INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g92 11/8 axa 25-28
  • Mewɔ Nye Ŋugbedodo Dzi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Mewɔ Nye Ŋugbedodo Dzi
  • Nyɔ!—1992
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Míedo Go Mía Nɔewo le Vo Me
  • Nɔnɔmeawo Trɔ
  • Medo Ŋugbe
  • Wokpe Ðe Ŋunye Mewɔ Nye Ŋugbedodo Dzi
  • Nu Fiafia Mía Viwo
  • Yayra siwo Mekpɔ
  • Àdi Be Yeazu Mawu Ƒe Viwo Dometɔ Ðeka?
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2008
  • Kaka Ðe Yehowa Dzie Lém Ðe Te
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Kutrikuku Na Wokpɔa Ŋgɔyiyi
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Vi Enyi Hehe Le Yehowa Ƒe Mɔwo Nu Me Kuxiwo Kple Dzidzɔwo
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1992
g92 11/8 axa 25-28

Mewɔ Nye Ŋugbedodo Dzi

WODZIM ɖe Rio de Janeiro, Brazil, le kplɔ̃ɖoɖo aɖe me le Kwasiɖagbe si do ŋgɔ na Easter ɖuɣi le ƒe 1930 me. Rio ƒe ame ŋkutawo​—ɖɔktawo, asrafomegãwo, kple asitsala kesinɔtɔwo​—nɔ eteƒe. Le aʋatsodzixɔse me Ia, wo katã wotsɔ sikasigɛwo kple lotamekpewo (diamon) de nye tsilele gbãtɔ me kple dzixɔse be esia akpe ɖe vidzĩ sia si nye ŋutsuvi la ŋu wòazu kesinɔtɔ kple ame xɔŋkɔ. Anɔ abe ƒe ɖeka kple afã ene megbe la, mexɔ nunana abe ŋutsuvi dzeɖekɛ kekeake le Rio ene le hoʋiʋli aɖe si magazine aɖe wɔ la me.

Le ema megbe kpuie la, danye dze dɔ vevie. Esi ɖɔktawo megabu agbe ɖe eŋu o ta la, fofonye dzo le woa kple viawo gbɔ. Etsɔm ɖo awɔba ɖe fe aɖe si wònyi la ta, eye eyata meva nɔ ƒome kesinɔtɔ aɖe gbɔ le Guarujá, le Santo Amaro-ƒukpo dzi le São Paulo-du me. Afimae metsi le eye nyemeɖo ŋku míaƒe ƒome tsãtɔ dzi o. Gake le sukumɔkeke aɖe si meɖu le Rio de Janeiro​—esi didi abe kilometa 450 ene tso afisi menɔ le Guarujá gbɔ, me la​—nane dzɔ si trɔ nye agbenɔnɔ.

Míedo Go Mía Nɔewo le Vo Me

Mefea fe kple hanyeti ŋutsuviwo le Rio ƒe akpa aɖe si woyɔna be Jardim da Glória. Esi wònye dzila siwo xɔm nyi tsɔa ga geɖe nam ta la, meƒlea ice cream na ƒuƒoƒoa katã, eye amesiame nyam nyuie. Ŋutsuviawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Alberto biam be afikae metso hã. Esi megblɔe nɛ la, egblɔ be: “Nɔvinye aɖe hã le São Paulo dua me, gake nyemedze sii o. Eŋkɔe nye Cézar. Fofonye tsɔe na ƒome aɖe le afima, eye danye faa avi gbesiagbe fifia elabena meka ɖe edzi be yeagakpɔe ake o.”

Egblɔ kpee be: “Ne èva do go ŋutsuvi aɖe si xɔ abe ƒe ewo ene le São Paulo, si ŋkɔe nye Cézar la, gblɔe nɛ be yedo go nɔvia eye be dadaa le edim.”

