INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g92 12/8 axa 31
  • Sɔhɛ Aɖewo Medi be Yewoanɔ Agbe O

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Sɔhɛ Aɖewo Medi be Yewoanɔ Agbe O
  • Nyɔ!—1992
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Ameɖokuiwuwu—Sɔhɛwo Ƒe Fuwɔame La
    Nyɔ!—1998
  • Nusita Amewo Ðea Woƒe Agbe Ða
    Nyɔ!—2001
  • Xexeame Katã Ƒe Kuxi Aɖe
    Nyɔ!—2001
  • Ameɖokuiwuwu—Dɔvɔ̃ Ɣaɣla La
    Nyɔ!—2000
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1992
g92 12/8 axa 31

Sɔhɛ Aɖewo Medi be Yewoanɔ Agbe O

SƆHƐWO ƒe wo ɖokui wuwu nye nɔnɔme tsodzikaƒoname aɖe le India. Dukɔ ma me numekulawo bu akɔnta be le aɖabaƒoƒo eve ɖesiaɖe me la, ame aɖe dzea agbagba be yeawu ye ɖokui eye le aɖabaƒoƒo ewo ɖesiaɖe me la, ame aɖe wua eɖokui.

Le ƒe 1990 me la, ame abe 60,000 ene wu wo ɖokui le India, eye magazine si nye India Today ɖe dzesii be “wo dometɔ afã kloe xɔ ƒe 18 vaseɖe ƒe 35.” Ƒe ewo koe sɔhɛ aɖewo siwo wua wo ɖokui la xɔ. Womenya ame agbɔsɔsɔ si koŋ wua wo ɖokui le India o, elabena ƒome geɖewo lɔ̃a amesiwo wua wo ɖokui ta kaka be wonye amesiwo ku le afɔku me bene woagaɖu ŋukpe o.

India Today de dzesii be “ƒewuivi siwo wu 2,500 wu wo ɖokui le ƒe woƒe ahiãwɔwɔ si me womekpɔ dzidzɔ le o la ta” le ƒe 1990 me. Tagbɔdɔléleŋutinunyalawo gblɔ be susu bubu si ta sɔhɛ geɖe le wo ɖokui wum ɖo enye hoʋiʋli kple woƒe sukudɔwɔwɔ ƒe nyaƒoɖeamenuwo, siwo dzea egɔme tso woƒe ɖevime ke.

Magazine la gblɔ kpee be “tagbɔdɔléleŋutinunyalawo xɔe se be ƒome ƒe ɖekawɔwɔ ƒe gbegblẽ gbɔe nuxaxa kple akogotsitsi si ate ŋu anyɔ ameɖokuiwuwu ƒe seselelãme” ɖe ɖeviwo me la tsona. Tagbɔdɔléleŋutinunyala aɖe si nye Dk. S. G. Dastoor gblɔ be: “Ne ɖe dzilawo adze agbagba azã ɣeyiɣi geɖe wu ɖe wo viwo ŋu ahakpɔ nusi le fu ɖem na wo la, anye ne woakpɔ woƒe agbe ta. Mebunɛ zi geɖe be dzilawoe hiã aɖaŋuɖoɖo.”

Biblia de dzi ƒo na dzila Kristotɔwo be woakpɔ vovo ɖe wo viwo ŋu eye woaƒã mawuvɔvɔ̃ ƒe gɔmeɖosewo ɖe wo me. (Mose V, 6:​4-9) Ŋɔŋlɔawo gaxlɔ̃ nu dzilawo be woagado dziku na wo viwo o, ke boŋ woanyi wo ‘le Yehowa ƒe hehe kple asitɔtrɔ le tamesusu ŋu me.’​—Efesotɔwo 6:⁠4.

Hekpe ɖe eŋu la, sɔhɛ Kristotɔwo ate ŋu akpe akɔ kple egbegbe xaxawo ne wowɔa Biblia me aɖaŋuɖoɖo si me nunya le si dze le Filipitɔwo 4:​6,7 la ŋudɔ, esi gblɔ be: “Migatsi dzimaɖi le naneke ŋuti o, ke boŋ le nusianu me la mitsɔ gbedodoɖa kple kukuɖeɖe na Mawu nanya miaƒe dzimedidiwo, eye mitsɔ akpedada kpe ɖe eŋuti. Eye Mawu ƒe ŋutifafa, si ƒo gɔmesesewo katã ta la, adzɔ miaƒe dziwo kple miaƒe tamesusuwo ŋu, adzra wo ɖo le Kristo Yesu me.”

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe