INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Gbetakpɔxɔ
INTERNET DZI AGBALẼDZRAƉOƑE
Eʋegbe
@
  • ɛ
  • ɛ̃
  • ɔ
  • ɔ̃
  • ɖ
  • ƒ
  • ɣ
  • ŋ
  • ʋ
  • BIBLIA
  • AGBALẼWO
  • KPEKPEWO
  • g93 4/8 axa 31
  • Ðɔkta ƒe Dɔ

Video aɖeke meli na esia o.

Taflatsɛ, kuxi aɖe do mo ɖa esime videoa nɔ ʋuʋum.

  • Ðɔkta ƒe Dɔ
  • Nyɔ!—1993
  • Nyati Sia Tɔgbi
  • Yehowa Ðasefowo Kple Atikewɔlawo Wɔ Ðeka
    Nyɔ!—1994
  • Ame Geɖe Va Le Atikewɔwɔ Kple Dɔwɔwɔname Ʋumazãmazãe Tiam
    Nyɔ!—2000
  • Nu Ka Tae Yehowa Ðasefowo Melɔ̃na Wodoa Ʋu Na Wo O?
    Nya Siwo Amewo Biana Edziedzi Tso Yehowa Ðasefowo Ŋu
  • Amekoko Ʋumadomadoe Wole Si Dzem Eƒe Viɖewo
    Nyɔ!—1998
Kpɔ Bubuwo
Nyɔ!—1993
g93 4/8 axa 31

Ðɔkta ƒe Dɔ

ANƆ ABE ƒe adre ene enye sia la, Dai Suzuki si nye ŋutsuvi si xɔ ƒe ewo la ku le lɔrifɔku aɖe me. Esi le toɖoɖo Biblia me gɔmeɖosewo ta Dai dzilawo gbe be yewomaɖe mɔ woado ʋu na yewo viŋutsuvia o ta la, wobu fɔ wo le nyadzɔdzɔwo me be wogblẽe ɖi wòku. Yehowa Ðasefowoe Dai dzilawo nye. Le kpovitɔwo ƒe numekuku megbe la, wokpɔe be menye ɖe Dai dzilawo gblẽe ɖi wòku o.

Yehowa Ðasefo siwo le Japan kple teƒe bubuwo kpɔa ŋudzedze ɖe ɖɔktawo ƒe agbagbadzedzewo be yewoaɖe agbe la ŋu, eye wole lɔlɔ̃m be yewoakpe asi ɖe atikewɔlawo ŋu. Wowɔa atikewɔmɔnu si li egbea ŋudɔ eye wolɔ̃na wowɔa atike na wo negbe ʋudodo koe mele eme o. Gake ne atikewɔwɔ me nyametsotso aɖe tsi tre ɖe woƒe wɔwɔ ɖe Biblia me gɔmeɖosewo dzi ŋu la, woɖoa to Mawu. (Dɔwɔwɔwo 4:19) Biblia la de se si me kɔ ƒã la be: “Mitsri . . . ʋu.”—Dɔwɔwɔwo 15:29.

Eyata be Yehowa Ðasefowo nana ta le dzixɔse si le wo si ɖe Mawu ƒe sededewo dzi wɔwɔ me teƒe la, wo tiaa gbedamɔnu bubu siwo ŋuti ʋudodo mekpe ɖo o la. Enye nyateƒe be gbedamɔnu bubu ma si ahiã la anye nu sesẽ na atikewɔlawo. Gake ɖɔkta geɖewo kple dɔnɔkɔdzimegã geɖewo le mɔnuwo dim be yewoalɔ̃ ɖe Yehowa Ðasefowo ƒe didiwo dzi na wo. Le kpɔɖeŋu me, Japan ƒe nyadzɔdzɔgbalẽ aɖe si nye Mainichi Shimbun de dzesii be nyitsɔ laa la, “dɔnɔkɔdzi aɖewo le ʋu ƒe ɖuɖu le ame ŋu le amekoko me dzi ɖem kpɔtɔ alesi gbegbe woate ŋui, eye wole lɔlɔ̃m be yewoako ame ʋumadomadoe.”

Nyatia gblɔ be tso ƒe 1989 vaseɖe January 1992 me la, wowɔ dɔ na Yehowa Ðasefo 14 le Ageo Kosei ƒe dɔnɔkɔdzi ʋumadomadoe. Dɔnɔkɔdzia te gbe ɖe ɖɔktawo ƒe lɔlɔ̃ ɖe ame ƒe nya dzi do ŋgɔ la dzi. Ðoɖoa enye be woaɖe nu me na Ðasefo siwo le dɔa lém la ku ɖe ʋu agbɔsɔsɔme si wole mɔ kpɔm be ado le eŋu kple afɔku siwo le amekoko ʋumadomadoe me la ŋuti. Ðɔktawo wɔa dɔ ʋumadomadoe nenye be woxɔ agbalẽ si ɖe agba le ɖɔkta la dzi tso dɔnɔa gbɔ.

Nukae ʋã dɔnɔkɔdzi sia be wòxɔa Ðasefo siwo le dɔ lém hedea bubu tiatia si wowɔna le gbedada na wo gome ŋu evɔ dɔnɔkɔdzi bubuwo ya gbe wo xɔxɔ? Le Mainichi Shimbun ƒe nya nu la, Toshihiko Ogane, si nye dɔnɔkɔdzimegã la ɖe nu me be: “Ðɔkta ƒe dɔ bia tso esi be wòade bubu gome si le dɔnɔa si be wòawɔ nyametsotso mamletɔ la ŋu, eye be woawɔ nusianu si woate ŋui la vaseɖe afisi eƒe ŋutete le dɔa dada me se ɖo. Esia tae ɖɔktawo ƒe lɔlɔ̃ ɖe nya dzi do ŋgɔ le vevie ɖo.”

Nyadzɔdzɔgbalẽa gblɔ kpee be: “Yehowa Ðasefowo ɖo Dɔnɔkɔdzi ƒe Kadododzikpɔkɔmiti 53 le dugã siwo le dukɔa me godoo me na woƒe habɔbɔa me tɔwo. Kɔmiti siawo ƒe taɖodzinu enye be wòawɔ ɖoɖo kple dɔnɔkɔdziwo le alesi woako ame ʋumadomadoe ŋu.” Le esia ta yunivɛsiti ƒe dɔnɔkɔdzi kple dɔyɔƒe bubu geɖewo le lɔlɔ̃m azɔ be yewoana Ðasefowo nawɔ tiatia le alesi woada gbe le wo ŋui la ŋuti.

Fifia la, ɖɔkta siwo wu 1,800 le Japan kple esiwo wu 24,000 le xexeame godoo le lɔlɔ̃m faa be yewoawɔ ɖeka kple Ðasefowo le atike bubuwo zazã ɖe ʋudodo teƒe me. Dɔnɔkɔdzi ƒe Kadododzikpɔkɔmiti siwo wu 800 la ƒo nu kple atikewɔla siwo bu eŋu be enye “ɖɔktawo ƒe dɔ” be woade bubu dɔnɔ ƒe gomenɔamesi be wòawɔ tiatia la ŋu.

    Eʋegbegbalẽwo (1983-2025)
    Do Le Eme
    Ge Ɖe Eme
    • Eʋegbe
    • Ɖoe Ɖe Ame Aɖe
    • Tiatiawo
    • Copyright © 2025 Watch Tower Bible and Tract Society of Pennsylvania
    • Ezazã Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ŋuti Ɖoɖo
    • Ameŋunyatakaka Ƒe Tiatiawɔƒe
    • JW.ORG
    • Ge Ɖe Eme
    Ɖoe Ɖe Ame Aɖe