‘Wodea’ Yehowa Ðasefowo ‘Asi na Ʋɔnudrɔ̃ƒewo’
KRISTOTƆNYENYE do go tsitretsiɖeŋu tso eƒe gɔmedzedzea me ke. Esi Yesu nɔ nufiamenyawo gblɔm na eƒe nusrɔ̃lawo la, exlɔ̃ nu be: “Mikpɔ mia ɖokui dzi nyuie le amewo ŋuti; elabena woade mi asi na ʋɔnudrɔ̃lawo, eye woaƒo mi kple atam le woƒe ƒuƒoƒewo; eye woakplɔ mi ayi mɔ̃mefiawo kple fiawo ƒe ŋku me le tanye, ne wòanye ɖaseɖiɖi na woa kple trɔ̃subɔlawo.” (Mateo 10:17, 18) Le dukɔ akpa gãtɔ me egbea la, tsitretsitsi ɖe Fiaɖuƒea ŋu toa mɔ bubu si menya kpɔna dzea sii kura o dzi wu amewuwu ƒe yometiti si do mo ɖa le Yesu wuwu vɔ megbe kpuie. Le xexe sesẽ si me míele la, nya siwo futɔwo tsɔna ɖe wo ŋu la de ŋgɔ sãa wu Fiaɖuƒe ŋuti nyanyuia ƒe gbeƒãɖeɖe ko.
Vi Xɔxɔ Kple Edzi Kpɔkpɔ ƒe Nyawo
Ʋɔnudrɔ̃ƒe siwo wodea Yehowa Ðasefowo dometɔ aɖewo asi na zi geɖe dometɔ ɖekae nye ƒomenyawo drɔ̃ƒe Le Austria, Belgium, Canada, France, Norway, United States, kple dukɔ bubuwo me la, tsitretsiɖeŋulawo ƒe ƒuƒoƒo sue aɖe dze agbagba be yewoatsɔ mawusubɔsubɔ awɔ nya vevie le vi xɔxɔ kple edzi kpɔkpɔ ƒe nyawo dɔdrɔ̃ me ne Yehowa ƒe Ðasefo ɖianukwarewo srɔ̃ dzimaxɔsetɔwo gbe wo. Le esi dzilawo nye Yehowa Ðasefowo ko ta la, woxɔ wo viwo dzi kpɔkpɔ ƒe gomewo le wo si.
Woxɔ Ðasefo aɖe ƒe viŋutsuvi si xɔ ƒe etɔ̃ dzi kpɔkpɔ ƒe gome le esi eye woxe mɔ nɛ be wòagayɔ subɔsubɔha ŋkɔ gɔ̃ hã le ɣeyiɣi siwo me wòva via srã ge kpɔ o. Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Senyawo Dzikpɔdɔwɔƒe bia be woagbugbɔ nya sia adrɔ̃ eye mekpɔ dzidzedze le nyagbugbɔdrɔ̃ʋɔnua o. Wotsɔ nya aɖe si woagbugbɔ adrɔ̃ la yi Ohio-du ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔe. Dzidzɔtɔe le April 15, 1992 dzi la, ʋɔnudrɔ̃ƒea tso nya me tsɔ de Ðasefowo ƒe ablɔɖea dzi. Ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe nya siwo wòŋlɔ wode axa 11 na amesi woyɔna be enye ɖasefo bibi, amesi woɖe le hamea me ŋutɔŋutɔ si gblɔ be susuŋutinunyalae yenye la ƒe nu ku ŋutɔ. Ʋɔnudrɔ̃ƒea gblɔ be “enɔ te ɖe nya aɖewo siwo woŋlɔ dzi ɖi ɖase be tagbɔdɔléle bɔ ɖe Yehowa Ðasefowo dome wu ame bubuwo katã. Esia nye agbagbadzedze kɔte be yeagblẽ ŋkɔ le subɔsubɔha blibo ŋu. . . . . Akɔntabubu ɖeka sia mefia naneke o.”
Ʋɔnudrɔ̃ƒea ɖe gbe be woagbugbɔ nya la adrɔ̃ hegblɔ be: “Womaxɔ vi xɔxɔ kple edzi kpɔkpɔ ƒe gome le dzila si le esi made dzi ƒo na via be wòado gbe na aflaga, aɖu ŋkekenyuiwo alo akpɔ gome le nuwɔna siwo wotsɔ kpe ɖe nufiafia ƒe ɖoɖo ŋu me o ɖeɖeko ta o. Míegbugbɔ le ʋɔnudrɔ̃ƒea ƒe vixɔxɔ kple edzikpɔkpɔ ƒe nyadɔdrɔ̃ kple sasrãkpɔ ŋu sewo trɔm elabena wotu nyametsotso siawo ɖe [dzila ƒe] mawusubɔsubɔ ƒe dzixɔsewo dzi le mɔ gbegblẽ nu.” Le esia ta la, vidada sia te ŋu yi Kristo ƒe ku ƒe Ŋkuɖodzizãɖuƒe le April 17 lia dzi kple viaŋutsuvia le Fiaɖuƒe Akpata me.
