Aƒemenuvlowɔwɔ ƒe Nuwuwu Tu Aƒe
“Aƒemenuvlowɔwɔ nu tsitsi kple ƒomea me nuvlowɔwɔ dzi ɖeɖe akpɔtɔ bia be amehawo kple ƒomewo siaa nawɔ tɔtrɔ gãwo le woƒe nuwɔwɔ me.”—Behind Closed Doors.
AMEWUWU gbãtɔ le amegbetɔ ƒe ŋutinya me la nye alesi ame aɖe wu nɔviae. (Mose I, 4:8) Le ƒe akpe geɖe siwo va yi tso ɣemaɣi me la, aƒemenuvlowɔwɔ ƒomevi vovovowo ɖe fu na amegbetɔwo. Woɖo egbɔkpɔnu ƒe aɖaŋu geɖewo, gake viɖe mele wo dometɔ geɖe ŋu o.
Le kpɔɖeŋu me, agɔdzela siwo lɔ̃na ɖe woƒe vodada dzi koe lɔ̃na wɔa tɔtrɔwo le woƒe nuwɔnawo me. Ŋutsu aɖe si ƒoa srɔ̃ si le nɔnɔmea dzi ɖum la fa konyi be: “Le mía dometɔ ɖesiaɖe [si le nɔnɔmea dzi ɖum] gome la, ame etɔ̃ li siwo gblɔna be, ‘Ele be nàɖu srɔ̃wòa dzi.’” Eyata ele be ameƒola la nasrɔ̃ alesi wòatrɔ asi le eƒe nɔnɔmea ŋui. Nukatae wòtrɔ zu ameƒola ɖo? Ne exɔa kpekpeɖeŋu be wòaɖɔ eya ŋutɔ ƒe vodadawo ɖo la, ava ɖu kuxia dzi mlɔeba.
Gake hadomeɖoɖowo dzi kpɔlawo mesɔ gbɔ o. Eyata wobu akɔnta be le ɖevi siwo wowuna le United States dometɔ 90 le alafa ɖesiaɖe me la, woka ƒome ƒe nɔnɔme siwo nye afɔku la ta do ŋgɔ na amewuwua. Eyata hadomeɖoɖowo kple kpovitɔwo mate ŋu awɔ nu gobii aɖeke o. Nu bubu aɖe hã li si hiã vevie.
‘Amenyenye Yeye La’
Numekuha aɖe gblɔ be: “Nusi hiã lae nye ƒomea me tɔwo ƒe asitɔtrɔ le woƒe ƒomedodowo ŋu.” Menye ameƒoƒo koe aƒemenuvlowɔwɔ ƒe kuxi la nye o; susu me kuxi gã aɖee wònye. Edzea egɔme tso alesi ƒomea me tɔwo—srɔ̃tɔwo, ɖeviwo, dzilawo, nɔviwo—bua wo nɔewo la dzi. Ðɔɖɔɖo wɔwɔ le ƒomedodo siawo ŋu fia be woado nusi Biblia la yɔ be ‘amenyenye yeye la.’—Efesotɔwo 4:22-24; Kolosetɔwo 3:8-10.
Na míadzro Biblia me gɔmeɖose siwo ku ɖe ƒomea ŋu, esiwo akpe ɖe mía ŋu be míado amenyenye yeye si ɖi Kristo tɔ si ate ŋu ana ƒomedodo si nyo wu nanɔ ƒomea me tɔwo dome la dometɔ aɖewo me.—Kpɔ Mateo 11:28-30.
Alesi woabu ɖeviwoe: Dzilanyenye bia nu geɖe wu vidzidzi ko. Gake ewɔ nublanui be egbea la ame geɖe bua wo viwo be wonye agba eye eyata womewɔa dɔdasi siwo dzilanyenye bia la o. Amesiawo ate ŋu ava zu ameƒolawo.
