Ameɖokuiwuwu—Sɔhɛwo Ƒe Fuwɔame La
ABE ɖe aʋawɔwɔ, amewuwu, kple ŋutasẽnuwɔnawo mesu woatsɔ atsrɔ̃ míaƒe sɔhɛwo o ene la, fifia sɔhɛwo ƒe wo ɖokui wuwue zu ameɖokuitsɔtsrɔ̃ aɖe si le dzɔdzɔm. Atikevɔ̃ɖizazã kple ahamumu gblẽ nu le sɔhɛwo ƒe susu kple woƒe ŋutilã ŋu hewɔe be sɔhɛ geɖe le kukum. Ŋkuɖodzi nuŋlɔɖi si va le bɔbɔm ɖe yɔdowo dzie nye, amea ku le atikevɔ̃ɖiwo zazã akpa ta, enye nuɖowɔ alo nuɖiɖeame.
Nyadzɔdzɔgbalẽ si nye Morbidity and Mortality Weekly Report (Dɔléle ƒe Takeke Kple eƒe Ametsɔtsrɔ̃ Ŋuti Nyatakagbalẽ) si do le April 28, 1995, dzi, gblɔ be “ameɖokuiwuwue xɔ nɔƒe etɔ̃lia le nusiwo gbɔ sɔhɛ siwo xɔ tso ƒe 15 va ɖo ƒe 19 le United States ƒe ku tsona wu me.” Ðɔkta J. J. Mann ŋlɔ ɖe The Decade of the Brain me be: “Amerikatɔ siwo wu 30,000 [xexlẽmea nye 31,284 le ƒe 1995 me] wua wo ɖokui ƒe sia ƒe. Nublanuitɔe la, sɔhɛwo koŋ dzie wòdzɔna ɖo . . . Amesiwo wu 30,000 ma ƒe teƒe ewoe dzea agbagba be woawu wo ɖokui gake medzea edzi o. . . . Dzesidede amesiwo le wo ɖokui wuwu ƒe mɔ dzi nye gbetɔame gã aɖe le dɔdada me elabena mele bɔbɔe be dɔdalawo nade vovototo blanuidɔléla siwo ƒe nɔnɔmea nu sẽ ale gbegbe be woate ŋu awu wo ɖokui kple esiwo mawu wo ɖokui o la dome o.”
Simon Sobo, si nye amegã si le amesiwo srɔ̃a nu tso tagbɔdɔlélawo ƒe nuwɔnawo ŋu le New Milford Dɔdaƒegã, le Connecticut, U.S.A., de dzesii be: “Amesiwo dze agbagba be woawu wo ɖokui le adame sia [ƒe 1995] la sɔ gbɔ wu esiwo mekpɔ le ƒe 13 siwo me menɔ afisia.” Ƒewuivi akpe geɖe dzea agbagba be woawu wo ɖokui ƒe sia ƒe le United States. Agbagbadzedze sia be woawu ame ɖokui dometɔ ɖesiaɖe nye dzesi be wole amewo ƒe ɖetsɔleme kple kpekpeɖeŋu dim. Amekae ana kpekpeɖeŋu wo kaba hafi wòava tsi megbe?
Kuxia Le Xexeame Katã
Nɔnɔmea meto vovo boo le xexeame ƒe akpa bubu geɖe o. India Today gblɔ be sɔhɛ siwo ade 30,000 wu wo ɖokui le India le ƒe 1990 me. Ameɖokuiwuwu dzi ɖe edzi le sɔhɛwo dome le Canada, Finland, France, Israel, Netherlands, New Zealand, Spain, Switzerland, kple Thailand. Dukɔ Ƒoƒuawo ƒe Habɔbɔ si Kpɔa Ðeviwo ƒe Nyawo Gbɔ (UNICEF) ƒe nyatakaka le ƒe 1996 me gblɔ be afisiwo sɔhɛwo ƒe wo ɖokui wuwu le dzidzim ɖe edzi le wue nye Finland, Latvia, Lithuania, New Zealand, Russia, kple Slovenia.
Australia hã nye dukɔ siwo me sɔhɛwo ƒe wo ɖokui wuwu le dzidzim ɖe edzi le kabakaba le xexeame la dometɔ ɖeka. The Canberra Times nyadzɔdzɔgbalẽ me nyatakaka aɖe gblɔ tso Australiatɔwo ŋu be le ƒe 1995 me la, ɖekakpui siwo katã ku la dome alafa memamã 25 kple ɖetugbi siwo katã ku la dome alafa memamã 17 tso ameɖokuiwuwu gbɔ. Australia ŋutsuvi siwo “kpɔ dzidzedze” le wo ɖokui wuwu me dzi ɖe edzi kabakaba wu nyɔnuvi siwo kpɔ dzidzedze le wo ɖokui wuwu me la tɔ zi gbɔ zi atɔ̃. Wode dzesi dzidziɖedzi sia tɔgbe ke le dukɔ akpa gãtɔ me.
Ðe esia fia be ŋutsuviwo tea wo ɖokui wuwu kpɔ wua nyɔnuviwoa? Mefia nenema kokoko o. Nuŋlɔɖi siwo li la ɖee fia be vovototo boo aɖeke mele ŋutsuvi siwo dze agbagba be woawu wo ɖokui ƒe agbɔsɔsɔ kple nyɔnuviwo tɔ dome o. Gake “Xexeame ƒe Lãmesẽ Habɔbɔ ƒe numekuku yeyetɔ kekeake gblɔ be ŋutsuvi siwo wua wo ɖokui sɔ gbɔ zi gbɔ zi ene wu nyɔnuviwo le dukɔ deŋgɔwo me.”—The Progress of Nations, si UNICEF ta.
Gake akɔntabubu dziŋɔ siawo mate ŋu aɖe kuxia agblɔ keŋkeŋ o. Ewɔ nuku be sɔhɛwo ƒe wo ɖokui wuwu ƒe akɔntabubu siwo wonɔ te ɖe dɔdada na amewo tẽ kple akɔntabubu dzi bu la xexlẽ le bɔbɔe ŋutɔ. Gake zi geɖe la, nusiwo dzi womete ŋu hea susu yinae alo womekpɔna dzea sii o le akɔntabubu siwo wogblɔ dzro ko me lae nye ƒome siwo ŋu wògblẽ nu le kple dzigbagbã, blanuiléle, vevesese, kpakple mɔkpɔkpɔbuɖeame si wònyena na amesiwo wogblẽ ɖe megbe wonɔa woƒe tamebubu dzi.
Ke ɖe woate ŋu atsi sɔhɛwo ƒe wo ɖokui wuwu ƒe nublanuinya siawo nua? Wode dzesi nu vevi aɖewo siwo ate ŋu akpe ɖe ame ŋu le mɔxexe na nublanuinya sia ƒe dzɔdzɔ.
[Aɖaka si le axa 5]
Nusiwo Ƒonɛ Ðe Amewo Nu Wowua Wo Ðokui
Nufiafia geɖe li le nusi gbɔ ameɖokuiwuwu tsona ŋu. “Ameɖokuiwuwu tsoa ame ƒe seselelãme be kuxi sesẽ aɖe si ŋu yemate ŋu awɔ naneke le o le ye ŋu, abe akogotsitsi le amewo dome, ame ƒe lɔlɔ̃tɔ ƒe ku (vevietɔ ame srɔ̃), dzilawo ƒe wo nɔewo gbegbe le ame ƒe ɖevimenɔɣi, dɔléle sesẽ aɖe, tsitsi, dɔmakpɔwɔe, gakuxiwo, kple atikevɔ̃ɖizazã.”—The American Medical Association Encyclopedia of Medicine.
Hadomegbenɔnɔ ŋuti nusrɔ̃la Emile Durkheim gblɔ be ameɖokuiwuwu ƒomevi ene koŋ ye li:
1. Ameɖokuiwuwu si tso Ðetsɔtsɔleameɖokuime akpa gbɔ—Si “wogblɔ be etso ameɖokuiɖeɖe ɖe aga tso hadome gbɔ. Esi wònye ɖetsɔleameɖokuimela siwo wua wo ɖokui ɖeɖekoe nɔa anyi ta la, womedea ha kple ame siwo dome wole alo kuna ɖe wo ŋu o.” Wozu ɖokuiɖeɖeagalawo.
2. Ameɖokuiwuwu si tso Nɔvilɔlɔ̃ akpa gbɔ—“Amea aƒo eɖokui ɖe ƒuƒoƒo aɖe me ale gbegbe be esenɛ le eɖokui me be ɖokuitsɔtsɔsavɔ aɖeke megbɔ eme o.” Eƒe kpɔɖeŋu aɖewo siwo woyɔe nye Japantɔwo ƒe kamikaze alo ameɖokuitsrɔ̃yameʋukulawo le Xexemeʋa II me kple amesiwo ƒo wo ɖokui ɖe subɔsubɔ me vĩ hetsɔ wo ɖokui na wowu esime wonɔ amesiwo wobe wonye yewoƒe futɔwo wum. Eƒe Kpɔɖeŋu bubue nye amesiwo ku ɖokuitsɔtsɔsavɔku be woatsɔ ahe amewo ƒe susu ava afɔɖeɖe aɖe ƒe vevienyenye dzii.
3. Ameɖokuiwuwu si tso Akɔkpekpe kple nu sesẽwo gbɔ—“Amesiawo tɔgbe siwo wua wo ɖokui la metea ŋu zãa susu tsɔ kpɔa kuxi sesẽwo gbɔe o eye wotiaa ameɖokuiwuwu be eyae akpɔ kuxia gbɔ. [Esia] dzɔna ne nuɖianu aɖe va trɔ amea ƒe hadede kple amewo si mae la kpata.”
4. Nukpɔsusu si me afɔku le ƒe ameɖokuiwuwu—“Wosusu be nusi naa nusia dzɔnae nye ne sewo va sɔ gbɔ akpa si xɔ amewo ƒe ablɔɖe le wo si.” Amesiawo “sena le wo ɖokui me be etsɔme nyui aɖeke mele yewo si o.”—Adolescent Suicide: Assessment and Intervention, si Alan L. Berman kple David A. Jobes woŋlɔ.
[Nɔnɔmetata si le axa 5]
Nuwɔna vɔ̃ɖi aɖewo siwo ate ŋu akplɔ sɔhɛwo ade ameɖokuiwuwu me