Nya eve le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le Canada ƒe Senyawo Dzikpɔdɔwɔƒe fifia le Canada ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔ be woadrɔ̃ le nya sia ke ŋu. Austria-lɔdzedɔwɔƒea kpɔ gome le dziɖuɖu si na amewo ƒe nu ku la me le nya aɖe si wotsɔ yi Europa ƒe Amegbetɔ ƒe Gomenɔamesiwo ƒe Dɔwɔha gbɔe la me. Hekpe ɖe eŋu la, Belgium, France, kple Norway ka dzidzedze si wokpɔ nyitsɔ laa le ʋunudrɔ̃ƒe ƒe nyadɔdrɔ̃ na Ðasefo siwo wonɔ fu ɖem na le vi xɔxɔ ƒe nya bubuwo me le afisi wodze mawusubɔsubɔ koŋ dzi le ƒe nya ta. Le ɖesiaɖe me la, abe alesi Yesu wɔe ene la, menye ʋɔnudrɔ̃ƒea kple senyalawo koe wònye ɖaseɖiɖi na o, ke boŋ enye ɖaseɖiɖi na dukɔwo to alesi wogblɔe le nyadzɔdzɔwo me wòɖi le afisiafi me.
Ʋu ƒe Nya La
Nya bubu si Ðasefowo dzea ŋgɔe nye ʋunya. Togbɔ be wokpɔ mawusubɔsubɔblɔɖe me dzidzedzewo nyitsɔ laa kple alesi agbenɔnɔ ƒe ablɔɖe su Yehowa Ðasefowo ŋutɔwo sii le Florida, Illinois, Massachusetts, kple New York ƒe Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔwo hã, eye togbɔ be Yehowa Ðasefowo ƒe Dɔnɔkɔdzi ƒe Nyatakakadzikpɔkɔmiti kple dɔnɔkɔdzi ƒe kadododzikpɔkɔmiti siwo le dukɔa me godoo le agbagba dzem kpem hã la, nya madodzidzɔname sia yi edzi le dzɔdzɔm. Gake atikewɔlawo le nu srɔ̃m tso mía ŋu tẽ eye dɔnɔkɔdzi aɖewo le agbagba dzem be yewoakpɔ dɔnɔ siwo nye Yehowa Ðasefowo adze sii kaba kɔte.
Ʋɔnudrɔ̃ƒe si le San Diego la de bubu Ðasefo Japantɔ aɖe si le California ƒe tenɔnɔ le ʋu gome la ŋu. Elé ahɔhɔ̃ me dɔ eye wòyi ɖi me. Eƒe Atikewɔgbalẽvi si te wòde asii nyuie kple ɖeviwo ƒe atike ŋuti nunyala si bia nyae tsitotsito le ʋu ƒe nya ŋu esime wòyi ɖakpɔe le aƒeme yi aƒeme gbeƒãɖeɖedɔa me ƒe ɖaseɖiɖi su be wòna ʋɔnudrɔ̃la la xɔe se be Ðasefo si yi ɖi me malɔ̃ woado ʋu nɛ le nɔnɔme aɖeke me o.
Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe Senyawo Dzikpɔdɔwɔƒe tsɔ Long Island ƒe nya aɖe si me wobla Ðasefo aɖe hedo ʋu nɛ esime wode kɔsɔkɔsɔ srɔ̃ŋutsua hekplɔe dzoe la yi New York Ʋɔnudrɔ̃ƒe Kɔkɔtɔe. Woxɔ nyametsotso si da asi ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe gomewo dzi la, eye fifia wole nya la gbɔ kpɔm le dukɔmeviwo ƒe nyadrɔ̃ƒe aɖe do ŋgɔ na edɔdrɔ̃ le ʋɔnudrɔ̃ƒe. Ekpɔtɔ vie woadrɔ̃ ƒe 16 vi aɖe kple dadaa ƒe nya si wotsɔ yi dziɖuɖua ƒe ʋɔnudrɔ̃ƒee le Atlanta la na wo. Wobla ŋutsuvi la hedo ʋu nɛ gaƒoƒo enyi. Wowɔ kpekpe si me woaxɔ ʋɔnudrɔ̃ƒe ƒe mɔɖeɖe be woawɔ nusia la le dɔnɔkɔdzia hexɔe le ŋutsuvia alo dadaa ƒe manyamanya me. Nya bubu geɖewo li woadrɔ̃ le ʋɔnudrɔ̃ƒewo eye yeyewo le mo dom ɖa gbesiagbe. Wole aʋa dzi ɖum, gake amegbetɔ ƒe gomenɔamesiwo ƒe aʋa la meke vɔ o. Yehowa Ðasefowo kpɔa Yehowa Mawu sinu be wòaʋli eƒe se si ku ɖe nya sia ŋu la ta le eya ŋutɔ ƒe ɣeyiɣi ɖoɖi dzi.