Biblia la yɔ ɖeviwo be wonye “domenyinu tso Yehowa gbɔ” eye be wonye “fetu.” (Psalmo 127:3) Dzilawo abu akɔnta na Wɔla la le alesi wolé be na domenyinu siae la ŋu. Ele be amesiwo bua ɖeviwo be wonye agba la natu amenyenye yeye ɖo le esia gome.a
Nusiwo sɔ la didi tso ɖeviwo si: Numekuku aɖe ɖee fia be dzila geɖe siwo ƒoa ame la kpɔa mɔ be yewo vi suewo nanya nyui kple vɔ̃ le ɣeyiɣi si me ɖevia xɔ ƒe ɖeka ko me. Amesiwo wobia nyae la ƒe akpa etɔ̃lia yɔ ɣleti ade.
Biblia la ɖee fia be wodzi amesiame ame madebliboe. (Psalmo 51:7; Romatɔwo 5:12) Megblɔ be sidzedzenu sua ame si le edziɣi o. Ke boŋ egblɔ be “to ŋudɔwɔwɔ me” ‘wonaa hehe ame ƒe sidzenuwo be wòade vovo nyui kple vɔ̃ dome.’ (Hebritɔwo 5:14) Hekpe ɖe eŋu la, Biblia la ƒo nu tso “ɖevimenuwo,” ɖevimenɔnɔ ƒe “bometsitsi, kple ɖekakpuimenɔnɔ ƒe “tofloko” nyenye ŋu. (Korintotɔwo I, 13:11; Lododowo 22:15; Nyagblɔla 11:10) Ele be dzilawo nase seɖoƒe siawo gɔme, eye womadi nu geɖe wu nusi sɔ le ɖevia ƒe ƒexɔxɔ kple ŋutete nu la o.
Tohehe na ɖeviwo: Le Biblia me la, Helagbe me nya si gɔme woɖe be “he to” gɔmee nye “fia nu ame.” Eyata menye tohehe ƒe taɖodzinu koŋ enye be woana woase veve o, ke boŋ be woahe amea. Woate ŋu awɔ esia ƒe akpa gãtɔ ame maƒomaƒoe, togbɔ be esia ahiã ɣeaɖewoɣi gake. (Lododowo 13:24) Biblia gblɔ be: “Miɖo to amehehe, ne miadze nunya.” (Lododowo 8:33) Paulo hã ŋlɔe be woalé ame ɖokui ‘ado dzi le vɔ̃ me,’ eye woaka mo le “dzigbɔɖeanyi” me. (Timoteo II, 2:24; 4:2) Esia xe mɔ na dɔmedzoedodo kple ŋusẽ si gbɔ eme tsɔtsɔ aƒo amee ne ehiã gɔ̃ hã.
Le Biblia me gɔmeɖose siawo ta la, bia ɖokuiwò se be: ‘Ðe nye tohehe fiaa nu amea, alo ɖeko wòkpɔa ŋusẽ ɖe ame dzi to nuvevi wɔwɔ ame mea? Ðe nye tohehea ƒãa gɔmeɖose dzɔdzɔewo ɖe ame me loo alo dea vɔvɔ̃ lãme na ame koa?’
Afisi ame tsitsiwo awɔ nu ase ɖo: Ameƒola aɖe gblɔ be ɖeko ‘yemete ŋu ɖu ye ɖokui dzi o’ eye yeƒo ye srɔ̃. Aɖaŋuɖola aɖe bia ŋutsua be ɖe wòtɔ hɛ srɔ̃a kpɔ hã. Ŋutsua ɖo eŋu be: “Nyemawɔ ema gbeɖe o!” Wokpe ɖe ŋutsua ŋu wòkpɔe be enɔ nu wɔm se ɖe afi aɖe, gake kuxi lae nye be menye seɖoƒe nyuiwoe wonye o.
Afikae nèwɔa nu sena ɖo? Ðe nèdzudzɔa nyaʋiʋlia hafi wòava do gã ɖe edzi wua? Alo ɖe nèdoa dɔmedzoe hedoa ɣli, dzua ame, tutua ame, tsɔa nu xlãna ɖe ame, alo ƒoa amea?
Amenyenye yeyea xea mɔ na ame le nu geɖe me, eye meɖea mɔ ɖe nu gbegblẽ le ame ƒe susu alo ameƒoƒo ŋu o. Efesotɔwo 4:29 gblɔ be: “Migana nya vlo aɖeke nado go tso miaƒe nu me gbeɖegbeɖe o.” Kpukpui 31 lia gblɔ kpee be: “Mina woaɖe veve heliheli kple dɔmedzoe kple dziku kple ɣlidodo kple busubɔbɔ katã kpakple nu tovo wɔwɔ katã hã ɖa le mia dome.” Helagbe me nya si wozãna na “dziku” la fia “nu wɔwɔ gbodogbodo nuŋumabumabui ƒe nɔnɔme.” Enya se ŋutɔ be agbalẽ si nye Toxic Parents de dzesii be nɔnɔme si bɔ ɖe ɖeviƒolawo dome la nye “seselelãme dzi maɖumaɖu si dzi ŋɔ.” Amenyenye yeye la kpɔa ŋusẽ ɖe seselelãmewo ɖeɖe fia le nuwɔna me kple le nuƒo me la dzi.
Le nyateƒe me la, amenyenye yeyea hiã le srɔ̃nyɔnu kple srɔ̃ŋutsu siaa gome. Ele be nyɔnua nadze agbagba be wòagado dziku na srɔ̃a o, eye wòakpɔ ŋudzedze ɖe agbagba siwo wòdzena be yeakpɔ ƒomea dzi la ŋu ahawɔ nu aduadu kplii. Eye mele be wo ame evea siaa nabia nusi wo dometɔ aɖeke mate ŋu ana la wo nɔewo o—esi nye blibodede. Ke boŋ ele be wo ame evea siaa natsɔ Petro I, 4:8 me nyawo awɔ dɔe, afisi wogblɔ le be: “Ke vevietɔ la mitsɔ lɔlɔ̃ lɔ̃ mia nɔewo vevie; elabena lɔlɔ̃ tsyɔa nuvɔ̃wo ƒe agbɔsɔsɔ dzi.”
Ame tsitsiwo bubu: “Bu ame tsitsiwo eye nàsi wo ɖa.” (Mose III, 19:32, Today’s English Version) Esia wɔwɔ asesẽ ne dzila tsitsi la le dɔ lém eye ɖewohĩ wòle nu geɖe fũ biam. Timoteo I, 5:3, 5 gblɔ be ‘woabu’ dzilawo eye ‘woaɖo eteƒe na wo alesi dze.’ Esia ƒe akpa aɖe ate ŋu anye le ga gome kple wo bubu. Le nu gbogbo siwo mía dzilawo wɔ na mí esime míenye ɖevi siwo ŋu wɔna aɖeke mele o ta la, ele be míabu wo ŋu nenema ke ne esia hiã.
Ðu nɔviwo ɖeɖe ƒe hoʋiʋli kple wo nɔewo dzi: Hafi fu si Kain lé nɔvia Abel nana wòawui la, woxlɔ̃ nui be: “Nuvɔ̃ de xa ɖe wò ʋɔtru nu. Edi be yeaɖu dziwò, ke wò la ɖu edzi.” (Mose I, 4:7, TEV) Woate ŋu aɖu seselelãmewo dzi. Misrɔ̃ alesi miagbɔ dzi ɖi na mia nɔewo, eye “miase nu gɔme na mia nɔewo le nu geɖe me le esi mielɔ̃ mia nɔewo ta.”—Efesotɔwo 4:2, Phillips.
