã ƒe Aɖaŋuwɔla kple Wɔla, Yehowa Mawu ƒe nunya fia kɔte.—Nyaɖeɖefia 4:11.
Eyata esi míaƒe ɖekakpui atikpala la gatsɔ eƒe zua eye wòlé gatagbadzɛa ɖe degblefetsua kple nyagblɔsia dome la, ade bubu yeye eƒe asi xɔasi eveawo ŋu. Nyateƒee, wodzra mí ɖo nyuie be míate ŋu awɔ nusianu si míaƒe asi ate ŋu awɔ la.
[Nɔnɔmetata si le axa 19]
Wokpɔ be asibide alo degblefetsu eve le asibide biliɔn 50 kple vɔ siwo li dome ƒe asibidenufliwo mesɔ o