Argentina ƒe Tsikpe Gã Tɔxɛ La
“ELE BE nàyi aɖakpɔe ɖa.” “Xexeame ƒe nu wɔnukuwo dometɔ ɖekae.” Wodɔ mí ɖe Buenos Aires be míana kpekpeɖeŋu le xɔ yeyewo tutu me le Gbetakpɔxɔ Habɔbɔa ƒe alɔdzedɔwɔƒe si le afima la, gake dzideƒo sia tɔgbee ʋã mía kple srɔ̃nye be míezɔ mɔ yi Glaciers National Park si le Argentina ƒe dziehe be míakpɔ tsibabla tɔxɛ aɖe si woyɔna be Perito Moreno la ɖa.
Míeva ɖo Andes-to siwo te atiwo le la gbɔ mlɔeba. Mɔa zɔ to Argentino-ta la ƒe alɔdze si nye Rico-tɔsisi la to. Eteƒe medidi o míeɖo ƒukpo aɖe ƒe nuwuwu, afisi tsia de nu taa me le. Perito Moreno si nye tsikpe si le abe gli ene le etitina eye wòkeke kilometa 4 hekɔkɔ wu meta 50. Enya kpɔ ŋutɔ!
Perito Moreno tsikpetɔsisi sia ate ŋu adidi abe meta 4 ene le ŋkeke ɖeka me alo abe meta 450 ene le ƒe ɖeka me! Míeɖe foto geɖe esi ɣea klẽ ɖe tsikpe si ƒe amadede nye blɔtɔ si me kɔ keŋ la dzi. Nukatae eƒe amadede le blɔ? Le snoa ƒe kpekpe ta la, ya aɖeke metsia tsikpeawo me o, eyata tsikpea nɔa blɔ ƒe amadede si me woate ŋu akpɔ nu toe la me. Eƒe ɖiɖi hoo nye etɔxɛe si gahe míaƒe susu. Míete ŋu se tsikpe si zu to si lolo kilometa 195 togodo si le zɔzɔm blewu ɖo ta aga me ƒe ɖiɖi kple tsikpe gã siwo le kakam le eŋu ƒe ɖiɖi hoo. Woŋena dzea tsia me doo abe dziɖegbe ƒe ɖiɖi ene.
Le ƒe ʋee aɖewo megbe la, Perito Moreno kekena ɖe enu va xea afisi eƒe alɔdze si nye Rico-tɔsisi sina tona dea nu Argentino-taa me la ƒe mɔ. Le eƒe akpa aɖe la, tsi si xa ɖe teƒe ɖeka la ɖɔna meta 20 vaseɖe 35 wu afisi wòle be wòaɖɔ ase ɖo. Mlɔeba la, tsia ƒe sisi kpea tsikpea dzi, eye Perito Moreno zua nukpɔkpɔ wɔdɔɖeamedzi aɖe ne tsia le sisim to eme.
Taa me tsi siwo dze akɔ anyi zua atsiaƒu dzeagbo aɖe. Enɔa anyi gaƒoƒo geɖe. La Guerra Del Hielo si nye television dzi nuɖeɖefia aɖe gblɔ be: “Tsikpe gã siwo lolo wu dziƒoxɔ tuɖedzi 15 la kana tsoa tsikpe si zu toa ŋu dzea anyi kple gbeɖiɖi sesẽ aɖe. Amesiame doa ɣli hetia kpo le dzɔdzɔmeŋusẽ ƒe kpeɖodzi wɔdɔɖeamedzi sia ta.”
Dzidzɔ ka gbegbee nye si míekpɔ be mía xɔlɔ̃wo de dzi ƒo na mí be míava kpɔ Perito Moreno la!—Ame aɖee ŋlɔe míeta.