Srɔ̃ Alesi Nàgblɔ Wò Dɔmenyawo na Ame
Ame geɖe siwo ŋu wowɔa nu vlo ɖo le aƒeme la megblɔa woƒe fukpekpewo na ame aɖeke o. Gake Ðk. John Wright de dzi ƒo na ame be: “Ele be nyɔnu siwo woƒona la nadi seselelãme kple ŋutilã me takpɔkpɔ tso ame aɖe si ate ŋu akpe ɖe wo ŋu la gbɔ.” Nenema ke wòle be ƒomea me tɔ ɖesiaɖe si ŋu wosẽa ŋuta le hã nawɔe.
Ɣeaɖewoɣi la, esesẽna na amesi ŋu wole ŋuta sẽm le la be wòagblɔe na ame bubu. Ne èbu eŋu la, amesiwo dzi woate ŋu aka ɖo le hadomehabɔbɔ si dome le kplikplikpli wu me—esi nye ƒomea—ye le fua fiam amea. Gake Lododowo 18:24 gblɔ be: “Xɔlɔ̃ aɖewo kuna ɖe ame ŋu wu ame nɔvi gɔ̃ hã.” Xɔlɔ̃ ma tɔgbe didi kple alesi nàsrɔ̃ wò dɔmenyawo gbɔgblɔ nɛ aɖaŋudzedzetɔe nye afɔɖeɖe vevi si dzi nàto axɔ kpekpeɖeŋu si nèhiã la. Gake ameƒola la hã hiã kpekpeɖeŋu.
Ƒe sia ƒe la, ame akpe alafa geɖe zua Yehowa Ðasefowo. Amesiawo lɔ̃na xɔa amenyenye yeyea dodo ƒe agbanɔamedzi la. Amesiwo wɔa aƒemenuvlo tsã la le amesiawo dome. Be woatsi tre ɖe nu ma wɔwɔ ake ƒe nɔnɔmea ŋu la, ele be woayi edzi ana Biblia la nanye ‘nusi ŋu viɖe le hena nufiafia, na mokaka, na ɖɔɖɔɖo’ na wo.—Timoteo II, 3:16.
Le Ðasefo yeye siawo gome la, amenyenye yeyea dodo nye nusi wɔwɔ dzi woayi, elabena Kolosetɔwo 3:10 gblɔ be ‘wole ewɔm yeyee.” Eyata ehiã be woayi edzi anɔ agbagba dzem. Dzidzɔtɔe la, ‘gbɔgbɔ me nɔviŋutsuwo kple nɔvinyɔnuwo kple dadawo kple viwo’ ƒe ha gã aɖe kpena ɖe Yehowa Ðasefowo ŋu.—Marko 10:29, 30; kpɔ Hebritɔwo 10:24, 25 hã.
Hekpe ɖe eŋu la, le Yehowa Ðasefowo ƒe hame siwo ade 70,000 siwo le xexeame katã me la, dzikpɔla lɔlɔ̃tɔwo li siwo le abe “sitsoƒe tso ya nu kple bebeƒe tso ahom nu ene.” Woƒe “ŋkuwo kple towo aʋu ɖe amewo ƒe nuhiahiãwo ŋu.” (Yesaya 32:2, 3, TEV) Eyata kpekpeɖeŋutsoƒe wɔnuku le Yehowa Ðasefo yeyewo kple esiwo si nuteƒekpɔkpɔ geɖe wu su la si le Kristo-hamea me esi wole agbagba dzem le amenyenye yeyea dodo me.
Dzikpɔla Siwo Sea Veve ɖe Ame Nu
Ne amewo va aɖaŋuɖoɖo xɔ ge le dzikpɔla Kristotɔ siwo le Yehowa Ðasefowo ƒe hamewo me gbɔ la, dzikpɔla siwo wona hehe be woatsɔ ameŋkumemakpɔmakpɔ aɖo to amesiame gbɔe wova. Wode dzi ƒo na wo be woase veve ɖe amesiame, vevietɔ amesiwo ŋu wole ŋuta sẽm vevie le, la nu vevie ahase nu gɔme na wo.—Kolosetɔwo 3:12; Tesalonikatɔwo I, 5:14.
Le kpɔɖeŋu me, ŋutsu si le srɔ̃a ƒom ate ŋu awɔ nuvevi nyɔnua vevie. Le anyigba geɖe dzi egbea la, ne gbɔdometɔ aɖee woƒo nenema la, anye ne woade ameƒola la mɔ̃. Eyata ele be woatsɔ dɔmenyonyo tɔxɛ awɔ nu ɖe amesi ƒom wole la ŋui, abe alesi wowɔa nu ɖe amesiwo ŋu wowɔa ŋutãsenu bubuwo ɖo ene, abe amesiwo gbɔ wodɔna sesẽe ene.
Hekpe ɖe eŋu la, ele be woabia akɔnta tso Mawu ƒe sewo dzi dalawo si. To esia wɔwɔ me la, hamea me nɔa dzadzɛ, eye wònyea takpɔkpɔ na fɔmaɖila bubuwo. Eye esi le vevie wu la, womexea mɔ na Mawu ƒe gbɔgbɔa ƒe dɔwɔwɔ le hamea me o.—Korintotɔwo I, 5:1-7; Galatiatɔwo 5:9.
Alesi Mawu Bua Srɔ̃ɖeɖee
Ne amewo vazu Yehowa Ðasefowo la, wolɔ̃na be yewoawɔ ɖe Kristotɔwo ƒe agbenɔnɔ ƒe gɔmeɖose siwo le Mawu ƒe Nya la me la dzi. Wosrɔ̃nɛ be ŋutsue woɖo be wòanye ƒomea ƒe ta eye wòafia mɔe le tadedeagu vavãtɔ me. (Efesotɔwo 5:22) Gake tanyenye mena ŋusẽ ŋutsu be wòasẽ ŋuta le srɔ̃a ŋu, agblẽ nu le eƒe amenyenye ŋu, alo aŋe aɖaba aƒu eƒe didiwo dzi o.
Ke boŋ Mawu ƒe Nya la na eme kɔ ƒã be ele be srɔ̃ŋutsuwo ‘nayi edzi alɔ̃ woa ŋutɔwo wo srɔ̃wo, abe alesi tututu Kristo hã lɔ̃ hame la eye wòtsɔ eɖokui na ɖe eta ene. Ele be srɔ̃ŋutsuwo nalɔ̃ wo srɔ̃wo abe woƒe ŋutilã ene. Amesi lɔ̃a srɔ̃ la lɔ̃ eɖokui, elabena ame aɖeke melé fu eya ŋutɔ ƒe ŋutilã kpɔ o; ke boŋ enyinɛ eye wòkpɔa edzi.’ (Efesotɔwo 5:25, 28, 29) Le nyateƒe me la, Mawu ƒe Nya la gblɔ kɔtee be ele be ‘woabu’ srɔ̃nyɔnuwo.—Petro I, 3:7; kpɔ Romatɔwo 12:3, 10 hã; Filipitɔwo 2:3, 4.
Le nyateƒe me la, srɔ̃ŋutsu Kristotɔ mate ŋu agblɔ nyateƒetɔe be yelɔ̃ ye srɔ̃ alo bunɛ vavã ne edzunɛ alo ƒonɛ o. Ema anye alakpanuwɔwɔ, elabena Mawu ƒe Nya la gblɔ be: “Mi ŋutsuwo la, milɔ̃ mia srɔ̃wo, eye migawɔ dɔmevevi le wo ŋu o.” (Kolosetɔwo 3:19) Eteƒe madidi o ne Mawu ƒe ʋɔnudɔdrɔ̃ va nuɖoanyi vɔ̃ɖi sia dzi le Harmagedon me la, nusi adzɔ ɖe Mawu ƒe dziɖuɖu ƒe futɔwo dzi la ke adzɔ ɖe alakpanuwɔlawo hã dzi.—Mateo 24:51.
Ele be srɔ̃ŋutsu si vɔ̃a Mawu la nalɔ̃ srɔ̃a abe eya ŋutɔ ƒe ŋutilã ene. Ðe wòaƒo eya ŋutɔ ƒe ŋutilã, atu kɔ mo na eɖokui, alo ahe eya ŋutɔ ƒe ɖa adãtɔea? Ðe wòatsɔ vlododo kple nya veame gbɔgblɔ aɖi gbɔ eɖokui le ame bubuwo ŋkumea? Míagblɔ ko be míabu amesi wɔa nusiawo la be eƒe susu da.
Ne ŋutsu Kristotɔ ƒoa srɔ̃ la, ena asixɔxɔ aɖeke kura megale eƒe Kristotɔ ƒe dɔwɔna bubuwo katã ŋu le Mawu ƒe ŋkume o. Ðo ŋku edzi be “ameƒola” medze na mɔnukpɔkpɔwo le Kristo-hamea me o. (Timoteo I, 3:3; Korintotɔwo I, 13:1-3) Gake srɔ̃nyɔnu si wɔa nu ma ke ɖe srɔ̃a ŋu hã le Mawu ƒe se dzi dam.
Galatiatɔwo 5:19-21 yɔ “kewɔwɔ, dzrewɔwɔ . . . dɔmedzoedodowo” ɖe dɔwɔwɔ siwo ŋu Mawu tsi tre ɖo la dome eye wògblɔ be ‘amesiwo wɔa nusiawo manyi Mawu ƒe fiaɖuƒe la dome o.’ Eyata ame srɔ̃ alo ɖeviwo ƒoƒo mesɔ gbeɖe o. Zi geɖe la, enyea dedukɔ ƒe se dzi dada eye wònye Mawu hã ƒe se dzi dada nyateƒe.
The Watchtower, si nye magazine si Yehowa Ðasefowo tana la gblɔ Ŋɔŋlɔawo ƒe nukpɔsusu le nya la ŋu, eye wògblɔ le amesiwo gblɔna be Kristotɔwoe yewonye evɔ wonye ameƒolawo la ŋu be: “Woate ŋu aɖe amesiame si gblɔna be Kristotɔe yenye evɔ wòdoa dɔmedzoe helĩhelĩ edziedzi dzimematrɔmatrɔe la le hamea me.”—May 1, 1975, axa 287; tsɔe sɔ kple Yohanes II, 2:9, 10.
Nusi Ŋu Mawu ƒe Se Ðe Mɔ Ðo
Mawu ava drɔ̃ ʋɔnu amesiwo daa eƒe sewo dzi la kokoko. Gake hafi ɣemaɣi naɖo la, ɖoɖo kae eƒe Nya la wɔ na srɔ̃tɔ Kristotɔ mawo siwo woƒo esime ameƒola la metrɔ o ke boŋ wòyi edzi le ame ƒom? Ðe wònye se be fɔmaɖila siwo ŋu wole ŋuta sẽm le la nayi edzi ade woƒe ŋutilã me, susu me, kple gbɔgbɔ me lãmesẽ afɔku me, kple ɖewohĩ woƒe agbe gɔ̃ hãa?
Esi The Watchtower nɔ nu ƒom le aƒemenuvlowɔwɔ ŋu la, egblɔ nusi ŋu Mawu ƒe Nya la ɖe mɔ ɖo. Egblɔ be: “Apostolo Paulo ɖo aɖaŋu be: ‘Nyɔnu nagagbe srɔ̃a o. Ke ne egbee la, nenɔ anyi srɔ̃maɖemaɖee, alo negawɔ ɖeka kpakple srɔ̃ŋutsu la; eye ŋutsu hã nagagbe srɔ̃a o.’” Nyati la yi edzi gblɔ be: “Ke ne ƒoƒoa va le eme gbɔm akpa, alo agbe la ŋutɔ ɖo afɔku me la, ekema srɔ̃tɔ dzixɔsetɔ la ate ŋu atso nya me be ‘yewoaklã.’ Gake ele be woadze agbagba be ‘woagawɔ ɖeka ake’ le ɣeyiɣi si sɔ dzi. (Korintotɔwo I, 7:10-16) Gake ‘kaklã’ la ŋutɔ menye Ŋɔŋlɔa me kpeɖodzi si dzi woanɔ te ɖo agbe srɔ̃ ahaɖe bubu o; ke hã la srɔ̃gbegbe alo kaklãɖa le se nu ate ŋu akpɔ ame ta be womagayi edzi anɔ eƒom o.”—March 15, 1983 axa 28-9; kpɔ June 1, 1989 Gbetakpɔxɔ ƒe axa 22-3 hã.
Ele be nusi amesi ŋu wole ŋuta sẽm le la awɔ le nɔnɔme siawo me la nanye eya ŋutɔ ƒe nyametsotso. “Amesiame atsɔ ye ŋutɔ ƒe agba.” (Galatiatɔwo 6:5) Ame bubu aɖeke mate ŋu awɔ nyametsotso ma nɛ o. Eye mele be ame aɖeke nadze agbagba be yeazi edzi be wòatrɔ ayi srɔ̃ŋutsu si le eƒom gbɔ afisi eƒe lãmesẽ, agbe, kple gbɔgbɔmemenyenye ɖo afɔku me le o. Ele be ema nanye eya ŋutɔ ƒe nyametsotso si tso eya ŋutɔ ƒe lɔlɔ̃nu me, ke menye le esi ame bubuwo le didim be yewoazi yewoƒe lɔlɔ̃nu ɖe edzi ta o.—Kpɔ Filemon 14.
Aƒemenuvlowɔwɔ ƒe Nuwuwu Ðo Vɔ
Yehowa Ðasefowo srɔ̃e be aƒemenuvlowɔwɔ anɔ nusiwo ƒe nya Biblia gblɔ ɖi ɖe ŋkeke mamleawo ŋu la dome, esiwo me ame geɖewo “anye ameƒolawo,” kple “vevemaseɖeamenulawo,” kpakple “ame wɔadãwo.” (Timoteo II, 3:2, 3, The New English Bible) Mawu do ŋugbe be le ŋkeke mamle siawo yome la, yeahe ŋutifafaxexe yeye aɖe si me amewo ‘anɔ anyi aɖe dzi ɖi, ame aɖeke mado voɖi na wo o’ la vɛ.—Xezekiel 34:28.
Le xexe yeye wɔnuku ma me la, aƒemenuvlowɔwɔ azu gbaɖegbenya si nu va yi. “[Ame fafawo] anyi anyigba la dome, eye dzi adzɔ wo ɖe ŋutifafa gbogbo la ŋuti.”—Psalmo 37:11.
Míele dzi dem ƒo na wò be nàsrɔ̃ nu geɖe tso Biblia me ŋugbedodowo hena ɣeyiɣi siwo gbɔna la ŋu. Le nyateƒe me la, àte ŋu akpɔ viɖewo fifia gɔ̃ hã ne èwɔna ɖe Biblia me gɔmeɖosewo dzi le wò ƒomea me.
[Etenuŋɔŋlɔ]
a Woɖo aɖaŋu nyui geɖe tso dzilanyenye ƒe dɔwɔwɔ nyuie ŋu le agbalẽ si nye Making Your Family Life Happy si Watchtower Bible and Tract Society of New York, Inc. ta la me, ta 7 vaseɖe 9, “Vidzidzi—Enye Agbanɔamedzi Kple Fetu,” “Akpa si Miawɔ abe Dzilawo Ene,” kple “Ðeviwo Hehe tso Ðevime.”
[Nɔnɔmetata siwo le axa 10]
Biblia me gɔmeɖosewo kpena ɖe ame ŋu woɖɔa masɔmasɔwo ɖo le ƒomea me
[Nɔnɔmetata si le axa 13]
Ehiã be amesiwo ŋu wole ŋuta sẽm le nagblɔe na wo xɔlɔ̃ si ate ŋu akpe ɖe wo ŋu