Tso ƒe 1943 me la, wokplɔ Yehowa Ðasefowo dometɔ ʋee aɖewo yi ʋɔnudrɔ̃ƒewoe le gbeƒãɖeɖe ƒe nya la ŋu. Gake kwasiɖa ɖesiaɖe la, hamemegãwo ƒe hawo ƒoa ka zi geɖe heŋlɔa lɛta geɖe na Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa tsɔ biaa kpekpeɖeŋui ne Yehowa Ðasefowo do go kuxiwo le woƒe gaglãgbesubɔsubɔdɔa me. Nyatakaka aɖe si tso Washington-nuto me la me tsonu ɖi kokoe. Aƒemenɔla si dzi ku la tu eƒe aƒe si ŋu wotɔ kpɔ ɖo si me Ðasefowo ƒe ƒuƒoƒo si nɔ ʋu me nɔ ƒe agbo ɖe wo nu heyɔ kpovitɔwo. Eƒe dzikunyawo kple nuvlowɔwɔ ƒe ŋɔdzidonamewo na wotɔ ɖe woƒe ʋua me aɖaŋudzedzetɔe. Esime kpovitɔwo ƒe ʋua va la, le esi teƒe be woalé Ðasefoawo be woge ɖe ame aɖe ƒeme la, kpovitɔwo da akpe na wo boŋ. Nya lae nye be kpovitɔwo susu be godzelae aƒemenɔla la nye, gake womete ŋu ɖi ɖe aƒea me atsɔ aɖo kpe edzii o. Esi wòbia tso wo si azɔ be woaɖi ɖe aƒea me la, woɖo kpe amesi wònye la dzi eye wokplɔ woa kple nyɔnu si gbɔ wònɔ la yi ɖade gaxɔ me, eye Ðasefoawo ya yi woƒe gbeƒãɖeɖe kple nufiafia dɔa wɔwɔ dzi.
Nɔnɔmewo ɖee fia be woawɔ senyawo ƒe aʋa le Fiaɖuƒea ƒe nuwo ta. Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa kpɔa ŋudzedze ɖe Ðasefo geɖe siwo le xexeame katã ƒe ɖetsɔleme, lɔlɔ̃ kple gbedodoɖawo hena Yehowa ƒe aɖaŋuɖoɖo kple mɔfiafia xɔxɔ le senya sesẽ siwo wodoa goe le Mawu ƒe dɔ wɔwɔ egbea me la gbɔ kpɔkpɔ me la ŋu. Yehowa gblɔ na Israel-dukɔa be womaɖu Ŋugbedodonyigba la dzi zi ɖeka o, ke boŋ woaɖu edzi “ʋeʋeʋe.” (Mose V, 7:22) Yehowa ƒe ame siwo li egbea ƒe gomenɔamesiwo ƒe ŋgɔyiyi hã ɖe esia fia; wole ŋgɔ yim ʋeʋeʋe. Gake woɖaɖu dzi alo womeɖu dzi o, kakaɖedzi le eŋu be ne wokplɔ Yehowa ƒe amewo yi mɔ̃mefiawo, fiawo, ʋɔnudrɔ̃ƒewo, alo ame bubu ɖesiaɖe ŋkumee la, enyea ɖaseɖiɖi na woa kple dukɔwo.
Le ɣeyiɣi si gbɔna kpuie me la, Yehowa aʋli eɖokui ta bliboe, menye le ʋu kple vixɔxɔ ƒe gomewo ƒe nyawo ɖeɖeko ŋu o, ke le senya si lɔ eƒe dziɖulanyenye ɖe eme hã gome. Ekema eƒe amewo akpɔ ŋutifafa tso woƒe tsitretsiɖeŋulawo katã si me eye woakpɔ dzidzɔ manyagblɔ le Fiaɖuƒedziɖuɖua te—le esi Yehowa lɔ̃a nya dzɔdzɔe la ta.—Psalmo 37:28.
[Nya si ɖe dzesi si le axa 14]
Wobla ŋutsuvi la hedo ʋu nɛ gaƒoƒo enyi