INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • w95 5/1 axa 22-26
  • Kutrikuku Na Wokpɔa Ŋgɔyiyi

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Kutrikuku Na Wokpɔa Ŋgɔyiyi
  • Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
  • Tanya Suewo
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Gɔmedzedze Nyaŋui Aɖe
  • Agbagbadzedze be Masrɔ̃ Fofonye ƒe Kpɔɖeŋu
  • Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ
  • Kalẽwɔwɔ Le Yometiti Me
  • Kpeɖeŋutɔ Anukwareɖila Kple Nuteƒewɔla Aɖe
  • Dzidodo Hea Dzidzɔ Vɛ
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2006
  • Kaka Ðe Yehowa Dzie Lém Ðe Te
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1997
  • Teƒeɖoɖowo Le Yehowa Ƒe Amekpekpe Dzi Wɔwɔ Me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—2001
  • Míaƒe Ƒomea Wɔ Ðeka Le Yehowa Subɔsubɔ me
    Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1996
Kpɔ Bubuwo
Gbetakpɔxɔ Le Gbeƒã Ðem Yehowa Ƒe Fiaɖuƒe—1995
w95 5/1 axa 22-26

Kutrikuku Na Wokpɔa Ŋgɔyiyi

ABE ALESI JOSÉ MAGLOVSKY GBLƆE ENE

Esi kpovitɔa lé alɔnu nam la, metsa ŋku di fofonye. Sigbeɖe wokplɔe yi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒee xoxo. Esi meɖo afima la, kpovitɔawo xɔ míaƒe agbalẽwo katã, kple Bibliawo hã, eye wokɔ wo ɖe anyigba. Esi fofonye kpɔe la, ebia be: “Bibliawo hãe mietsɔ da ɖe anyigbaa?” Kpovitɔawo ƒe amegã ɖe kuku eye wòfɔ Bibliawo da ɖe kplɔ̃a dzi.

ALEKE wòdzɔe hafi míeva do ɖe kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒe? Nukae míewɔ? Adzamekpovitɔ maxɔmawudzisewoe míenye hafi woxɔ Biblia gɔ̃ hã le mía sia? Be míaɖo biabia siawo ŋu la, ele be míatrɔ ayi megbemegbee le ƒe 1925 me hafi wova dzim gɔ̃ hã.

Le ƒe ma me la, fofonye Estefano Maglovsky kple danye Juliana, woʋu tso du si woyɔna tsã be Yugoslavia me yi Brazil heva nɔ São Paulo. Togbɔ be Protestanttɔe Fofonye nye eye Danye nye Katolikotɔ hã la, mawusubɔsubɔ mede mamã wo dome o. Le nyateƒe me la, nane dzɔ le ƒe ewo megbe si na wova wɔ ɖeka le mawusubɔsubɔ me. Fofonye ƒe srɔ̃ɖia srɔ̃ŋutsu tsɔ Hungarigbe me agbalẽvi aɖe si le amadede me, si dzro nɔnɔme si me ame kukuwo le me nɛ. Ame aɖee tsɔ agbalẽa nɛ abe nunana ene eye egblɔ na Fofonye be wòaxlẽe eye wòagblɔ alesi wòkpɔ emenyawoe na ye, vevietɔ akpa si ku ɖe “hell” ŋu. Fofonye tsɔ zã bliboa katã xlẽ agbalẽvia gaxlẽe ake eye esi ŋu ke eye srɔ̃ɖia srɔ̃ŋutsu va eƒe susu se ge la, Fofonye gblɔ kaŋ be: “Nyateƒe lae nye sia!”

Gɔmedzedze Nyaŋui Aɖe

Esi wònye Yehowa Ðasefowo ƒe agbalẽe ta la, wo ame evea woyi ɖadi wo be yewoasrɔ̃ nu geɖe le woƒe dzixɔsewo kple nufiafiawo ŋu. Esi woke ɖe wo ŋu mlɔeba la, míaƒe ƒomea me tɔ geɖe dze Biblia me dzodzro gɔme kple Ðasefoawo. Le ƒe ma ke si nye ƒe 1935 me la, wodze Biblia sɔsrɔ̃ gɔme le Hungarygbe me edziedzi eye ame enyie vana le mamã dedie nu, eye tso ɣemaɣi la míewɔa Biblia-nusɔsrɔ̃ le mía ƒeme edziedzi.

Fofonye xɔ nyɔnyrɔ̃ le ƒe 1937 me esi wòsrɔ̃ Biblia ƒe eve megbe, eye wòzu Yehowa ƒe Ðasefo veviedola si kpɔa gome le aƒeme yi aƒeme dɔa me, eye woɖoe subɔla kple nusɔsrɔ̃dzikpɔlae. Ena kpekpeɖeŋu le hame gbãtɔ ɖoɖo me le São Paulo, le Vila Mariana nutoa me. Emegbe woɖe hamea yi dua titina eye wova yɔe be Central Hame. Ƒe ewo megbe la, woɖo hame evelia le Ypiranga-nutome eye woɖo Fofonye hamesubɔlae le afima. Woɖo hame etɔ̃lia le ƒe 1954 me, le Moinho Velho nutoa me, eye wònye hame subɔla le afima hã.

Esi hame sia li ke vɔ ko la, eganɔ alɔ dom ƒuƒoƒo aɖe si tsɔ ɖe afima le São Bernardo do Campo. Yehowa ƒe yayra si nɔ Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo sue siawo ƒe dɔwɔwɔ dzi le ƒeawo me wɔe be wodzi ɖe edzi nukutɔe, ale be le ƒe 1994 me la, gbeƒãɖelawo wu 70,000 le hame 760 me le São Paulo. Nublanuitɔe la, Fofonye menɔ agbe kpɔ dzidziɖedzi sia teƒe o. Eku le ƒe 1958 me esime wòxɔ ƒe 57.

Agbagbadzedze be Masrɔ̃ Fofonye ƒe Kpɔɖeŋu

Fofonye ƒe nɔnɔme ɖedzesi aɖe si le Kristotɔ tsitsi bubuwo hã sie nye eƒe amedzrowɔwɔ. (Kpɔ Yohanes III, 1, 5-8.) Esia wɔe be mɔnukpɔkpɔ su mía si be Antonio Andrade kple srɔ̃a kpakple viaŋutsu siwo tso United States va Brazil kpakple Nɔviŋutsu kple Nɔvinyɔnu Yuille wova dze mía gbɔ le ƒe 1936 me. Gbetakpɔxɔ Gilead Biblia Sukunuwula eve siwo nye Harry Black kple Dillard Leathco, amesiwo nye dutanyanyuigblɔla gbãtɔ siwo woɖo ɖe Brazil le ƒe 1945 me hã va dze mía gbɔ. Ame bubu geɖe hã va ɖe wo yome. Nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu siawo nye dzideƒo na míaƒe ƒomea me tɔ ɖesiaɖe ɣesiaɣi. Esia dze ŋunye eye be wòaɖe vi na nye ƒomea la, medze agbagba be masrɔ̃ fofonye ƒe kpɔɖeŋu le Kristotɔwo ƒe nɔnɔme si nye amedzrowɔwɔ ɖeɖefia me.

Togbɔ be ƒe asieke ko mexɔ esime Fofonye srɔ̃ nyateƒea le ƒe 1935 me hã la, esi menye via tsitsitɔ ta la, medzea eyome le eƒe teokrasidɔwo wɔwɔ me. Mí katã míedea kpekpewo kplii le Fiaɖuƒe Akpata si le Ðasefoawo ƒe dɔwɔƒegã le São Paulo me le Eça de Queiroz Street, Number 141. Alesi Fofonye hem hefia num wɔe be didi vevi aɖe ɖo menye be masubɔ Yehowa eye le ƒe 1940 me la, metsɔ ɖokuinye ɖe adzɔgbe na Yehowa hetsɔ nyɔnyrɔ̃xɔxɔ ɖe tsi me wɔ eƒe dzesii le Tietê Tɔsisi si woƒo ɖii fifia si sina to São Paulo titina la me.

Medidi o meva kpɔ nusi wòbia be woanye nyanyuia ƒe gbeƒãɖela edziedzi, nyateƒenya la ƒaƒã ɖe amewo me kple tsidedee, kpakple aƒeme Biblia nusɔsrɔ̃ wɔwɔ kpli wo dze sii. Fifia ne mekpɔ Yehowa ƒe Ðasefo akpe geɖe siwo le Brazil la, mekpɔa dzidzɔ ŋutɔ elabena menyae be Ezãm tsɔ kpe ɖe wo dometɔ geɖe ŋu wova dzesi nyateƒea alo woƒe ŋudzedzekpɔkpɔ ɖe eŋu de to.

Amesiwo ŋu mekpe ɖo dometɔ ɖekae nye Joaquim Melo si medo go esi menɔ aƒeme yi aƒeme subɔsubɔdɔa me. Menɔ nu ƒom na ŋutsu etɔ̃ bubu siwo nɔ to ɖom evɔ wometsɔ ɖe le eme tututu o la. Ke mekpɔ ɖekakpui aɖe si hã va eye wònɔ to dzi vevie. Esi mekpɔe be etsɔ ɖe le eme la, metrɔ ɖe eŋu eye esi meɖi ɖase nɛ nyuie vɔ la, mekpee be wòava Hame ƒe Agbalẽ me Nusrɔ̃ƒe. Meva nusrɔ̃ƒea ya o gake eva Teokrasi Subɔsubɔ Sukua eye emegbe edea kpekpewo edziedzi. Ewɔ ŋgɔyiyi nyuie hexɔ nyɔnyrɔ̃, eye srɔ̃a kpe ɖe eŋu wòsubɔ abe subɔla mɔzɔla ene ƒe geɖe.

Ame bubu haẽ nye Arnaldo Orsi si medo go le nye dɔwɔƒe. Meɖia ɖase na dɔwɔhati aɖe edziedzi ke mekpɔe be ɖekakpui ge ʋlaya aɖe fiaa to senɛ ɣesiaɣi, eyata medze nuƒoƒo na eya ŋutɔ gɔme tẽ. Katolikotɔ veviedonulawo ƒe ƒome mee wòtso, gake ebia nya geɖe le atamanono, amamaɖeɖe ƒe sinimawo kpɔkpɔ, kple kametete si woyɔna be judo ŋu. Megblɔ nya si Biblia gblɔ le eŋu nɛ, eye ewɔ nuku nam ŋutɔ be esi ŋu ke la, eyɔm be makpɔ nu teƒe na ye esi wòŋe eƒe zi kple zikpeti kpakple eƒe atitsoga, wògblẽ eƒe amamaɖeɖe ƒe kasɛtwo dome helũ gea. Ŋutsua trɔ keŋkeŋ le aɖabaƒoƒo ʋee aɖewo ko me! Edzudzɔ judo-kametete hã eye wòbe masrɔ̃ Biblia kpli ye gbesiagbe. Togbɔ be srɔ̃a kple fofoa ti eyome hã la, nɔvi siwo te ɖe eŋu kpe ɖe eŋu wòwɔ gbɔgbɔ me ŋgɔyiyi nyuie. Medidi o, exɔ nyɔnyrɔ̃ eye wònye hamemegã egbea. Srɔ̃a kple viawo hã va xɔ nyateƒea.

Fiaɖuƒe Subɔsubɔdɔa Wɔwɔ

Esi mexɔ anɔ ƒe 14 la, woxɔm ɖe boblodoha aɖe me, afisi mesrɔ̃ ʋuƒodzinuŋɔŋlɔ le. Esia va ɖe vi ŋutɔ, eye nye ɖeka koe nye nɔviŋutsu nɔ São Paulo si ŋlɔa nu ɖe akɔtagbalẽwo kple avɔ siwo wotsi ɖe yame le mɔdodowo dzi siwo doa boblo Yehowa Ðasefowo ƒe dutoƒonuƒowo kple takpekpewo la dzi ƒe geɖe. Mɔnukpɔkpɔ su asinye mesubɔ abe takpekpe me Ʋuƒodzinuŋɔŋlɔ Dɔwɔƒe dzikpɔla ene ƒe 30 kloe. Nyemeɖua nye mɔkekewo o kple susu be matsɔe ava wɔ dɔ le takpekpewo me, eye memlɔa takpexɔa me gɔ̃ hã bene mate ŋu aŋlɔ nu ɖe ʋuƒoawo dzi ɖe game dzi.

Mɔnukpɔkpɔ su asinye hã be mezã Habɔbɔa ƒe gbeƒãɖeʋu si nye nukpɔkpɔ blibo ɣemaɣi la tsɔ wɔ dɔe. Míedaa míaƒe Biblia-srɔ̃gbalẽwo ɖe agba aɖe dzi eye ne gbeƒãɖeʋua le nya si wolé ɖe mɔ̃ dzi ƒom la, míeƒoa nu na amesiwo do tso wo ƒeme va nusi le edzi yim kpɔ ge. Mɔnu bubu si míegazã tsɔ gblɔ Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia na amewoe nye agbaƒomɔ̃ kpokploe si wowɔ, eye agba siwo míeƒona tsɔ naa Habɔbɔa ƒe agbalẽwoe la gale asinye kokoko. Míeto mɔ sia dzi na Biblia-srɔ̃gbalẽ geɖe.

Le ŋkeke mawo me la, Katolikoha la nɔa ha gã me lɔa gbɔ toa São Paulo ƒe ablɔwo dzi, eye zi geɖe ŋutsuwo nɔa ŋgɔ nɔa amewo nyãm le mɔ dzi. Kwasiɖagbe aɖe mía kple Fofonye míenɔ Gbetakpɔxɔ kple Nyɔ! nam le ablɔdzi esime ameha gbogbo aɖe va do. Fofonye ɖɔ kuku abe alesi wòwɔnɛ ɣesiaɣi ene. Ŋutsu siwo nɔ amehawo ŋgɔ dometɔ ɖeka do ɣli be: “Ðe wò kukua! Mèkpɔe be amehawo ɖo fli gbɔna oa?” Esi Fofonye gbe kukua ɖeɖe la ŋutsu bubuwo hã va tutu mí mimi ɖe fiase aɖe ƒe fesre ŋu henɔ ɣli dom ɖe mía ta. Kpovitɔ aɖe kpɔe eye wòva be yeakpɔ nusi nɔ edzi yim ɖa. Ŋutsu ɖeka lé eƒe abɔ hedi be yeagblɔ nya aɖe nɛ. Kpovitɔa ƒo ŋutsua ƒe abɔ heɖe gbe be: “Ðe asi le awua ŋu nam!” Azɔ ebia nusi nɔ dzɔdzɔm. Ŋutsua gblɔ be Fofonye gbe kuku ɖeɖe le ta esi amehawo gbɔna, eye wògagblɔ be: “Roma Katoliko-ha ƒe apostoloe menye.” Ŋuɖoɖo si míekpɔ mɔ na o enye be: “Ðe nèbe Romatɔe yenyea? Ke trɔ yi Roma! Brazil enye esia.” Azɔ etrɔ ɖe mía ŋu hebia be: “Mia dometɔ kae va afisia gbã?” Esi Fofonye ɖo eŋu be míawoe la, kpovitɔa nyã ŋutsuawo eye wògblɔ na mí be míayi míaƒe dɔ dzi. Enɔ mía ŋu vaseɖe esime amehawo katã va yi—eye Fofonye ƒe kukua nɔ eta!

Nudzɔdzɔ siawo mebɔ o. Gake ne wodzɔ la, edea dzi ƒo na mí be míanya be ame aɖewo li siwo lɔ̃ nudzɔdzɔewɔwɔ ɖe amesiwo wote ɖe anyi ŋu, amesiwo meɖe mɔ Katolikoha ɖu wo dzi o.

Ɣebubuɣi medo go ƒewuivi aɖe si ɖe ɖetsɔleme fia eye wòbe magatrɔ va le kwasiɖa si kplɔe ɖo me. Exɔm nyuie esi metrɔ yi eye wògblɔ nam be mage ɖe eme. Ewɔ nuku nam ŋutɔ esi mekpɔ sɔhɛwo ƒe adzoha aɖe ƒo xlãm nɔ alɔme ɖem le ŋunye henɔ agbagba dzem be yewoado dziku nam! Nɔnɔmea sesẽ ɖe edzi eye mekpɔe be madidi o woadze dzinye. Megblɔ na amesi kplɔm vɛ be ne nane wɔm la eyae woabia gbee eye be nye ƒomea nya afisi mele. Megblɔ na wo be woaɖe asi ŋunye madzo, eye wolɔ̃. Gake hafi madzo la, megblɔ be ne wo dometɔ aɖe di be ye ɖeka yeaƒo nu kplim la, ke meli. Mese emegbe be afima nunɔla si na wowɔ kpekpe sia ƒe xɔlɔ̃ zãzɛnyahehae wonye. Edzɔ dzi nam be medo le wo si me.

Gake dɔa menɔ afɔ tsɔm tututu le gɔmedzedzea me le Brazil o, eye esusɔ vie míagblɔ be menɔ ŋgɔ yim kura o. “Nudodo” ƒe gɔmedzedze koe wònye eye míekpɔ vovo ɖe míaƒe agbagbadzedzewo ƒe nukuwo me “gaga” kple wo “ŋeŋe” ŋu o. Míeɖoa ŋku nusi apostolo Paulo ŋlɔ dzi ɣesiaɣi be: “Nye la medo nu, eye Apolo de tsii, ke Mawue nana wotsina nyuie. Eyata amesi do nu la, menye naneke o, eye amesi de tsii hã, menye naneke o, ke Mawu, si na tsitsi lae boŋ.” (Korintotɔwo I, 3:6, 7) Esi Gilead sukunuwula eveawo va ɖo le ƒe 1945 me la, míekpɔe be ɣeyiɣia de be dzidziɖedzi si míekpɔ mɔ na kakaka la nava.

Kalẽwɔwɔ Le Yometiti Me

Gake dzidziɖedzi mava yometitimanɔmee o, vevietɔ esi Xexemeʋa II dze egɔme le Europa. Woti mía yome vevie elabena ameawo katã kple dziɖuɖumegã aɖewo mese míaƒe akpaɖekedzimademade ƒe tenɔnɔ gɔme o. Ɣeaɖeɣi le ƒe 1940 me, esi míekpla akɔtagbalẽwo nɔ ablɔdzidɔ wɔm le São Paulo titina la, kpovitɔ aɖe to megbenye, eɖe akɔtagbalẽawo ɖa eye wolé abɔ nam be yeakplɔm ayi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒee. Metsa ŋku di fofonye gake nyemekpɔe o. Sigbeɖe wokplɔ eya kple nɔviŋutsu kple nɔvinyɔnu gbogbo aɖewo, kple Nɔviŋutsu Yuille si nɔ dɔ dzi kpɔm le Brazil yi kpovitɔwo ƒe dɔwɔƒee xoxo. Abe alesi megblɔe le memamã gbãtɔ me ene la, afimae megado go Fofonye le.

Esi nyemetsi o ta la, womezi dzinye o eye eteƒe medidi o kpovitɔ aɖe kplɔm yi aƒeme hetsɔm de asi na danye. Woɖe asi le nɔvinyɔnuawo ŋu fiẽ ma ke. Emegbe kpovitɔawo ɖoe be yewoaɖe asi le nɔviŋutsuawo katã, siwo anye ame ewo, la ŋu negbe Nɔviŋutsu Yuille ko. Gake nɔviŋutsuawo katã te tɔ ɖe edzi be: “Miɖe asi le mí katã ŋu loo alo mizi mí katã dzi.” Kpovitɔawo gbe, eyata wo katã wotsi anyigba dɔ le xɔ fafɛ aɖe me. Woɖe asi le wo katã ŋu keŋkeŋ esi ŋu ke. Wolé nɔviwo zi geɖe esi wokpla akɔtagbalẽwo nɔ ɖase ɖim. Woɖea gbeƒã dutoƒonuƒo aɖe kple agbalẽvi si ƒe tanyae nye Fascism or Freedom, eye dziɖuɖumegã aɖewo tsɔe be Fasitɔwo dzie míede si na wose nuwo gɔme na mí bubui.

Amexɔxɔ ɖe asrafodɔ me akpasesẽtɔe hã he kuxiwo va nɔvi ɖekakpuiwo dzi. Nyee nye ame gbãtɔ si wode mɔ le Brazil le nya sia ta le ƒe 1948 me. Amegãawo menya alesi woawɔm o. Woɖem yi asrafowo ƒe asaɖa me le Caçapava eye wobe mado nukuwo ɖe abɔ me ahanɔ be lém na wo, eye madzra amegãwo ƒe yiʋawɔwɔ ƒe hehexɔƒe ɖo. Mekpɔ mɔnu ɖi ɖase hena agbalẽwo ŋutsuawo. Woƒe tatɔe xɔ Habɔbɔa ƒe agbalẽ si nye Children gbã. Emegbe wode dɔ asi nam gɔ̃ hã be mafia mawunya asrafo 30 alo 40 siwo mete ŋu xɔa hehe o eye wotu wo ɖe xɔme. Mlɔeba esi menɔ mɔ me anye ɣleti ewo megbe la, wokplɔm yi ʋɔnui eye woɖe asi le ŋunye. Meda akpe na Yehowa, amesi do ŋusẽm mete ŋu nɔ te ɖe ŋutsuawo dometɔ aɖewo ƒe ŋɔdzidoname, gbɔɖiame, kple alɔmeɖeɖe nu.

Kpeɖeŋutɔ Anukwareɖila Kple Nuteƒewɔla Aɖe

Meɖe Barbara le June 2, 1951 dzi, eye wònye zɔhɛ nuteƒewɔla kple anukwareɖila nam tso ɣemaɣi le mía viwo hehe kple wo nyinyi me le “Aƒetɔ la ƒe hehe kple nuxɔxlɔ̃ la me.” (Efesotɔwo 6:4) Mía vi atɔ̃awo dometɔ ene tsɔ dzidzɔ le Yehowa subɔm le ɖoƒe vovovowo. Míaƒe mɔkpɔkpɔe nye be woayi edzi ado dzi le nyateƒea me kpli mí ahado alɔ habɔbɔa kple dɔ si wɔm wole be wòayi ŋgɔ. Ƒomea me tɔ siwo le foto sia me la katã nye Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo negbe ɖevitɔ si wokɔ ɖe akɔ ko. Wo dometɔ ene nye hamemegãwo eye eve hã nye gbesiagbe mɔɖelawo, si ɖe Lododowo 17:6 me nyawo ƒe nyateƒenyenye fia be: “Amegã ɖeɖi ƒe fiakuku enye viawo ƒe viwo, eye viwo ƒe atsyɔ̃ enye wo fofowo.”

Fifia si mexɔ ƒe 68 la, nye lãme megale nyonyom tututu o. Le ƒe 1991 me la, wowɔ dɔ le nye ʋuka etɔ̃ si me xe ŋu heklɔ wo me, eye emegbe wozã aŋeka aɖe tsɔ dzra nye ʋuka aɖe ɖoe. Ke hã edzɔa dzi nam be megate ŋu le subɔsubɔm abe dzikpɔla zimenɔla ene le hame aɖe me le São Bernardo do Campo, le fofonye si nɔ ame gbãtɔ siwo dze dɔa gɔme le afisia dome ƒe afɔɖoƒewo yomedzedze me. Míaƒe dzidzimea nye etɔxɛ vavã elabena mɔnukpɔkpɔ su mía si be míakpɔ gome le dɔ si womagawɔ akpɔ gbeɖe o si nye gbeƒãɖeɖe Yehowa ƒe Mesia Fiaɖuƒe si woɖo la me. Eyata mele be míaŋlɔ nya siwo Paulo gblɔ na Timoteo be gbeɖe o be: “Ke wò la . . . wɔ nyanyuigblɔla ƒe dɔ, eye nawu wò subɔsubɔdɔ la nu blibo.”—Timoteo II, 4:5.

[Nɔnɔmetata si le axa 23]

Dzinyelawo, Estefano kple Juliana Maglovsky

[Nɔnɔmetata si le axa 26]

José kple Barbara kpakple woƒe ƒomea me tɔ Yehowa subɔla ɖeadzɔgbewo

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe