Wò Asifewo Èléa Be na Woa?
Etso Nyɔ! ƒe nuŋlɔla si le Sweden gbɔ
NE AME aɖe gblɔ na wò be, “Makpɔ wò fe ɖa” la, aleke nàwɔ? Adzɔ dzi na wò be nàtsɔ fe siwo wolé be na nyuie afiaea, alo ɖe nàhe asi ɖe megbe kaba be megakpɔe oa? Ðewohĩ susu anɔ eme be nàɣla wò fe. Ðewohĩ womenya kpɔ tututu o, alo ènye amesi nɔa fea ɖum. Nu geɖe nyanya tso alesi míaƒe fe ƒe wɔwɔme wɔ nukui ŋu akpe ɖe mía ŋu míakpɔ ŋudzedze ɖe wo ŋu wu eye wòaʋã mí be míatsɔ beléle nyui nɛ.
Ŋulãmenugbagbevi kuku siwo de akpa si me protein (nunyiame) wɔka aɖe ƒomevi si woyɔna be keratin le koŋ ye le wò fe me. Wò asi ƒe fe ɖesiaɖe kple eƒe toto, eye amesiame kple alesi etɔ tonae. Le mamã dedie nu la, fe tona didina abe milimeta 3 ene ɣleti sia ɣleti. Ne wogblẽ fe ɖi makpamakpae la, ate ŋu ato adidi ŋutɔ. The Guinness Book of World Records 1998 gblɔ be India-ŋutsu aɖe gblẽ eƒe miame sibide atɔ̃awo ƒe fewo ɖi woto eye ne wotsiã wo katã ɖe wo nɔewo nu la, enye sentimeta 574. Eƒe deglefetsu nu fe didi sentimeta 132.
Eƒe Wɔwɔme si Wɔ Nuku
Ne èkpɔ fe gbã la, awɔ na wò abe nu ɖeka ko wònye ene, esi nye fea ta. Eyata awɔ nuku na wò be nàse be woagblɔ be fe ƒe akpa vovovo siwo nàte ŋu akpɔ kple esiwo màte ŋu akpɔ o ye li. Na míalé ŋku ɖe fe ƒe wɔwɔme ŋu nyuie.
1. Fea ta. Eyae nye sesẽaƒe si míelɔ̃a yɔyɔ be fe. Feta mã ɖe akpa eve siwo ɖo ɖe wo nɔewo dzi me, etame tɔ kple ete tɔ. Alesi ŋutilã la ɖo ɖe ɖoɖo nui le wo ame evea me to vo na wo nɔewo eye woƒe toto ƒe tsɔtsɔme hã mesɔ o. Etame tɔ dzi zrɔ̃, gake kpo siwo le akasa nu kple wo nɔewo eye wosɔ ɖe kpo siwo le fea me ŋutɔ nu la le ete tɔ me. Amesiame kple alesi kpo siawo ɖo le eƒe fe mee eye woate ŋu atsɔ nusia ade dzesi amesi ƒe fe wonye.
2. Fea ƒe ɣiaƒe si xa vie. Eyae nye teƒe si de fufu ge si xa abe ɣleti afã ene le afisi fea ɖo ŋutilã la me le. Menye fe ɖesiaɖe ƒe ɣiaƒee dzena o. Fea tona tsoa lãteƒe sue aɖe le fea ƒe agunu si nye fea ƒe fẽme. Afisiae nye fe la ƒe akpa vevitɔ. Fea ƒe ɣiƒe lae nye fe ƒe fẽme ƒe seƒe, eye le esia ta eyae nye fea ƒe akpa si me agbe le si dzena le gota. Feta ƒe akpa susɔeawo nye afisi nye ŋutilãmenugbagbevi kukuwo teƒe.
3. Feŋulãwo, ete tɔ kple axadzi tɔwo. Woawoe nye lã siwo ƒo xlã fea. Lã siae nye lã si tsyɔa fea ta ƒe seƒe kple fe fẽ si to gbɔna. Feŋulãawo kpɔa fea kple lã siwo ƒo xlãe la ta.
4. Fetogalã. Eyae nye lã si le abe ɖe wotsɔe ƒo to na fea ene. Woyɔnɛ ɣeaɖewoɣi be feŋulã falɛfalɛ.
5. Feŋulã falɛfalɛ. Feŋula falɛfalɛa ŋutɔ nye fetogalã la ƒe dziyiyi ƒe akpa sue aɖe. Enye lã si si amadede mele o eye wòléna ɖe fea ta ŋu.
6. Fenu. Fea ta ƒe seƒe si nye afisi fea ƒe toto dzena le.
7. Fenulã. Ele fea nu le ete le fea te lã kple ame ƒe asinu dome, eye lã siae xea mɔ be tsinuwo menona toa ame ƒe fe me o ale be dɔlékui megena ɖe fea te lã me o.
Viɖe si Le Wo Ŋu
Míaƒe fe ɖea vi na mí le nu geɖe me, le kpɔɖeŋu me, míetsɔnɛ kua ŋui. Míetsɔna foa kutui, míetsɔnɛ tua nusi sa kɔe, alo tsɔnɛ léa nu suesuewoe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, fe kpɔa míaƒe asinu bɔbɔe si sea nu ƒe veve kabakaba la ta.
Mele be míaŋlɔ alesi míaƒe fe ɖoa atsyɔ̃ na mí hã be o. Míaƒe feme ate ŋu afia be míeléa be na mía ɖokui—alo míeléa be na mía ɖokui o. Wowɔa akpa vevi aɖe le míaƒe asidada ɖe nya dzi me, eye ne míelé be na wo la, woaɖo atsyɔ̃ na míaƒe asi. Eya manɔmee la, nu geɖe wɔwɔ asesẽ na mí le míaƒe gbesiagbedɔwɔnawo me, eye adze abe ɖe nane mede le míaƒe asi ŋu o ene.
Beléle na Wo Ana Ŋusẽ Nanɔ Wo Ŋu Wu
Esi míaƒe fe hã nye míaƒe ŋutilã wɔnuku la ƒe akpa aɖe ta la, ele be míalé be nɛ. Ne dɔ aɖe le wò fe ŋu la, ke ele be nàtsɔe ayi ɖɔktawo gbɔe. Enye nyateƒe be dɔléledzesiwo ate ŋu adze le wò asinu. Ẽ, wogblɔna be woate ŋu anya dɔ aɖewo siwo anɔ fu ɖem na wò ne wolé ŋku ɖe wò fe ŋu.
Ðe calcium alo vitamin tikewo zazã ana ŋusẽ naɖo wò fe ŋua? Le nya sia ŋuɖoɖo me la, Nufialagã Bo Forslind, si wɔa numekuku tso fe ŋu le Karolinska Numekuƒe si le Stockholm, Sweden, gblɔ na Nyɔ! be: “Kpeɖodzi aɖeke meli si dzi míatɔ asii atsɔ aɖo kpe nya sia dzi o. Ne míelé ŋku ɖe calcium agbɔsɔsɔme si le fe si mexɔ dɔ o me ŋu la, míakpɔ be menye gbogbo aɖekee le eme o.”
Gake nusi ŋu kakaɖedzi le be akpe ɖe wò fe ŋu be manɔ ŋeŋem o eye ŋusẽ nanɔ eŋue nye tsi. Abe alesi míegblɔe va yi ene la, nunyiame si nye keratin le ame ƒe fe me. Keratin ƒe ka siawo hiã tsi hafi wo me nabɔbɔ. Nufialagã Forslind gblɔ eƒe kpɔɖeŋu aɖe be: “Togbɔ be ne èkpa fe teti fea abɔbɔ hã la, fe ma ke aƒu ale be wòate ŋu aŋe ne ŋu ke ɖe edzi wòƒu.” Tsi ana wò fe me nabɔbɔ eye ŋusẽ nanɔ eŋu. Gake afika tsi sia tsona? Fea ta dzena nu sesẽe, gake tsi te ŋu toa eme. Tsi te ŋu dona tso fetelã me vaa fea ta eye ya nonɛ. Nukae ate ŋu ana wò feme maƒu o eye ŋusẽ nanɔ eŋu? Nufialagã Forslind gblɔ be: “Anyo be nànɔ ami sim ɖee gbesiagbe.”
Beléle na Woƒe Toto Kple Atsyɔ̃ɖoɖo
Esi wònye fefẽmee fea tona tsonɛ ta la, beléle na fe ƒe akpa sia le vevie. Amisisi ɖee ate ŋu anyo na wò fe. Tsɔ kpe ɖe eŋu la, ami gege ɖe wò fenu ate ŋu aɖe vi na wò, elabena ana fea magaƒu kplatsaa o.
Alesi nèƒlɔa wò fe nui hã ate ŋu ana ŋusẽ nanɔ wo ŋu alo woagbɔdzɔ. Wokafui be nàƒlɔ wò fe nu tso eƒe axadzi va eƒe domedome. Ðo ŋku edzi be ne yeƒlɔ eƒe axadziwo ɖa la, ana ŋusẽ manɔ fea ŋu o. Ana wò fenu nanɔ tsutsue, si ana ŋusẽ manɔ eŋu kura o, elabena naneke mele eƒe axadzi si ŋu wòanɔ o. Ne èdi be ŋusẽ nanɔ yeƒe fe ŋu la, wokafui be nàna fea nato tẽ eƒe axadziwo naɖo milimeta 1.5 eye nàkpae aƒo xlãe le alesi wò asinu le nu.
Nyɔnu aɖewo adi be yewoaɖo fe. Gake nuxlɔ̃amenya aɖee nye si. Fe siwo to didi akpa ate ŋu ahe susu ava dziwò wu alesi dze eye wòana gbesiagbedɔ aɖewo hã manya wɔ na wò o. Eyata na wò nukpɔsusu nada sɔ le wò fe ƒe didime ŋu. Ne eda sɔ la, wò fe anye viɖenu na wò eye wòaƒo nu nyui le ŋuwò le ame bubuwo gbɔ.
Eŋunyalawo gblɔ be womegatsɔ nu ɖaɖɛ ɖe femee gbeɖe o. Ate ŋu ade abi fenulã la si nye lã si le fea nu te ŋu. Lã sia nye nutrenu si kpɔa fea ta tso ete. Ne nane wɔ teƒe sia la, fea ate ŋu atu gɔ̃ hã eye wòaxɔ dɔ. Ne èbe yeatutu fea te la, tsɔ brɔs si nu bɔbɔ nyuie tutui.
Le nanewo me la, fe siwo ŋu ŋusẽ le eye naneke megblẽ le wo ŋu o nye nusiwo ƒe dome míenyi. Eyatae ŋusẽ le ame aɖewo ƒe fe ŋu gake wògabɔbɔna eye ame aɖewo tɔ me ƒu kplakplakpla alo wodina be yewoaŋe ɖo. Eɖanye aleke wò fe le o, àte ŋu ana woaganya kpɔ ɖe edzi ne èdzea agbagba léa be na wo vie edziedzi. Le nyateƒe me la, ne ènya fe ƒe wɔwɔme, alesi wòwɔa dɔe, kple alesi nàlé be nɛ la, ana nànya alesi nàwɔ wòanya kpɔ ɖe edzii. Ne èwɔ sidzedze sia ŋudɔ nyuie la, aɖe vi na wò.
Le nyateƒe me la, fewo nye amegbetɔ ƒe ŋutilã ƒe akpa wɔnuku aɖe. Woƒe wɔwɔme kple alesi wowɔa dɔe nye ɖaseɖiɖi be aɖaŋuwɔla gã aɖee wɔ wo. Blema Fia Dawid tsɔ ɖokuibɔbɔ kafu Ewɔla lae le Psalmo 139:14 be: “Meda akpe na wò le alesi wowɔm nukutɔe la ta; wò dɔwɔwɔwo nye nukunu, eye nye luʋɔ dze si esia keŋ.”
[Nuwo ƒe nɔnɔme si le axa 19]
1. Fea ta;
2. ɣiaƒe;
3. feŋulãwo, ete tɔ kple axadzi tɔwo;
4. fetogalã;
5. feŋulã falɛfalɛ;
6. fea nu;
7. fenulã;
8. fe ƒe fẽme;
9. fetelã