Medo ŋugbe nɛ be: “Nyemaŋlɔ be o, elabena eƒe ŋkɔ gɔ̃ hã sɔ kple tɔnye.”

Nɔnɔmeawo Trɔ

Alberto gblɔ dze si míeɖo la na dadaa, eye wòdi be yeakpɔm. Esi mía kple Alberto míegado go le Jardim da Glória, Kwasiɖagbe si kplɔe ɖo la, egblɔ be: “Danye di be yeakpɔ wò. Meka ɖe edzi be edi be yeaɖo du ɖe nɔvinye le São Paulo to dziwò.”

Enumake Alberto kplɔm yi dadaa, amesi bɔbɔ nɔ abɔ me zikpui aɖe dzi la gbɔe. Elé ŋku ɖe ŋunye nyuie. Emegbe wòkpla asi kɔ nam hede asi avi fafa me. Ebiam be: “Dziwòlawoe nye amekawo?

Meɖo eŋu be: “Garibaldi Benzi kple Nair. Eye ŋkɔnyee nye Cézar Benzi.”

Ebia be yeakpɔ danye ŋu, eye esi megblɔ nusi dzɔ na danye la, emu dze anyi kloe. Emegbe vidada eveawo do go eye woɖo dze tso ŋunye ɣeyiɣi didi. Emegbe Alberto gblɔ nam be: “Danyee nye wò hã dawo, eye nɔvinyee nènye!”

Danye ƒe lãmea ka ɖe eme, eye wònɔ fonye kple nɔvinyenyɔnu dzi kpɔm. Esi mekpɔe dze sii kɔte be nye ƒome kpaŋkpaŋ ŋue meke ɖo la, mebia be manɔ wo gbɔ, esi wɔ mo yaa na nyɔnu si xɔm nyi la. Gake medi vevie be mía kple nɔvinyeŋutsu kple nɔvinyenyɔnu míanɔ afi ɖeka. Danye, amesi kpe fu eye menya ne meku alo mele agbe o hã ƒe nu wɔ nublanui nam. Eyata melé nye nyametsotso me ɖe asi goŋgoŋ togbɔ be efia be madzo le kesinɔtɔwo ƒeme le Guarujá ayi aƒe aɖe me le Rio de Janeiro ƒe nuto tsɛ aɖe me gake. Tɔtrɔa lolo loo! Fifia ehiã be mayi aɖawɔ dɔ sesĩe ne míekpã le suku, elabena ga si mekpɔna vaa aƒeme ŋue míaƒe ƒomea nɔa agbe ɖo.

Medo Ŋugbe

Esi meva tsi la, meva srɔ̃ alesi wotsɔa kpe xɔasiwo wɔa atsyɔ̃ɖonuwoe eye emegbe meva wɔnɛ. Amesiwo mía kpli wo míewɔa dɔ la, tsaa adzɔnu siwo wodɔna tso dukɔ bubuwo me ƒe asi hã​—esiwo dometɔ geɖe ŋu se meɖe mɔ ɖo o​—eye ga le eme ŋutɔ. Le alesi wònana wokpɔa ga kaba bɔbɔe ta la, meva ƒo ɖokuinye ɖe kplɔ̃ɖoƒewo yiyi, ahiãwɔwɔ, kple agbeɖuɖu blibaa me. Emegbe esi mexɔ ƒe 22 la, meɖe Dalva, amesi nye nye ahiãvi tso miaƒe sukudeɣi ke. Nyemedze nɛ kura hafi o. Enye srɔ̃nyɔnu kple vidada ɖɔʋu​—enya agbalẽ, wɔa nu dzeame, heɖea nɔnɔme nyuiwo fiana.

Gbeɖeka ƒe zã esime míeɖe mía nɔewo ƒe adre sɔŋ enye ma eye metrɔ tso kplɔ̃ɖoƒe dzeakaɖa aɖe yina aƒeme la, meva nɔ tame bum vevie. Menɔ tame bum be le agbe si ƒomevi nɔm mele ta la, nyemate ŋu afia nɔnɔme nyuiwo mía vi etɔ̃ siwo le tsitsim la o. Eyata metso nya me be matrɔ nye agbenɔnɔ. Esi meɖo aƒeme la, menyɔ Dalva be magblɔ nye nyametsotsoa nɛ.

“Ðe nèbe yeagblɔ be ɖeko yenyɔm le fɔŋli ga eve sia be yeagblɔ susumanɔmeenya sia nama?” Nu geɖe tae mexɔ dzinye se o ɖo. Gake medo ŋugbe nɛ be: “Meɖoe fifia ya koŋ. Eye be matsɔ adze egɔmee la, mahe nye dɔwɔƒea ava míaƒe aƒe gbɔe ale be míakpɔ ɣeyiɣi geɖe atsɔ anɔ anyi ɖekae abe ƒome ene.” Esi Dalva ganɔ ɖi kem kokoko ta la, míeyi ɖamlɔ anyi.

Esi ŋu ke la, meke ɖe dziƒoxɔ si me tuɖedzi eve nɔ la ŋu eye mewɔ ɖoɖo be míatsɔ dzisasra si le etame awɔ míaƒe aƒee eye nye dɔwɔƒe nanɔ ete. Emegbe meyi nye xɔlɔ̃ xoxoawo gbɔ ɖatso nye kadodo me kpli wo. Meɖoe kplikpaa be mawɔ nye ŋugbedodo dzi. Zi gbãtɔ la, mía kple Dalva míenɔ anyi ɖekae kple ɖeviawo.

Wokpe Ðe Ŋunye Mewɔ Nye Ŋugbedodo Dzi

Anɔ abe ɣleti etɔ̃ ene megbe la, Fabiano Lisowski va srãm kpɔ. Enyam xoxoxo. Eyata esi megblɔ be medi be wòado go srɔ̃nye la, ebia be: “Srɔ̃wò ŋutɔŋutɔa?”

Esi Dalva va la, meɖee fiae be enye “Biblia ƒe subɔsubɔha aɖe ƒe osɔfo.” Eko nu hegblɔ be Yehowa Ðasefoe yenye. Nyemekpɔ dzidzɔ ɖe mawubɔsubɔ ŋu o, gake Dalva ya kpɔa dzidzɔ ɖe Biblia ŋu. Woa kple Dalva wode asi dzeɖoɖo me, gake nye ya mezi ɖoɖe, elabena nyemese nusiwo me dzrom wonɔ la gɔme o.

Esi ŋu ke Kwasiɖagbe la, Fabiano kpem yi kpekpe aɖe mee. Ewɔ nuku nɛ be medo ŋugbe be mayi. Esia do dzidzɔ na Dalva ŋutɔ. Enya be mewɔa nya sia nya si megblɔ dzi eye be ne megblɔ be mayi kpekpea la, yeate ŋu axɔ edzi ase. Mesrɔ̃ nu eve tso nusiwo ŋu se meɖe mɔ ɖo o dzadzra me: Eyae nye nya dzi wɔwɔ, eye mègatsi megbe le ɖoɖo si newɔ la ŋu o.

Tso ɣeaɖeɣi ke la, meblaa tu si le kpuie ɖe nye alidziblanu ŋu, gake esi meyi kpekpea la, megblẽe ɖe aƒeme. Ameawo nye amedzrowɔlawo eye woɖe nɔnɔme nyuiwo fia, eyata medo ŋugbe be magayi Kwasiɖagbe si kplɔe ɖo. Tso ɣemaɣi heyina la, míedea kpekpewo le Fiaɖuƒe Akpata me edziedzi, eye nyemegatsɔa nye tu ɖe asi o.

Fabiano wɔ ɖoɖo be ye kple ye srɔ̃ kpakple ye lɔ̃xo yewoanɔ mía srãm kpɔ Kuɖa fiẽ ɖesiaɖe. Esi wònya be mawudzimaxɔselae menye ta la, Dalva koŋ ye wòƒoa nu na. Esi mekpɔe be wogblẽa nye ya ɖi ta la, meva nɔ nya bubuwo kura dom ɖe egbɔ, eye emegbe wòtsɔa bubu va nɔa susu hem yi dzinyee wu. Mekpɔ be eléa agbalẽ si nye “Let God be True” ɖe asi gake ehena ɖe megbe le etsɔtsɔ nam ŋu. Mlɔeba la, mebiae be: “Nukae nèwɔa agbalẽ siae?”

Esi wòwɔ nuku nɛ ta la, eɖo eŋu be: “Be míasrɔ̃ nu le eme.”

Meɖo eŋu be: “Ne nue míasrɔ̃ le eme la, ke na míakpɔ nusiwo le eme ɖa.”

Amesiame ƒe mo wɔ yaa, eye menya nusi tututu wòakpɔ mɔ na o. Gake míedze nusɔsrɔ̃a gɔme, eye meɖo to nyuie. Dalva sea nusɔsrɔ̃a gɔme nyuie, eye ɖevi eveawo gɔ̃ ha kpɔ dzidzɔ ɖe Fabiano ƒe numeɖeɖewo ŋu.

Esi nusɔsrɔ̃a nɔ edzi yim la, Fabiano srɔ̃ kpɔe dze sii be menoa sigaret ŋutɔ eye wògblɔ be: “Edze abe ɖe nènoa sigaret ŋutɔ ene.”

Megblɔ be: “Nye sukudeɣi kee menoa sigaret. Eye esime menɔ kpe xɔasiwo ƒe atsyɔ̃ɖonuwo wɔwɔ srɔ̃m la, menɔa sigaret ɣesiaɣi.”

Etsɔ aɖaŋudzedze gblɔ be: “Ame geɖe dzea agbagba be yewoadzudzɔ sigaretnono gake esesẽna na wo.”

Meɖo eŋu be: “Nye ya mate ŋu adzudzɔ ɣesiaɣi si medi.”

Eɖo eŋu be: “Wò susue nye ma.”

Megblɔ nɛ be: “Be matsɔ aka ɖe edzi na wò la, madzudzɔ tso egbea dzi.” Medzudzɔ eye tso ɣemaɣi dzi nyemeganonɛ o.

Nuwo menɔ bɔbɔe le míaƒe nusɔsrɔ̃a ƒe ɣleti ʋee gbãtɔwo me o. Xɔ̃nye xoxowo va gbɔnye, hegblɔ dɔwɔɖoɖo gbegblẽwo nam, eye nyɔnu siwo mía kpli wo míezɔna la va nɔ diyem le míaƒe aƒeme. Gake meɖoe kplikpaa be matrɔ nye agbenɔnɔ eye le Yehowa ƒe amenuveve si nyemedze na o ta la, mete ŋu trɔ hã. Nye dɔwɔwɔ dzi ɖe kpɔtɔ le gɔmedzedzea me, eye wòhiã be míaɖe alesi míenɔa agbee la dzi akpɔtɔ. Gake edo dzidzɔ nam be Dalva dea dzi ƒo nam edziedzi.

Le míaƒe Biblia sɔsrɔ̃ ƒe ɣleti atɔ̃ megbe la, nye ɖikekewo katã nu yi. Meva kpɔe dze sii be Yehowae nye Mawu vavã la, eye be Biblia lae nye eƒe Nya si woŋlɔ ɖi. Eyata le ƒe 1962 ƒe January 12 dzi la, mía kple Dalva míenɔ ame l,269 siwo xɔ nyɔnyrɔ̃ le São Paulo ƒe takpekpe gã gbãtɔ si wowɔ le Ibirapuera Park, la dome. Edo dzidzɔ ŋutɔ be vavalawo nye ame 48,000 sɔŋ!

Nu Fiafia Mía Viwo

Takpekpe ma kpe ɖe ŋunye mekpɔ nu fiafia mía viwo kple wo hehe ƒe agbanɔamedzi la dze sii. Eyata enumake míewɔ ɖoɖo ɖe ƒome Biblia nusɔsrɔ̃ ŋu le Kuɖagbe fiẽwo. Egbea kura gɔ̃ hã la, míeyia edzi wɔa míaƒe ƒomenusɔsrɔ̃ le Kuɖagbe fiẽwo. Gake fifia la, mía kple Dalva koe srɔ̃a nu, elabena ɖeviawo katã tsi ɖe srɔ̃.

Kuxi siwo ɖeviwo doa goe le míaƒe ŋkekea me abe awudodo ƒe atsiã kple dzadzraɖo kpakple nɔnɔme nyui siwo wòle be ŋutsuwo kple nyɔnuwo naɖe afia wo nɔewo me dzodzro nɔ nusiwo míesrɔ̃na kple ɖeviawo la dome. Hekpe ɖe eŋu la, ne wona dɔ ɖeviawo dometɔ ɖeka be wòawɔ le Teokrasi Subɔsubɔ Sukua me la, míetoa eme le Kuɖagbe fiẽ.

Azɔ hã la, míefiaa alesi Yehowa ƒe nuwɔwɔwo nya kpɔe la ɖeviawo esi míekplɔa wo yia lãwo nɔƒe kple teƒe bubuwoe. Míekpena ɖe wo ŋu be woase egɔme be Yehowae wɔ lãwo kple xeviwo be woado dzidzɔ na amegbetɔ, eye be eteƒe madidi o anye dzidzɔ be menye xadzawo alo gakpɔwo mee míakpɔ wo le o, ke boŋ míakpɔ wo le xexe, afisi woalɔ̃ wo ahali asi wo ŋu le.

Esime ɖeviawo nɔ tsitsim la, míeklã Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ̃ magazinewo kpakple agbalẽ bubuwo xexlẽ ƒe ɖoɖowɔɖi ɖe míaƒe nudzraɖoƒe. Wo dometɔ ɖesiaɖe wɔ eƒe ŋutete wɔna ɖe ɖoɖoa dzi ale be woagblɔ nusiwo wosrɔ̃ la na mí. Míate ŋu agblɔe le nyateƒe me be mía viwo hehe alea ɖe vi geɖe na mí. Ðevi etɔ̃awo dometɔ ɖesiaɖe xɔ nyɔnyrɔ̃ hafi ɖo woƒe ƒewuiwo me gɔ̃.

Cézar, mía vi ɖevitɔe nye ame gbãtɔ si ɖe didi fia be yeawɔ ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa. Esi wòxɔ ƒe asieke la, dzikpɔla mɔzɔla aɖe yɔe va nuƒolanɔƒee le vo me, eye wòbiae be nukae wodi be yeawɔ ne etsi hã. Cézar ɖo eŋu be: “Betel-ƒomea me tɔ, nutome sue dzikpɔla, alo dutanyanyuigblɔla.”

Esi Cézar xɔ ƒe 17 la, ezu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla mɔɖela. Le ɣeyiɣi ma me la, enɔ agbalẽtatadɔ srɔ̃m, esi nye eɖokui dzadzra ɖo ɖe dɔ ma wɔwɔ le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Brazil ŋu. Ema megbe kpuie la,woyɔe yi Betel eye wósubɔ le afima ƒe ene. Eva ɖe srɔ̃, eye eya kple srɔ̃a wozu mɔɖela veviwo; woyi dɔ ma wɔwɔ dzi vaseɖe esime wodzi wo vi gbãtɔ. Fifia Cézar nye hamemegã Kristotɔ, eye srɔ̃a nye gbesiagbe mɔɖela. Wo vi xɔ nyɔnyrɔ̃ le ƒe 1990 me esime wòxɔ ƒe 11.

Mía vinyɔnuawo dometɔ ɖeka si ŋkɔe nye Sandra ge ɖe mɔɖeɖedɔa me le ƒe 1981 me. Le ƒe si kplɔe ɖo me la, eɖe Sílvio Changas, si nye Betel-ƒomea me tɔ. Woa kple srɔ̃a wowɔ mɔɖela vevi ƒe subɔsubɔdɔa ƒe enyi eye fifia wole nutome sue subɔsubɔdɔa wɔm, hele Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo srãm kpɔ. Sandra ƒe venɔvi si ŋkɔe nye Solange kple srɔ̃a subɔ abe mɔɖela veviwo ene ƒe etɔ̃. Nyitsɔ laa la, wo viŋutsu Hornan xɔ nyɔnyrɔ. Hamemegã Kristotɔe Solange srɔ̃ nye.

Mía kple Dalva míekpɔe be mía viwo ƒe ŋgɔyiyi le gbɔgbɔ me ƒe akpa aɖe tso ƒomenusɔsrɔ̃ si míewɔna le Kuɖagbe zã me edziedzi ƒe 30 enye sia la gbɔ. Nu bubu si kpe ɖe wo ŋu le wo hehe mee nye alesi míexɔa dzikpɔla mɔzɔlawo kple ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔla bubuwo ɖe mía ƒeme edziedzie. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu Kristotɔ siawo kpe ɖe ɖeviawo ŋu wotu ɣeyiɣiawo katã ƒe subɔsubɔdɔa ƒe taɖodzinu ɖo.

Yayra siwo Mekpɔ

Mía kple Dalva míewɔ ŋgɔyiyi geɖe tso esime míewɔ vevitɔ ma le ƒe 1962 esime míexɔ nyɔnyrɔ̃. Menye nutome sue dzikpɔla ƒe kpeɖeŋutɔ hena ɣeyiɣi aɖe eye mɔnukpɔkpɔ si nye be mianɔ Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo sram kpɔ do dzidzɔ na mí ŋutɔ. Mekpɔ gome le Takpexɔ si le Duque de Caxias hã tutu me, esi nye dɔ si míewɔ ƒe atɔ̃. Eye medona ɖe dumegãwo, ɖɔkta gãwo, kple asrafomegãwo kpakple dukplɔla ƒe kpeɖeŋutɔ gɔ̃ hã ŋkume zi geɖe. Susu si ta meyia amesiawo gbɔe nye be míaɣe bɔlƒoƒewo hena míaƒe takpekpewo wɔwɔ eye maɖe míaƒe akpaɖekedzimademade ƒe tenɔnɔa me, kple nusitae Yehowa Ðasefowo medoa ʋu o la me na wo.

Ne menyè kɔ hebu tame le yayra wɔnuku siwo katã mekpɔ tso zã vevi ma si me menyɔ Dalva be magblɔ nye ŋugbedodoa nɛ ŋu la, mate ŋu agblɔ le nyateƒe me be yayra gãtɔ kekeake lae nye menye Mawu ƒe Fiaɖuƒe ŋutinyanyuia ƒe gbeƒãɖela. Mía kple Dalva míeva ka ɖe edzi be alesi Yehowa le mía kplɔmee to eƒe habɔbɔa dzi lae nye “Mɔ La” ŋutɔŋutɔ si nana wokpɔa dzidzɔ le agbe me fifia eye wòana woakpɔ agbe mavɔ mlɔeba le Mawu ƒe xexe yeyea me. (Dɔwɔwɔwo 9:2; 19:⁠9)​—Abe alesi Cézar A. Guimmarães gblɔe ene.

[Nɔnɔmetata si le axa 28]

Cézar Guimarães kple eƒe ƒomea egbea

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe